Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Na Ŋugbledede Nado Dzidzɔ na Wò

Na Ŋugbledede Nado Dzidzɔ na Wò

Na Ŋugbledede Nado Dzidzɔ na Wò

ÐEWÒHĨ ŋugbledede ŋu bubu nye nusi tsoa dzika ƒo na ame aɖewo. Woabu ŋugbledede be enye dɔ sesẽ aɖe si bia be ame nabu tame ayi eme ʋĩi. Ðewohĩ ame mawo anɔ fɔ bum wo ɖokui hã be yewomedea ŋugble o, vevietɔ ne woxlẽ nu tso eƒe vevienyenye ŋu. (Filipitɔwo 4:8) Gake be woade ŋugble le ɖoɖoezizi me tso Yehowa, eƒe nɔnɔme lédzinamewo, eƒe nuwɔwɔ klitsuwo, eƒe nudidiwo, kple eƒe tameɖoɖo dodzidzɔnamewo ŋu ate ŋu anye nu dodzidzɔname si ŋu woazã ɣeyiɣi ɖo eye aleae wòle be wòanɔ hã. Nukatae?

Yehowa Mawue nye xexeame katã Dziɖula Gãtɔ si ƒo ɖesiaɖe ta eye wòle dɔ siwo ana be eƒe tameɖoɖo gãwo nava eme la wɔwɔ dzi kple ŋkubiã. (Yohanes 5:17) Togbɔ be ele alea hã la, enyaa ŋugble siwo esubɔlawo dometɔ ɖesiaɖe dena. Hakpala Dawid nya esia eye Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ bena: “Yehowa èdzro menye, eye nèdze sim. Ènya nye anyinɔnɔ kple nye tsitretsitsi, eye nèdze si nye susuwo tso [adzɔge ʋĩi] ke.”—Psalmo 139:1, 2.

Ne ame aɖe se nya siawo zi gbãtɔ la, ɖewohĩ aɖe dzi le eƒo. Asusui be, ‘Togbɔ be Mawu le “adzɔge ʋĩi ke” hã la, enyana tamesusu gbegblẽ ɖesiaɖe si vaa nye susu me.’ Nyateƒee be enyanya be Mawu nya nu gbegblẽ siwo ŋu míesusuna la nyo. Ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ avu aɖu susu baɖawo dzi be woaganɔ tame vam na mí o eye wòakpe ɖe mía ŋu hã be míaʋu eme na Mawu ahaka ɖe edzi be anɔ te ɖe Yesu ƒe tafevɔsa dzi atsɔe ake mí. (Yohanes I, 1:8, 9; 2:1, 2) Gake mele be míaŋlɔe be o hã be Yehowa dzroa esubɔlawo ƒe tamesusuwo me le mɔ si ɖea vi nu. Eƒe susu nɔa mía ŋu ne míedea ŋugble le Eyama kple eƒe nuwɔwɔwo ŋu.

Ðewohĩ àbia be: “Ðe wònye nyateƒe be Yehowa nyaa esubɔla miliɔn geɖewo ƒe tamesusu nyuiwo ŋutɔŋutɔa?” Le nyateƒe me la, enyana wo katã. Yesu te gbe ɖe alesi Yehowa tsɔa ɖe le eme na míi dzi esi wògblɔ be Yehowa nyana atsutsurɔe suewo ƒe wɔnawo gɔ̃ hã, eye wògblɔ kpee be: ‘Mia tɔ vena wua atsutsurɔe geɖewo tɔ.’ (Luka 12:6, 7) Atsutsurɔewo mate ŋu abu tame tso Yehowa ŋu o. Eyata ne etsɔa ɖe le eme na wo la, ke aleke gbegbee wòatsɔ ɖe le eme na mí ahakpɔ dzidzɔ ɖe ŋugble siwo mía dometɔ ɖesiaɖe dena tso eyama ŋu la ŋuti enye esi! Ẽ, abe Dawid ene la, míawo hã míate ŋu ado gbe ɖa kakaɖedzitɔe be: “Nye . . . dzimesusuwo [alo, ŋugblededewo,] nedze ŋuwò, Yehowa, nye agakpe kple nye xɔnametɔ!”—Psalmo 19:15.

Nu bubu si gaɖo kpe edzi be Yehowa tsɔa ɖe le esubɔla wɔnuteƒewo ƒe ŋugbledede mee nye nya siwo gbɔgbɔ ʋã nyagblɔɖila Maleaxi wòŋlɔ ɖi. Esi wònɔ nu ƒom tso míaƒe ŋkekea ŋu la, egblɔ ɖi be: ‘Ale Yehowa-vɔ̃lawo gblɔ le wo nɔeawo dome enye si: Yehowa ɖo to see, eye wòŋlɔ ŋkuɖodzigbalẽ le eŋku me na Yehowa-vɔ̃lawo kple amesiwo dea ŋugble le eƒe ŋkɔ ŋu la.’ (Maleaxi 3:16) Ne ele susu me na mí be Yehowa ‘ɖoa to’ ne míele ŋugble dem la, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míana be ŋugbledede tso Mawu ŋu nanye nusi anɔ dzidzɔ dom na mí. Eyata mina míawɔ ɖeka kple hakpala si ŋlɔ nya siawo agblɔ be: “Mabu tame le wò nuwɔwɔwo katã ŋu, eye made ŋugble le wò dɔwɔwɔwo ŋu.”—Psalmo 77:13.