Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Nya Si Wogblɔ Ðe Egblɔɣi La Vivina Ŋutɔ!’

‘Nya Si Wogblɔ Ðe Egblɔɣi La Vivina Ŋutɔ!’

‘Nya Si Wogblɔ Ðe Egblɔɣi La Vivina Ŋutɔ!’

LE Yehowa Ðasefowo ƒe ŋkeke ɖeka takpekpe aɖe me la, Kim dze agbagba vevie nɔ to lém ɖe nyawo ŋu henɔ dzesi dem nya veviwo ɖi eye wòganɔ agbagba dzem le ɣeyiɣi ma ke me be yeana ye vi nyɔnuvi si xɔ ƒe eve kple afã la nanɔ anyi kpoo. Esi wɔnaa wu enu la, nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖe si nɔ Kim xa la trɔ ɖe eŋu hekafui ŋutɔ ɖe alesi woa kple srɔ̃a wolé ŋku ɖe wo vinyɔnuvia ŋu esime wɔnaa nɔ edzi yim la ta. Kafukafunya ma de dzi ƒo na Kim ale gbegbe be va ɖo egbe, togbɔ be ƒe geɖe va yi hã la, egblɔna be: “Ne mese le ɖokuinye me be ɖeɖi te ŋunye ŋutɔ le kpekpewo me la, mebua nya si nɔvinyɔnu ma gblɔ ŋu. Eƒe kafukafunyawo gakpɔtɔ dea dzi ƒo nam be mayi edzi amlã mía vinyɔnua nyuie.” Le nyateƒe me la, nya siwo wogblɔ ɖe egblɔɣi ate ŋu ado ŋusẽ ame. Biblia gblɔ bena: “Aleke nya, si wogblɔ ɖe egblɔɣi la, mehevivinae oa?”—Lododowo 15:23.

Ke hã, amewo kafukafu ate ŋu asesẽ na mía dometɔ aɖewo. Ɣeaɖewoɣi la, enyanya be kpɔtsɔtsɔ le mía ŋutɔ ŋu ate ŋu ana esia wɔwɔ nasesẽ na mí. Kristotɔ aɖe gblɔ be: “Le gonyeme la, ɖeko wòle abe tsitre tsitsi ɖe ba aɖe me ene. Zi alesi mele amewo kafum la, zi nenemae mesena le ɖokuinye me be mele to yimee.” Nuwo abe ŋukpe, makamaka ɖe ameɖokui dzi, alo vɔvɔ̃ be woava se ye gɔme bubui hã ate ŋu ana amewo kafukafu nasesẽ na ame aɖewo. Gakpe ɖe eŋu la, nenye be womekafua mí tututu o alo womekafu mí kura kpɔ tso míaƒe ɖevime o la, asesẽ na mí be míakafu ame bubuwo.

Gake enyanya be kafukafu ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui ɖe amea kafula kple amesi kafum wòle siaa dzi ate ŋu aʋã mí be míadze agbagba ɖesiaɖe agblɔ kafukafunya aɖe na ame le ɣeyiɣi si tututu wòdze nɛ la me. (Lododowo 3:27) Ekema nu nyui kawoe dona tsoa esia wɔwɔ me? Mina míadzro wo dometɔ aɖewo me kpɔ kpuie.

Emetsonu Nyuiawo

Kafukafu si sɔ la ate ŋu ade dzi ƒo na amesi wokafu la. Elaine, si nye srɔ̃nyɔnu Kristotɔ, gblɔ be: “Ne amewo kafum la, mesena le ɖokuinye me be woka ɖe dzinye, be woɖoa ŋu ɖe ŋunye.” Ẽ, ne wokafu amesi ŋutɔ meka ɖe eɖokui dzi o la, ate ŋu ana dzi naɖo eƒo wòatsɔ anɔ te ɖe kplamatsedonuwo nui eye esia ana dzi nava nɔ edzɔm. Sɔhɛwo koŋue kpɔa viɖe tsoa kafukafu si wodze na la xɔxɔ me. Ƒewuivi aɖe, si lɔ̃ ɖe edzi be ye ŋutɔ yeƒe sese le ye ɖokui me be yemele ɖeke me o ɖea dzi le ye ƒo la, gblɔ bena: “Medzea agbagba ɖesiaɖe si mate ŋui be mawɔ nusi adze Yehowa ŋu, gake mesena le ɖokuinye me ɣeaɖewoɣi be aleke kee meɖadze agbagbae o, medena edeƒe tututu o. Ne ame aɖe kafum la, mekpɔa dzidzɔ ŋutɔ le ememe.” Nyateƒee Biblia ƒe lododo sia nye vavã be: “Nya, si wogblɔ ɖe egblɔɣi la, sikatɔtɔŋuti wònye le klosalogba me.”—Lododowo 25:11.

Kafukafu ate ŋu aʋã ame ahade dzi ƒo na ame. Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla aɖe gblɔ be, “Kafukafu dea dzi ƒo nam be magado vevie nu ɖe edzi eye be mana nye subɔsubɔdɔa naganyo ɖe edzi wu.” Vidada aɖe si si vi eve le gblɔ be ne hamea me tɔwo kafu ye viwo ɖe woƒe nyaŋuɖoɖo le kpekpeawo me ta la, wogadina be yewoaɖo nya ŋu geɖe wu. Ẽ, ate ŋu aʋã ɖeviwo be woayi edzi anɔ agbe abe Kristotɔwo ene. Le nyateƒe me la, ehiã be mí katã míaka ɖe edzi be amewo kpɔa ŋudzedze ɖe mía ŋu eye wodea asixɔxɔ mía ŋu. Xexe sia si me nuteɖeamedziwo bɔ ɖo la ate ŋu ana ɖeɖi nate mía ŋu eye dzi naɖe le mía ƒo. Kristotɔ hamemegã aɖe gblɔ be, “Ne dzi ɖe le ƒonye ɣeaɖewoɣi la, amewo ƒe kafukafunyawo nɔna abe nye gbedodoɖawo ƒe ŋuɖoɖo ene.” Nenema kee Elaine gblɔ be, “Ɣeaɖewoɣi la, mesena le ɖokuinye me be Yehowa ɖea eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ŋunye fiana to amewo ƒe nyagbɔgblɔwo me.”

Ame kafukafu ate ŋu ana amea nase le eɖokui me be yele vevie na amewo. Kafukafu adodoea ɖea ameŋububu fiana eye wònana ame kpɔnɛ be wodoa vivi ɖe ye ŋu, woka ɖe ye dzi, eye wodea asixɔxɔ ye ŋu. Eɖoa kpe edzi be míelɔ̃ mía hati Kristotɔwo hedea asixɔxɔ wo ŋu vavã. Vinɔ aɖe si ŋkɔe nye Josie gblɔ be, “Ɣeaɖeɣi va yi la, eva hiã be masẽ ŋkume hafi anɔ nyateƒea me le míaƒe aƒe si me ma le subɔsubɔnyawo gome la me. Ɣemaɣi la, gbɔgbɔmemetsitsiwo ƒe dzitsitsi ɖe ŋunye na tame si meɖo kplikpaa be nyemana ta o la me gasẽ ɖe edzi.” Le nyateƒe me la, “ŋutinuwo míenye na mía nɔewo.”—Efesotɔwo 4:25.

Didi be míakafu amewo kpena ɖe mía ŋu míekpɔa nyui siwo wowɔna. Nyui siwo amewo wɔna lae míekpɔna, ke menye woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo o. Kristotɔ hamemegã aɖe si ŋkɔe nye David gblɔ be, “Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nusiwo amewo wɔna ŋu akpe ɖe mía ŋu be míanɔ wo kafum edziedzi wu.” Ne míeɖoa ŋku alesi Yehowa kple Via kɔa dzime ƒoa nu nyui tso amegbetɔ madeblibowo ŋu dzi la, aʋã mí be míakɔ dɔme le esia wɔwɔ me.—Mateo 25:21-23; Korintotɔwo I, 4:5.

Amesiwo Dzena Nɛ

Esi Yehowa Mawue nye Wɔla la ta la, eyae nye ame gbãtɔ si wòdze be woakafu le amesiwo dze na kafukafu la dome. (Nyaɖeɖefia 4:11) Togbɔ be menye míaƒe kafukafue wòatsɔ ade dzi ƒo na eɖokui o alo eyae ado ŋusẽe o hã la, ne míekafu Yehowa ɖe eƒe nu dzɔtsuwo wɔwɔ kple eƒe amenuveve ta la, etena ɖe mía ŋu eye míenɔa ƒomedodo nyui me kplii. Mawu kafukafu wɔnɛ hã be míebua nusiwo mía ŋutɔwo míewɔ de goe la wòdana sɔna eye wònana míetsɔa míaƒe dzidzedzekpɔkpɔa ŋuti kafukafuwo naa Yehowa. (Yeremya 9:22, 23) Yehowa tsɔ agbe mavɔ mɔkpɔkpɔ ɖo amegbetɔ siwo katã dze la ŋkume, eye ema hã nye susu ʋãme bubu si tae wòle be míakafui ɖo. (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Blema Fia Dawid di vevie be ‘yeakafu Mawu ƒe ŋkɔ’ eye ‘yeatsɔ akpedada ado gãe.’ (Psalmo 69:31) Nedzro míawo hã nenema ke.

Hati tadeagulawo dze na kafukafu si sɔ. Ne míekafu wo la, míewɔa nu wòwɔa ɖeka kple Mawu ƒe sedede si nye be “míalé ŋku ɖe mía nɔewo ŋu, bena míade dzi ƒo na mía nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me.” (Hebritɔwo 10:24) Amesi ɖo kpɔɖeŋu nyui le go sia mee nye apostolo Paulo. Eŋlɔ ɖo ɖe hame si le Roma bena: “Gbã la mele akpe dam na Mawunye to Yesu Kristo dzi le mi katã ta bena, wogblɔa miaƒe xɔsenya fiana le xexeme blibo la katã.” (Romatɔwo 1:8) Nenema kee apostolo Yohanes hã kafu ehati Kristotɔ Gayo ɖe kpɔɖeŋu nyui si ɖom wòle le ‘zɔzɔ le nyateƒea me’ la ta.—Yohanes III, 1-4.

Egbea, ne hati Kristotɔ aɖe ɖe Kristo ƒe nɔnɔme aɖe fia le nuwɔna nyui aɖe me, wɔ kpekpeawo me dɔdasi aɖe nyuie, alo ɖo nya ŋu tso dzime le kpekpe me la, mɔnukpɔkpɔ nyui sua mía si be míaɖe míaƒe ŋudzedzekpɔnyawo agblɔ na amea. Alo ne ɖevi aɖe dzea agbagba vevie be yeanɔ Biblia ʋum anɔ edzi kpɔm le hamea ƒe kpekpewo me la, míate ŋu akafui. Elaine, si ƒe nya míegblɔ do ŋgɔ la, gblɔ be: “Amesiame kple eƒe nunanae. Eyata ne míeléa ŋku ɖe nusi ame bubu wɔna ŋu la, míeɖea míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fiana ɖe nunana hamehame siwo le Yehowa ƒe amewo dome la ŋu.”

Le Ƒomea Me

Ke mía ŋutɔwo míaƒe ƒomea me tɔwo kafukafu ya ɖe? Ebia ɣeyiɣi, agbagbadzedze, kple ŋudzɔnɔnɔ gbogbo aɖewo lɔlɔ̃tɔe hafi srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃a nate ŋu ana gbɔgbɔ me, seselelãme, kple ŋutilã me nuhiahiãwo woƒe ƒomea. Ðikeke mele eme o be wodze na kafukafu tso wo nɔewo kple wo viwo siaa gbɔ. (Efesotɔwo 5:33) Le kpɔɖeŋu me, Mawu ƒe nya gblɔ tso srɔ̃nyɔnu zazɛ̃ ŋu be: “Viaŋutsuwo tsona heyranɛ; srɔ̃a kafunɛ.”—Lododowo 31:10, 28.

Ðeviwo hã dze na kafukafu. Nublanuitɔe la, kaka dzila aɖewo nake nu ko la, nusiwo wodi tso wo viwo si be woawɔ lae dona gake bebli hafi wokafua ɖeviawo ɖe agbagba siwo wodzena be yewoabu wo ahaɖo to wo la ta. (Luka 3:22) Ne wokafua ɖevi tso eƒe ɖevime wòtsɔ tsii la, enana wòsena le eɖokui me be yele vevie na ƒomea eye be yele dedie.

Ele eme baa be amewo kafukafu bia agbagbadzedze ya, gake míekpɔa viɖe geɖe tsoa esia wɔwɔ me. Le nyateƒe me la, zi alesi míeyi edzi le vevie dom nu le amewo kafum la, zi nenemae míaƒe dzidzɔ adzi ɖe edzii.—Dɔwɔwɔwo 20:35.

Tsɔ Susu Nyui Xɔ Kafukafui eye Nàtsɔe Akafu Amewoe

Ke hã, kafukafu xɔxɔ ate ŋu anye dodokpɔ na ame aɖewo. (Lododowo 27:21) Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu ana amesiwo dina be yewoada la nase le wo ɖokui me be yewoƒo amewo ta. (Lododowo 16:18) Eyata, anyo be míaɖɔ ŋu ɖo. Apostolo Paulo ɖo aɖaŋu sia eme kɔ nyuie be: “Mele egblɔm na mia dome amesiame bena, negadi nu gã wu nusi dze ame be, wòadi o; ke nedi ɖokuidziɖuɖu yome boŋ, amesiame abe alesi Mawu dzidze xɔse ƒe dzidzenu nɛ ene la.” (Romatɔwo 12:3) Be míakpe ɖe amewo ŋu be woagadze ɖokuiŋudzedze fũ akpa ƒe mɔ̃ me o la, nunya anɔ eme be míaganɔ susu hem yi ameawo ƒe nunya, woƒe ɖekadzedze alo tugbedzedze dzi fũ o. Ke boŋ míakafu amewo ɖe woƒe nuwɔna nyuiwo ta.

Ne míetsɔ susu nyui xɔ kafukafu eye míetsɔ susu nyui kafu amewo la, ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui ɖe mía dzi. Aʋã mí be míakpɔe be Yehowa gbɔe nu nyui ɖesiaɖe si míewɔ la tso. Kafukafu ate ŋu ade dzi ƒo na mí hã be míayi edzi anɔ mía ɖokui lém nyuie.

Kafukafu, si me kesekukuɖɔɖɔname mele o, si dze nyuie la nye nunana aɖe si mí katã míate ŋu ana. Ne míekafu ame aɖe ameŋububutɔe la, axɔ asi na amea kura gɔ̃ hã wu alesi míabui.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 18]

Lɛta aɖe si Wɔ Dɔ Ðe Edzi

Dzikpɔla mɔzɔla aɖe ɖo ŋku ɣeaɖeɣi si woa kple srɔ̃a wogbɔ tso gbeadzi va aƒeme le vuvɔŋɔli aɖe me la dzi nyuie. Egblɔ be: “Vuvɔ nɔ srɔ̃nye wɔm ale gbegbe eye dzi ɖe le eƒo, eye wògblɔ nam be yemebu be yeagate ŋu ayi subɔsubɔdɔ ma tɔgbe wɔwɔ dzi o. Egblɔ be, ‘ade mía dzi wu ne míeyi ɖale teƒe ɖeka, le hame aɖe me, hele ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm eye míele Biblia srɔ̃m kple mía ŋutɔwo ƒe nusrɔ̃viwo.’ Mexɔ nya la da ɖi, hegblɔ be míawɔe aɖase ɖe kwasiɖaa ƒe nuwuwu atsɔ akpɔe ɖa be kaka ɣemaɣi naɖo la, eƒe nɔnɔmea atrɔ mahã. Ne egakpɔtɔ bui be míadzudzɔ la, nyemaʋli kplii o. Gbemagbe ke la, míeyi ɖato posudɔwɔƒea eye míekpɔe be alɔdzedɔwɔƒea ɖo lɛta aɖe ɖe srɔ̃nyea ŋutɔ tẽ. Kafukafunya ʋãdzinamewo nɔ lɛtaa me nɛ ɖe agbagba siwo dzem wòle le gbeadzisubɔsubɔdɔa me kple eƒe dzidodo ta, kple nyateƒe si wònye be mele bɔbɔe be woanɔ aba ɖɔlim kwasiɖa sia kwasiɖa o. Kafukafunya mawo wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be megaƒo nu tso asiɖeɖe le mɔzɔzɔdɔa ŋu ŋuti gbeɖe o. Le nyateƒe me la, ne ewɔ nam be madzudzɔ dɔa wɔwɔ la, edea dzi ƒo nam zi geɖe be mayi edzi ko.” Srɔ̃tɔ siawo nɔ mɔzɔzɔdɔa dzi ade ƒe 40 kloe.

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Miaƒe hamea me tɔ kawoe dze na kafukafu?

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Ðeviwo kpɔa dzidzedze ne wotsɔa ɖe le eme na wo hekafua wo lɔlɔ̃tɔe