Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Psalmo 102:27 gblɔ be anyigba kple dziƒowo “nu ayi.” Ðe nya sia fia be woatsrɔ̃ Ɣletinyigba la?

Hakpala la gblɔ le gbedodoɖa me na Yehowa be: “Gbaɖegbe ke nèɖo anyigba gɔme anyi, eye wò asinudɔwɔwɔ enye dziƒowo. Woawo nu ayi, ke wò la ànɔ anyi; wo katã anyunyɔ abe avɔ ene, eye àɖɔ li wo . . . abe awu ene.” (Psalmo 102:26, 27) Nya si gblɔm hakpalaa nɔ hafi gblɔ kpukpui siawo me nyawo de eme la ɖee fia be menye anyigba la tsɔtsrɔ̃ ŋu nya gblɔm mawunyakpukpui siawo le o, ke boŋ Mawu ƒe anyinɔnɔ yi ɖe mavɔmavɔ me ŋu nya gblɔmee wòle. Nya bliboa ɖe nusita nyateƒe vevi ma nye akɔfaname na Mawu subɔlawo la hã fia.

Hakpala la, si anya nɔ aboyome le Babilon, dze eƒe nyawo gɔme kple nuƒoƒo tso eƒe fukpekpewo ŋu. Efa konyi be yeƒe agbe nu va le yiyim “abe dzudzɔ ene.” Dzimaɖitsitsi na eƒe lãme gba, ale be wòse le eɖokui me be yeƒe ƒuwo “biã hẽ abe dzo ene.” Ŋusẽ vɔ le eyama ŋu eye ‘wòƒu abe gbe ene,’ hesena le eɖokui me be yetsi yame, “abe xevi tsi akogo le xɔta ene.” Eƒe tetekpɔwo na nuɖuɖu megadzronɛ o eye konyifafa sɔŋ xɔ eƒe agbe me. (Psalmo 102:3-11) Togbɔ be ele alea hã la, mɔkpɔkpɔ mebu ɖe hakpala la keŋkeŋ o. Nukatae? Le ŋugbe si Yehowa do na Zion, alo Yerusalem, ta.

Togbɔ be wotsrɔ̃ Zion hã la, Yehowa do ŋugbe be yeagbugbɔe atso. (Yesaya 66:8) Eyata hakpala la tsɔ kakaɖedzi gblɔ na Yehowa be: “Àkpɔ nublanui na Zion, elabena amenuveɣi la ɖo, eye azãgbe la de. Yehowa agbugbɔ Zion atso.” (Psalmo 102:14, 17) Emegbe hakpala la gatrɔ yi eƒe fukpekpeawo ƒe nyaa dzi. Le eƒe nyawo nu la, ebui be ne woate ŋu agbugbɔ Yerusalem atso le Mawu ƒe ŋusẽ me la, ekema Yehowa ate ŋu aɖe ye tso yeƒe nɔnɔme wɔnublanui la hã me. (Psalmo 102:18, 21, 24) Eye nu bubu hã ʋã hakpala la be wòaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe. Nukae? Nyateƒe si wònye be Mawu li tegbee.

Yehowa ƒe anyinɔnɔ yi ɖe mavɔmavɔ me la nye nusi to vovo kura tso hakpala la ƒe agbe si le kpuie ŋutɔ la gbɔ. Egblɔ na Yehowa be: “Wò ƒewo anɔ anyi tso dzidzime yi dzidzime.” (Psalmo 102:25) Emegbe hakpala la gblɔ be: “Gbaɖegbe ke nèɖo anyigba gɔme anyi, eye wò asinudɔwɔwɔ enye dziƒowo.”—Psalmo 102:26.

Ke hã, womate ŋu atsɔ ƒe gbogbo si anyigba kple dziƒowo xɔ la asɔ kple Yehowa ƒe anyinɔnɔ yi ɖe mavɔmavɔ me la o. Hakpala la gblɔ kpee be: “Woawo [anyigba kple dziƒowo] nu ayi, ke wò la ànɔ anyi.” (Psalmo 102:27) Anyigba ŋutɔŋutɔ kple dziƒowo ŋutɔŋutɔ nye nusiwo woate ŋu atsrɔ̃. Enye nyateƒe be, Yehowa gblɔ le teƒe bubuwo be woanɔ anyi tegbee ya. (Psalmo 119:90; Nyagblɔla 1:4) Gake Mawu ate ŋu atsrɔ̃ wo ne eɖoe nenema. Ke hã, Mawu ya mate ŋu aku o. Nuwɔwɔ siwo míekpɔna la ‘li ɖaa tegbee’ le esi Mawu léa wo ɖe te la ta ko. (Psalmo 148:6) Ne Yehowa dzudzɔ asi tɔtrɔ le nuwɔwɔ siwo míekpɔna ŋu pɛ ko la, ekema “wo katã anyunyɔ abe avɔ ene.” (Psalmo 102:27) Abe alesi ko amegbetɔ nɔa agbe wòdidina wu eƒe nudodowoe ene la, nenema kee Yehowa ate ŋu anɔ anyi wòadidi wu eƒe nuwɔwɔwoe—ne edii nenema. Gake mawunyakpukpui bubuwo na míenyae be menye Mawu ƒe lɔlɔ̃nue wònye be yeava tsrɔ̃ yeƒe nuwɔwɔ siawo o. Mawu ƒe Nya ka ɖe edzi na mí be Yehowa ɖoe be anyigba ŋutɔŋutɔ kple dziƒowo ŋutɔŋutɔ nanɔ anyi tegbee.—Psalmo 104:5.

Akɔfaname ŋutɔe wònye be míanya be Yehowa anɔ anyi ɖaa awɔ ɖe eƒe ŋugbedodowo katã dzi. Tetekpɔ ka kee adze ŋgɔ mí o, ne míedo ɣli yɔe la, míate ŋu aka ɖe edzi be “atrɔ ɖe ame ɖeƒeƒlewo ƒe gbedodoɖa ŋu, eye mado vlo woƒe kukuɖeɖe o.” (Psalmo 102:18) Ẽ, kakaɖedzi si míekpɔ le Psalmo 102 lia me be Yehowa akpe ɖe mía ŋu la sẽŋu wu anyigba si dzi míele gɔ̃ hã.