Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Vɔ̃ɖiwɔwɔ Vu Tsyɔ Nyuiwɔwɔ Dzi

Vɔ̃ɖiwɔwɔ Vu Tsyɔ Nyuiwɔwɔ Dzi

Vɔ̃ɖiwɔwɔ Vu Tsyɔ Nyuiwɔwɔ Dzi

LE XEXE si me míele egbea me la, edze abe ame ʋɛ aɖewo koe lɔ̃na be yewoatsɔ yewo ɖokui ana faa hena nane wɔwɔ ene. Gake ame aɖewo le didim vevie wu be “yewoahe tɔtrɔ aɖewo vɛ”—si nye didi be yewoakpe ɖe ame bubuwo ŋu le mɔ aɖe nu. Ƒe sia ƒe la, ame gbogbo aɖewo naa dɔlar biliɔn geɖe be woatsɔ awɔ nusi woawo ŋutɔ bu be enye nyuiwɔwɔ lae. Le kpɔɖeŋu me, le Britain la, ga siwo amewo dzɔ le ƒe 2002 me be woatsɔ akpe ɖe amesiwo dzi nɔnɔmeawo mede o ŋu la de United States ƒe dɔlar biliɔn 13. Tso ƒe 1999 dzi la, dɔmenyola ewo aɖewo do ŋugbe be yewoadzɔ United States ƒe dɔlar biliɔn 38 kple edzivɔ bene woatsɔ akpe ɖe amesiwo hiã tu la ŋu.

Kpekpeɖeŋu nyui siwo dɔmenyowɔlawo na la dometɔ aɖewoe nye ƒome dahewo ƒe kɔdzifewo xexe ɖe wo nu, aɖaŋudɔ aɖe fiafia dzilaɖekɛwo ƒe viwo, ɖoɖowɔwɔ kple fexexe ɖe abi dodo na amewo le dukɔ madeŋgɔwo me be woatsɔ axe mɔ ɖe dɔléle nu ta, agbalẽ nana ɖeviwo be woaxlẽ, lãhawo nana lãnyila siwo le dukɔ dahewo me be woanyi, kple nusiwo amesiwo dzi dzɔdzɔmefɔkuwo dzɔ ɖo hiã la nana wo.

Nya siwo katã míegblɔ va yi la le fiafiam be ŋutete le amegbetɔwo si be woawɔ nyui na ame bubuwo. Gake nublanuitɔe la, ame aɖewo hã li siwo wɔa vɔ̃ siwo mele gbɔgblɔ me o la ɖe wo nɔviwo ŋu.

Vɔ̃wɔwɔ le Dzi Yim

Tso esime Xexemeʋa II wu enu la, wowɔ ameƒomevi alo dukɔ aɖe tsɔtsrɔ̃ ɖa kura kple ame gbogbo aɖewo tsɔtsrɔ̃ le dunyahenyawo ta ŋuti nuŋlɔɖi vovovo siwo ade 50 kloe. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye American Political Science Review gblɔ be: “Nudzɔdzɔ siawo na be asrafo miliɔn 12 ya teti ku eye dumevi miliɔn 22 hã bu woƒe agbe, si nye xexlẽme si sɔ gbɔ wu amesiwo katã ku le dukɔmeviʋa kple dukɔwo dome ʋa siwo wowɔ tso ƒe 1945 me.”

Le ƒe alafa 20 lia ƒe nuwuwu lɔƒo la, wowu ame 2,200,000 le dunyahehe me nuwɔnawo me le Cambodia. Gbevovodolawo dome fuléle wɔe be wowu ame 800,000 siwo nye ŋutsuwo, nyɔnuwo, kple ɖeviwo le Rwanda. Subɔsubɔ kple dunyahehe me nyahehewo wɔe be wowu amesiwo ƒe xexlẽme wu 200,000 le Bosnia.

Esi Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe dɔdzikpɔlagã nɔ nu ƒom tso vɔ̃ siwo wole wɔwɔm le egbeŋkekeawo me ŋu la, egblɔ le ƒe 2004 me be: “Míede dzesii le Iraq be wowua dumeviwo ŋutasesẽtɔe, eye le ɣeyiɣi ma ke me la, woléa amesiwo naa kpekpeɖeŋu ne afɔkuwo dzɔ, nyadzɔdzɔŋlɔlawo kple dumevi bubuwo akpasesẽtɔe eye wowua wo le mɔ dziŋɔ tsodzikaƒoname si mele gbɔgblɔ me o nu. Ɣeyiɣi sia hã mee míekpɔe be wole funyafunya manyagblɔ wɔm gamenɔla siwo le Iraq. Le Darfur la, míekpɔe be wonya ame gbogbo aɖewo de gbe, hegbã woƒe aƒewo, eye wodɔa amewo gbɔ sesẽe hã. Le dziehe Uganda la, míekpɔe be wolãa ɖeviwo ƒe abɔwo kple atawo eye wozia wo dzi be woakpɔ gome le nuwɔna siwo me ŋutasesẽ, si mele gbɔgblɔ me o, le la me. Le Beslan la, míekpɔe be wolé ɖeviwo akpasesẽe eye wowu wo nublanuimakpɔmakpɔe.”

Le dukɔ siwo me wobe ŋgɔyiyi kple ŋkuʋuʋu le gɔ̃ hã me la, gbevovovodolawo dome kple dunyahehe me fulélewo le agbogbo dom ɖe edzi. Le kpɔɖeŋu me, nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Independent News ka nya ta le ƒe 2004 me be, le Britain la, “gbevovovodolawo ƒe anyranuwɔwɔ ɖe wo nɔewo ŋu dzi ɖe edzi zi gbɔ zi wuiɖekɛ le ƒe ewo siwo va yi me.”

Nukatae amegbetɔ siwo si nyuiwɔwɔ ƒe ŋutete geɖe le la wɔa nu vɔ̃ɖi mawo tɔgbe ɖo? Ðe míava vo tso vɔ̃ɖinyenye si me gbaɖegbea? Abe alesi nyati si kplɔe ɖo ɖe eme ene la, Biblia ɖo biabia siawo siwo tɔtɔa ame la ŋu wo me kɔ nyuie.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 2]

AKPAA DZI: Mark Edwards/Still Pictures/Peter Arnold, Inc.