Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Vi Enyi Hehe Le Yehowa Ƒe Mɔwo Nu Me Kuxiwo Kple Dzidzɔwo

Vi Enyi Hehe Le Yehowa Ƒe Mɔwo Nu Me Kuxiwo Kple Dzidzɔwo

Agbemeŋutinya

Vi Enyi Hehe Le Yehowa Ƒe Mɔwo Nu Me Kuxiwo Kple Dzidzɔwo

ABE ALESI JOYCELYN VALENTINE GBLƆE ENE

Le ƒe 1989 me la, srɔ̃nye dzo yi dɔ wɔ ge le duta. Edo ŋugbe be yeaɖo ga ɖem ne matsɔ anɔ mía vi enyiawo dzi kpɔm. Kwasiɖawo va yi, gake nyemese eŋkɔ o. Ɣletiwo va yi eye nyemese nya aɖeke tso srɔ̃nye gbɔ o. Meyi edzi nɔ dzi dem ƒo na ɖokuinye be, ‘Ne nuwo nya ka ɖe eme nɛ ko la, atrɔ agbɔ va aƒe.’

ESI ga menɔ asinye matsɔ akpɔ nye ƒomea dzi o ta la, metsi dzi ale gbegbe. Le nye zãdomadɔalɔ̃e geɖeawo me la, mebiaa nya sia ɖokuinye be, ‘Aleke wɔ srɔ̃nye agblẽ eƒe ƒomea ɖi alea?’ Mlɔeba la, meva lɔ̃ ɖe nyateƒe si wònye be srɔ̃nye gblẽ mí ɖi la dzi. Vaseɖe egbea, si nye ƒe 16 aɖewoe nye si si wògblẽ mí ɖi megbe hã la, metrɔ gbɔ o. Esia wɔe be nye ɖeka koe va he vinyeawo, srɔ̃nye ƒe kpekpeɖeŋu manɔmee. Esia wɔwɔ menɔ bɔbɔe o, gake ekpɔkpɔ be vinyewo le Yehowa ƒe mɔ dzi zɔm la na dzi le dzɔyem ale gbegbe. Gake hafi magblɔ alesi nuwo va yi na míaƒe ƒomea na mi la, mina magblɔ nye ŋutinye na mi.

Biblia ƒe Mɔfiafia Didi

Wodzim le ƒe 1938 me le Carib-ƒukpo, si nye Jamaica, dzi. Togbɔ be Papa megblɔ kpɔ be yenye sɔlemeha aɖe me tɔ o hã la, ebua eɖokui mawuvɔ̃lae. Ne zã do la, ebiana tsoa asinye zi geɖe be maxlẽ Biblia-gbalẽ si nye Psalmowo na ye. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, mete ŋu va gblɔa psalmo geɖe me nyawo tso tame. Dada dea sɔleme aɖe le míaƒe nutoa me, eye wòkplɔam dea sɔleme ɣeaɖewoɣi.

Wogblɔna na mí le sɔlemea be Mawu tsɔa ame nyuiwo yina dziƒoe eye wòtɔa dzo ame vɔ̃ɖiwo tegbee le dzomavɔ me. Wogblɔ na mí hã be Yesue nye Mawu eye be elɔ̃ ɖeviwo. Esia na meva tɔtɔ hevɔ̃na na Mawu. Mebiaa ɖokuinye be, ‘Aleke Mawu si lɔ̃ mí la anɔ funyafunya wɔm amewo le dzo mee?’

Dzomavɔ ŋu bubu naa mekua drɔ̃e baɖawo. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, mete Biblia ŋuti nyatakakawo dɔdɔ tso Seventh-Day Adventist Church tɔwo gbɔ. Woawo fiaa nu be womanɔ funyafunya wɔm ame vɔ̃ɖiwo tegbee o, ke boŋ woatɔ dzo wo woabi azu afi ko evɔ. Edze abe susu nɔ nya sia ya me nam ene, eyata mete woƒe sɔleme dede. Gake mekpɔe be woƒe nufiafiawo tɔtɔa ame, eye nusi srɔ̃m menɔ la meɖɔ nusiwo mebuna vodadatɔe be wonye agbenyuinɔnɔ la ɖo o.

Ɣemaɣi la, ame geɖewo lɔ̃na ɖe edzi be matrewɔwɔ menyo o. Ke hã, mía kple ame geɖewo míebui be amesiwo nɔa gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽ nɔm kple ame vovovowoe nye matrewɔlawo. Eyata mebunɛ be ame eve siwo meɖe wo nɔewo o siwo dɔna gake womegadɔna kple ame bubu aɖeke o la mewɔ nuvɔ̃ o. (Korintotɔwo I, 6:9, 10; Hebritɔwo 13:4) Dzixɔse ma wɔe be medzi vi ade na ŋutsu si gbɔ menɔ hafi wòɖem mezu srɔ̃a le se nu la.

Ŋgɔyiyi le Gbɔgbɔ Me

Le ƒe 1965 me la, Vaslyn Goodison kple Ethel Chambers va nɔ Bath-nuto si te ɖe mía ŋu la me. Wonye mɔɖelawo, alo Yehowa Ðasefo siwo subɔna ɣeyiɣiawo katã, eye gbeɖeka woƒo nu kple fofonye. Elɔ̃ be woava srɔ̃ Biblia kpli ye le aƒeme. Ne mele aƒeme wova la, woƒoa nu kple nye hã. Togbɔ be mebua nazã ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu vevie ŋutɔ hã la, meɖoe be mía kpli wo míanɔ Biblia me dzrom bene maɖe woƒe vodadawo afia wo.

Mebia nya gbogbo aɖewo le numedzodzroa me, eye Ðasefoawo tsɔ Biblia ɖo wo katã ŋui nam. To woƒe kpekpeɖeŋu me la, meva nyae be ame kukuwo meganya naneke o eye womekpea fu aɖeke le dzomavɔ me o. (Nyagblɔla 9:5, 10) Mesrɔ̃ nu hã tso mɔkpɔkpɔ si li be míava nɔ agbe mavɔ le Paradiso me le anyigba dzi ŋu. (Psalmo 37:11, 29; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Togbɔ be fofonye megayi Biblia-nusɔsrɔ̃a dzi o hã la, mete kpekpewo dede le Yehowa Ðasefowo ƒe hame si le mía gbɔ la me. Ŋutifafa si me wowɔa kpekpeawo le kple ɖoɖo si nu wowɔnɛ ɖo la na mete ŋu srɔ̃ nu geɖe tso Yehowa ŋu. Mede nutome sue kple nutome gã takpekpewo, siwo nye kpekpe gã siwo Ðasefoawo wɔna. Biblia si meva nya nyuie alea na didi vevi aɖe ɖo menye be masubɔ Yehowa alesi dzea eŋu. Gake kplamatsedonu aɖe nɔ mɔ me nam.

Ɣemaɣi la, vi ade siwo medzi na ŋutsu si gbɔ menɔ esime mekpɔ ɖem haɖe o la, dometɔ etɔ̃e nɔ asinye. Mesrɔ̃e le Biblia me be, Mawu tsi tre ɖe gbɔdɔdɔ srɔ̃maɖemaɖee ŋu, eye nye dzitsinya va nɔ fu ɖem nam. (Lododowo 5:15-20; Galatiatɔwo 5:19) Esi lɔlɔ̃ si nɔ asinye na nyateƒea va nɔ to dem ɖe edzi la, medi vevie be mana nye agbe nasɔ ɖe Mawu ƒe se nu. Mlɔeba, metso nya me. Megblɔ na ŋutsu si gbɔ menɔ la be ele be míaɖe srɔ̃ loo alo be madzo le egbɔ. Togbɔ be ŋutsu si gbɔ menɔ la ƒe dzixɔsewo mewɔ ɖeka kple tɔnye o hã la, míeɖe srɔ̃ le se nu le August 15, 1970 dzi, si nye ƒe atɔ̃ tso esime Ðasefoawo ƒo nu kplim zi gbãtɔ dzi.

Le December 1970 me la, metsɔ nyɔnyrɔxɔxɔɖetsime wɔ adzɔgbe si meɖe na Yehowa la ƒe dzesii.

Le subɔsubɔdɔa gome la, nyemaŋlɔ ŋkeke gbãtɔ si mekpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me la be akpɔ o. Menɔ vɔvɔ̃m eye nyemenya alesi wodzea Biblia me dzeɖoɖowo gɔmee o. Le nyateƒe me la, nye dzi gbɔ ɖe eme esime aƒemenɔla gbãtɔ tso míaƒe dzeɖoɖoa dzi kpuie. Gake eteƒe medidi hafi vɔvɔ̃a do le menye o. Le ŋkekea ƒe nuwuwu la, dzi dzɔm ŋutɔ, le esi meƒo nu kpuiwo na ame geɖe tso Biblia ŋu eye mena míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖewo wo ta.

Ŋusẽdodo Ƒomea le Gbɔgbɔ Me

Kaka ƒe 1977 naɖo la, vi enyie va nɔ míaƒe ƒomea me. Meɖoe kplikpaa be mawɔ nye ŋutete ɖesiaɖe atsɔ akpe ɖe nye ƒomea me tɔwo ŋu ne woasubɔ Yehowa. (Yosua 24:15) Eyata medzea agbagba vevie wɔa ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ kpli wo edziedzi. Ɣeaɖewoɣi la, le nutikɔname ta la, medɔa akɔlɔ̃e ne ɖeviawo dometɔ aɖe le memamawo xlẽm míele sesem, eye ɖeviawo nyɔam. Gake ɖeɖiteameŋu mexe mɔ na mí kpɔ be míesrɔ̃ Biblia abe ƒome ene o.

Medoa gbe ɖa edziedzi hã kple vinyeawo. Ne wonya tsi vie ko la, mefiaa wo be woa ŋutɔwo woanɔ gbe dom ɖa na Yehowa. Mekpɔa egbɔ be wo dometɔ ɖesiaɖe ŋutɔ do gbe ɖa hafi mlɔ anyi. Medoa gbe ɖa kple wo dometɔ siwo metsi ado gbe ɖa le wo ɖokui si o la ɖekaɖekae.

Gbã la, srɔ̃nye tsi tre ɖe ɖeviawo kpɔkplɔ ayi Kristotɔwo ƒe kpekpewoe ŋu. Ke hã, ɖeviawo gbɔ si eya ŋutɔ ava nɔ kpɔkpɔm ne medzo yi kpekpeawo la na wòɖe tsitretsiɖeŋua dzi kpɔtɔ. Ne zã do la, edina be yeaɖasrã ye xɔlɔ̃wo akpɔ, gake vi enyi kpɔkplɔ ɖe ŋuti ayi exɔlɔ̃wo gbɔ la medo dzidzɔ nɛ o! Emegbe la, eva kpena ɖe ŋunye medzrana ɖo na ɖeviawo be woayi kpekpe le Fiaɖuƒe Akpata me.

Eteƒe medidi o hamea ƒe kpekpewo katã dede kple gomekpɔkpɔ le dutoƒosubɔsubɔdɔa me va zu numame na ɖeviawo. Ne woke mɔ le dzomeŋɔli la, wodea gbeƒãɖeƒe kple mɔɖela, alo ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla, siwo le hamea me la zi geɖe. Esia kpe ɖe vinye sueawo ŋu be hamea kple gbeƒãɖeɖedɔa va nɔ vevie na wo.—Mateo 24:14.

Dodokpɔɣi

Be míaƒe ƒomea ƒe ganyawo naka ɖe eme ta la, srɔ̃nye te mɔzɔzɔ ɖawɔa dɔ le duta. Edzona le ƒomea gbɔ ɣeyiɣi didiwo gake etrɔna gbɔna ɖe ɖoɖo nu. Gake le ƒe 1989 me la, edzo eye megagbɔ o. Abe alesi megblɔe do ŋgɔ ene la, srɔ̃nye ƒe bubu na wɔna vɔ le ŋunye. Mefa avi zã gbogbo aɖewo hedo gbe ɖa na Yehowa vevie be wòafa akɔ nam ahana mado dzi, eye mese le ɖokuinye me be eɖo nye gbedodoɖawo ŋu. Mawunyakpukpuiwo abe Yesaya 54:4 kple Korintotɔwo I, 7:15 ene na nye susume dze akɔ anyi eye wodo ŋusẽm be makpɔ ŋgɔ tẽ. Le Kristo-hamea me la, ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo hã kpe ɖe ŋunye le seselelãme kple ŋutilã gome. Meda akpe na Yehowa kple eƒe amewo vevie ɖe woƒe kpekpeɖeŋua ta.

Míeto tetekpɔ bubuwo hã me. Ɣeaɖeɣi la, woɖe vinyenyɔnuawo dometɔ ɖeka le hamea me ɖe agbe si mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o nɔnɔ ta. Melɔ̃ vinyewo katã vevie, gake nye nuteƒewɔwɔ na Yehowae nɔ vevie nam wu. Eyata le ɣeyiɣi ma me la, mía kple vinye mamlɛawo míewɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiame si wòna ku ɖe alesi woawɔ nui ɖe amesiwo woɖe le hamea me ŋu la dzi pɛpɛpɛ. (Korintotɔwo I, 5:11, 13) Amesiwo mese nusi wònye wɔm míenɔ gɔme o la ɖu fewu le mía ŋu ale gbegbe. Gake esi wogbugbɔ vinyenyɔnua xɔ ɖe hamea me la, srɔ̃a gblɔ nam be alesi míelé Biblia ƒe gɔmeɖosewo me ɖe asi sesĩe la wɔ dɔ ɖe ye dzi ŋutɔ. Fifia la, woa kple eƒe ƒomea le Yehowa subɔm.

Tenɔnɔ Ðe Gakuxiwo Nu

Esi srɔ̃nye gblẽ mí ɖi la, dɔ aɖeke menɔ asinye si me manɔ ga kpɔm tso ɣesiaɣi o, eye megaɖoa ga aɖeke ɖe ƒomea hã o. Nɔnɔme sia na míesrɔ̃e be agbe kpokploe si míele la nadze mía ŋu eye be míade asixɔxɔ gbɔgbɔmekesinɔnuwo ŋu wu esi míanɔ ŋutilãmenuwo yome. Esi ɖeviawo va srɔ̃ alesi woalɔ̃ wo nɔewo ahakpe ɖe wo nɔewo ŋu la, wova nɔ kplikplikpli wu. Esi tsitsitɔwo te dɔwɔwɔ la, wolɔ̃ faa kpe ɖe wo nɔvi suewo ŋu. Vinyenyɔnu tsitsitɔ, Marseree, kpe ɖe nɔvianyɔnu sue, Nicole, ŋu wòwu sekɛndrisuku ya teti nu. Gakpe ɖe eŋu la, mete ŋu ɖo nu kpotokpotoe dzraƒe sue aɖe. Ga sue si mekpɔna tso eme la kpe ɖe ŋunye mekpɔ míaƒe ŋutilãmenuhiahiã aɖewo gbɔ.

Yehowa megblẽ mí ɖi gbeɖegbeɖe o. Ɣeaɖeɣi la, megblɔ na nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖe be ga mele mía si míatsɔ ayi nutome gã takpekpe aɖe o. Eɖo eŋu be: “Nɔvinyɔnu Val, ne ènya se be míele takpekpe yi ge ko la, dze agbadodo gɔme! Yehowa akpe ɖe mia ŋu.” Mewɔ ɖe eƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi. Yehowa kpe ɖe mía ŋu, eye wòyi edzi le kpekpem ɖe mía ŋu. Takpekpe sue alo takpekpe gã aɖeke meto míaƒe ƒomea ŋu kpɔ le gakuxi ta o.

Le ƒe 1988 me la, ahom sesẽ aɖe, si woyɔ be Hurricane Gilbert, tu le Jamaica, eye míesi dzo le míaƒe aƒeme yi ɖabe ɖe dedienɔƒe aɖe. Esi ya sesẽawo dze akɔ anyi vie la, mía kple vinyeŋutsu míedo le sitsoƒeteƒea be míaɖalé ŋku ɖe míaƒe aƒe si gbã gudugudu la ŋu. Esi míenɔ gbeɖuɖɔa me kam la, mekpɔ nane si medi vevie be matsɔ. Kasiaa, ya la gatso sesĩe ake, gake meku ɖe nusi medi be matsɔ teti la ŋu goŋgoŋ. Vinyeŋutsua do ɣli sesĩe gblɔ be: “Dada lee, da television la ɖi. Lot srɔ̃e nènyea?” (Luka 17:31, 32) Vinyeŋutsua ƒe nya ma na menyɔ le ɖokuinye me. Meɖe asi le television si ɖo tsi la ŋu kaba, eye mía kple evea míesi dzo yi ɖe dedienɔƒe.

Fifia ne meɖo ŋku edzi be mebu nye agbe ɖe television ta kloe la, ƒoƒo ɖoa lãme nam. Gake edzɔa dzi nam ne mebu gbɔgbɔmeŋudzɔnɔnɔ ƒe nya si vinyeŋutsua gblɔ le ɣeyiɣi ma dzi la ŋu. Meda akpe ɖe Biblia ƒe hehe si wòxɔ tso Kristo-hamea gbɔ la ta, ete ŋu kpe ɖe ŋunye meƒo asa na abi si anye ne maxɔ vevie la kpakple gbɔgbɔmefɔku si ɖewohĩ wòadom hafi la hã.

Ahom la gbã míaƒe aƒe la hegblẽ míaƒe nunɔamesiwo dome, eye esia hã na míelé blanui. Emegbe mía nɔvi Kristotɔwo nya aƒa na mí. Wode dzi ƒo na mí be míatsɔ ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu anɔ te ɖe nusiwo bu na mí la nu ahatsɔ dzonɔameme ayi subɔsubɔdɔa dzi, eye wokpe ɖe mía ŋu míegbugbɔ míaƒe aƒea tso. Dɔ ma si Ðasefo lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo tso Jamaica kple duta va wɔ le lɔlɔ̃ kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ me la wɔ dɔ ɖe mía dzi ale gbegbe.

Yehowa Ðoɖo Nɔƒe Gbãtɔ

Esi vinye evelia, Melaine, wu suku nu la, ezu subɔla mɔɖela. Emegbe wokpee be wòaɖawɔ mɔɖeɖedɔa le hame bubu me, si bia be wòaɖe asi le eƒe dɔwɔɖui ŋu. Togbɔ be dɔ ma nana wòkpɔa ga tsɔ kpena ɖe míaƒe ƒomea ŋu hã la, míeka ɖe edzi be Yehowa akpɔ mía dzi ne mía dometɔ ɖesiaɖe tsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖo nɔƒe gbãtɔe. (Mateo 6:33) Emegbe wokpe vinyeŋutsu, Ewan, hã be wòava wɔ mɔɖeɖedɔa. Enɔ gakpekpeɖeŋu nam ƒomea, gake míede dzi ƒo nɛ be wòayi aɖawɔ mɔɖeɖedɔa eye míebia Yehowa ƒe yayra nɛ. Nyemeɖe dzi le ɖeviawo ƒo bene woagakeke woƒe Fiaɖuƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu kpɔ o, eye hiã metu mía dometɔ siwo kpɔtɔ ɖe aƒeme hã kpɔ o. Ke boŋ míaƒe dzidzɔ dzi ɖe edzi, eye ɣeaɖewoɣi la, míete ŋu kpena ɖe amesiwo hiã tu la ŋu.

Egbea, edzɔa dzi nam ŋutɔ be makpɔ be vinyewo le ‘zɔzɔm le nyateƒea me.’ (Yohanes III, 4) Fifia, vinyenyɔnuawo dometɔ ɖeka, Melaine, le srɔ̃a, si nye nutome sue dzikpɔla, ŋu wole mɔzɔzɔ ƒe subɔsubɔdɔa wɔm. Vinyenyɔnu, Andrea, kple srɔ̃a wonye mɔɖela veviwo, eye wòkplɔa srɔ̃a ɖo ne ele hamewo srãm kpɔ abe nutome sue dzikpɔla teƒenɔla ene. Vinyeŋutsu, Ewan, kple srɔ̃a wonye mɔɖela veviwo, eye wònye hamemegã. Vinyenyɔnu bubu, Ava-Gay, kple srɔ̃a wole dɔ wɔm le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Jamaica. Jennifer, Genieve, kple Nicole kple wo srɔ̃ŋutsuwo kpakple wo viwo le subɔsubɔm dzonɔamemetɔe le hame siwo me wole la me. Marseree le gbɔnye, eye mía kple evea míele Port Morant Hamea me. Nye yayrawo sɔ gbɔ, elabena vinye enyiawo katã yi edzi le Yehowa subɔm.

Ɣeyiɣiawo ƒe yiyi wɔe be lãmegbegblẽ va le fu ɖem nam. Fifia la, ƒunukpeƒetetedɔe le fu ɖem nam, gake megakpɔtɔ le dzidzɔ kpɔm le mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me. Ɣeaɖeɣi la, nyemegate ŋu zɔna le nuto si me míenɔ, si me togbɛwo sɔ gbɔ ɖo, la o. Avu kple kɔe metsɔna wɔa nye subɔsubɔdɔae. Mete gasɔdodo kpɔ hekpɔe be eya ka ɖe eme nam wu afɔzɔzɔ. Eyata meƒle gasɔ xoxo aɖe dze dodo. Gbã la, ete ɖe vinyewo dzi be yewoakpɔ yewo dada si le ƒunukpeƒetetedɔ lém la wòanɔ gasɔ dom. Ke hã, edzɔa dzi na wo ŋutɔ be woakpɔ be meyi edzi le gbeƒã ɖem abe alesi medii ene.

Edzɔa dzi nam ŋutɔ ne mekpɔ amesiwo mesrɔ̃ Biblia kpli la woxɔ nyateƒea. Medoa gbe ɖa na Yehowa ɣesiaɣi be wòakpe ɖe nye ƒomea me tɔwo katã ŋu be woayi edzi awɔ nuteƒe nɛ ato nuwuɣi sia me tsɔ yi ɖe mavɔmavɔ me. Makafu Yehowa, ‘Gbedodoɖasela’ Gã la, ahada akpe nɛ ɖe kpekpeɖeŋu si wònam metsɔ nɔ te ɖe vi enyi hehe le eƒe mɔwo nu la ta.—Psalmo 65:3.

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Mía kple vinyewo, wo srɔ̃wo, kple mamayɔviwo

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Mezãa gasɔ fifia tsɔ wɔa nye subɔsubɔdɔae