Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wona Wo Dzilawo ƒe Dzi Kpɔ Dzidzɔ

Wona Wo Dzilawo ƒe Dzi Kpɔ Dzidzɔ

Wona Wo Dzilawo ƒe Dzi Kpɔ Dzidzɔ

“VINYE, ne wò dzi dze nunya la, ekema nye hã nye dzi akpɔ dzidzɔ.” (Lododowo 23:15) Nyateƒee, dzila Kristotɔwo kpɔa dzidzɔ ne mawumenunya su wo viwo si. Le Memleɖa, September 10, 2005, dzi la, ame 6,859 siwo tso dukɔ vovovowo mee de Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku ƒe klass 119 lia ƒe sukunuwuwu wɔnawo wɔƒe. Dzidzɔ yɔ vavalawo katã, vevietɔ sukunuwula 56-awo dzilawo, ƒe dzi me fũ.

David Walker, si nye United States Betel-ƒomea me tɔ ɣeyiɣi didi aɖe, tsɔ gbedodoɖa ʋame aɖe dze wɔnaa gɔmee. Eyome wɔnaa ƒe zimenɔla, David Splane, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la me tɔ, dze sukunuwuwu ƒe ɖoɖowɔɖia gɔme kple nya siawo, si yi na dzila mawo, be: “Miedze na míaƒe kafukafu vevie ŋutɔ. Nɔnɔme nyui siwo mieƒã ɖe mia viwo mee ʋã wo wotsɔ wo ɖokui ke hena dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔwɔ.” Fifia dzila mawo anya tsi dzodzodzoe, le esi madidi o, woade dɔ asi na wo viwo be woayi anyigba didiwo dzi ta. Gake Nɔviŋutsu Splane na kakaɖedzi wo be: “Migatsi dzi ɖe mia viwo ŋu kura o. Yehowa ate ŋu akpɔ wo dzi nyuie wu mia ŋutɔwo gɔ̃ hã.” Emegbe egblɔ be: “Mibu nu nyui siwo mia viwo ava wɔ ŋu. Woana amesiwo le fu kpem la nakpɔ akɔfafa vavãtɔ zi gbãtɔ le agbe me.”

Alesi Woayi Edzi Ana Amewo Nakpɔ Dzidzɔe

Zimenɔla la yɔ nuƒola ene. Ame gbãtɔe nye United States Alɔdzekɔmitia me tɔ, Ralph Walls, amesi ƒo nu tso tanya si nye “Mina Miaƒe Ŋkuwo Nanɔ Ʋuʋu Ði” ŋu. Ete gbe ɖe edzi be gbɔgbɔ me ŋkugbagbã vɔ̃ɖi wu ŋutilã me ŋkugbagbã. Laodikea-hame si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la me tɔwo ƒe ŋkuwo tsi le gbɔgbɔ me. Wona kpekpeɖeŋu Kristotɔ mawo siwo ƒe ŋkuwo tsi le hame ma me ya, gake anyo kura wu be míaƒo asa na gbɔgbɔ me ŋkuagbã to nana be míaƒe ŋkuwo nanɔ ʋuʋu ɖi me. (Nyaɖeɖefia 3:14-18) Nuƒolaa gblɔ be: “Mina miaƒe ŋkuwo nanɔ ʋuʋu ɖi, eye mibu amesiwo le ŋgɔ xɔm la abe alesi Yehowa bua woe ene.” Mele be sukunuwulawo natsi dzi fũ akpa nenye be kuxiwo le hamea me o. Aƒetɔ Yesu Kristo nya kuxi mawo katã. Akpɔ egbɔ be woaɖɔ kuxiawo ɖo le ɣeyiɣi si sɔ dzi.

Eyome Samuel Herd, si nye Dziɖuha la me tɔ, ɖo biabia si nye “Èle Klaloa?” ŋu le eƒe nuƒoa me. Abe alesi ko mɔzɔla tsɔa nudodo siwo wòhiã dea agba me ene la, nenema ke wòle be sukunuwulawo nado amenyenye yeyea ɣesiaɣi. Ele be Yesu ƒe dɔmetɔtrɔ tɔgbe nanɔ wo si. Esi anyidzela aɖe gblɔ na Yesu be: “Ne èlɔ̃ ko, àte ŋu aklɔ ŋutinye” la, eɖo eŋu be: “Melɔ̃ ŋutiwò nakɔ!” (Marko 1:40-42) Nuƒolaa yi edzi be: “Ne miedi vavã be yewoakpe ɖe amewo ŋu la, miakpɔ mɔ aɖe kokoko si dzi miato awɔe.” Wogblɔ na Kristotɔwo le Filipitɔwo 2:3 be amesiame nabu “nɔvia gã wu ye ŋutɔ ɖokui.” Nɔviŋutsu Herd gblɔ be: “Be woabɔbɔ ame ɖokui le dzi me le vevie kura wu sidzedze si asu ame si ko. Ne miebɔbɔ mia ɖokui ko hafi miaƒe sidzedzea aɖe vi na amesiwo miado goe le gbeadzi kpakple mia nɔvi ŋutsu kple nyɔnu siwo le hamea me.” Egblɔ tsɔ ƒo etae be ne sukunuwulawo yi edzi do Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ la, ke wole klalo na dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔwɔ, eye woakpɔ dzidzedze godoo.—Kolosetɔwo 3:14.

Amewo tsi dzi vevie be yewoase Mark Noumair, si nye Gilead-sukua ƒe nufialawo dometɔ ɖeka, ƒe nuƒo si ƒe tanya bia be, “Àlé Eme Ðe Asia?” Nusi wòwɔnɛ enye ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ ŋu. Psalmo 103:2 gblɔ be: “Luʋɔnye, kafu Yehowa, eye megaŋlɔ eƒe nyuiwɔwɔwo katã be o!” Israel-viwo megava kpɔ ŋudzedze ɖe mana si lé woƒe agbe ɖe te la ŋu o, eye woyɔe gɔ̃ hã be “nuɖuɖu vlo.” (Mose IV, 21:5) Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, menye mana la ƒe asixɔxɔe ɖiɖi o, ke boŋ woa ŋutɔ ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eŋue bu kura. Nufialaa gblɔ be: “Ne mieŋlɔ Yehowa ƒe nyuiwɔwɔwo be eye miena miaƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa va zu dɔ dzro aɖe ko na mí la, akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe alesi miava nɔ dɔ si Yehowa de mia si la bum dzi.” Psalmo 103:4 gblɔ be Yehowa le ‘amenuveve ɖɔm na mi.’ Sukunuwulawo ava kpɔ Mawu ƒe amenuveve le woƒe hame yeyeawo me.

Gilead-sukua ƒe nufiala bubu, Lawrence Bowen, ƒo nu tso tanya si nye “Ðe Nàxɔ Yayrawoa?” ŋu. Egblɔ be Gilead-sukua ƒe klass 119 lia nuwulawo ku kutri xɔ hehe nyuie be woava zu dutanyanyuigblɔla kpɔdzidzedzewo. Gake fifia ele be woaku ɖe Yehowa kple eƒe dɔ si wòde wo si la ŋu. Le Nyaɖeɖefia 14:1-4 la, woƒo nu tso ame 144,000 la ŋu be ‘wodzea Alẽvi la yome yia afisiafi, si wòyina.’ Eɖanye tetekpɔ ka kee va amesiwo le ƒuƒoƒo ma me dzi o, wokuna ɖe Yehowa kple Via ŋu nuteƒewɔwɔtɔe, eye woɖoa woƒe taɖodzinua gbɔ. Nuƒolaa gblɔ be: “Nuka kee ɖadzɔ o, míawo hã míaku ɖe Yehowa kple dɔ si wòde mía si la ŋu nuteƒewɔwɔtɔe.” To esia wɔwɔ me la, sukunuwulawo ava kpɔe be Yehowa ƒe yayrawo ‘le yewo dzi.’—Mose V, 28:2.

Alesi Woana Woƒe Subɔsubɔdɔa Natse Kui

Le sukua deɣi la, sukuviawo kpɔa gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me kwasiɖanuwuwu ɖesiaɖe. Esi Wallace Liverance, amesi xɔa sukuviawo heléa ŋku ɖe woƒe agbagbadzedze ŋu, nɔ gbe biam sukuviawo le wɔnaa me, edze ƒã be wokpɔ dzidzedze. Woɖe gbeƒã nyanyuia le gbegbɔgblɔ ewo ya teti me hedze Biblia-nusɔsrɔ̃ geɖe gɔme. Gilead-sukuvi atsu kple asi aɖe dze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kple Chinatɔ aɖe. Esi wotrɔ yi egbɔ zi eve megbe la, wobiae alesi wòse le eɖokui me ku ɖe Yehowa nyanya nyuie wu ŋu. Ðekakpuia ʋu eƒe Biblia eye wòbia tso wo si be woaxlẽ Yohanes 17:3. Ese le eɖokui me be yele agbe mɔa dzi azɔ.

Dziɖuha la me tɔ, Anthony Morris, bia gbe nɔviŋutsu etɔ̃ siwo nye Alɔdzekɔmiti me tɔ siwo tso Côte d’Ivoire, Dominican Republic, kple Ecuador. Nɔviŋutsu siawo ka ɖe edzi na sukunuwulawo be Alɔdzekɔmitiwo le wo dzɔm be yewoaxɔ wo atuu eye woakpe ɖe wo ŋu be woate ŋu atrɔ ɖe woƒe dɔdasi yeyeawo ŋu.

Eyome Leonard Pearson, si nye United States Betel-ƒomea me tɔ, bia gbe Alɔdzekɔmiti me tɔ etɔ̃ siwo tso Democratic Republic of the Congo, Papua New Guinea, kple Uganda. Nɔvi siawo de dzi ƒo na sukunuwulawo be woaƒo wo ɖokui ɖe gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me bliboe. Dutanyanyuigblɔla atsu kple asi aɖe siwo le Congo ƒe 21 kple edzivɔwoe nye sia la kpe ɖe ame 60 sɔŋ ŋu woɖe adzɔgbe hexɔ nyɔnyrɔ. Fifia, Biblia-nusrɔ̃vi 30 ye le srɔ̃tɔ siawo si, eye woƒe nusrɔ̃vi 22 dea kpekpeawo. Esi nuŋeŋedɔ gã sia gbegbe kpɔtɔ li ta la, fifiae nye ɣeyiɣi nyuitɔ si wòle be ame naƒo eɖokui ɖe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me.

Hiahiã Kpata ƒe Susu Tsɔtsɔ Wɔ Ðaseɖiɖidɔae

Gerrit Lösch, si nye Dziɖuha la me tɔ, ye ƒo nuƒo mamlɛtɔ. Eƒe tanya enye “Nuƒoƒo tso Mawu ŋu Kple Ðaseɖiɖi le Yesu Ŋu le Aƒetɔ ƒe Ŋkekea Dzi.” Nya siwo nye “ɖaseɖila,” “ɖaseɖilawo,” kple “ɖaseɖiɖi” dze zi 19 le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me. Eyata Yehowa to nya siawo dzi na dɔ si wòdi be ye subɔlawo nawɔ la dze kɔte. Ɣekaɣie míawɔ ɖaseɖiɖidɔ ma? Le “Aƒetɔ ƒe ŋkeke la dzi.” (Nyaɖeɖefia 1:9, 10) Ŋkeke ma dze egɔme tso ƒe 1914 me va ɖo míaƒe ɣeyiɣia me, heyi ɖa ɖo etsɔme. Le Nyaɖeɖefia 14:6, 7 ƒe nya nu la, mawudɔlawo le asi kpem ɖe dɔ si nye nuƒoƒo tso Mawu ŋu la ŋuti. Nyaɖeɖefia 22:17 ɖee fia be Kristotɔ amesiamina susɔeawo si mee wotsɔ ɖaseɖiɖi le Yesu ŋu ƒe dɔa dzi kpɔkpɔ dee. Gake ele be mí katã míawɔ mɔnukpɔkpɔ si ʋu be míakpɔ gome le eme la ŋudɔ fifia. Woŋlɔ Yesu ƒe nya siawo ɖe kpukpui 20 lia me be: “Megbɔna kpuie!” Nɔviŋutsu Lösch de dzi ƒo na vavalawo katã be: “Mikpe amewo katã be, ‘Miva xɔ agbetsi la no faa.’ Yesu gbɔna kpuie. Míele klaloa?”

Fred Rusk, si nye Gilead-sukua ƒe nufiala ƒe 11 sɔŋ enye sia la, wu wɔnaa nu kple gbedodoɖa ʋãme aɖe si yɔ fũ kple akpedada na Yehowa. Emae nye dzidzɔŋkeke gã ma ƒe nuwuwu si sɔ nyuie.

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

SUKUVIAWO ŊUTI NYATAKAKA

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Dukɔ siwo me wotso ƒe xexlẽme: 10

Dukɔ siwo me woɖo wo ɖo ƒe xexlẽme: 25

Sukuviawo ƒe xexlẽme: 56

Ƒe si woxɔ le mama dedie nu: 32.5

Ƒe si wole nyateƒea me le mama didie nu: 16.4

Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔƒewo le mama didie nu: 12.1

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku ƒe Klass 119 lia Nuwulawo

Ðoɖo si nu woŋlɔ ŋkɔawo ɖo le ete yi ale: Woxlẽ fliawo tso ŋgɔgbe yi megbee, eye woŋlɔ ŋkɔawo tso miame yi ɖusime le fli ɖesiaɖe dzi.

(1) Helgesen, S.; Daugaard, H.; Pierluissi, A.; Joseph, I.; Racanelli, C. (2) Byrge, T.; Butler, D.; Freedlun, J.; Nuñez, K.; Pavageau, C.; Doumen, T. (3) Camacho, O.; Lindqvist, L.; Broomer, A.; Wessels, E.; Burton, J.; Woodhouse, O.; Doumen, A. (4) Tirion, A.; Connally, L.; Fournier, C.; Gil, A.; Johnsson, K.; Hamilton, L. (5) Byrd, D.; Scribner, I.; Camacho, B.; Laschinski, H.; Hallahan, M.; Libuda, O. (6) Joseph, A.; Lindqvist, M.; Helgesen, C.; Nuñez, D.; Scribner, S.; Fournier, J. (7) Pierluissi, F.; Pavageau, T.; Broomer, C.; Racanelli, P.; Butler, T.; Woodhouse, M.; Libuda, J. (8) Laschinski, M.; Freedlun, S.; Burton, I.; Tirion, M.; Byrd, M.; Byrge, J. (9) Wessels, T.; Hallahan, D.; Connally, S.; Gil, D.; Daugaard, P.; Hamilton, S.; Johnsson, T.