Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Mawunyakpukpui Siwo Blematɔwo Nya Heyɔna”

“Mawunyakpukpui Siwo Blematɔwo Nya Heyɔna”

“Mawunyakpukpui Siwo Blematɔwo Nya Heyɔna”

ƑE 25 enye si va yi la, Israel-dukɔa ƒe tomenukulawo fɔ nu vevi aɖe le to me. Le agado aɖe si nye yɔdo le Hinom-balia ƒe toa ŋu le Yerusalem me la, woke ɖe agbalẽxatsaxatsa sue eve siwo wowɔ kple klosalo falɛfalɛ si dzi mawunyakpukpuiwo le ŋu. Woŋlɔ agbalẽxatsaxatsa siawo hafi Babilontɔwo va tsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 607 D.M.Ŋ. me. Mawunyakpukpuiawo ƒo nu tso yayra siwo woŋlɔ ɖe Mose IV, 6:24-26 ƒe akpa aɖewo ŋu. Mawu ŋkɔ Yehowa dze zi geɖe le agbalẽxatsaxatsa sue eveawo dzi. Wogblɔ be “wonye blematɔwo ƒe asinudɔwɔwɔ xoxotɔwo dometɔ gbãtɔ siwo dzi woŋlɔ Hebrigbe me Biblia me nya aɖewo ɖo.”

Gake agbalẽnyala aɖewo ʋli nya be ƒe alafa evelia D.M.Ŋ. mee woŋlɔ agbalẽxatsaxatsaawo. Nusitae nye be foto si woɖe agbalẽxatsaxatsa sue siawo la me mekɔ nyuie o, si na womete ŋu doe kpɔ tsitotsito o. Be woate ŋu akpɔ ƒe si me woŋlɔ wo la, agbalẽnyalawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe gawɔ numekuku yeye. Wozã fotoɖeɖe mɔnu yeye siwo li fifia kple kɔmpiuta mɔ̃ɖaŋununya tsɔ ɖe foto agbalẽxatsaxatsaawo be wo me kɔ nyuie. Woŋlɔ nu tso nusiwo ŋu woke ɖo le numekuku sia me la ŋu nyitsɔ laa. Alekee agbalẽnyaawo ƒo nya tae?

Gbã la, agbalẽnyaawo lɔ̃ ɖe edzi be nyatakaka siwo wokpɔ le tomenukuƒea ɖo kpe edzi be woŋlɔ wo hafi Babilontɔwo va ɖe aboyo Israel-viwo. Ŋkuléle ɖe blemanuŋɔŋlɔawo ŋu—si nye ŋkuléle ɖe alesi nuŋɔŋlɔawo le, woƒe atsyã, teƒe siwo wole, alesi woɖo woe, afisi nuŋɔŋlɔawo trɔ ɖo—fia be ɣeyiɣi ma si numekula gbãtɔwo gblɔ la mee woŋlɔ wo, si nye ƒe alafa adrelia D.M.Ŋ. Mlɔeba la, esi agbalẽnyala siawo lé ŋku ɖe nuŋɔŋlɔawo ŋu vɔ la, woƒo nya ta be: “Nyatakaka siwo le agbalẽxatsaxatsawo dzi wɔ ɖeka kple nusiwo ŋu woke ɖo le tomenukukua me ku ɖe ɣeyiɣi si me woŋlɔ wo ŋu.”

Magazine si nye Bulletin of the American Schools of Oriental Research gblɔ tso klosalo gbalẽxatsaxatsawo, siwo wogayɔna be Ketef Hinnom nuŋɔŋlɔwo ŋu kpuie ale: “Eyata míate ŋu ada asi ɖe nyataƒoƒo si dzi agbalẽnyala akpa gãtɔ lɔ̃ ɖo la dzi, be nuŋɔŋlɔ siwo wokpɔ le agbalẽxatsaxatsa siawo dzi la nye mawunyakpukpui siwo blematɔwo nya heyɔna.”

[Nɔnɔmetata si le axa 32]

Yɔdo: Pictorial Archive (Near Eastern History) Est.; nuŋɔŋlɔa: Photograph © Israel Museum, Jerusalem; courtesy of Israel Antiquities Authority