Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nunɔlagã Si Bu Fɔ Yesu

Nunɔlagã Si Bu Fɔ Yesu

Nunɔlagã Si Bu Fɔ Yesu

LE November 1990 me la, ŋutsu aɖewo siwo nɔ dɔ wɔm le tsaɖibɔ kple mɔ aɖe ŋu, si dome adidi abe kilometa ɖeka ko ene tso Old City si le Yerusalem gbɔ, va ke ɖe nu dodzidzɔname aɖe ŋu. Anyigbadzobomɔ̃ aɖe va lɔ blema yɔdo aɖe ƒe tame. Ameɖibɔ gã aɖee teƒe ma nye tsã, le ƒe alafa ɖeka siwo do ŋgɔ na Yesu ƒe anyigba dzi vava kple le ƒe alafa ɖeka siwo kplɔe ɖo me. Nusi tomenukulawo kpɔ le yɔdo ma me la do dzidzɔ na wo ŋutɔ.

Amekukuƒuɖaka 12 le doa me, eye wotsɔ ame kukua ƒe ƒu siwo ɖe ɖa le wo nɔewo ŋu le amea ɖiɖi ƒe ɖeka kloe megbe la, da ɖe wo me. Woŋlɔ ŋkɔ si nye Yehosef bar Caiapha (Yosef Kayafa vi) ɖe amekukuƒuɖaka ɖeka aɖe si wokpa nyuie la dzi—amekukuƒuɖaka nyuitɔ kekeake siwo wokpɔ kpɔ dometɔ ɖekae ema nye.

Kpeɖodziawo ɖee fia be anye nunɔlagã si nɔ zi me na ʋɔnu gãtɔ kekeake si wodrɔ̃ ame kpɔ—si nye Yesu Kristo tɔ—la ƒe yɔdoe. Yudatɔ blemaŋutinyaŋlɔla Josephus yɔ nunɔlagã sia be “Yosef, amesi woyɔna be Kayafa.” Kayafa koe woyɔ nɛ le Ŋɔŋlɔawo me. Nukatae míatsɔ ɖe le eƒe nya me ɖo? Nukae na wòbu fɔ Yesu?

Ƒome si me Wòtso Kple Amesi Ƒomevi Wònye

Kayafa ɖe nunɔlagã bubu si ŋkɔe nye Hana ƒe vinyɔnu. (Yohanes 18:13) Ðewohĩ dzilawo wɔ ɖoɖo ɖe srɔ̃ɖeɖe ma ŋu ƒe geɖe do ŋgɔ, elabena ƒome eveawo adi godoo be yewoƒe ɖekawɔwɔ me nasẽ. Esia fia be woanya dzro dzidzimegbalẽwo me nyuie heka ɖe edzi be nunɔlawo ƒe ƒomea mee yewodzɔ tso vavã. Ewɔ abe ƒome evea siaa nye kesinɔtɔwo kple ame ŋkutawo, eye ɖewohĩ anyigba gbogbo siwo nɔ wo si le Yerusalem nutoa me gbɔe woƒe hokpɔkpɔa tso. Hana anya di godoo be amesi ava nye ye toyɔvi la nanye dunyahela adodoe aɖe si dzi yeate ŋu aka ɖo. Edze abe Zadukitɔwo ƒe kɔmama sẽŋu la me tɔwoe Hana kple Kayafa nye ene.—Dɔwɔwɔwo 5:17.

Esi Kayafa nye nunɔlawo ƒe ƒome si ŋu bubu le me tɔ ta la, anya srɔ̃ Hebri Ŋɔŋlɔawo kple wo me ɖeɖe. Ðewohĩ esi wòxɔ ƒe 20 ye wòte subɔsubɔ le gbedoxɔa me, gake míenya ƒe si wòxɔ hafi va zu nunɔlagã ya o.

Nunɔlagãwo Kple Nunɔlawo ƒe Tatɔwo

Le gɔmedzedzea me la, ɖe ame nyia nunɔlagãnyenye ƒe dome, eye wòwɔa dɔ sia le eƒe agbenɔɣi katã. Gake le ƒe alafa eve siwo kplɔ Yesu ƒe anyigba dzi vava ɖo me la, Hasmontɔwo va nɔ nunɔlanyenyea ʋlim akpasesẽtɔe. * Herodes Gãtɔ ɖoa nunɔlagãwo heɖea wo le zi dzi, eye eto ema me ɖee fia wòdze ƒã be yee nye ŋusẽtɔ si ŋutɔŋutɔ te amesiawo subɔna le. Roma mɔmefiawo hã wɔ nu alea tɔgbe.

Nuwɔna siawo na wova ɖo ƒuƒoƒo aɖe si me tɔwo Ŋɔŋlɔawo yɔ be “nunɔlagãwo.” (Mateo 26:3, 4) Ame bubu siwo nɔ ƒuƒoƒo sia me kpe ɖe Kayafa ŋue nye amesiwo nye nunɔlagãwo kpɔ, abe Hana, si si woxɔ dɔ le, gake ŋkɔa ya gakpɔtɔ nɔ eŋu ene. Nunɔlagã si le zia dzi kple esiwo nɔ anyi tsã ƒe ƒometɔ kplikplikpliwo hã nɔ ƒuƒoƒo sia me.

Romatɔwo ɖe mɔ na Yudatɔwo ƒe ame ŋkutawo, siwo dome nunɔlagãwo le, be woakpɔ Yudea ƒe dukplɔɖoɖowo dzi. Esia kpe ɖe Roma ŋu wòte ŋu kpɔ ŋusẽ ɖe nutoa dzi hekpɔa egbɔ be woxea adzɔwo pɛpɛpɛ, esi mahiã be wòaɖo asrafo geɖe ɖe afima hafi o. Roma dziɖuɖua kpɔ mɔ be Yudatɔwo ƒe ame ŋkutawo nakpɔ egbɔ be nusianu le ɖoɖo nu, eye woakpɔ yeƒe nuwo ta na ye nyuie. Yudatɔwo ƒe kplɔlawo ƒe nu medzɔa dzi na Roma mɔmefiawo o, elabena Yudatɔwo melɔ̃ be Romatɔwo naɖu yewo dzi hafi o. Gake ehiã be woawɔ nu kpli wo aduadu hafi woƒe dziɖuɖua nate ŋu ali ke.

Kaka Kayafa ƒe ɣeyiɣia naɖo la, nunɔlagã ye va zua Yudatɔwo ƒe dunyahehe ŋgɔnɔla. Roma mɔmefia Kirenio si ɖu Siria dzi, ye ɖo Hana nunɔlagãe le ƒe 6 alo 7 M.Ŋ. me. Rabiwo ƒe xotutu gblɔ be Yudatɔ ame ŋkuta siwo nye kplɔlawo ƒe ƒomeawo nye ŋuklẽlawo, ƒometɔ dzidelawo, ameteɖeanyilawo, kple ŋutasẽlawo. Agbalẽŋlɔla aɖe gblɔ be esi Hana nye nunɔlagã ta la, akpɔ egbɔ godoo be “woado [ye toyɔvia] ɖe ŋgɔ kabakaba le gbedoxɔa me dɔwo dzi kpɔkpɔ me elabena ne ɖoƒe kɔkɔ su Kayafa si la, ekema Hana ate ŋu azãe nyuie.”

Valerius Gratus, si nye mɔmefia le Yudea, ɖe Hana ɖa le zi dzi le ƒe 15 M.Ŋ. me lɔƒo. Ame etɔ̃ siwo va xɔ ɖe Hana teƒe, siwo dometɔ ɖekae nye viaŋutsu aɖe, la hã menɔ anyi didi hafi woxɔ dɔ le wo si o. Kayafa va zu nunɔlagã le ƒe 18 M.Ŋ. me lɔƒo. Pontio Pilato si woɖo Yudea mɔmefiae le ƒe 26 M.Ŋ. me la na Kayafa nɔ zi dzi le ƒe ewo siwo katã Pilato nye mɔmefia la me. Kayafa nɔ zia dzi le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi kple le eƒe nusrɔ̃lawo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa gɔmedzeɣi. Gake Kayafa tsi tre ɖe Kristotɔwo ƒe gbedasia ŋu vevie.

Enɔ Yesu Vɔ̃m, Enɔ Roma Dziɖuɖua Hã Vɔ̃m

Kayafa bu Yesu be enye ame gbegblẽ aɖe si nɔ zi dem amewo dome. Yesu tsi tre ɖe alesi nunɔlawo nɔ Sabat ƒe seawo me ɖemee ŋu, eye wònya asitsalawo kple gagbalawo do goe le gbedoxɔa me, hegblɔ be wotsɔe wɔ “adzodalawo ƒe do.” (Luka 19:45, 46) Blemaŋutinyaŋlɔla aɖewo gblɔ be Hana ƒe aƒea tɔe gbedoxɔa me nudzraƒe mawo nye—ɖewohĩ susu bubu aɖee nye esia si tae Kayafa dze agbagba be yeawu Yesu ɖo. Esi nunɔlawo ƒe tatɔwo dɔ amewo ɖa be woalé Yesu la, Yesu ƒe nyawo wɔ dɔ ɖe wo dzi ale gbegbe be wotrɔ gbɔ asi ƒuƒlui.—Yohanes 2:13-17; 5:1-16; 7:14-49.

Bu nusi dzɔ esi Yudatɔwo ƒe kplɔlawo see be Yesu fɔ Lazaro si ku la ŋu kpɔ. Yohanes gblɔ na mí le eƒe Nyanyuia me be: “Nunɔlagãwo kple farisitɔwo kpe ta ɖe adaŋudeƒe, eye wogblɔ bena: Nuka míawɔ? Elabena amesia le dzesi geɖewo wɔm. Ne míena mɔe alea la, ekema amewo katã le edzi xɔ ge ase, eye Romatɔwo ava, eye woaxɔ míaƒe anyigba kple míaƒe dukɔ le mía si.” (Yohanes 11:47, 48) Sanhedrin, si nye Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔa bui be Yesu agblẽ nu le subɔsubɔha ƒe dziɖuŋusẽ si yewoɖo anyi kple hadomeɖoɖowo ŋu, evɔ woawoe Pilato abu fɔe ɖe nya sia ta. Nusianu si adze abe aglãdzedze ene na Romatɔwo la ana woade nu Yudatɔwo ƒe nyawo me—evɔ Ʋɔnudrɔ̃ƒea di be yeato mɔ ɖesiaɖe dzi aƒo asa na nusia.

Togbɔ be Kayafa lɔ̃ ɖe edzi be Yesu wɔ ŋusẽdɔ geɖe hã la, mexɔ edzi se o; ɖe wòdze agbagba be yeana yeƒe ŋkɔ kple ŋusẽ nakpɔtɔ anɔ ye ŋu boŋ. Zadukitɔ Kayafa nalɔ̃ ɖe edzi be wofɔ Lazaroa? Amesi mexɔ tsitretsitsi dzi se oa!—Dɔwɔwɔwo 23:8.

Kayafa ɖe eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi fia esi wògblɔ na ehati dziɖulawo be: “Miedea ŋugble ɖe eme . . . o bena, enyo na mí bena, ame ɖeka naku ɖe dukɔ la ta, eye bena dukɔ blibo la nagatsrɔ̃ o.” Nuŋlɔɖia yi edzi be: “Gake megblɔ esia le eya ŋutɔ ɖokui si o; ke boŋ, esi wònye nunɔlagã le ƒe ma me la ŋuti, wògblɔ nya ɖi bena, Yesu laku ɖe dukɔ la ta; eye menye ɖe dukɔ la ta ɖeɖeko o, ke boŋ, bena wòaƒo mawuvi, siwo kaka la, nu ƒu ɖekae. Azɔ tso ŋkeke ma dzi la woɖo bena, [yewoawu Yesu].”—Yohanes 11:49-53.

Kayafa ŋutɔ mese nya siwo wògblɔ la gɔme bliboe o. Esi wònye nunɔlagã ta la, egblɔ nya ɖi. * Viɖe anɔ Yesu ƒe kua ŋu—gake menye na Yudatɔwo ɖeɖeko o. Eƒe agbe si wòatsɔ ana tafee la awɔe be woaɖe ameƒomea katã tso nuvɔ̃ kple ku ƒe kluvinyenye me.

Amewuwu ƒe Nugbeɖoɖo Aɖe

Yuda nunɔlawo ƒe tatɔwo kple amegãwo va kpe ta ɖe Kayafa ƒeme be yewoakpɔe ɖa be aleke yewoawɔ alé Yesu ahawui hã. Ðewohĩ nunɔlagãa hã ƒe asi nɔ eme woka ga si woaxe na Yuda Iskariot ne ede Yesu asi na wo. (Mateo 26:3, 4, 14, 15) Gake ame ɖeka pɛ wuwu mana Kayafa nakpɔ ta na eƒe nugbeɖoɖo vɔ̃ɖiawo o. “Nunɔlagãwo ɖo bena, yewoawu Lazaro hã; elabena le eyama ta Yudatɔwo dome ame geɖewo . . . [xɔ Yesu dzi] se ɖo.”—Yohanes 12:10, 11.

Malxo, si nye Kayafa ƒe kluvi, hã nɔ amesiwo wodɔ ɖa be woalé Yesu dome. Wokplɔ amesi wolé la yi Hana gbɔ gbã be wòabia gbee, eye emegbe wokplɔe yi Kayafa gbɔ. Kayafa ya wɔ ɖoɖo kple Yudatɔwo ƒe amegãwo xoxo be yewoadrɔ̃ nyaa le zã me, si tsi tre ɖe Yudatɔwo ƒe se ŋu.—Mateo 26:57; Yohanes 18:10, 13, 19-24.

Togbɔ be aʋatsoɖasefo siwo wotsɔ ɖe Yesu ŋu la ƒe nya mewɔ ɖeka o hã la, ema meɖe fu na Kayafa o. Enya alesi woa kple ehati nugbeɖolaawo asusu le amesi ɖo eɖokui Mesia ŋu. Eyata ebia Yesu be ɖe wòlɔ̃ ɖe edzi be Mesia yenye hã. Yesu ɖo eŋu nɛ be ye nutsolawo akpɔ ye yeabɔbɔ “nɔ anyi ɖe ŋusẽ ƒe nuɖusi me, anɔ dziƒo ƒe alilikpowo dzi gbɔna.” Be woakpɔ be yevɔ̃a Mawu kakaka la, “nunɔlagã la dze eƒe awuwo gblɔ bena: Egblɔ busunya! Ðaseɖila kawo gahiã mí?” Ʋɔnudrɔ̃ƒea da asi ɖe edzi be Yesu dze na ku.—Mateo 26:64-66.

Ele be Romatɔwo nalɔ̃ hafi woawu ame. Esi wònye Kayafa ye nye domenɔla le woa kple Yudatɔwo dome ta la, ɖewohĩ eyae tsɔ nyaa yi Pilato gbɔe. Esi Pilato di be yeaɖe asi le Yesu ŋu la, ɖewohĩ Kayafa hã kpe ɖe nunɔlawo ƒe tatɔawo ŋu wodo ɣli be: “Klãe ɖe ati ŋuti, klãe ɖe ati ŋuti!” (Yohanes 19:4-6) Ðewohĩ Kayafa ye ƒoe ɖe amehaawo nu be woabia be woaɖe asi le amewula aɖe ŋu na yewo ɖe Yesu teƒe, eye woa kple nunɔlawo ƒe tatɔwoe gblɔ alakpatɔe be: “Fia aɖeke mele mía si o, negbe kaisaro ko.”—Yohanes 19:15; Marko 15:7-11.

Kayafa gbe kpeɖodzi siwo fia be wofɔ Yesu ɖe tsitre la dzi xɔxɔ se. Etsi tre ɖe Petro kple Yohanes kpakple Stefano ŋu. Kayafa na ŋusẽ Saul hã be wòalé Kristotɔ ɖesiaɖe si wòakpɔ le Damasko. (Mateo 28:11-13; Dɔwɔwɔwo 4:1-17; 6:8–7:59; 9:1, 2) Gake anɔ abe ƒe etɔ̃ ene le Yesu ƒe ku megbe, si nye le ƒe 36 M.Ŋ. me lɔƒo la, Vitellius, si nye Roma mɔmefia nɔ Siria, ɖe Kayafa le zi dzi.

Yudatɔwo ƒe agbalẽŋlɔlawo meƒo nu nyui aɖeke le Kayafa ƒe ƒomea ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, Babilontɔwo ƒe Talmud, si nye se siwo wogblɔ kple nu siwo rabiwo ŋlɔ ɖi, fa konyi be: “Baba nam le Hanin [Hana] ƒe aƒe ta, baba nam le woƒe dalĩdodo” alo “alakpa dada ɖe ame si ta.” Ðewohĩ “kpekpe siwo wowɔna le adzame be woatsɔ ate amewo ɖe anyii” ŋue nuxaxa siawo ku ɖo.

Nane si Míasrɔ̃ tso Kayafa Ŋu

Agbalẽnyala aɖe gblɔ tso nunɔlagãwo ŋu be wonye “ame bibi nyanu siwo ƒe nya me sẽna—eye woanye ɖokuidoɖedzilawo hã godoo.” Ðokuidodoɖedzi na Kayafa gbe Mesia la xɔxɔ. Eyata mele be wòaɖe fu na mí ne amewo gbe Biblia me gbedasia xɔxɔ egbea hã o. Ame aɖewo metsɔ ɖeke le Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea me boo ne woayi asi ɖe ge le dzixɔse siwo ŋu woku ɖo goŋgoŋ la ŋu o. Bubuwo asusui be anye gbɔɖiɖi na yewo be yewoabɔbɔ yewo ɖokui ava zu nyanyuia ƒe gbeƒãɖelawo. Eye Kristotɔwo ƒe dzidzenuwo nana anukwaremaɖilawo kple ŋuklẽlawo hena ɖe megbe.

Kayafa ate ŋu akpe ɖe ehati Yudatɔwo ŋu woaxɔ Mesia la hafi, elabena eyae nye nunɔlagã; gake ɖoƒe gã didi na wòbu fɔ Yesu. Anɔ eme be Kayafa ƒe tsitretsiɖeŋua yi edzi vaseɖe esime wòva mlɔ eƒe yɔdo me. Nuŋlɔɖiwo li tso eƒe agbenɔnɔ ŋu; ema ɖee fia be menye míaƒe ƒuwo koe susɔna ne míeku o. Míetoa míaƒe nuwɔnawo dzi wɔa ŋkɔ si nɔa anyi ɖaa la na mía ɖokui le Mawu gbɔ; ate ŋu anye ŋkɔ gbegblẽ alo ŋkɔ nyui.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 9 Hasmontɔwo ƒe ŋutinya dze le Gbetakpɔxɔ, June 15, 2001, axa 27-30.

^ mm. 19 Yehowa zã ame vɔ̃ɖi Bileam wògblɔ nyateƒenya aɖewo ɖi ku ɖe Israel-viwo ŋu le blema.—Mose IV, 23:1–24:24.

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Yosef Kayafa vi

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Amekukuƒuɖaka si ŋu woke ɖo nyitsɔ laa

[Afisi míexɔ mɔɖeɖe tso]

Amekukuƒuɖaka, nusi woŋlɔ ɖe edzi, kple yɔdo si le megbea: Courtesy of Israel Antiquities Authority