Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Kpe eve siwo dzi woŋlɔ nu ɖo koe nɔ Nubablaɖaka la me loo alo nu bubu aɖewo hã nɔ eme?

Esime wonɔ Salomo ƒe gbedoxɔa ŋu kɔm le ƒe 1026 D.M.Ŋ. la, “naneke mele aɖaka la me o, negbe kpe eve, siwo Mose tsɔ de eme le Xoreb-to la gbɔ, esime Yehowa bla nu kple Israel-viwo, le esime woʋu tso Egipte la koe.” (Kronika II, 5:10) Ke hã, menye aleae wònɔ ɣesiaɣi o.

“Esi Israel-viwo ʋu tso Egipte-nyigba dzi [anɔ] ɣleti etɔ̃ megbe” la, wova ɖo Sinai-gbedzi. (Mose II, 19:1, 2) Esia megbe la, Mose lia Sinai-toa eye wòxɔ kpe eve siwo dzi woŋlɔ Sea ɖo. Egblɔ be: “Tete megbugbɔ heɖi tso to la dzi, eye metsɔ kpeawo de aɖaka, si mewɔ la me, eye wotsi afima, abe alesi Yehowa de se nam ene.” (Mose V, 10:5) Aɖaka alo nugo aɖe si woazã hena ɣeyiɣi kpui aɖe koe wònye Yehowa gblɔ na Mose be wòakpa, si me wòatsɔ kpe eve siwo dzi Sea le la adee. (Mose V, 10:1) Womekpa Nubablaɖaka la ɣemaɣi o; ƒe 1513 D.M.Ŋ. ƒe nuwuwu lɔƒo hafi wova kpae.

Le Israel-viwo ƒe ɖeɖe tso Egipte megbe teti la, wodze liʋiliʋilili gɔme ɖe nuɖuɖu ta. Eyata Yehowa na mana wo. (Mose II, 12:17, 18; 16:1-5) Ɣemaɣi la, Mose gblɔ na Aron be: “Tsɔ zevi aɖe, eye nàde mana gomer ɖeka eme fũ, eye nàtsɔe ada ɖe Yehowa ŋku me, bena wòanɔ anyi hena miaƒe dzidzimeviwo.” Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Eye Aron tsɔe dzra ɖo ɖe seawo gbɔ, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.” (Mose II, 16:33, 34) Ðikeke mele eme o be togbɔ be Aron tsɔ mana de zea me ɣemaɣi hã la, esime Mose na wokpa Nubablaɖakaa hetsɔ seawo de eme ko hafi wova da mana ɖe wo gbɔ.

Abe alesi míegblɔe va yi xoxo ene la, wokpa Nubablaɖakaa le ƒe 1513 D.M.Ŋ. ƒe nuwuwu lɔƒo. Gake emegbe kura hafi wova tsɔ Aron ƒe atikplɔ hã da ɖe Nubablaɖakaa me, le Korax kple ame bubuwo ƒe aglãdzedze megbe. Apostolo Paulo yɔ “nubablaɖaka, si . . . me sikaze, si me mana le kple Aron ƒe atikplɔ, si ƒo se, kple nubabla ƒe nuŋlɔkpeawo le.”—Hebritɔwo 9:4.

Manae nye nuɖuɖu si Mawu tsɔ na Israel-viwo le ƒe 40 siwo me wonɔ gbeadzi me. Mana nu tso “esi woɖu anyigba [si ŋugbe wodo na wo] dzi agblemenuwo” zi gbãtɔ. (Yosua 5:11, 12) Tameɖoɖo aɖe tae wotsɔ Aron ƒe atikplɔa da ɖe nubablaɖaka me ɖo—be wòanye dzesi alo ŋkuɖodzinu na ame dzeaglãwo ƒe dzidzimeviwo. Nya sia fia be atikplɔa nɔ afima le ɣeyiɣi siwo me wonɔ gbeadzi ya teti. Eyata asɔ be míaƒo nya ta be le ɣeyiɣi aɖe megbe esi Israel-viwo ɖo Ŋugbedodonyigbaa dzi, eye do ŋgɔ hafi woakɔ Salomo ƒe gbedoxɔa ŋu la, woɖe Aron ƒe atikplɔa kple mana zea ɖa le Nubablaɖakaa me.