Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Yehowa Gbɔ Ðeɖe Tso Va Nam’

‘Yehowa Gbɔ Ðeɖe Tso Va Nam’

“Ele Be Míaɖo To Mawu Abe Dziɖula Ene Wu Amewo”

‘Yehowa Gbɔ Ðeɖe Tso Va Nam’

EVA hiã be Yehowa ƒe amewo nawɔ tiatia aɖe. Ðe woawɔ blema Egipte-fia mavɔ̃mawua ƒe didiwo dzia? Alo ɖe woaɖo to Yehowa Mawu, adzo le teƒe ma si wonye kluviwo le, ava nɔ Ŋugbedodonyigbaa dzia?

Esi Egipte-fia Farao dzeaglã la gbe asi ɖeɖe le Yehowa ƒe amewo ŋu ta la, Mawu he fuwɔame ewo va dukɔa dzi. Nyateƒee, esia ɖe eƒe ŋusẽ fia ŋutɔ! Egipte mawuwo mete ŋu wɔ naneke tsɔ xe mɔ na fuwɔameawo o.

Esi wogblɔ na Farao be wòaɖe asi le Mawu ƒe amewo ŋu woadzo la, egblɔ vlodoametɔe be: “Ameka nye Yehowa, ne maɖo to eƒe gbe aɖe asi le Israel-viwo ŋuti woayi? Nyemenya Yehowa la o, eye nyemaɖe asi le Israel ŋuti wòayi hã o!” (Mose II, 5:2) Nusi do tso emee nye fuwɔame siwo va Egiptetɔwo dzi; woawoe nye: (1) woƒe tsi trɔ zu ʋu, (2) akpɔkplɔwo do, (3) mũwo do, (4) togbatowo do, (5) dɔvɔ̃ va woƒe lãwo dzi, (6) ƒoƒoe ɖe fu na amegbetɔwo kple lãwo siaa, (7) tsikpe dza, (8) ʋetsuviwo do, (9) viviti do, eye (10) Egiptetɔwo, kple Farao ŋutɔ hã, ƒe ŋgɔgbeviwo ku. Mlɔeba la, Farao ɖe mɔ na Hebritɔawo wodzo. Kuku kura wònye wòɖe na wo be woadzo!—Mose II, 12:31, 32.

Ame miliɔn etɔ̃ kloe—Israel-vi ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo kpakple amedzro geɖewo—wɔ kabakaba dzo. (Mose II, 12:37, 38) Gake eteƒe medidi o, Farao ti wo yome kple eƒe aʋakɔ sesẽ aɖe. Fifia, edze abe ɖe Israel-viwo va xaxa ɖe Ƒudzĩa, dzogbe aɖe si dzi zɔzɔ sesẽ, kple Farao ƒe asrafowo dome ene. Gake Mose gblɔ na ameawo be: “Migavɔ̃ o, milé dzi ɖe ƒo, eye miakpɔ, alesi Yehowa le mia ɖe gee.”—Mose II, 14:8-14.

Yehowa na Ƒudzĩa me tsi ma nukutɔe be Israel-viwo nate ŋu asi. Gake esi Egiptetɔawo kplɔ wo ɖo la, Mawu na tsia ŋe dze eme. “[Yehowa de] Farao ƒe tasiaɖam kple eƒe aʋakɔ la ƒu.” (Mose II, 14:26-28; 15:4) Bubu mademade Yehowa ŋu na dadala Farao va tsrɔ̃ le afɔku gã sia me.

Yehowa ɖee fia le Ƒudzĩa nu be yenye “aʋawɔla.” (Mose II, 15:3) Nuŋlɔɖi si Mawu ƒe gbɔgbɔ na woŋlɔ la gbɔ be: “Israel kpɔ ŋusẽ gã, si Yehowa ɖe fia ɖe Egiptetɔwo ŋuti la. Eye dukɔ la vɔ̃ Yehowa, eye woxɔ Yehowa . . . dzi se.” (Mose II, 14:31; Psalmo 136:10-15) Ŋutsuwo ɖe woƒe akpedada si tso dzi me fia esi wowɔ ɖeka kple Mose hedzi aʋadziɖuha aɖe, eye Mose nɔvinyɔnu Miriam hã nɔ ŋgɔ na nyɔnuwo woɖu ɣe. *

Yehowa Ganye Ðela Kokoko

Yehowa subɔla siwo li egbea ate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso alesi Mawu ɖe eƒe amewo nukutɔe la me, si ado ŋusẽ woƒe xɔse. Nusɔsrɔ̃ ɖekae nye be ŋusẽ si seɖoƒe meli na o ye le Yehowa si, eye be ate ŋu akpe ɖe eƒe amewo ŋu bliboe. Mose kple Israel-viwo tsɔ dzidzɔ gblɔ le woƒe aʋadziɖuhaa me be: “Yehowa, wò nuɖusi nètsɔ de bubu ɖokuiwò ŋu le ŋusẽ me, Yehowa, wò nuɖusi kaka futɔwo hlẽ.”—Mose II, 15:6.

Nusɔsrɔ̃ bubue nye be Ŋusẽkatãtɔ la di vevie be yeakpɔ yeƒe amewo ta. Israel-viwo dzi ha be: “Nye ŋusẽ kple kafukafuha enye Yehowa, elabe eya gbɔ ɖeɖe tso va nam. Nye Mawue, eyata makafui.” Nusɔsrɔ̃ bubu aɖe gali, si nye be ame aɖeke mate ŋu akpɔ dzidzedze le tsitre tsitsi ɖe Yehowa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ŋu me o. Mawu ƒe ame siwo wòɖe la dzi ha dzidzɔtɔe be: “Yehowa, ameka de nuwò le mawuwo dome? Ameka de nuwò, kpɔ ŋusẽ, eye ŋutikɔkɔe le eŋu; amesi ŋu vɔvɔ̃ le, eye wòwɔ nu gãwo kple nukunuwo?”—Mose II, 15:2, 11.

Xexeame dzi ɖula siwo li egbea tia Yehowa ƒe amewo yome abe Farao si ɖu blema Egipte dzi ke ene. Ðewohĩ dziɖula ɖokuidoɖedzilawo “agblɔ nya tovowo ɖe dziƒoʋĩtɔ la ŋu, eye [woayi edzi anɔ fu ɖem na] dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo.” (Daniel 7:25; 11:36) Gake Yehowa ka ɖe edzi na eƒe amewo be: “Lãnu sia lãnu, si wotu ɖe ŋuwò la, madze edzi o, eye àbu fɔ aɖe, siwo katã tso ɖe ŋuwò le ʋɔnu. Esia nye Yehowa ƒe dɔlawo ƒe domenyinu.”—Yesaya 54:17.

Madze edzi na amesiwo le tsitre tsim ɖe Mawu ŋu la o, abe alesi ko medze edzi na Farao kple eƒe aʋakɔa o ene. Ðeɖedɔ siwo Yehowa wɔ, abe alesi wòna eƒe amewo ʋu le Egipte ene, ɖo kpe edzi be esɔ be míawɔ ɖe gɔmeɖose si Yesu ƒe apostolowo gblɔ la dzi, be: “Ele be míaɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.”—Dɔwɔwɔwo 5:29, NW.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 8 Kpɔ 2006 Calendar of Jehovah’s Witnesses [Calendrier des Témoins de Jéhovah 2006], January/February.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 9]

ÈNYAA?

• Yehowa na ya sesẽ aɖe ƒo zã bliboa katã, si na Ƒudzĩa me tsi mie na Israel-viwo be woato eme.—Mose II, 14:21, 22.

• Ðewohĩ esi Ƒudzĩa me tsia ma la, mɔ si wòɖe la keke abe kilometa ɖeka kple afã alo esi wu ema ene; esia tae Israel-vi miliɔn gbogboawo katã te ŋu tso Ƒudzĩa kaba nenema.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 9]

Egiptetɔwo ƒe alakpamawuawo mete ŋu xe mɔ na fuwɔame ewo siwo Yehowa he vɛ la o

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Nukpakpɛ etɔ̃awo katã: Photograph taken by courtesy of the British Museum