Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Ðaseɖiɖi Na Dukɔwo Katã”

“Ðaseɖiɖi Na Dukɔwo Katã”

“Ðaseɖiɖi Na Dukɔwo Katã”

“Mianye nye ɖaseɖilawo . . . vaseɖe anyigba ƒe seƒe ke.”—DƆWƆWƆWO 1:8.

1. Ɣekaɣie nusrɔ̃laawo se nyagblɔɖi si woŋlɔ ɖe Mateo 24:14 la ŋu nya zi gbãtɔ, eye afikae wosee le?

MÍA dometɔ geɖe nya Yesu ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Mateo 24:14 la nyuie ale gbegbe be míate ŋu agblɔe pɛpɛpɛ Biblia maʋumaʋui gɔ̃ hã. Nyagblɔɖi ɖedzesi ka gbegbee nye si wònye! De ŋugble le nusi ŋu nusrɔ̃laawo abu esi wose nya siawo zi gbãtɔ ŋu kpɔ ko! Ƒe 33 M.Ŋ. mee. Anye ƒe etɔ̃e nye ma si nusrɔ̃laawo nɔ Yesu ŋu, ke azɔ la, woa kplii wova Yerusalem. Wokpɔ eƒe nukunuwɔwɔwo teƒe hese eƒe nufiafiawo. Togbɔ be nyateƒenya xɔasi siwo Yesu fia wo la dzɔ dzi na wo hã la, wonya nyuie be menye amesiamee wòdzɔ dzi na o. Ŋusẽtɔ siwo nye ameŋkutawo la dometɔ geɖewo tsi tre ɖe Yesu ŋu.

2. Yometiti kple gbetɔame kawoe nusrɔ̃lawo adze ŋgɔe?

2 Le Amitoa dzi la, Yesu ƒe nusrɔ̃la ene bɔbɔ nɔ egbɔ nɔ to ɖomee nyuie esime wònɔ nu ƒom tso yometiti kple gbetɔame siwo woadze ŋgɔe ŋu na wo. Do ŋgɔ la, Yesu na wonya be wogbɔna ye wu ge. (Mateo 16:21) Fifia la, eɖe eme na wo kɔte be woati woawo hã yome vevie. Egblɔ be: “Woade mi asi na fukpekpe, eye woawu mi, eye dukɔwo katã woalé fu mi le nye ŋkɔ ŋuti.” Matɔ ɖe afima o. Aʋatsonyagblɔɖilawo aflu ame geɖewo. Woaɖia ame aɖewo nu, woade wo nɔewo asi, eye woalé fu wo nɔewo. Le nyateƒe me la, ‘ame gbogbo aɖewo’ gɔ̃ hã aɖe mɔ woƒe lɔlɔ̃ na Mawu kple na eƒe Nya nu natsi.—Mateo 24:9-12.

3. Nukatae Yesu ƒe nya siwo dze le Mateo 24:14 la nye nya si wɔ nuku nyateƒe?

3 Esi Yesu ƒo nu tso nɔnɔme sesẽ siawo siwo ava eƒe nusrɔ̃lawo dzi ŋu vɔ megbee wògblɔ nya aɖe si anya wɔ nuku na wo ale gbegbe. Egblɔ be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.” (Mateo 24:14) Ẽ, dɔ si gɔme Yesu dze le Israel—be ‘wòaɖi ɖase na nyateƒe’ la—ayi edzi ahakeke ta aɖo xexeame katã. (Yohanes 18:37) Nyagblɔɖi wɔnuku ka gbegbee nye esi! Le nyateƒe me, be woawɔ dɔ sia wòaɖo “xexe blibo la katã me” manɔ bɔbɔe o, eye be nukunu ko wòanye be woate ŋu anɔ te ɖe ‘dukɔwo katã ƒe fuléle’ nu awɔe ade goe. Dɔ gã nyadri sia si nusrɔ̃lawo awɔ ade goe la aɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye kple ŋusẽ siaa afia, eye aɖe eƒe lɔlɔ̃, nublanuikpɔkpɔ, kple dzigbɔɖi hã afia. Gakpe ɖe eŋu la, anye mɔnukpɔkpɔ na esubɔlawo be woaɖe woƒe xɔse kple wo ɖokuitsɔtsɔna eyama bliboe afia.

4. Amekawoe wogblɔ na be woawɔ ɖaseɖiɖidɔa, eye akɔfanamenya kae Yesu gblɔ na wo?

4 Yesu na eƒe nusrɔ̃lawo nya kɔte be dɔ gã vevi aɖee wode asi na wo be woawɔ. Hafi Yesu nadzo ayi dziƒo la, eɖe eɖokui fia wo hegblɔ na wo be: “Miaxɔ [gbɔgbɔ] kɔkɔe, si le mia dzi va ge la, ƒe ŋusẽ, eye mianye nye ɖaseɖilawo le Yerusalem kple Yudea katã kple Samaria, eye vaseɖe anyigba ƒe seƒe ke.” (Dɔwɔwɔwo 1:8) Ele eme be eteƒe madidi o nusrɔ̃la yeyewo ava kpe ɖe wo ŋu ya. Ke hã, nusrɔ̃lawo made ha o kokoko. Eyata aleke gbegbe wòafa akɔ na woe nye si be woase be Mawu ƒe ŋusẽ triakɔ si nye gbɔgbɔ kɔkɔe la ado ŋusẽ wo woawɔ dɔ sia si wòde asi na wo la ade goe!

5. Ðaseɖiɖidɔa ŋu nya kae menɔ nyanya na nusrɔ̃laawo o?

5 Nusrɔ̃laawo nya be ele be yewoaɖe gbeƒã nyanyuia ‘ahawɔ dukɔwo katã me nɔlawo woanye nusrɔ̃lawo.’ (Mateo 28:19, 20) Gake womenya afisi gbegbe wòle be ɖaseɖiɖia naɖo o, eye womenya ɣeyiɣi si me nuwuwua hã ava o. Míawo hã míenyae o. Yehowa ɖeɖekoe nya. (Mateo 24:36) Ne ɖaseɖiɖia ɖo afisi Yehowa di la, ahe nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ava nuwuwui. Ɣemaɣi ko hafi Kristotɔwo akpɔe adze sii be ɖaseɖiɖidɔa ɖo afisi Yehowa di be wòaɖo. Asesẽ ŋutɔ be Kristotɔ gbãtɔ mawo nanya alesi gbegbe ɖaseɖiɖidɔa ava keke tae le nuwuɣi sia me.

Ðaseɖiɖidɔa le Ƒe Alafa Gbãtɔ Me

6. Nukae dzɔ le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkeke dzi kple emegbe kpuie?

6 Le ƒe alafa gbãtɔ me la, nu wɔnuku geɖewo do tso Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa me. Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkeke dzi la, nusrɔ̃la siwo ade 120 ƒo ƒu ɖe dziƒoxɔ aɖe dzi le Yerusalem. Mawu kɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe ɖe wo dzi, eye apostolo Petro ƒo nuƒo ʋãme aɖe si me wòɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe wo dzi vava nukutɔe alea me, eye amesiwo ade 3,000 sɔŋ va zu xɔsetɔwo eye wona nyɔnyrɔ wo. Gɔmedzedzea koe nye ma. Togbɔ be subɔsubɔhakplɔlawo ɖoe kplikpaa be yewoana gbeƒãɖeɖe nyanyuia natɔ te hã la, ‘Yehowa yi edzi nɔ amesiwo akpɔ xɔxɔ la kpem ɖe nusrɔ̃laawo ŋu gbesiagbe.’ Eteƒe medidi o “ŋutsuawo ƒe xexlẽme anɔ akpe atɔ̃.” Ema megbe la, “ame geɖe wu va kpe ɖe wo ŋu, amesiwo xɔ Aƒetɔ la dzi se, ŋutsuwo kple nyɔnuwo geɖe fũ ŋutɔ.”—Dɔwɔwɔwo 2:1-4, 8, 14, 41, 47; 4:4; 5:14.

7. Nukatae Kornelio ƒe dzimetɔtrɔ la nye nudzɔdzɔ ɖedzesi aɖe?

7 Nu ɖedzesi bubu aɖe gadzɔ le ƒe 36 M.Ŋ. me—eyae nye Kornelio, amesi nye Trɔ̃subɔdukɔmetɔ la ƒe dzimetɔtrɔ kpakple nyɔnyrɔxɔxɔ. Le mɔ fiafia apostolo Petro be wòayi ŋutsu mawuvɔ̃la sia gbɔ me la, Yehowa ɖee fia be se si Yesu de be ‘woawɔ dukɔwo katã me nɔlawo ne woanye nusrɔ̃lawo’ melɔ ɖaseɖiɖi na Yudatɔ siwo nɔ dukɔ vovovowo me ɖeɖeko ɖe eme o. (Dɔwɔwɔwo 10:44, 45) Aleke amesiwo nɔ ŋgɔ xɔm na dɔa wɔ nui? Esi apostolowo kple ame tsitsi siwo nɔ Yudea la kpɔe dze sii be ele be woatsɔ nyanyuia ayi na dukɔ—siwo menye Yudatɔwo o hã la—wokafu Mawu. (Dɔwɔwɔwo 11:1, 18) Eye le ɣeyiɣi sia ke me la, Yudatɔ geɖewo yi edzi nɔ nyanyuia xɔm. Le ƒe aɖewo megbe, anye ƒe 58 M.Ŋ. lɔƒo me la, ‘Yudatɔ akpe geɖewo va zu xɔsetɔwo’ tsɔ kpe ɖe Trɔ̃subɔdukɔmetɔwo ŋu.—Dɔwɔwɔwo 21:20.

8. Ŋusẽ kae nyanyuia kpɔna ɖe amesiwo xɔe la dzi?

8 Togbɔ be nusrɔ̃lawo ƒe xexlẽme si nɔ dzidzim ɖe edzi le ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo dome la ɖe dzesi ŋutɔ hã la, mele be míaŋlɔ be be amewo ŋue dzidziɖedzia ku ɖo o. Biblia me gbedasi si wose la sẽ ŋu ale gbegbe. (Hebritɔwo 4:12) Etrɔ amesiwo xɔe la ƒe agbenɔnɔ nukutɔe ale gbegbe. Amesiawo trɔ asi le woƒe agbenɔnɔ ŋu, do amenyenye yeye la, hena ƒomedodo nyui va ɖo woa kple Mawu dome. (Efesotɔwo 4:22, 23) Alea kee wògale egbea hã. Eye agbe tegbee nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ wɔnuku la va sua nyanyuia xɔlawo katã si.—Yohanes 3:16.

Mawu ƒe Hadɔwɔlawo

9. Nukae Kristotɔ gbãtɔwo bu be enye bubu kple agbanɔamedzi na yewo?

9 Kristotɔ gbãtɔawo mexɔ dɔ siwo wowɔ la ŋuti kafukafu na wo ɖokui o. Wonyae be “[gbɔgbɔ] kɔkɔe ƒe ŋusẽ” ye na yewoƒe subɔsubɔdɔa kpɔ dzidzedze. (Romatɔwo 15:13, 19) Yehowa gbɔe gbɔgbɔmedzidziɖedzi la tso. Azɔ hã, Kristotɔ mawo nyae be enye bubu kple agbanɔamedzi na yewo be yewoanye “Mawu ƒe hadɔwɔlawo.” (Korintotɔwo I, 3:6-9) Eyata le ɖekawɔwɔ me kple Yesu ƒe nuxlɔ̃ame la, woku kutri vevie le dɔ si wode asi na wo la wɔwɔ me.—Luka 13:24.

10. Agbagba kawoe Kristotɔ gbãtɔ aɖewo dze bena yewoaɖi ɖase na dukɔwo katã me tɔwo?

10 Esi Paulo nye “trɔ̃subɔlawo ƒe apostolo” ta la, ezɔ mɔ kilometa akpe geɖe to anyigba kple ƒu siaa dzi, nɔ hame geɖewo ɖom ɖe Roma-fiaɖuƒea ƒe nuto si le Asia me, kpakple ɖe Hela hã. (Romatɔwo 11:13) Ezɔ mɔ yi Roma hã, eye ɖewohĩ eɖo Spain gɔ̃ hã. Le ɣeyiɣi sia ke me la, apostolo Petro, amesi wotsɔ ‘nyanyuia de asi na be wòagblɔ na aʋatsotsotɔwo,’ ya yi ɖawɔ subɔsubɔdɔa le Babilon, afisi Yuda-subɔsubɔ xɔ aƒe ɖo vevie ɣemaɣi. (Galatiatɔwo 2:7-9; Petro I, 5:13) Ame bubu geɖe siwo ku kutri le Aƒetɔ la ƒe dɔa me la dometɔ aɖewo nye nyɔnuwo, siwo nye Trifena kple Trifosa. Wogblɔ le nyɔnu bubu, si ŋkɔe nye Persis, ŋu be ‘edzea agbagba geɖe le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me.’—Romatɔwo 16:12.

11. Aleke Yehowa yra ɖe nusrɔ̃laawo ƒe agbagbadzedzewo dzii?

11 Yehowa yra ɖe dɔwɔla dovevienu siawo kpakple bubuwo ƒe agbagbadzedzewo dzi geɖe. Le ƒe siwo mede 30 o, tso esime Yesu gblɔ ɖi be woaɖi ɖase na dukɔwo katã, megbe la, Paulo ŋlɔ be ‘woɖe gbeƒã nyanyuia na nuwɔwɔwo katã le dziƒoa te.’ (Kolosetɔwo 1:23) Ðe nuwuwua va ɣemaɣia? Le go aɖe me la, míagblɔ be ẽ. Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia va nuwuwu le ƒe 70 M.Ŋ. me esime Roma-srafowo va tsrɔ̃ Yerusalem kple eƒe gbedoxɔa. Ke hã, Yehowa ɖoe be woawɔ gbeƒãɖeɖedɔa le mɔ si ayi ŋgɔ wu nu hafi wòahe Satana ƒe xexemenuɖoanyia ava nuwuwui.

Ðaseɖiɖidɔa le Egbeŋkekeawo Me

12. Aleke Biblia Nusrɔ̃vi gbãtɔwo se sedede si nye be woaɖe gbeƒã la gɔmee?

12 Le xɔsegbegbe si va xɔ aƒe ɖi ƒe geɖe megbe la, wogagbugbɔ tadedeagu vavãtɔ ɖo anyi ake le ƒe alafa 19 lia ƒe nuwuwu. Biblia Nusrɔ̃viwo, si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowoe tsã, se sedede si nye be woawɔ nusrɔ̃lawo le dukɔwo katã me la gɔme nyuie. (Mateo 28:19, 20) Kaka ƒe 1914 naɖo la, amesiwo ade 5,100 nɔ gome kpɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me kutrikukutɔe, eye nyanyuia ɖo dukɔ siwo ade 68 me. Ke hã, Mateo 24:14 me nyawo ŋuti gɔmesese blibo mesu Biblia Nusrɔ̃vi gbãtɔ mawo si o. Le ƒe alafa 19 lia ƒe nuwuwu lɔƒo la, Biblia habɔbɔwo ɖe Biblia, si me nyanyuia le la gɔme ɖe gbegbɔgblɔ geɖewo me ma na amewo le xexeame godoo. Le esia ta la, Biblia Nusrɔ̃viawo susui ƒe geɖe be, Biblia ƒe dukɔ geɖewo me ɖoɖo alea fia be ɖaseɖiɖidɔa ɖo dukɔwo katã me xoxo.

13, 14. Mawu ƒe lɔlɔ̃nu kple tameɖoɖo ŋuti gɔmesese deto kae woɖe gblɔ le ƒe 1928 ƒe Gbetakpɔxɔ me?

13 Ʋɛʋɛʋɛ la, Yehowa na eƒe amewo va se eƒe lɔlɔ̃nu kple tameɖoɖo gɔme nyuie wu. (Lododowo 4:18) December 1, 1928, Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ gblɔ be: “Ðe míate ŋu agblɔ be Biblia ƒe dukɔ geɖewo me ɖoɖo nye gbeƒãɖeɖe fiaɖuƒe ŋuti nyanyui ƒe dɔ si wogblɔ ɖi be woawɔ la wɔwɔ de goea? Mefia nenema kura o! Togbɔ be woma Biblia wòɖo dukɔ geɖewo me alea hã la, egahiã kokoko be Mawu ƒe ɖasefowo ƒe ƒuƒoƒo sue si le anyigba dzi la nata agbalẽwo, siwo me woaɖe Mawu ƒe [tameɖoɖo] me le, ahayi amesiwo woma Biblia siawo na la gbɔ le woƒe aƒewo me. Ne míewɔe alea o la, ameawo manya naneke tso Mesia fiaɖuƒea, si woɖo anyi le míaƒe ɣeyiɣia me la ŋu o.”

14 Gbetakpɔxɔ ƒe tata ma yi edzi be: “Le ƒe 1920 me la, . . . míaƒe Aƒetɔa ƒe nyagblɔɖi si le Mateo 24:14 me ŋuti gɔmesese nyuitɔ va su Biblia Nusrɔ̃viawo si. Wokpɔe dze sii ɣemaɣi be ‘nyanyuia’ si wòle be woaɖe gbeƒãe le anyigba katã dzi be wòanye ɖaseɖiɖi na Trɔ̃subɔlawo alo dukɔwo katã la menye fiaɖuƒe aɖe si wogbɔna ɖoɖo ge ŋuti nyanyui o, ke boŋ enye Mesia Fia si dze dziɖuɖu gɔme le anyigba dzi la ŋuti nyanyui.”

15. Aleke ɖaseɖiɖidɔa va keke ta tso ƒe 1920 ƒeawo mee?

15 “Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo sue” ma, si nɔ anyi le ƒe 1920-awo me la, mekpɔtɔ nye ƒuƒoƒo sue vaseɖe fifia o. Le ƒe siwo kplɔe ɖo me la, wova de dzesii be “alẽ bubuwo” ƒe “ameha gã” aɖe hã li, eye wote wo nu ƒoƒo ƒu. (Nyaɖeɖefia 7:9; Yohanes 10:16) Egbea la, nyanyuigbeƒãɖela 6,613,829 ye li, le dukɔ 235 me le anyigba dzi. Aleke gbegbee nyagblɔɖia va eme wòwɔ nukui nye si! Gbeƒãɖeɖe “fiaɖuƒeŋutinya nyui sia” mekeke ta ɣeaɖekeɣi kpɔ abe alesi wòkeke ta fifiae ene o. Yehowa subɔla wɔnuteƒewo mede ha le anyigba dzi alea gbegbe kpɔ o.

16. Dɔ kae míewɔ le subɔsubɔƒe si va yi me? (Kpɔ akɔntabubu si le axa 27-30.)

16 Ðasefowo ƒe ha gã sia katã kpɔ gome le ɖaseɖiɖidɔa me moveviɖoɖotɔe le ƒe 2005 ƒe subɔsubɔƒea me. Wozã gaƒoƒo biliɔn ɖeka kple edzivɔ ɖe nyanyuigbeƒãɖeɖedɔa ŋu le dukɔ 235 me. Wowɔ tɔtrɔyi miliɔn gbogbo aɖewo, kpakple Biblia-nusɔsrɔ̃ miliɔn geɖewo. Yehowa Ðasefowo, amesiwo tsɔ woƒe ɣeyiɣi kple nunɔamesiwo na faa hekpɔ gome le Mawu ƒe Nya la fiafia amewo me lae wɔ dɔ gã sia. (Mateo 10:8) Ẽ, Yehowa yi edzi le eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe triakɔa dzi tom le ŋusẽ dom esubɔlawo be woawɔ eƒe lɔlɔ̃nu ade goe.—Zaxarya 4:6.

Ðaseɖiɖidɔa Wɔwɔ Kutrikukutɔe

17. Aleke Yehowa ƒe amewo le wɔwɔm ɖe se si Yesu de be woaɖe gbeƒã nyanyuia la dzii?

17 Togbɔ be ƒe 2,000 kloe enye si va yi tso esime Yesu gblɔ be woaɖe gbeƒã nyanyuia hã la, dzonɔameme si Mawu ƒe amewo tsɔ le dɔ sia wɔmee la dzi meɖe kpɔtɔ kura o. Míenyae be ne míedo dzi le nu nyui wɔwɔ me la, ekema míele Yehowa ƒe nɔnɔme siwo nye lɔlɔ̃, nublanuikpɔkpɔ kple dzigbɔɖi ɖem fia. Abe Yehowa ene la, míawo hã míedi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ be woatrɔ dzime ahana ƒomedodo nyui naɖo woa kplii dome. (Korintotɔwo II, 5:18-20; Petro II, 3:9) Mawu ƒe gbɔgbɔ si yɔ Yehowa Ðasefowo fũ la na woyi edzi tsɔ dzonɔameme le gbeƒã ɖem nyanyuia be wòaɖo anyigba ƒe mlɔenuwo ke. (Romatɔwo 12:11) Esia wɔe be amewo le nyateƒea xɔm le afisiafi hena woƒe agbenɔnɔ le sɔsɔm ɖe Yehowa ƒe mɔfiame si me lɔlɔ̃ le la nu. Se kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo ɖa.

18, 19. Amesiwo xɔ nyanyuia la ŋuti nuteƒekpɔkpɔ kae nàte ŋu agblɔ?

18 Charles nye agbledela le Kenya ƒe ɣetoɖoƒe gome. Le ƒe 1998 me la, edzra atama kilogram 8,000 kple edzivɔ sɔŋ, eyata wona ɖaseɖigbalẽe, heda ŋkɔ ɖe edzi be Atamagbledela Nyuitɔ Kekeake. Ɣemaɣi la, edze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme. Eteƒe medidi o eva kpɔe dze sii be atama ŋuti dɔ wɔwɔ nye dada le Yesu ƒe se be woalɔ̃ ame nɔewo la dzi. (Mateo 22:39) Charles va tso nya me be ‘atamagbledela nyuitɔ kekeake’ nyenye fia ko be woanye ‘amewula vɔ̃ɖitɔ kekeake’ eyata ewu aɖi ɖe eƒe atamegblea dzi wòfiã keŋkeŋ. Ewɔ ŋgɔyiyi ɖe adzɔgbe hexɔ nyɔnyrɔ eye wònye gbesiagbe mɔɖela kple subɔsubɔdɔwɔla fifia.

19 Ðikeke aɖeke mele eme o be Yehowa to ɖaseɖiɖidɔ si wɔm míele le xexeame godoo la dzi le dukɔwo ʋuʋum, hele woƒe nu vevitɔwo—siwo nye amewo—hem va tadedeagu vavãtɔa mee. (Xagai 2:7) Pedro, si le Portugal, yi osɔfosuku esime wòxɔ ƒe 13 ko. Eƒe taɖodzinue nye be yeava zu mawunyadɔgbedela ahanɔ Biblia fiam amewo. Gake le sukua dede ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe la, edzudzɔ, elabena womefiaa nu tsoa Biblia ŋu le eƒe sukunusɔsrɔ̃awo me boo o. Le ƒe ade megbe la, eyi yunivɛsiti le Lisbon, ɖanɔ susuŋutinunya srɔ̃m. Nɔɖia, si nye Yehowa Ðasefo, gbɔe wònɔ de sukua, eye ede dzi ƒo nɛ be wòasrɔ̃ Biblia. Ɣemaɣi la, Pedro meka ɖe Mawu ƒe anyinɔnɔ dzi o, eye nyametsotso be yeasrɔ̃ Biblia alo yemasrɔ̃e o sesẽ nɛ. Egblɔ alesi nyametsotso sia wɔwɔ nɔ sesẽm nɛ la na susuŋutinunyafiala si nɔ nu fiamee. Nufiala la gblɔ nɛ be ele susuŋutinunya nusɔsrɔ̃ me be amesiwo mete ŋu wɔa nyametsotso le wo ɖokui si o la va gblẽa agbe dome na wo ɖokui mlɔeba. Nya sia na Pedro ɖoe kplikpaa be yeasrɔ̃ Biblia azɔ. Exɔ nyɔnyrɔ nyitsɔ laa, eye eya hã le Biblia fiam amewo fifia.

20. Nukatae wòle be míakpɔ dzidzɔ be ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã le ta kekem ŋutɔ?

20 Vaseɖe fifia la, míenya afisi wòle be ɖaseɖiɖi na dukɔwo naɖo o, eye míenya ŋkeke kple gaƒoƒo si dzi nuwuwua ava hã o. Nusi míenya koe nye be eteƒe madidi o, ava. Míekpɔa dzidzɔ be alesi gbeƒãɖeɖe nyanyuia le ta kekemee la nye dzesi siwo fia be ɣeyiɣi de na Mawu Fiaɖuƒea be wòava xɔ ɖe amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo teƒe la dometɔ ɖeka. (Daniel 2:44) Ƒe sia ƒe la, mɔnukpɔkpɔ sua ame miliɔn geɖewo si be woase nu tso nyanyuia ŋu, eye esia kɔa mía Mawu, Yehowa ŋu. Neva eme be míaɖoe míaƒe taɖodzinui be míalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi, eye be mía kple mía nɔvi siwo le xexeame godoo la míayi edzi ado vevie nu le ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã me. Ne míewɔe alea la, míaxɔ mía ɖokui kple amesiwo ɖoa to mí la siaa ɖe agbe.—Timoteo I, 4:16.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukatae Mateo 24:14 me nyagblɔɖia nye esi ɖe dzesi?

• Aleke Kristotɔ gbãtɔwo ku kutri le gbeƒãɖeɖedɔa mee, eye nukawoe do tso eme?

• Gɔmesese kae va su Biblia Nusrɔ̃viwo si ku ɖe alesi wòhiãe be woaɖi ɖase na dukɔwo katã ŋu?

• Nukae wɔ dɔ ɖe dziwò esi nèlé ŋku ɖe dɔ si Yehowa ƒe amewo wɔ le subɔsubɔƒe si va yi me ŋu?

[Biabiawo]

[Nyaɖoɖo si le 27-30]

2005 SERVICE YEAR REPORT OF JEHOVAH’S WITNESSES WORLDWIDE

(See bound volume)

[Map/Pictures on page 25]

Paulo zɔ mɔ kilometa akpe geɖe to anyigba kple ƒu dzi siaa ɖaɖe gbeƒã nyanyuia

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Yehowa fia mɔ Petro wòyi ɖaɖi ɖase na Kornelio kple eƒe ƒomea