Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nèle Abe Yiti Enea?

Ðe Nèle Abe Yiti Enea?

Ðe Nèle Abe Yiti Enea?

LE KƆƑE aɖe si te ɖe Port Moresby, si le Papua New Guinea, ŋu me la, ŋutsu eve aɖewo, siwo nye nyanyuigbeƒãɖelawo, trɔ tso gbeƒãɖeƒe yina ɖe aƒeme. Esi woyina la, wokpɔ ati dzeani aɖe le mɔa dzi. Wo dometɔ tsitsitɔ gblɔ be: “Aa, yiti sia nya kpɔ loo!” Etrɔ ɖe ɖevitɔa ŋu hegblɔ yi edzi be: “Ame aɖewo yɔnɛ be ‘ƒe sia ƒe ti.’ To vovo na anyigba xɔdzo dzi ti bubu geɖewo la, ati sia lũa xe ƒe sia ƒe hedzena abe ɖe wòku ene. Gake ne tsi te dzadza ko la, egatoa aŋgba, ƒoa se, heganya kpɔna ale gbegbe.”

Míate ŋu asrɔ̃ nane tso yiti sia ŋu. Atiwo ŋuti nusrɔ̃la aɖewo gblɔ be wobua ati sia dea ati siwo ƒe seƒoƒo nya kpɔna ŋutɔ le xexeame godoo la dometɔ atɔ̃ gbãtɔwo dome. Togbɔ be elũa xe eye seƒoƒo aɖeke meganɔa edzi le kuɖiɣi o hã la, elɔa tsi dzrana ɖo ɖe eɖokui me. Etoa ke sesẽwo, eye keawo te ŋu yia to ɖablana ɖe agakpe siwo le tome ʋĩ gɔ̃ hã ŋu. Esia nana wòte ŋu nɔa te ɖe yaƒoƒo sesẽwo gɔ̃ hã nu. Míagblɔe kpuie ko be ete ŋu nɔa te ɖe nɔnɔme sesẽtɔ kekeakewo gɔ̃ hã nu dzidzedzetɔe.

Nɔnɔme aɖewo ate ŋu ava mía dzi ahado míaƒe xɔse ƒe nyonyome akpɔ vevie. Nukae akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe wo nu? Abe yiti la ene la, míate ŋu ano Mawu ƒe Nya la me tsi si naa agbe la ahadzra ɖe ɖo ɖe mía ɖokui me. Ele hã be míaku ɖe ‘míaƒe agakpe,’ Yehowa, kple eƒe habɔbɔa ŋu sesĩe. (Samuel II, 22:3) Le nyateƒe me la, yiti la nye kpɔɖeŋu nyui aɖe na mí be le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me la, ŋusẽ agate ŋu anɔ mía ŋu eye míaƒe lãme anya kpɔ le gbɔgbɔ me kokoko ne míewɔ nunana siwo ŋu Yehowa wɔ ɖoɖo ɖo na mí la ŋudɔ nyuie. Ne míewɔe alea la, ‘míanyi ŋugbe’ siwo wòdo na mí, si ƒe ɖee nye agbe mavɔ nɔnɔ, la dome.—Hebritɔwo 6:12; Nyaɖeɖefia 21:4.