Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ga Kple Mawu—Sosroɖa Wo Ŋuti Nufiame Aɖe

Ga Kple Mawu—Sosroɖa Wo Ŋuti Nufiame Aɖe

Ga Kple Mawu​—Sosroɖa Wo Ŋuti Nufiame Aɖe

LE April 7, 1630, dzi la, ame alafa ene aɖewo ɖo meli ene dze mɔ tso England heɖo ta Anyigba Yeye aɖe dzi. Wo dometɔ geɖe nye agbalẽnyala gãwo. Bubuwo nye asitsala gãwo. Wo dometɔ aɖewo nye sewɔtakpekpe me tɔwo gɔ̃ hã. Dukɔa ƒe ganyawo menɔ wo dzi dem o, eye Europa Ƒe Blaetɔ̃ Ʋa (1618-48) si nɔ edzi yim la na ganyaa gagblẽ ɖe edzi kura. Eyata togbɔ be womenya alesi nuwo ava nɔ o hã la, wote kpɔ gblẽ woƒe aƒewo, woƒe dɔwo, kple ƒometɔwo ɖi hedzo yi nɔnɔme deamedziwo di ge.

Gake menye asitsala viɖedilawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe koe ameha ma siwo tsɔ mɔkpɔkpɔ dze mɔe la nye o. Wonye Puritantɔ veviedonula siwo nɔ sisim le mawusubɔsubɔ me yometiti nu. * Taɖodzinu si koŋ wotsɔ dze mɔae enye be yewoaɖatso du aɖe si me nɔlawo asro Mawu ɖa, afisi ganyawo ate ŋu ade woa kple woƒe dzidzimeviwo dzi le, evɔ womaɖe asi le Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu o. Esi woɖi go ɖe Salem, Massachusetts, teti la, wokpɔ anyigba sue aɖe le afisi te ɖe ƒua ŋu. Wona ŋkɔ teƒe yeyea be Boston.

Taɖodzinu Siwo Gbɔ Menya Ðo O

Wo ŋgɔnɔla kple wo dziɖula, John Winthrop, dze agbagba ɖesiaɖe be yeana ganyawo nade du yeyea me tɔwo dzi hena amesiame ƒe nyonyo. Edi be ga nanɔ ameawo si eye woasro Mawu ɖa hã. Gake taɖodzinu siawo gbɔ menya ɖo o. Esi wòde dzesii be kplamatsedonuwo anɔ esia wɔwɔ me la, eƒo nu legbee na ehatiwo ku ɖe akpa si wòle be kesinɔnuwo nawɔ le amesiwo sroa Mawu ɖa dome ŋu.

Abe alesi ko Puritantɔwo ƒe ŋgɔnɔla bubuwo bui ene la, Winthrop xɔe se be kesinɔnuwo didi megblẽ o. Eɖe eme be taɖodzinu si koŋ le kesinɔnuwo ŋu enye be woatsɔe akpe ɖe ame bubuwo ŋu. Eyata zi alesi ame ƒe kesinɔnuwo anɔ dzidzim ɖe edzii la, zi nenemae wòanɔ nyui wɔm na amewoe. Ŋutinyaŋlɔla Patricia O’Toole gblɔ be: “Nusi koŋ ŋu Puritantɔ la tsi dzi ɖo enye nusi ate ŋu ado tso kesinɔnu kpɔkpɔ me. Togbɔ be kesinɔnu kpɔkpɔ nye Mawu ƒe yayra ƒe dzesi hã la, eganye nusi hea dada . . . kple ame ɖokui ƒoƒo ɖe nuvɔ̃wɔwɔ me ƒe tetekpɔwo vaa ame dzii.”

Winthrop de dzi ƒo na wo be woaɖu wo ɖokui dzi eye woagato ŋku gã o bene woaƒo asa na nuvɔ̃ si dona tsoa kesinɔnuwo kpɔkpɔ kple agbeɖuɖu me. Gake eteƒe medidi o, gadidi vivivo ƒe gbɔgbɔ si nɔ ehati dumeviwo me wɔe be agbagba si dzem wònɔ be yeana woasro Mawu ɖa ahalɔ̃ wo nɔewo la meva dze edzi o. Ame aɖewo dze aglã be Winthrop tsɔ asi sesẽ nɔ yewo kplɔmee eye be ele nu dem yewoƒe nya me akpa. Ame aɖewo hã nɔ eƒom ɖe dumeviwo nu be woana yewoaɖo sewɔtakpekpe si me tɔwo akpɔ nyametsotsowo wɔwɔ gbɔ. Ðeko ame bubu aɖewo ya ɖe afɔ le nyaa me heʋu yi Connecticut be yewoavo awɔ nusi dze yewo ŋutɔwo ŋu.

O’Toole gblɔ be: “Puritantɔ siwo nɔ Massachusett ƒe didi be mɔnukpɔkpɔ, dzidzedzekpɔkpɔ, kple nyametsotsowɔwɔ ƒe ablɔɖe nasu yewo si ƒoe ɖe wo nu wodo woa ŋutɔwo ƒe taɖodzinuwo ɖe ŋgɔ, si tsi tre ɖe nuwɔwɔ wòade amesiame dzi ƒe nukpɔsusu si nɔ Winthrop ya si ŋu.” Le ƒe 1649 me la, ŋutilãmenu boo aɖeke mesu Winthrop si hafi wòku le eƒe ƒe 61 xɔxɔ megbe o. Togbɔ be du yeyea to nɔnɔme sesẽ geɖe me va li ke hã la, Winthrop ƒe mɔkpɔkpɔ meva eme nɛ le eƒe agbenɔɣi o.

Wogakpɔtɔ Le Edim

John Winthrop ƒe mɔkpɔkpɔ na xexe si nyo wu la metɔ ɖe afima esi wòku o. Ame akpe alafa geɖewo ʋuna tsoa Afrika, Anyieheɣedzeƒe Asia, Ɣedzeƒe Europa, kple Latin Amerika ƒe sia ƒe yia teƒe siwo wosusu be agbe ade yewo dzi le wu. Nudzedziname kple kesinɔtɔ zuzu kaba ŋuti nyatakaka gbogbo siwo ŋu woƒoa nu tsonɛ le agbalẽ yeyewo kple takpekpewo me, kpakple esiwo dzena le Internet dzi ƒe sia ƒe lae ƒonɛ ɖe wo dometɔ aɖewo nu woʋuna. Edze ƒã be ame geɖe gakpɔtɔ le agbagba dzem be ga nasu yewo si evɔ yewomaɖe asi le mawusosroɖagbenɔnɔ ya ŋu o.

Le nyateƒe me la, woƒe mɔkpɔkpɔa mevaa eme nenema kura o. Zi geɖe la, amesiwo tia kesinɔnuwo yome la va ɖea asi le woƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu, eye ɣeaɖewoɣi la, woɖea asi le woƒe xɔse gɔ̃ hã ŋu le ŋutilãmenuwo ta. Le esia ta, àbia be: “Ðe ame ate ŋu anye Kristotɔ vavã aganye kesinɔtɔa? Ðe ameƒome si vɔ̃a Mawu ava nɔ anyi ɣeaɖeɣi si nuwo adze edzi na le ŋutilãme kple le mawusosroɖa gomea?” Biblia ɖo biabia mawo ŋu, abe alesi nyati si kplɔe ɖo ɖee fiae ene.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Ƒe alafa 16 lia mee wotsɔ ŋkɔ si nye Puritantɔwo na England Sɔlemeha me Protestanttɔ siwo di be yewoado le Roma Katolikotɔwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ɖesiaɖe te la.

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Tɔdziʋuwo: The Complete Encyclopedia of Illustration/J. G. Heck; Winthrop: Brown Brothers