Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nudzedziname Vavãtɔ le Mawu ƒe Xexe Yeyea Me

Nudzedziname Vavãtɔ le Mawu ƒe Xexe Yeyea Me

Nudzedziname Vavãtɔ le Mawu ƒe Xexe Yeyea Me

DAVID, * si nye srɔ̃ŋutsu kple vifofo Kristotɔ, ʋu yi United States, eye wòka ɖe edzi be afɔ nyuitɔe wònye yeɖe. Togbɔ be srɔ̃a kple viawo gbegblẽ ɖi medzɔ dzi nɛ o hã la, eka ɖe edzi be yeate ŋu ana agbe nade yewo katã dzi ne ga nyagbe su ye si ko. Eyata esi eƒe ƒometɔ siwo nɔ New York kpee be wòava la, elɔ̃ yi eye eteƒe medidi o ekpɔ dɔ.

Gake esi ɣletiwo va nɔ yiyim la, alesi David bui be nuwo anɔ le afima meva nɔ yiyim nenema o. Ɣeyiɣi sue aɖe koe wòva kpɔna ɖe mawusubɔsubɔdɔwo wɔwɔ ŋu. Eva ɖo afi aɖe esime wòɖe asi le Mawu dzixɔse gɔ̃ hã ŋu kloe. Ðe wòva ƒo eɖokui ɖe nuwɔna gbegblẽ aɖe me hafi va nyɔ le eɖokui me be afɔku le nusi me yeƒo ta ɖo me. Eƒe tameɖoɖo kplikpaa be yeakpɔ ŋutilãmenudzedziname na wònɔ asi ɖem le nusiwo ŋu wòtsi dzi ɖo vevie va yi la ŋu ʋɛʋɛʋɛ. Ehiã be wòawɔ tɔtrɔ aɖewo.

Abe David ene la, ame geɖe ʋuna le wo de afisi nuwo mede wo dzi le boo o yina teƒe bubuwo kple susu be agbea ade yewo dzi le afima wu. Gake eteƒe medidina hafi wokpɔnɛ be yewo va le asi ɖem le mawusubɔsubɔ ŋu o. Ame aɖewo bia be, ‘Ðe Kristotɔ ate ŋu ati ŋutilãmekesinɔnuwo yome aganye Mawu subɔla adodoea?’ Agbalẽŋlɔla xɔŋkɔwo kple subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo be anya wɔ. Gake abe alesi David kple ame bubuwo va kpɔe dze sii ene la, menɔa bɔbɔe be woakpɔ dzidzedze le evea katã wɔwɔ me o.—Luka 18:24.

Ga Menye Nu Gbegblẽ O

Nyateƒee wònye be amegbetɔwoe to ga vɛ. Eye abe nutovɛ bubuwo ene la, menye nu gbegblẽe wònye o. Le nyateƒe me la, nu míatsɔ ana axɔ nu bubu koe wònye. Eyata ne wozãe ɖe mɔ nyui nu la, ate ŋu aɖe vi. Le kpɔɖeŋu me, Biblia lɔ̃ ɖe edzi be ‘ga doa vɔvɔli,’ vevietɔ le kuxi siwo ahedada hena vɛ la gbɔ kpɔkpɔ me. (Nyagblɔla 7:12) Ame aɖewo gɔ̃ hã bunɛ be ‘gae wotsɔna kpɔa nuwo katã gbɔe.’—Nyagblɔla 10:19.

Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tsi tre ɖe kuviawɔwɔ ŋu hede dɔ sesẽ wɔwɔ ƒe dzi ƒo. Ebia tso mía si be míakpɔ míaƒe ƒometɔ kplikplikpliwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ, eye ne míate ŋui la, ‘míakpɔ nane ana hiãtɔwo.’ (Efesotɔwo 4:28; Timoteo I, 5:8) Gawu la, le esi teƒe be Biblia nagblɔ be míanɔ nu tem mía ɖokui la, ede dzi ƒo boŋ be míazã míaƒe nunɔamesiwo ase vivi na wo. Egblɔ na mí be ‘míakpɔ míatɔ gome’ eye míase vivi na míaƒe agbagbadzedze me tsonuwo. (Nyagblɔla 5:17-19) Le nyateƒe me la, ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔla gbogbo aɖewo le Biblia me siwo nye kesinɔtɔwo.

Nuteƒewɔla Siwo Nye Kesinɔtɔwo

Lãhawo, klosalo, kple sika, nɔ Mawu subɔla wɔnuteƒe Abraham si fũ, eye subɔvi alafa gbogbo aɖewo hã nɔ esi. (Mose I, 12:5; 13:2, 6, 7) Lãhawo, subɔviwo, sika, kple klosalo nɔ nuteƒewɔla Hiob hã si ale gbegbe. (Hiob 1:3; 42:11, 12) Le egbe ƒe dzidzenuwo nu gɔ̃ hã la, amesiawo nye kesinɔtɔwo, gake woganye Mawu subɔla adodoeawo hã.

Apostolo Paulo yɔ Abraham be “fofo na amesiwo katã xɔna sena.” Abraham menye amesi vea ga ŋu alo amesi ƒe dzi ku ɖe eƒe nunɔamesiwo ŋu o. (Romatɔwo 4:11; Mose I, 13:9; 18:1-18) Nenema kee Mawu ŋutɔ gblɔ tso Hiob ŋu be enye ‘ame maɖifɔ kple ame dzɔdzɔe.’ (Hiob 1:8) Ekpena ɖe ame dahewo kple wɔnamanɔŋutɔwo ŋu ɣesiaɣi. (Hiob 29:12-16) Abraham kple Hiob siaa ɖo dzi ɖe Mawu ŋu tsɔ wu esi woaɖoe ɖe woƒe kesinɔnuwo ŋu.—Mose I, 14:22-24; Hiob 1:21, 22; Romatɔwo 4:9-12.

Ame bubu hãe nye Fia Salomo. Esi woɖo Salomo Mawu ƒe fiazikpui dzi le Yerusalem la, menye nunya koe Mawu tsɔ yrae o, ke boŋ ena kesinɔnu gbogbo aɖewo kple bubu hãe. (Fiawo I, 3:4-14) Ewɔ nuteƒe le eƒe agbemeŋkekewo ƒe akpa gãtɔ me. Gake le Salomo ƒe tsitsi me la, ‘eƒe dzi meva nɔ Yehowa ŋu bliboe o.’ (Fiawo I, 11:1-8) Le nyateƒe me la, nɔnɔme wɔnublanui si me wòva to la ɖe afɔku siwo ŋutilã me nudzedziname te ŋu hena vɛ la dometɔ aɖewo fia. Se ʋɛ aɖewo ɖa.

Afɔku Siwo Nudzedziname Te Ŋu Hena Vɛ

Afɔku gãtɔ si ga te ŋu hena vɛ enye ga la ŋutɔ kple nusiwo wòate ŋu aƒle la lɔlɔ̃. Kesinɔnuwo naa dzodzro sẽŋu aɖe si womete ŋu ɖia kɔ na gbeɖe o la ɖoa ame aɖewo me. Le Salomo ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzeɣi la, ede dzesi nusia le ame aɖewo ŋu. Eŋlɔ bena: “Amesi lɔ̃a ga la, ga maɖi ƒo nɛ o, eye amesi lɔ̃a kesinɔnu la, viɖe aɖeke matso eme nɛ o. Esia hã toflokoe.” (Nyagblɔla 5:9) Emegbe Yesu kple Paulo siaa xlɔ̃ nu Kristotɔwo ku ɖe galɔlɔ̃ ƒe dzodzro vɔ̃ɖi sia ŋu.—Marko 4:18, 19; Timoteo II, 3:2.

Ne ga va zu nusi míelɔ̃na tsɔ wu be wòanye nusi míazã atsɔ akpɔ nuwo gbɔe ko la, míeva ɖea mɔ le mía ɖokui ŋu na tetekpɔ ƒomeviwo katã, siwo dometɔ aɖewoe nye alakpadada, fififi, kple amebeble. Yuda Iskariot, amesi nye Kristo ƒe apostolowo dometɔ ɖeka, de eƒe aƒetɔ asi le klosalo 30 ko ta. (Marko 14:11; Yohanes 12:6) Ame aɖewo gɔ̃ hã gawɔe wu ema heva tsɔ ga ɖo Mawu teƒe le subɔsubɔm. (Timoteo I, 6:10) Eyata ele be Kristotɔwo nadze agbagba ɣesiaɣi ato nyateƒe na wo ɖokui le susu si tututu tae wole ga dim ɖo ŋu.—Hebritɔwo 13:5.

Kesinɔnuwo yometiti ganyea afɔku le mɔ siwo menya kpɔna dzea sii bɔbɔe o nu. Gbã la, kesinɔnuwo ƒe agbɔsɔsɔ ɖe ame si te ŋu nana ame ɖoa dzi ɖe eɖokui ŋu. Yesu tɔ asi esia dzi esime wòƒo nu tso “kesinɔnuwo ƒe beble” ŋu. (Mateo 13:22) Nenema ke Biblia ŋlɔla Yakobo hã xlɔ̃ nu Kristotɔwo be woagaŋlɔ Mawu be le woƒe dɔwɔnyawo ŋuti ɖoɖowo gɔ̃ hã wɔwɔ me o. (Yakobo 4:13-16) Esi wòdzena abe ga te ŋu naa ablɔɖe aɖe ƒomevi ame ene ta la, afɔkua gakpɔtɔ li be amesiwo si wòle la nava nɔ dzi ɖom ɖe woƒe ga ŋu wu esi woaɖo dzi ɖe Mawu ŋu.—Lododowo 30:7-9; Dɔwɔwɔwo 8:18-24.

Evelia, zi geɖe la, kesinɔnuwo yometiti xɔa ɣeyiɣi kple ŋusẽ le ame si, heɖea ame ɖa tso mawusubɔsubɔ dɔwo ŋu, abe alesi David, si ƒe nya míegblɔ do ŋgɔ, va kpɔe ene. (Luka 12:13-21) Le Kesinɔtɔwo gome la, tetekpɔa gakpɔtɔ li be woazã woƒe nunɔamesiwo na dzidzɔ dodo na wo ɖokui loo alo na woa ŋutɔwo ƒe nuwo ko.

Ðe wòanye be mɔɖeɖe ɖe agbeɖuɖu vivivo ŋu nye nusiwo na Salomo ɖe ŋu ɖi heva de megbe tso mawusubɔsubɔ gbɔ la ƒe akpa aɖea? (Luka 21:34) Se si Mawu de tẽ be woagaɖe dutanyɔnuwo o la nɔ nyanya nɛ nyuie. Ke hã, nyɔnu siwo ade akpe ɖeka sɔŋ ye wòva ɖe. (Mose V, 7:3) Esi wòdi vevie be yeadze ye srɔ̃ dutanyɔnuawo ŋu ta la, eva nɔ trɔ̃wo subɔm kpe ɖe mawusubɔsubɔ ŋu. Abe alesi míegblɔe do ŋgɔ la, vivivi la, Salomo ƒe dzi va te ɖa tso Yehowa ŋu.

Eme kɔ ƒã be kpɔɖeŋu siawo ɖo kpe aɖaŋu si Yesu ɖo la ƒe nyateƒenyenye dzi be: ‘Miate ŋu asubɔ Mawu kple Kesinɔnuwo o.’ (Mateo 6:24) Ekema aleke Kristotɔ ate ŋu anɔ te ɖe gakuxi siwo ame akpa gãtɔ dze ŋgɔe fifia la nu dzidzedzetɔe? Vevietɔ wu la, mɔkpɔkpɔ kae li be míava nɔ agbe si me dzidzeme le gbaɖegbe?

Nudzedziname Vavãtɔ le Ŋgɔ Gbɔna

To vovo na blemafofo Abraham kple Hiob kpakple Israel-dukɔa la, wode dɔ asi na Yesu yomedzelawo ya be ‘woawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo.’ (Mateo 28:19, 20) Dɔdasi sia wɔwɔ bia ɣeyiɣi kple agbagbadzedze si woate ŋu azã ɖe ŋutilãmenuwo yometiti ŋu hafi. Eyata nusi koŋ ana nuwo nadze edzi na mí enye wɔwɔ ɖe nya si Yesu gblɔ na mí la dzi be: “Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.”—Mateo 6:33.

Togbɔ be David ƒe ƒomegbenɔnɔ kple eƒe mawusubɔsubɔ dome gblẽ kloe hã la, eva nyɔ le eɖokui me mlɔeba hewɔ asitɔtrɔ. Abe alesi Yesu do ŋugbee ene la, esi David gatsɔ Biblia sɔsrɔ̃, gbedodoɖa, kple subɔsubɔdɔa ɖo nɔƒe gbãtɔ le eƒe agbe me la, nu kpɔtɔeawo te ɖɔɖɔɖo. Vivivi la, woa kple srɔ̃a kpakple viawo dome ƒomedodoa gava nyo. Dzidzɔ kple dzidzeme gava su esi. Egakpɔtɔ wɔa dɔ moveviɖoɖotɔe. Meva zu kesinɔtɔ ya o. Ke hã, esrɔ̃ nu veviwo tso nɔnɔme wɔnublanui siwo me wòva ge ɖo la me.

David gbugbɔ de ŋugble le eƒe ʋuʋu va United States la metsonuwo ŋu, eye wòɖoe be yemagana ga nakpɔ ŋusẽ ɖe yeƒe nyametsotsowɔwɔ dzi azɔ o. Eva dze sii azɔ be ga mate ŋu aƒle agbe me nu vevitɔwo—siwo nye ƒome ɖɔʋu, xɔlɔ̃ nyuiwo, kple ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple Mawu—o. (Lododowo 17:17; 24:27; Yesaya 55:1, 2) Le nyateƒe me la, agbe nyui nɔnɔ xɔ asi sasasã wu ŋutilãmekesinɔnuwo. (Lododowo 19:1; 22:1) David, si le eƒe ƒomea gbɔ fifia la, ɖoe kplikpaa be yeatsɔ nu vevitɔwo aɖo nɔƒe gbãtɔ azɔ.—Filipitɔwo 1:10.

Amegbetɔ ƒe agbagbadzedze be yeana nu nadze edzi na amewo evɔ womaŋlɔ mawusosroɖa be o mekpɔ dzidzedze ɣeaɖekeɣi kpɔ o. Gake Mawu do ŋugbe be yeƒe Fiaɖuƒea ana ŋutilã kple gbɔgbɔ me nu siwo míehiã bene míate ŋu anɔ agbe le dzidzeme me la mí fũ. (Psalmo 72:16; Yesaya 65:21-23) Yesu fia nu be nudzedziname vavãtɔ dzea egɔme kple mawusubɔsubɔ. (Mateo 5:3) Eyata míeɖanye kesinɔtɔwo loo alo ame dahewo o, mawusubɔsubɔ tsɔtsɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ fifia enye mɔ nyuitɔ si dzi mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu ato adzra ɖo na Mawu ƒe xexe yeye si le ŋgɔ gbɔna kpuie la. (Timoteo I, 6:17-19) Nyateƒee, nudzedziname vavãtɔ asu xexe ma me nɔlawo si le ŋutilã kple gbɔgbɔ me siaa.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔa.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Hiob ɖo dzi ɖe Mawu ŋu, menye ɖe eƒe kesinɔnuwo ŋu o

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Ga mate ŋu aƒle agbe me nu vevitɔwo o