Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Nexemya ƒe Agbalẽ Me

Nya Vevi Siwo Tso Nexemya ƒe Agbalẽ Me

Yehowa ƒe Nya la Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Nexemya ƒe Agbalẽ Me

ƑE WUIEVE va yi, tso esime nudzɔdzɔ siwo woŋlɔ ɖe Ezra ƒe agbalẽa me la ƒe mamlɛtɔwo dzɔ. Ɣeyiɣi si me ‘woade se le be woagatso Yerusalem’—si nye nudzɔdzɔ si anye ƒewo ƒe kwasiɖa 70, si me Mesia la ado le la ƒe gɔmedzedze nɔ gogom. (Daniel 9:24-27) Nexemya ƒe agbalẽa nye Mawu ƒe ame siwo gbugbɔ yi ɖaɖo Yerusalem-gliawo ƒe ŋutinya. Eƒo nu tso nu vevi siwo dzɔ le ƒe 12 me, tso ƒe 456 D.M.Ŋ. vaseɖe ƒe 443 D.M.Ŋ. megbe, la ŋu.

Agbalẽ sia si Anyigbadzikpɔla Nexemya ŋlɔ la nye nuŋlɔɖi dodzidzɔname aɖe si ɖe alesi tadedeagu vavãtɔ dea ŋgɔ ne woɖo ŋu ɖe Yehowa Mawu ŋu bliboe heɖe afɔ vevi aɖewo la fia. Eɖe alesi Yehowa dea asi nyawo me be wòana be eƒe lɔlɔ̃nu nava emee la fia kɔte. Eƒo nu tso ŋgɔxɔla dzinɔameƒotɔ sẽŋu aɖe hã ŋu. Nufiame nyui geɖe le Nexemya ƒe agbalẽa me na tadeagula vavãtɔ siwo li egbea, “elabena Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu.”—Hebritɔwo 4:12.

‘GLIÐOÐOA WU NU MLƆEBA’

(Nexemya 1:1–6:19)

Nexemya nɔ Susa-mɔ̃ me henɔ Fia Artaxsasta Longimanus subɔm le ɖoƒe vevi aɖe. Esi Nexemya se be ye detɔwo “[le] dzɔgbevɔ̃e gã kple ŋukpe me; wogbã Yerusalem ƒe gliwo, eye wotɔ dzo eƒe agbowo” la, exa nu vevie. Edo gbe ɖa vevie hebia Mawu ƒe mɔfiafia. (Nexemya 1:3, 4) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, fia la de dzesi Nexemya ƒe blanuilélea, eye wòɖe mɔ nɛ be wòayi Yerusalem.

Esi Nexemya ɖo Yerusalem la, ezɔ ƒo xlã gliawo le zã me helé ŋku ɖe eŋu, hegblɔ tame si wòɖo be yeagbugbɔ glia aɖo la na Yudatɔwo. Xɔtutudɔa dze egɔme. Eye tsitretsiɖeŋu hã dze egɔme. Gake le dzinɔameƒotɔ Nexemya ƒe ŋgɔxɔxɔ me la, ‘wowu gliɖoɖoa nu mlɔeba.’—Nexemya 6:15.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

1:1; 2:1—Ðe woxlẽ “ƒe blavelia” si woyɔ le kpukpui eve siawo me la tso ɣeyiɣi ɖeka dzia? Ẽ, ƒe 20 lia la ku ɖe fia Artaxsasta ƒe dziɖuɖu ŋu. Gake alesi woxlẽ woe le kpukpui siawo me la to vovo. Blema nuŋlɔɖi siwo ŋu woke ɖo la fia be ƒe 475 D.M.Ŋ. mee woɖo Artaxsasta zi dzi. Esi wònye agbalẽŋlɔla siwo nye Babilontɔ xlẽa Persia fiawo ƒe dziɖuɣi tso Nisan (March/April) yi Nisan dzi zi geɖe ta la, Artaxsasta ƒe dziɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ dze egɔme tso ƒe 474 D.M.Ŋ. ƒe Nisan me. Eyata eƒe ƒe 20 lia ƒe dziɖuɖu si woyɔ le Nexemya 2:1 dze egɔme tso ƒe 455 D.M.Ŋ. ƒe Nisan dzi. Eyata susu le eme be míagblɔ be ɣleti si nye Kislew (November/December) si woyɔ le Nexemya 1:1 la nye ƒe si do ŋgɔ—si nye ƒe 456 D.M.Ŋ.—ƒe Kislew. Nexemya yɔ ɣleti ma hã be edze Artaxsasta ƒe dziɖuɖu ƒe ƒe 20 lia me dzi. Ðewohĩ le go sia me la, enɔ ƒeawo xlẽm tso gbesigbe woɖo fia la zi dzi. Ate ŋu anye hã be Nexemya nɔ ɣeyiɣia xlẽm tso nusi Yudatɔwo yɔna egbea be dukɔa ƒe azãɖuƒe, si dzea egɔme tso ɣleti Tishri, si nye September/October me. Aleke kee wòɖale o, ƒe 455 D.M.Ŋ. mee wode sea be woagbugbɔ Yerusalem atso.

4:11, 12—Aleke wònya wɔe be wowɔ gli gbugbɔgaɖodɔa kple asi ɖeka pɛ ko? Esia wɔwɔ masesẽ na agbatsɔlawo o. Woate ŋu alé agba siwo wodro ɖe ta alo alé esiwo wotsɔ ɖe abɔta la kple asi ɖeka bɔbɔe ‘ahatsɔ asi ɖeka alé aʋawɔnuwo ɖe asi.’ Gliɖola siwo ƒe dɔa bia asi eve zazã la “ta yi ɖe ali hafi le glia ɖom.” Wole klalo hena aʋawɔwɔ ne futɔwo va dze wo dzi.

5:7—Nukae na Nexemya ‘he nya ɖe bubumeawo kple amegãwo ŋu’? Ŋutsu siawo nɔ deme xɔm ɖe nusiwo wodo na wo nɔvi Yudatɔwo dzi, si nye dada le Mose ƒe Sea dzi. (Mose III, 25:36; Mose V, 23:20) Gawu la, deme si gadolawo xɔna la lolo. Ne ɣleti sia ɣletie woxɔna demeawo la, ke “alafaliawo ɖeka” si woyɔ be woxɔna la fia alafa memama 12 ƒe deme le ƒe ɖeka me. (Nexemya 5:11) Enye tamesesẽ be woaxɔ deme sia le amesiwo wotsɔ adzɔ gã xexe do agbae na xoxo eye dɔ hã nɔ wo wum la si. Nexemya he nya ɖe kesinɔtɔawo ŋu le susua nu be ezã Mawu ƒe Sea tsɔ ka ŋkume na wo eye wòto ema dzi klo nu woƒe nugbegblẽwɔwɔ dzi.

6:5—Esi wònye be wotrea lɛta siwo me nya ɣaɣlawo le nu zi geɖe ɖe, nukatae Sanebalat ɖo “agbalẽ, si nu wometre o” ɖe Nexemya? Anye be Sanebalat ƒe susue nye be yeana amewo nanya nu tso aʋatsonutsotso si wòtsɔ ɖe Nexemya ŋu tae metre lɛta la nu o ɖo. Anya bui be esia ana Nexemya nado dziku vevie ale gbegbe be wòagblẽ gliɖoɖodɔa ɖi aɖaʋli eɖokui ta. Alo Sanebalat anya bui be lɛtaa me nyawo ade zitɔtɔ Yudatɔwo dome ale gbegbe be woadzudzɔ dɔa enumake. Nexemya mena vɔvɔ̃ ɖoe kura o, ke boŋ eyi dɔ si Mawu de esi la dzi.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

1:4; 2:4; 3:36, 37. Ne nya sesẽwo tu mí alo ne míele nyametsotso veviwo wɔm la, ele be ‘míado gbe ɖa madzudzɔmadzudzɔe’ ahawɔ nu wòasɔ ɖe teokrasi mɔfiamewo nu.—Romatɔwo 12:12.

1:11–2:8; 3:36, 37, 9, 10; 6:16. Yehowa ɖoa to gbe si esubɔlawo dona ɖa nɛ tso dzime la ŋu.—Psalmo 86:6, 7.

1:4; 4:13, 14; 6:3, 15. Togbɔ be Nexemya nye ame fatu hã la, eɖo kpɔɖeŋu nyui le dzonɔameme ɖeɖe fia kple dzɔdzɔenyenye ta ʋiʋli vɔvɔ̃manɔmee me.

1:11–2:3. Menye ɖoƒe kɔkɔ nɔnɔ abe fia ƒe ahakula ene koŋue he dzidzɔ vɛ na Nexemya o. Tadedeagu vavãtɔ dodo ɖe ŋgɔe hee vɛ nɛ. Ðe mele be Yehowa subɔsubɔ kple nusianu si míawɔ atsɔ adoe ɖe ŋgɔ nanye nu vevi si ŋu míatsi dzi ɖo kple nusi koŋ gbɔ míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ natso oa?

2:4-8. Yehowa na Artaxsasta ɖe mɔ na Nexemya be wòayi aɖagbugbɔ Yerusalem-glia aɖo. Lododowo 21:1 gblɔ be: “Fia ƒe dzi le abe tɔʋu ene le Yehowa si me; afisi wòlɔ̃ la, eya wòkplɔnɛ yinae.”

3:5, 27. Mele be míabui be míekɔ akpa na dɔ tsɛ siwo wowɔna tsɔ doa tadedeagu vavãtɔ ɖe ŋgɔ wɔwɔ abe alesi ‘Tekoatɔwo ƒe bubumewo’ bui ene o. Ke boŋ anyo be míasrɔ̃ Tekoatɔ ɖokuibɔbɔla siwo lɔ̃ faa wɔ gliɖoɖodɔa ƒe kpɔɖeŋu.

3:10, 23, 28-30. Togbɔ be ame aɖewo te ŋu ʋu yi teƒe siwo wohiã na Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo le wu hã la, mía dometɔ geɖe doa alɔ tadedeagu vavãtɔ le teƒe siwo te ɖe mía ŋu. Míate ŋu awɔ esia to gomekpɔkpɔ le Fiaɖuƒe Akpata tutudɔwo kple kpekpeɖeŋunana amesiwo dzi afɔku dzɔ ɖo me, gake vevietɔ la, to Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me.

4:8. Ne wotsi tre ɖe mía ŋu la, míawo hã míate ŋu aɖu vɔvɔ̃ dzi ne míeŋlɔ “Aƒetɔ gã dziŋɔ la” be o.

5:14-19. Ele be dzikpɔla Kristotɔwo nasrɔ̃ Anyigbadzikpɔla Nexemya ƒe ɖokuibɔbɔ, ɖokuitɔmadimadi, kple aɖaŋudzedze ƒe kpɔɖeŋu nyui la. Togbɔ be etsɔ dzo ɖe egbɔkpɔkpɔ be woawɔ Mawu ƒe Se dzi ŋu hã la, meɖu aƒetɔ ɖe amewo dzi ɖe ɖokuitɔdidi ƒe viɖewo ta o. Ke boŋ etsɔ ɖe le eme na amesiwo wote ɖe anyi kple ame dahewo. Nexemya ɖo dɔmenyowɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe ɖi na Mawu subɔlawo katã.

“NYE MAWU, ÐO ŊKU EDZI NAM HENA NYE NYUI”

(Nexemya 7:1–13:31)

Esi wowu Yerusalem-glia ɖoɖo nu vɔ la, Nexemya de agboawo heɖo wo nu dzɔlawo be woakpɔ dua ta. Emegbe exlẽ dukɔ la le woƒe ƒomewo nu. Esi dukɔ bliboa ƒo ƒu “ɖe dogba dzi ɖe tsigbo la nu” la, nunɔla Ezra xlẽ Mose ƒe Segbalẽa na dukɔa, eye Nexemya kple Lewi-viwo ɖe Se la me na wo. (Nexemya 8:1) Wose Agbadɔŋkekenyui ɖuɖu ŋutinya le segbalẽa me eye wowɔ ɖoɖo heɖui kple dzidzɔ.

Dukɔ bliboa gava kpe ta ɣebubuɣi, eye “Israel-ƒome la” ʋu woƒe nuvɔ̃wo me le takpekpe sia me, Lewi-viwo ɖo ŋku Mawu ƒe nuwɔwɔ kple Israel-viwo dzi na wo, eye dukɔ la ka atam be “yewoazɔ ɖe Mawu ƒe se” la nu. (Nexemya 9:1, 2; 10:30) Esi wònye be amesiwo le Yerusalem-dua me mede ha kura o ta la, wodzidze nu ɖe amesiwo mele dua me o dzi be, ame 1 le 10 ɖesiaɖe me naʋu ava nɔ dua me. Emegbe wokɔ glia ŋu kple dzidzɔkpɔkpɔ gã ale gbegbe be “wose Yerusalem ƒe dzidzɔ la ŋkɔ le didiƒe ke.” (Nexemya 12:43) Esi Nexemya va nɔ Yerusalem ƒe 12 megbe la, egbugbɔ trɔ yi eƒe dɔwɔwɔwo dzi le Artaxsasta gbɔ. Eteƒe medidi o, nu tovo wɔwɔ va xɔ aƒe ɖe Yudatɔwo dome. Esi Nexemya trɔ gbɔ va Yerusalem la, eɖe afɔ vevi aɖewo tsɔ ɖɔ nɔnɔmeawo ɖoe. Ke eya ŋutɔ bia ɖokuibɔbɔtɔe be: “Nye Mawu, ɖo ŋku edzi nam hena nye nyui.”—Nexemya 13:31.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

7:6-67—Nukatae ƒome vovovo siwo Nexemya yɔ be wotrɔ gbɔ kple Zerubabel va Yerusalem la me tɔwo ƒe xexlẽme to vovo na esiwo Ezra ya yɔ? (Ezra 2:1-65) Nusi gbɔ vovototo sia ate ŋu tso enye be Nexemya kple Ezra wozã ameawo ƒe xexlẽme ŋuti nuŋlɔɖi vovovowo. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu adzɔ be amesiwo ŋlɔ ŋkɔ be yewoatrɔ agbɔ la ƒe xexlẽme to vovo na amesiwo trɔ gbɔ ŋutɔŋutɔ. Ate ŋu adzɔ hã be vovototo le ŋuŋlɔɖi eveawo me elabena Yudatɔ siwo mete ŋu nya ƒome si me wotso yɔ enumake o la va yɔe emegbe. Ke hã, gbɔgbɔlawo katã ƒe xexlẽme si ame eveawo yɔ la va sɔ: Amesiwo gbɔ gbã ƒe xexlẽme nye 42,360, subɔviwo kple hadzilawo mele xexlẽme sia me o.

10:35—Nukatae wobia tso ameawo si be woanɔ nake nam? Womebia nakenana le Mose ƒe Sea me o. Hiahiã aɖe si nɔ anyi koŋ tae wobia nusia tso ameawo si ɖo. Nake gbogbo aɖewo hiã woazã hena nuwo meme le vɔsamlekpuia dzi. Anye be gbedoxɔmesubɔvi siwo menye Israel-viwo o, siwo woyɔna be Netinimwo la dometɔ geɖe menɔ anyi o. Eyata wodzidze nu ɖe nakenana dzi be woatsɔ akpɔ egbɔe be nake li woazã ɣesiaɣi.

13:6—Ɣeyiɣi didi kae Nexemya ƒe dzodzo le Yerusalem xɔ hafi wòtrɔ gbɔ? Ðeko Biblia gblɔ be “le ɣeyiɣi aɖewo megbe” ye Nexemya bia mɔ le fia gbɔ be yeatrɔ agbɔ va Yerusalem. Eyata míate ŋu anya ɣeyiɣi ƒe didime si eƒe dzodzoa xɔ o. Gake esi Nexemya trɔ gbɔ va Yerusalem la, ede dzesii be ameawo menɔ alɔ dom nunɔlanyenyedɔa o, eye womenɔ Sabat-sededea hã dzi wɔm o. Wo dometɔ geɖewo ɖe dutanyɔnuwo eye wo viwo mese Yudagbea gɔ̃ hã o. Nɔnɔmeawo ƒe gbegblẽ alea ɖee fia be Nexemya anya dzo ɣeyiɣi didi aɖe.

13:25, 28—Tsɔ kpe ɖe ‘mo kaka na’ Yudatɔ mawɔnuteƒewo ŋu la, afɔ bubu kawo hãe wòɖe tsɔ ɖɔ nuwo ɖoe? Nexemya ‘ƒo fi de wo’ le mɔ sia nu be egblɔ ʋɔnudrɔ̃nya siwo le Mawu ƒe Sea me ɖe wo ŋu. ‘Eƒo wo dome ŋutsu aɖewo,’ ɖewohĩ ena woƒo wo kple atam wònye woƒe tohehe. ‘Enyɔ ɖa na ame aɖewo’ tsɔ fia alesi wòdo dɔmedzoe ɖe woƒe agbenyuimanɔmanɔ ŋui. Enyã Nunɔlagã Elyasib vi si ɖe Xoronitɔ Sanebalat vinyɔnu ɖa le eɖokui ŋu.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

8:8. Esi míenye Mawu ƒe Nya fialawo ta la, ‘míenana Ŋɔŋlɔawo me kɔna’ na amewo to wo xexlẽ nyuie kple gbetete ɖe wo me nyati veviwo dzi kpakple alesi woawɔ wo ŋudɔe ɖeɖefia kɔte me.

8:10. ‘Dzidzɔkpɔkpɔ si tsona Yehowa gbɔ’ sua ame si ne wotsi dzi ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu hewɔa teokrasi mɔfiamewo dzi. Aleke gbegbee wòle vevie be míasrɔ̃ Biblia kutrikukutɔe, míade Kristotɔwo ƒe kpekpewo edziedzi, ahakpɔ gome le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa me dzonɔamemetɔe enye esi!

11:2. Be woagblẽ nunɔamesiwo ɖi aʋu ayi Yerusalem bia nuwo tsɔtsɔ sa vɔe si ate ŋu awɔe be nanewo nabu na ame. Ðokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔe amesiwo tsɔ wo ɖokui na be yewoayi la ɖe fia. Míawo hã míate ŋu aɖe nɔnɔme sia tɔgbe afia ne mɔnukpɔkpɔwo ʋu be míatsɔ mía ɖokui ana awɔ dɔ aɖewo le takpekpewo kple wɔna bubuwo wɔƒe be wòaɖe vi na ame bubuwo.

12:31, 38, 40-42. Hadzidzi nye mɔ nyui aɖe si dzi míato akafu Yehowa ahaɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afiae. Eyata ele be míadzi ha kple dzi blibo le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me.

13:4-31. Mele be míaɖe mɔ be ŋutilãmenudidi, nufitifitiwɔwɔ, kple xɔsegbegbe ƒe gbɔgbɔ nage ɖe mía me ahayi nu gblẽ ge le mía ŋu o.

13:22. Nexemya nyae nyuie be Mawu abia akɔnta tso ye si. Ele be wòanɔ nyanya na míawo hã be Yehowa abia akɔnta tso mía si godoo.

Míehiã na Yehowa ƒe Alɔdodo Vevie!

Hakpala dzi ha be: “Ne Yehowa metu xɔ o la, dzodzroe etulawo le agbagba dzem le eŋu.” (Psalmo 127:1) Aleke gbegbee Nexemya ƒe agbalẽa ɖe nya siawo ƒe nyateƒenyenye fia eme kɔ nyuie nye esi!

Nusɔsrɔ̃ si le eme na mí la me kɔ nyuie. Míehiã na Yehowa ƒe alɔdodo hafi ko nusianu si míedi be míawɔ adze edzi na mí. Le nyateƒe me la, ɖe míate ŋu akpɔ mɔ be Yehowa ayra mí ne míeɖo tadedeagu vavãtɔ nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me oa? Eyata abe Nexemya ene la, neva eme be míana Yehowa ƒe tadedeagu dodo ɖe ŋgɔ naxɔ nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me.

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

“Fia ƒe dzi le abe tɔʋu ene le Yehowa si me”

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Nexemya—ame fatu si me dzo nɔ—va Yerusalem

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Ènya alesi ‘nàɖe’ Mawu ƒe Nya la me ‘eme nakɔa’?