Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ðe Yosef, si nye Yehowa subɔla wɔnuteƒe la, zã klosalokplu tɔxɛ aɖe tsɔ kaa afae, abe alesi Mose I, 44:5 di be yeafia enea?

Susu aɖeke meli si ta míaxɔe ase be Yosef kpɔ gome le afakaka nuwɔna ƒomevi aɖe me ŋutɔŋutɔ o.

Biblia na míenya nu tso alesi Yosef bu akunyawɔwɔ dzi toto anya etsɔmee la ŋu. Do ŋgɔ la, esi wobia tso Yosef si be wòaɖe Farao ƒe drɔ̃ewo gɔme la, ena wonya enuenu be Mawu koe ate ŋu “agblɔ” nusiwo adzɔ le etsɔme. Esia wɔe be Farao ŋutɔ gɔ̃ hã va xɔe se be Mawu si Yosef subɔna—si nye Mawu vavã la, ke menye vivimeŋusẽwo o—ye na Yosef te ŋu nya etsɔme gblɔ. (Mose I, 41:16, 25, 28, 32, 39) Le Se si Yehowa va tsɔ na Mose emegbe me la, etsri akunyawɔwɔ alo afakaka, eye eto ema dzi ɖo kpe edzi be Ye ɖeka koe gblɔa etsɔme ɖi.—Mose V, 18:10-12.

Ke nukata Yosef de gbe eƒe subɔvi nu be wòaɖagblɔ be ɖe yezãa klosalokplu la ‘tsɔ kaa nui’? * (Mose I, 44:5) Ehiã be míade ŋugble le nusita wòna wogblɔ nya sia ɖo la ŋu.

Le dɔwuame aɖe si nu sẽ ŋutɔ ta la, Yosef nɔviŋutsuwo zɔ mɔ va Egipte nuɖuɖu ƒle ge. Ƒe aɖewo do ŋgɔ la, Yosef nɔviŋutsu siawo lée dzra na kluviƒlelawo. Fifia wo nɔvi sia va zu Egipte-dukɔa ƒe nuɖuɖudzikpɔla, eye womenya be eya gbɔe yewova be wòakpe ɖe yewo ŋu o. Yosef meɖe eɖokui fia wo o. Ke boŋ eɖoe be yeado wo akpɔ. Esɔ be Yosef di be yeakpɔe ɖa be wotrɔ dzime vavã hã. Edi hã be yeakpɔe ɖa be wolɔ̃ wo nɔvi Benyamin kple wo fofo Yakob, si melɔ̃a nu le Benyamin gbɔ kura o, eye ne wobe yewolɔ̃ wo ɖe, aleke gbegbee woƒe lɔlɔ̃ na wo la de toe. Eyata Yosef ɖoe be yeato ayemɔ aɖe dzi ado wo akpɔ.—Mose I, 41:55–44:3.

Yosef gblɔ na eƒe subɔviwo dometɔ ɖeka be wòade nuɖuɖu kotoku siwo nɔviawo tsɔ vɛ la me, wòagbugbɔ wo dometɔ ɖesiaɖe ƒe ga ade kotokua me, eye wòatsɔ Yeƒe klosalokplu ade Benyamin ƒe kotoku me. Le nusiawo katã wɔwɔ me la, Yosef wɔ eɖokui abe trɔ̃subɔdukɔ aɖe ƒe dɔdzikpɔla ene. Etrɔ eɖokui, eƒe nuwɔna, kple nuƒo abe alesi dɔdzikpɔla ma tɔgbe awɔ nui ene, le nɔviaŋutsuawo, siwo mekpɔe dze sii o la ŋkume.

Esi Yosef nɔviawo va egbɔ la, eyi edzi gatrɔ eɖokui le wo ŋkume, hebia wo be: “Ðe mienyae bena, amegã menye, eye mekaa nu o mahã?” (Mose I, 44:15) Eyata edze ƒã be eɖokui tɔtrɔ le ayemɔ nu ƒe nuwɔna aɖe koe klosalokplu si wòbe yezãna tsɔ ka nui la hã nye. Eyata alesi Benyamin mefi klosalokplua ŋutɔŋutɔ o la, nenema kee menye ɖe Yosef hã zãnɛ tsɔ ka nui ŋutɔŋutɔ o.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Agbalẽ si nye The Holy Bible, With an Explanatory and Critical Commentary, si me F. C. Cook to hafi wota, gblɔ tso nuwɔna sia le blemaɣeyiɣiwo me ŋu be: “Wotsɔa sika, klosalo, alo kpe xɔasi aɖe dana ɖe kplu si me woku tsi ɖo me, emegbe woléa ŋku ɖe woƒe dzedzeme ŋu; alo kpɔa tsia me abe alesi wokpɔa ahuhɔ̃e me ko ene.” Biblia me dzrola Christopher Wordsworth gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, wokua tsi ɖe kplua me heléa ŋku ɖe ɣe ƒe dzedzeme ŋu le tsia me tsɔ kaa afae.”