Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Srɔ̃ Yehowa Ƒe Dzigbɔɖi La

Srɔ̃ Yehowa Ƒe Dzigbɔɖi La

Srɔ̃ Yehowa Ƒe Dzigbɔɖi La

‘Yehowa mele wɔwɔm blewu le eƒe ŋugbedodowo dziwɔwɔ me o; ke boŋ dzie wògbɔ ɖi.’​—PETRO II, 3:9.

1. Nunana si ɖeke mesɔ kplii o kae Yehowa tsɔ ɖo amegbetɔwo ŋkume?

YEHOWA tsɔ nane si ame bubu aɖeke mate ŋu ana mí o la ɖo mía ŋkume. Enye nu xɔasi lédziname aɖe, ke hã womate ŋu aƒlee kple ga alo wòasu ame si le eya ŋutɔ ƒe agbagbadzedze ɖeɖeko ta o. Nusi wòtsɔ ɖo mía ŋkume lae nye agbe mavɔ ƒe nunana—eye le mía dometɔ akpa gãtɔ gome la, anye agbenɔnɔ tegbee le paradisonyigba dzi. (Yohanes 3:16) Dzidzɔ ka gbegbee nye si ema anye! Ɣemaɣi la, nusiwo hea konyifafa geɖe vɛ na mí—fuléle, ŋutasesẽ, hiãkame, nuvlowɔwɔ, dɔléle, kple ku gɔ̃ hã maganɔ anyi o. Amewo anɔ anyi le ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ deblibo me le Mawu ƒe Fiaɖuƒe si aɖu dzi le lɔlɔ̃ me la te. Aleke gbegbee Paradiso ma le mía dzromee nye si!—Yesaya 9:5, 6; Nyaɖeɖefia 21:4, 5.

2. Nukatae Yehowa mekpɔ ɖe Satana ƒe xexea ɖa haɖe o?

2 Yehowa ŋutɔ hã le mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si wòana anyigba la nazu Paradiso la vevie. Ana wòazui nyateƒe, elabena enye amesi lɔ̃a dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃. (Psalmo 33:5) Medoa dzidzɔ aɖeke nɛ be wòanɔ xexe si metsɔa ɖeke le eƒe gɔmeɖose dzɔdzɔewo me o, xexe si lé fu eƒe gɔmeɖoseawo gɔ̃ hã, si doa vlo eƒe dziɖulanyenye hetia eƒe amewo yome la kpɔm o. Ke hã susu nyuiwo li siwo tae mekpɔ ɖe Satana ƒe xexe vɔ̃ɖi la ɖa haɖe o ɖo. Susu mawo ku ɖe nya siwo fɔ ɖe te tso eƒe dzedze anye xexeame katã dziɖula ŋu la ŋuti. Le nya siawo gbɔ kpɔkpɔ me la, Yehowa le nɔnɔme vevi nyoameŋu aɖe, si ame geɖe meɖena fiana egbea o la ɖem fia—eyae nye dzigbɔɖi.

3. (a) Hela kple Hebri gbe me nya si gɔme woɖe le Biblia me be “dzigbɔɖi” la gɔme ɖe? (b) Nyabiase kawo ŋue míade ŋugble le fifia?

3 Helagbe me nya aɖe li, si gɔme woɖe le New World Translation Biblia me zi etɔ̃ be “dzigbɔɖi.” Efia le nyaa ŋutɔŋutɔ nu be “woaɖu ame ƒe gbɔgbɔ dzi ɣeyiɣi didi,” eyata woɖea egɔme zi geɖe be “dzigbɔgbɔ blewu,” eye woɖe egɔme zi ɖeka be “dzigbɔɖeanyi.” Susu ɖeka aɖe dze le Hela kple Hebri gbe me nya si gɔme woɖe be “dzigbɔɖi” la me, eyae nye dzidodo kple mayɔmayɔ ɖe dzikudodo ŋu. Aleke Yehowa ƒe dzigbɔgbɔɖi ɖe vi na míi? Nusɔsrɔ̃ kawoe le Yehowa kple esubɔla wɔnuteƒewo ƒe dzigbɔɖi me na mí? Aleke míewɔ nya be seɖoƒe li na Yehowa ƒe dzigbɔɖi? Mina míakpɔe ɖa.

De Ŋugble le Yehowa ƒe Dzigbɔɖi Ŋu

4. Nya kae apostolo Petro ŋlɔ tso Yehowa ƒe dzigbɔɖi ŋu?

4 Apostolo Petro ŋlɔ tso Yehowa ƒe dzigbɔɖi ŋu be: “Nu ɖeka sia naganɔ ɣaɣla ɖe mi o bena, le Mawu gbɔ la ŋkeke ɖeka le abe ƒe akpe ɖeka ene. Menye ɖe Aƒetɔ la le wɔwɔm blewu le eƒe ŋugbedodowo dziwɔwɔ me, abe alesi ame aɖewo bunɛ blewuwɔwɔ la ene o; hafi egbɔ dzi ɖi blewu na mi, esi melɔ̃ bena, ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ la ŋuti.” (Petro II, 3:8, 9) Taflatse de dzesi susu eve siwo dze le mawunyakpukpui sia me siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míase Yehowa ƒe dzigbɔɖi gɔme.

5. Aleke alesi Yehowa bua ɣeyiɣii la kpɔa ŋusẽ ɖe eƒe afɔɖeɖewo dzii?

5 Susu gbãtɔe nye be Yehowa mebua ɣeyiɣi abe alesi míawo míebunɛ ene o. Le eya Amesi li tegbetegbe gome la, ƒe akpe ɖeka le nɛ ko abe ŋkeke ɖeka ene. Mexaxana le ɣeyiɣi masuame alo ɣeyiɣi manɔamesi ta o, ke hã, mewɔna blewu le eƒe afɔɖeɖewo me o. Esi nunya si seɖoƒe meli na o ye le Yehowa si ta la, enya ɣeyiɣi si sɔ nyuie be wòaɖe afɔ aɖe si aɖe vi na amesiwo katã wòalɔ ɖe me, eyata elalana dzigbɔɖitɔe be ɣeyiɣi si sɔ wu la nava. Ke hã, mele be míaƒo nya ta be Yehowa metsɔ ɖeke le fukpekpe ɖesiaɖe si me tom eƒe subɔlawo le fifia la me o. Enye Mawu ‘nublanuikpɔla,’ amesi nye lɔlɔ̃. (Luka 1:78; Yohanes I, 4:8) Ŋusẽ le esi be wòaɖɔ nusianu si dome eƒe mɔɖeɖe ɖe fukpekpe ŋu hena ɣeyiɣi aɖe gblẽ la ɖo keŋkeŋ tegbee.—Psalmo 37:10.

6. Nya kae mele be míagblɔ ɖe Mawu ŋu o, eye nukatae?

6 Ke hã, mele bɔbɔe be ame nalala ɣeyiɣi didi anɔ nane si dim wòle vevie la ƒe vava sinu kpɔm o. (Lododowo 13:12) Eyatae ne amewo mewɔ ɖe woƒe ŋugbedodo dzi kaba o ame aɖewo gblɔna be ɖe woɖoe be yewomawɔe o ɖo. Aleke gbegbee nunya mele eme o enye si be míabu susu sia ɖe Mawu ŋu! Ne míebui vodadatɔe be Mawu ƒe dzigbɔɖia nye blewuwɔwɔ la, ɣeyiɣiawo ƒe yiyi ate ŋu ana míaɖe mɔ le mía ɖokui ŋu ɖikeke naɖo mía me eye dzi naɖe le mía ƒo, si ate ŋu ana míava nɔ gbɔgbɔmekɔlɔ̃e dɔm. Vɔ̃ɖitɔ wu la, amesiwo ŋu Petro xlɔ̃ nu tsoe va yi—siwo nye fewuɖula xɔsemasitɔwo—ate ŋu able mí. Amesiawo gblɔna fewuɖuɖutɔe be: “Afika eƒe vava la ƒe ŋugbedodo la le? Elabena tso esime fofoawo dɔ alɔ̃ la, nuwo katã nɔ anyi nenema tso nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedze la me.”—Petro II, 3:4.

7. Aleke Yehowa ƒe dzigbɔɖi do ƒome kple eƒe didi be amewo natrɔ dzimee?

7 Susu evelia si míate ŋu aɖe tso Petro ƒe nyaa me enye be esi Yehowa di be amesiame natrɔ dzime tae wògbɔ dzi ɖi ɖo. Yehowa aɖe amesiwo ɖoe koŋ gbe be yewomatrɔ le yewoƒe mɔ vɔ̃wo dzi o la ɖa. Ke hã ame vɔ̃ɖiwo ƒe ku mevivia Mawu nu o. Edi boŋ be amewo natrɔ dzime, aɖe asi le woƒe nuwɔna gbegblẽwo ŋu, bena woanɔ agbe. (Xezekiel 33:11) Esia tae wògbɔ dzi ɖi hena wole gbeƒã ɖem nyanyuia le anyigba bliboa katã dzi bena wòana mɔnukpɔkpɔ amewo be woava nɔ agbe tegbee.

8. Aleke Mawu ƒe dzigbɔɖi dze le alesi wòwɔ nu kple Israel-dukɔa mee?

8 Alesi Mawu wɔ nu kple blema Israel-dukɔae hã gaɖe eƒe dzigbɔɖi fia. Edo dzi nɔ te ɖe woƒe tomaɖomaɖonuwɔnawo nu ƒe alafa geɖe. Eto eƒe nyagblɔɖilawo dzi xlɔ̃ nu wo enuenu be: “Mitrɔ tso miaƒe mɔ vɔ̃wo dzi, eye milé nye sewo kple nye ɖoɖowo me ɖe asi, abe alesi mede se na mia fofowo kple [gbe siwo] mede nye dɔla nyagblɔɖilawo si ɖo ɖe mi la ene.” Aleke wowɔ nui? Nublanuitɔe la, “womeɖo to o.”—Fiawo II, 17:13, 14.

9. Aleke Yesu ɖe Fofoa ƒe dzigbɔɖi fiae?

9 Mlɔeba la, Yehowa dɔ Via ɖo ɖe wo, amesi tsɔ tufafa xlɔ̃ nu Yudatɔwo edziedzi be woatrɔ ɖe Mawu ŋu. Le nyateƒe me la, Yesu ɖe Fofoa ƒe dzigbɔɖi fia le mɔ deblibo nu ale gbegbe. Esi wònɔ nyanya na Yesu nyuie be madidi o woawu ye la, efa konyi be: “Yerusalem, Yerusalem, si wu nyagblɔɖilawo, eye wòfɔ kpe ƒu amesiwo wodɔ ɖo ɖe egbɔ! Zi nenie medi bena, maƒo viwòwo nu ƒu, abe alesi koklonɔ ƒoa viawo nu ƒu ɖe eƒe aʋala te ene, gake mielɔ̃ o!” (Mateo 23:37) Nya wɔdɔɖeamedzi siawo meɖi ʋɔnudrɔ̃la makpɔnublanui, si di kokoko be yeahe to na ame, ƒe nyagbɔgblɔ o, ke boŋ xɔlɔ̃ lɔ̃ame, si gbɔa dzi ɖi na ame la ƒe nyagbɔgblɔe wòɖi. Ðe Yesu di be ameawo natrɔ dzi me bena woagadrɔ̃ toheʋɔnu wo o, abe alesi Fofoa si le dziƒo hã dii ene. Ame aɖewo ya se Yesu ƒe nuxlɔ̃amea, si wɔe be ʋɔnudɔdrɔ̃ sesẽ si va Yerusalem dzi le ƒe 70 M.Ŋ. me la meva wo dzi o.—Luka 21:20-22.

10. Mɔ ka nue Mawu ƒe dzigbɔɖi ɖe vi na mí le?

10 Ðe Mawu ƒe dzigbɔɖeanyia mewɔ nuku ŋutɔ oa? Togbɔ be míaƒe tomaɖomaɖo do fievo ŋutɔ hã la, Yehowa gagbɔ dzi ɖi na mí dometɔ ɖesiaɖe kokoko eye wòna mɔnukpɔkpɔ mía kple ame miliɔn gbogbo aɖewo be míanya ye bena xɔxɔmɔkpɔkpɔ nasu mía si. Petro ŋlɔ na ehati Kristotɔwo be: “Mibu mía Aƒetɔ ƒe dzigbɔgbɔ blewu la bena, enye mia xɔxɔ.” (Petro II, 3:15) Ðe mele be míada akpe ŋutɔ be Yehowa ƒe dzigbɔɖia ʋu mɔ na mí hena mía xɔxɔ ɖe agbe oa? Ðe míedoa gbe ɖa be Yehowa nayi edzi agbɔ dzi ɖi na mí esi míele esubɔm tso ŋkeke yi ŋkeke oa?—Mateo 6:12.

11. Nukae wòle be Yehowa ƒe dzigbɔɖi gɔmesese naʋã mí míawɔ?

11 Ne míese nusita Yehowa kpɔtɔ le dzi gbɔm ɖi gɔme la, ekpena ɖe mía ŋu be míatsɔ dzigbɔɖi alala mía xɔxɔ la, eye míana wòadzɔ gbeɖe be míava nɔ gbɔgblɔm be Mawu le blewuu le eƒe ŋugbedodowo dziwɔwɔ me o. (Konyifahawo 3:26) Togbɔ be míeyia edzi doa gbe ɖa be Mawu ƒe Fiaɖuƒea nava hã la, míeka ɖe edzi be Mawu nya ɣeyiɣi si sɔ wu be wòaɖo gbedodoɖa sia ŋu. Azɔ hã, eʋãa mí be míasrɔ̃ Yehowa ƒe dzigbɔɖi le nuwɔwɔ kple mía nɔviwo kple amesiwo míeɖea gbeƒã na me. Enye míawo hã míaƒe didi be ame aɖeke nagatsrɔ̃ o, ke boŋ be woatrɔ dzime bena agbe mavɔ mɔkpɔkpɔ si le mía si la nasu woawo hã si.—Timoteo I, 2:3, 4.

De Ŋugble le Nyagblɔɖilawo ƒe Dzigbɔɖi Ŋu

12, 13. Aleke nyagblɔɖila Yesaya te ŋu kpɔ dzidzedze le dzigbɔɖi ɖeɖefia me ale be wòsɔ ɖe Yakobo 5:10 nu?

12 Esi míede ŋugble le Yehowa ƒe dzigbɔɖi ŋu la, ekpe ɖe mía ŋu míekpɔ ŋudzedze ɖe nɔnɔme sia ŋu vevie eye míedi be míaɖee afia. Mele bɔbɔe na amegbetɔ madeblibowo be woagbɔ dzi ɖi o, ke hã woate ŋui. Anyo be míasrɔ̃ Mawu subɔla siwo nɔ anyi va yi la ƒe kpɔɖeŋu. Nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ bena: “Nɔvinyewo, mitsɔ nyagblɔɖila, siwo ƒoa nu le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa me la, ƒe fukpekpewo kple woƒe dzigbɔgbɔ blewu wɔ miaƒe kpɔɖeŋu.” (Yakobo 5:10) Enyanya be ame bubuwo to nɔnɔme si me tom míele me dzidzedzetɔe la nyea akɔfafa kple dzideƒo na mí.

13 Le kpɔɖeŋu me, nyagblɔɖila Yesaya hiã dzigbɔɖi vevie le dɔ si wode asi nɛ la wɔwɔ me. Yehowa na wònya esia esime wògblɔ nɛ be: “Yi naɖagblɔ na dukɔ sia bena: Minɔ nusese dzi ko, ke migase nu gɔme o; minɔ nukpɔkpɔ dzi, ke migadze si nu o. Na dukɔ sia ƒe dzi naku atri, tsi to nɛ, eye natre eƒe ŋkuwo, ne magakpɔ nu kple eƒe ŋkuwo, wòase nu kple eƒe towo, eye wòase nu gɔme kple eƒe dzi, ne wòatrɔ ta me, eye eƒe lãme nahaya o.” (Yesaya 6:9, 10) Togbɔ be dukɔa gbe toɖoɖo hã la, Yesaya xɔ dzigbɔɖi gblɔ Yehowa ƒe nuxlɔ̃amegbedasia na wo ƒe 46 sɔŋ! Le mɔ sia ke nu la, dzigbɔɖi akpe ɖe mía ŋu míado dzi le nyanyuigbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me, togbɔ be ame geɖe meɖoa to mí o hã.

14, 15. Nukae kpe ɖe Yeremya ŋu wòte ŋu nɔ te ɖe fukpekpe kple dziɖeleameƒo nu?

14 Gake menye ameawo ƒe tomaɖomaɖo ɖeɖeko nue nyagblɔɖilawo do dzi nɔ te ɖo le woƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me o; woto yometitiwo hã me. Wobɔ pã Yeremya, ‘wodee gaxɔ me,’ eye wotsɔe ƒu gbe ɖe vudo me. (Yeremya 20:2; 37:15; 38:6) Amesiwo ŋu wònɔ didim be yeakpe ɖo la kee he fuwɔame siawo va edzii. Ke hã, Yeremya medo dziku o, eye mewɔ wɔɖenui hã o. Enɔ te ɖe nɔnɔme siawo nu dzigbɔɖitɔe ƒe geɖe.

15 Yometiti kple fewuɖuɖu mena Yeremya miã nu o, eye womenaa míawo hã míemiãa nu egbea o. Ele eme be dzi te ŋu ɖena le mía ƒo ɣeaɖewoɣi ya. Dzi ɖe le Yeremya hã ƒo kpɔ. Eŋlɔ bena: “Yehowa ƒe nya zu dzu kple vlododo nam ŋkeke blibo la. Eye . . . mebe, maɖe ŋku ɖa le edzi, eye [nyemagaƒo] nu le eƒe ŋkɔ me o.” Nukae va dzɔ emegbe? Ðe Yeremya dzudzɔ gbeƒãɖeɖea? Eyi edzi be: “[Mawu ƒe nya la nɔa] nye dzi me abe dzobibi nue wotu nu ɖo ɖe nye ƒuwo me ene, etsɔtsɔ tia kɔ nam, eye wògloam.” (Yeremya 20:8, 9) De dzesii be esime wònɔ ameawo ƒe fewuɖunyawo ŋu bum la, megava nɔ dzidzɔ kpɔm o. Ke esi wòtrɔ eƒe susu ɖe gbedasia ƒe nyonyo kple asixɔxɔ ŋu la, ena dzidzɔ si nɔ eme tsã gasu esi. Gawu la, Yehowa nɔ kple Yeremya abe “kalẽtɔ sesẽ” ene, nɔ ŋusẽ domee be wòatsɔ dzonɔameme kple dzideƒo agblɔ Yeƒe gbedasi lae.—Yeremya 20:11.

16. Aleke míawɔ be dzi nanɔ mía dzɔm le nyanyuigbeƒãɖeɖedɔa mee?

16 Ðe nyagblɔɖila Yeremya kpɔ dzidzɔ le eƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ mea? Ðikeke aɖeke mele eŋu o be ekpɔe! Egblɔ na Yehowa be: “Esi wò nyawo ɖo gbɔnye la, memi wo, eye wò nyawo nye vivisese kple dzidzɔ na nye dzi, elabena wò ŋkɔe woyɔ ɖe ŋunye, Yehowa.” (Yeremya 15:16) Mɔnukpɔkpɔ si su Yeremya si be wòanɔ Mawu vavã la teƒe aɖe gbeƒã eƒe nya la dzɔ dzi nɛ ale gbegbe. Dzi ate ŋu adzɔ míawo hã nenema ke. Gakpe ɖe eŋu la, míekpɔa dzidzɔ abe alesi mawudɔlawo kpɔnɛ le dziƒo ene, be ame gbogbo aɖewo xɔa Fiaɖuƒegbedasia, hetrɔna le woƒe mɔ vɔ̃wo dzi va nɔa agbe mavɔ mɔ la dzi.—Luka 15:10.

“Hiob ƒe Dzidodo”

17, 18. Mɔ ka nue Hiob do dzi le, eye nukae va do tso eme nɛ?

17 Le nuƒoƒo tso blema nyagblɔɖilawo ŋu megbe la, nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ bena: “Miese Hiob ƒe dzidodo, eye miekpɔ Aƒetɔ la ƒe nuwuwu bena, Aƒetɔ la yɔ fũ kple dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ.” (Yakobo 5:11) Gɔmesese si le Helagbe me nya si gɔme woɖe le afisia be “dzidodo” ŋu la sɔ kple gɔmesese si le nya si Yakobo zã na “dzigbɔɖi” le mawunyakpukpui si do ŋgɔ na esia la me. Esi agbalẽnyala aɖe nɔ vovototo si le nya eveawo dome me ɖem la, eŋlɔ bena: “Helagbe me nya si wozã na dzidodo la kuna ɖe ɣeyiɣi si me wòhiãna le be woaɖu ame ɖokui dzi ne amewo wɔ numadzɔmadzɔ ɖe mía ŋu la ŋu, eye esi wozã na dzigbɔɖi la fia eɖoɖo kplikpaa be míado dzi anɔ te ɖe nuteɖeamedziwo nu.”

18 Hiob to nuteɖeamedzi sesẽwo me. Eƒe kesinɔnuwo katã dome gblẽ, viawo katã ku, eye dɔléle dovevesesename aɖe dze edzi. Ehiã be wòanɔ te ɖe aʋatso nutsotso siwo wotsɔ ɖe eŋu be ɖe Yehowa nɔ to hem nɛ ɖe eƒe nuvɔ̃wo ta hã nu. Hiob memiã nu nya aɖeke magblɔmagblɔe le nɔnɔme donuxaxaname siawo me o; nɔnɔmeawo na wòfa konyi hesusu gɔ̃ hã be yeƒe nya dzɔ wu Mawu tɔ. (Hiob 35:2) Ke hã, meɖe asi le eƒe xɔse kple nuteƒewɔwɔ ŋu gbeɖe o. Megbe nu le Mawu gbɔ abe alesi Satana gblɔ be awɔ la ene o. (Hiob 1:11, 21) Ke aleke nya la va wu enui? Yehowa “yra Hiob fifia wu tsã.” (Hiob 42:12) Yehowa na Hiob haya, na wògakpɔ eƒe kesinɔnu siwo bu la ƒe teƒe eve, eye wòtsɔ ƒome kpɔdzidzɔ yrae. Hiob ƒe dzidodo nuteƒewɔwɔtɔe la kpe ɖe eŋu wòva nya amesi Yehowa nye la nyuie wu.

19. Nukae míesrɔ̃ tso Hiob ƒe dzidodo dzigbɔɖitɔe la me?

19 Nukae míesrɔ̃ tso Hiob ƒe dzidodo dzigbɔɖitɔe la me? Abe Hiob ene la, ɖewohĩ dɔléle alo nɔnɔme sesẽ bubuwo ava mía dzi. Ðewohĩ míase nusita Yehowa ɖe mɔ be dodokpɔ aɖe nava mía dzi la gɔme tututu o. Ke hã, míate ŋu aka ɖe nu ɖeka aɖe ya dzi: Eyae nye be ne míeyi edzi wɔ nuteƒe la, woayra mí. Yehowa medoa kpo amesiwo dinɛ vevie la yayra gbeɖe o. (Hebritɔwo 11:6) Yesu gblɔ be: “Amesi ke ado dzi vevie vaseɖe nuwuwu la, eya lakpɔ ɖeɖe.”—Mateo 10:22; 24:13.

‘Yehowa ƒe Ŋkeke la Le Vava Ge Godoo’

20. Nukatae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ƒe ŋkeke la le vava ge godoo?

20 Togbɔ be Yehowa gbɔa dzi ɖi hã la, enye amesi lɔ̃a nya dzɔdzɔe, eyata maɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu tegbee o. Seɖoƒe li na eƒe dzigbɔɖi. Petro ŋlɔ bena: ‘Mawu megbe tohehe na blema xexeme la o.’ Esi Mawu kpɔ Noa kple eƒe ƒomea ta wotsi agbe la, etsrɔ̃ xexe mavɔ̃mawu ma ya kple tsi. Yehowa tsrɔ̃ Sodom kple Gomora, hena wofiã zu afi. Tohehe siawo nye “kpɔɖeŋu na amesiwo ava nɔ agbe le mawumavɔ̃mavɔ̃ me.” Kakaɖedzi le mía si be: ‘Yehowa ƒe ŋkeke la le vava ge godoo.’—Petro II, 2:5, 6; 3:10.

21. Aleke míate ŋu aɖe míaƒe dzigbɔɖi kple dzidodo afiae, eye nya ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

21 Ekema mina míato Yehowa ƒe dzigbɔɖi sɔsrɔ̃ me akpe ɖe amewo ŋu be woatrɔ dzime bena woakpɔ ɖeɖe. Eye mina míasrɔ̃ nyagblɔɖilawo ƒe dzigbɔɖi to nyanyuigbɔgblɔdɔa wɔwɔ dzigbɔɖitɔe me, togbɔ be amesiwo míeɖea gbeƒã na dometɔ aɖewo meɖoa to o hã. Gakpe ɖe eŋu la, ne míele dzi dom le dodokpɔwo me abe alesi Hiob hã do dzii ene la, kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía si be, ne míeyi edzi wɔ nuteƒe la, Yehowa ayra mí geɖe. Ne míekpɔ alesi Yehowa le agbagba siwo dzem eƒe amewo le be woaɖe gbeƒã nyanyuia le xexeame godoo la yramee la, susu geɖewo li si ta wòle be dzi nadzɔ mí le míaƒe subɔsubɔdɔa me ɖo. Míakpɔ alesi esia le le nyati si kplɔe ɖo me.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukatae Yehowa gbɔ dzi ɖi ɖo?

• Nukae míesrɔ̃ tso nyagblɔɖilawo ƒe dzigbɔɖi me?

• Nukawo mee Hiob do dzi le, eye nukae va do tso eme nɛ?

• Aleke míewɔ nya be seɖoƒe li na Yehowa ƒe dzigbɔɖi?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Yesu ɖe Fofoa ƒe dzigbɔɖi fia le mɔ deblibo nu

[Nɔnɔmetata siwo le axa 20]

Aleke Yehowa ɖo Yeremya ƒe dzigbɔɖi teƒe nɛ?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 21]

Teƒeɖoɖo kae Yehowa na Hiob ɖe eƒe dzidodo ta?