Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Kpe Ðe Ŋunye Meva Dze Si Eyama

Yehowa Kpe Ðe Ŋunye Meva Dze Si Eyama

Agbemeŋutinya

Yehowa Kpe Ðe Ŋunye Meva Dze Si Eyama

ABE ALESI FLORENCE CLARK GBLƆE ENE

Melé srɔ̃nyeŋutsu si ƒe lãme gblẽ vevie la ƒe alɔnu ɖe asi. Esi menye Anglikantɔ ta la, medo gbe ɖa na Mawu hedo ŋugbe nɛ be ne wòna srɔ̃nye haya eye meku o la, madii ake ɖe eŋu godoo ahazu etɔ.

WODZIM le September 18, 1937, le Ɣetoɖoƒe Australia ƒe saɖaga nuto si nye Kimberley Kponyigba gã gbadza dzi, le Oombulgurri-vidzidzi Dzɔleaƒewo dome, eye ŋkɔ si metɔ ɣemaɣie nye Florence Chulung.

Meɖoa ŋku nye ɖevimenɔɣi si me nyemetsia dzi ɖe naneke ŋu o la dzi kple dzidzɔ geɖe. Mesrɔ̃ nu ʋɛ aɖewo tso Mawu kple Biblia ŋu tso míaƒe sɔlemeha gbɔ, gake danyee fia Kristotɔwo ƒe gɔmeɖosewom. Esi menye ɖevi la, danye xlẽa Biblia nam edziedzi, si wɔe be tso keke ɖevime ke la melɔ̃a nusɔsrɔ̃ tso Mawu ŋu. Azɔ hã danye nɔvinyɔnu aɖe, si nye woƒe sɔlemeha me mawunyadɔgbedea, ƒe nu doa dzidzɔ nam ŋutɔ. Enye nye dzimedidi be mava nɔ abe eyama ene.

Xɔ ɖeka va ɖo xɔ atɔ̃ ƒe suku nɔ nuto si me míenɔ, si woyɔna tsã be Forrest River Mission, la me. Gaƒoƒo eve ƒe sukudede le ŋdi me ko ƒe ɖoɖoe nɔ suku sia me. Efia be nye sukunusɔsrɔ̃ made ŋgɔ boo o, eye nya sia ɖe fu na fofonye vevie. Edi be ye viwo nanya agbalẽ nyuie, eyata etso nya me be ƒomea naʋu tso Oombulgurri-nutoa me ayi ɖe du si nye Wyndham me. Melé blanui vevie le gbesigbe míadzo, gake le Wyndham la, ɖoɖo si li wɔe be mete ŋu dea suku gaƒoƒo si gbɔ wu, le ƒe ene siwo kplɔe ɖo me, tso 1949 vaseɖe 1952 me. Medaa akpe ŋutɔ be fofonye kpe ɖe ŋunye mete ŋu de suku alea.

Danye wɔa dɔ na ɖɔkta aɖe si le nutoa me, eye esi medo le suku le nye ƒe 15 xɔxɔ me la, ɖɔkta sia di dɔnɔdzikpɔdɔ nam le Wyndham kɔdzi. Mexɔ dɔ sia kple dzidzɔ, elabena dɔkpɔkpɔ awɔ ɣemaɣi menɔ bɔbɔe kura o.

Le ƒe aɖewo megbe la, meva do go yevuŋutsu lãnyila aɖe si ŋkɔe nye Alec. Míeɖe srɔ̃ le 1964 me le Derby, afisi medea Anglikan-sɔleme le edziedzi. Gbeɖeka Yehowa Ðasefowo va ƒo ʋɔ nam. Megblɔ na wo be woƒe nu medzɔa dzi nam kura o eyata womegava gbɔnye azɔ o. Ke hã, nya aɖe si wogblɔ la wɔ dɔ ɖe dzinye vevie—wobe Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.

“Ðe Màte Ŋu Ado Gbe Ða le Ðokuiwò Si Oa?”

Tso 1965 me la, nɔnɔmeawo meva nɔ mía dzi dem kura o. Afɔku sesẽ etɔ̃ aɖewo va dzɔ srɔ̃nye dzi—eƒe sɔ kɔe ƒu anyi zi eve eye edze lɔrifɔku hã zi ɖeka. Gake le Mawu ƒe amenuveve me la, eƒe lãme va sẽ wògadze dɔ gɔme. Gake eteƒe medidi o sɔ gatsɔe ƒu anyi ake. Fifia ya la, exɔ abi ɖe ta vevie. Esi meyi egbɔ le kɔdzi la, ɖɔkta na menya be srɔ̃nyea matsi agbe o. Metɔtɔ le ɖokuinye me ale gbegbe. Dɔnɔdzikpɔla aɖe gblɔ na dua me sɔfo aɖe be wòate ɖe ŋunye akpe ɖe ŋunye, gake osɔfoa gblɔ be: “Manya wɔ fifia o. Ke etsɔ ko wòanye!”

Megblɔ na Katolikoha ƒe nyɔnu saɖagaxɔmenɔla aɖe be medi be woƒe nunɔla nava gbɔnye ava do gbe ɖa kplim. Ke nyɔnua gblɔ be: “Nukae le fu ɖem na wò? Ðe màte ŋu ado gbe ɖa le ɖokuiwò si oa?” Eyata mete gbe dodo ɖa na kpetatawo siwo le sɔlemexɔa me be woakpe ɖe ŋunye—gake ɖeko wòglo. Sesẽm ɖe edzi koe srɔ̃nye ƒe lãmea nɔ. Nye ŋugblededee nye be, ‘Aleke wɔ ge mala ne wòadzɔ be srɔ̃nye ku?’ Menɔ mía vi etɔ̃awo—Christine, Nanette, kple Geoffrey—hã ŋu bum vevie. Aleke wole agbea nɔ gee ne fofo meva li o? Dzidzɔtɔe le ŋkeke etɔ̃ megbe la, srɔ̃nyea te hayahaya eye woɖe asi le eŋu le December 6, 1966 dzi.

Togbɔ be srɔ̃nyea nɔ hayahayam nyuie hã la, nu gblẽ le eƒe susu ŋu vevie. Nusia na be wòva nɔ nu wɔm adãtɔe eye eƒe seselelãme hã nɔa tɔtrɔm. Megagbɔa dzi ɖi na ɖeviawo kura o hekpɔa mɔ be woawɔ nu abe ame tsitsiwo ene eye ne womewɔe nenema o la, edoa dziku ɖe wo ŋu vevie. Edzikpɔkpɔ sesẽ ŋutɔ. Ehiã be mawɔ nusianu kloe nɛ. Eva hiã gɔ̃ hã be magbugbɔ afia nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔe. Alesi edzikpɔkpɔ bia nu geɖee kpakple aƒemedɔ siwo wòle be mawɔ la na nu te ŋunye ale gbegbe be nye hã meva dze dɔ vevie. Eyata ƒe adre le srɔ̃nye ƒe afɔkudzedzea megbe la, míelɔ̃ ɖe edzi be madzo le egbɔ vie aɖayɔ dɔ ɖokuinye.

Mekplɔ ɖeviawo heʋu yi du si nye Perth me, le anyiehe gome. Do ŋgɔ na du sia me yiyi la, Yehowa Ðasefowo va te Biblia sɔsrɔ̃ kple nɔvinyenyɔnu le Kununurra, si nye du sue aɖe si le Ɣetoɖoƒe Australia. Etsɔ nɔnɔmetata aɖe si ku ɖe Biblia ƒe ŋugbedodo tso paradisonyigba ŋu fiam le agbalẽ si nye Nyateƒe, Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Mee * me. Ena mekpɔe dze sii hã be ŋkɔ le Mawu si, eye be eyae nye Yehowa, eye nya sia do dzidzɔ nam ŋutɔ. Esi wònye be nyemese nya sia kpɔ le míaƒe sɔlemeha me o ta la, meɖoe be ne meɖo Perth henya kpɔ modzeanyi vie ko la, maƒo ka na Yehowa Ðasefowo godoo.

Gake menɔ hehem ɖe megbe vie na wo yɔyɔ. Ke gbeɖeka fiẽ la, míese ame aɖe ƒo míaƒe agbonuga. Vinyeŋutsuvi yi agboa nu hetrɔ gbɔ kple du be, “Dada, amesiwo nèbe yeaƒo ka na lae va.” Ewɔ nuku nam eye megblɔ nɛ be, “Gblɔ na wo be nyemeli o!” Gake vinyea ɖo ŋu nam be, “Danye ènyae be mele be mada alakpa o ɖe.” Vinyea ƒe nya sia na menyɔ le ɖokuinye, eyata meyi ɖaʋu ʋɔa. Esi menɔ wòezɔ dom na wo la, mekpɔe be wotsi yaa. Ame aɖe si ʋu dzo le aƒea me gbɔe wova hafi. Mena woge ɖe aƒea me eye mebia nya geɖe wo eye wona ŋuɖoɖo nyuiwom tso Biblia me.

Le kwasiɖa si kplɔe ɖo me la, Ðasefoawo dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplim edziedzi le agbalẽ si nye Nyateƒe, Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Mee me. Nusɔsrɔ̃ sia gade dzo menye ɖe nusɔsrɔ̃ tso Mawu ŋu. Kwasiɖa eve megbe la, mede Kristo Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzi ɖuƒe. Mete kpekpeawo dede Kwasiɖagbewo, eye eteƒe medidi o medea esiwo wowɔna le kwasiɖa domedomewo hã. Azɔ hã mete nusiwo mesrɔ̃ gbɔgblɔ na ame bubuwo. Meva de dzesii be kpekpe ɖe amewo ŋu be woasrɔ̃ Biblia me nyateƒewo na nye susu te akɔ dzedze anyi. Le ɣleti ade megbe la, mexɔ nyɔnyrɔ le nutome gã takpekpe aɖe si wowɔ le Perth dua me la me.

Esi nye Biblia me sidzedze va nɔ to dem ɖe edzi la, meva nya Yehowa ƒe nukpɔsusu ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ƒe kɔkɔenyenye ŋu, kpakple Biblia ƒe gɔmeɖose si le Korintotɔwo I, 7:13, si gblɔ be: “Ne ŋutsu, si mexɔ se o la, le nyɔnu aɖe si, eye wòdze ŋutsua ŋu be, yeanɔ egbɔ la, negagbe ŋutsu la o.” Mawunyakpukpui sia ƒoe ɖe nunye be matrɔ ayi Alec gbɔ.

Tɔtrɔ Yi Derby

Le June 21, 1979 dzi la, metrɔ gbɔ va Derby le dzodzo le srɔ̃nye gbɔ ƒe atɔ̃ kple edzivɔ megbe. Ele eme be nye susu nɔ wɔyem eveve le alesi srɔ̃nye awɔ nu ɖe nye tɔtrɔgbɔa ŋui ya. Gake ewɔ nuku nam be, ekpɔ dzidzɔ be metrɔ gbɔ, togbɔ be medo dzidzɔ nɛ be meva zu Yehowa Ðasefowo o hã. Egblɔ nam enumake be manɔ yewoƒe sɔleme si medena tsã hafi dzo yi Perth la dem. Meɖe eme nɛ be manya wɔ nam o. Medze agbagba vevie dea bubu eƒe tanyenye ŋu hewɔ tɔnye sinua abe srɔ̃nyɔnu Kristotɔ ene. Medze agbagba be maƒo nu nɛ tso Yehowa kple Eƒe ŋugbedodo lédziname siwo ku ɖe etsɔ si gbɔna ŋu, gake metsɔ fu lãme nɛ kura o.

Gake esi ɣeyiɣia va nɔ yiyim la, Alec va lɔ̃ ɖe nye subɔsubɔ yeyea dzi eye wòkpena ɖe ŋunye le ganyawo gome si wɔe be mete ŋu dea takpekpe sue kple gãwo kpakple kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe kpekpewo siaa. Medaa akpe ŋutɔ be eƒle ʋu nam—nusi hiã vevie le Australia ƒe saɖeaga nuto sia me—be mazã le Kristotɔ ƒe subɔsubɔdɔa me. Zi geɖe la, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo hekpe ɖe nutome sue dzikpɔla ŋu va dzea mía gbɔ ŋkeke geɖe. Esia wɔe be Alec va nya Ðasefo geɖe eye edze abe woƒe nu doa dzidzɔ nɛ ene.

Mese le Ðokuinye me abe Xezekiel Ene

Togbɔ be nɔviawo ƒe mía gbɔ dzedze nye kpekpeɖeŋu nam hã la, kuxi aɖe nɔ anyi. Eyae nye be nye ɖeka koe nye Ðasefo le Derby dua me. Hame si tsɔ ɖe gbɔnye wu la le keke Broome, si gbɔ didi kilomita 220 sɔŋ. Eyata meɖoe be mawɔ tɔnye sinua akaka nyanyuia. To Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, mewɔ ɖoɖo hete ɖaseɖiɖi tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu. Dɔ sia wɔwɔ menɔ bɔbɔe nam ya o, gake menaa apostolo Paulo ƒe nya siawo nɔa susu me nam ɖaa, be: “Metea ŋu wɔa nuwo katã le Kristo, amesi doa ŋusẽm la me.”—Filipitɔwo 4:13.

Nye dɔwɔnawo medoa dzidzɔ na dua me sɔfowo kura o, vevietɔ ne mele ɖase ɖim le míade tɔ Australia-vidzidzi Dzɔleaƒewo dome. Wodzea agbagba be yewoado vɔvɔ̃ nam ne madzudzɔ nye gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ. Ke hã, ɖeko woƒe tsitretsiɖeŋua gadoa ŋusẽm meɖonɛ kplikpaa yia dɔa dzi, eye medoa gbe ɖa na Yehowa edziedzi be wòakpe ɖe ŋunye. Dzideƒonya si wogblɔ na Xezekiel vaa susu me nam edziedzi, si gblɔ be: “Kpɔ ɖa, mana wò ŋku me nasẽ abe woƒe ŋku me ene, eye wò ŋgonu nanɔ kplala abe woƒe ŋgonu ene. Mawɔ wò ŋku me wòasẽ abe lotamekpe ene, eye wòalia wu ahliha; megavɔ̃ wo o, eye womegatso dzika ƒo na wò o.”—Xezekiel 3:8, 9.

Zi geɖe ne meyi nu ƒle ge le fiase me la, ŋutsu eve aɖewo siwo nye dua me sɔlemeha la me tɔwo tena ɖe ŋunye. Woɖua fewu le ŋunye kple gbe sesẽ be woatsɔ ahe nuƒlela bubuwo ƒe susu ɖe ŋunyee. Gake nyemedea nu eme na wo o. Gbeɖeka esi metrɔ yi ɖetsɔlemetɔ aɖe gbɔ la, sɔlemeha si le dua me ƒe osɔfo va gblɔ nam le ɖetsɔlemetɔa ŋkume be nyemexɔ Yesu dzi se o. Exɔ Biblia si mele ɖe asi la le asinye sesẽe, doe ɖe mo nam, hegatsɔe te ɖe asiƒome nam sesĩe. Mekpɔ eƒe ŋkume dũ, eye meyɔ nya tso Yohanes 3:16 tsɔ ɖo eŋu nɛ tufafatɔe gake kple dzideƒo be mexɔ Yesu dzi se. Ewɔ nuku nɛ ŋutɔ be meɖo nya ŋu nɛ dzideƒotɔe alea eyata ɖeko wòzɔ dzo nya aɖeke magblɔmagblɔe.

Gbeƒãɖeɖe le Australia-vidzidzi Dzɔleaƒewo dome le Derby nutoa me doa dzidzɔ nam ŋutɔ. Dua me sɔlemeha ƒe osɔfo aɖe dzea agbagba be yeaxe mɔ nam be magaɖe gbeƒã le nuto ɖeka aɖe ya me kura o, gake ɖeko wova ɖee dzoe le dua me. Eyata mete ŋu yi ɖagblɔa Biblia me gbedasia na wo. Enye nye didi ɣeawokatãɣi be manye mawunyadɔgbedea abe danye nɔvinyɔnua ene, eye le nyateƒe me la didi sia va eme nam, elabena nyanyuigblɔlae menye fifia le kpekpem ɖe amewo ŋu be woasrɔ̃ Mawu ƒe Nya la. Australia-vidzidzi Dzɔleaƒewo dometɔ geɖe ɖoa to nya si meɖea gbeƒãe la nyuie, si na be medze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple ame geɖe.

Metsɔa Gbɔgbɔmenuwo Nu Vevii

Le ƒe atɔ̃ sɔŋ me la, nye ɖeka koe nye Yehowa Ðasefo le Derby. Mekpɔe be dzideƒonamenya si míexɔna tsoa haxɔsetɔwo gbɔ to hadede kple wo le kpekpewo me edziedzi manɔmee la, tenɔnɔ sesĩe le gbɔgbɔ me nyea nu sesẽ. Gbeɖeka la, mekpɔe be dzi ɖe le ƒonye ale gbegbe eyata ɖeko mege ɖe nye ʋu me ko hekui do go le aƒea me. Kaka matrɔ agbɔ le ɣetrɔ me la, nɔvinyɔnu aɖe kple via adre nɔ aƒea me nɔ lalayem. Wotso keke hame si le Broome me va, eye wotsɔ agbalẽwo ɖe asi vɛ nam. Tso ɣemaɣi dzi la, nɔvinyɔnu sia si ŋkɔe nye Betty Butterfield la wɔa ɖoɖo vana Derby zi ɖeka ɣleti sia ɣleti va nɔa mía gbɔ kwasiɖanuwuwuwo. Míeyia gbeadzi ɖekae eye emegbe míesrɔ̃a Gbetakpɔxɔ hã ɖekae le míaƒe aƒea me. Nye hã meyia Broome zi ɖeka ɣleti sia ɣleti.

Nɔvi siwo le Broome dzea agbagba zɔa mɔ legbee sia ɣeaɖewoɣi va kpena ɖe ŋunye le gbeadzisubɔsubɔdɔa me le Derby. Wodea dzi ƒo na nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu siwo tso du bubuawo me be ne wo dometɔ aɖe va to Derby yina afi aɖe la, woadze agbagba adim ahayi gbeadzi kplim. Zi geɖe nɔvi mɔzɔla siawo léa dutoƒonuƒowo ɖe kasɛt dzi tsɔna vanɛ nam meƒona sena. Wo dometɔ aɖewo wɔa ɖeka kplim míesrɔ̃a Gbetakpɔxɔ. Sasrãkpɔ kpui siawo dea dzi ƒo nam ale gbegbe.

Kpekpeɖeŋu Bubuwo

Hena ƒe aɖewo la, mexɔ ŋusẽdodo bubuwo, ne Arthur kple Mary Willis, siwo nye srɔ̃tɔwo tso Ɣetoɖoƒe Australia ƒe anyiehe gome, siwo xɔ dzudzɔ le dɔme la va mía gbɔ le vuvɔŋɔliwo, henɔ anyi ɣleti etɔ̃ hafi dzo. Nɔviŋutsu Willis kpɔa kpekpeawo dometɔ akpa gãtɔ dzi eye wòxɔa ŋgɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Míezɔa mɔ ɖekae yia Kimberley Kponyigba gã gbadza ƒe nuto siwo gasa ɖe aga wu la me, ɖaɖea gbeƒã na nyikplɔlawo le teƒe didi siawo. Ɣesiaɣi si Nɔviŋutsu kple Nɔvinyɔnu Willis trɔ dzo la, mesena le ɖokuinye be nu gã aɖe bu ɖem.

Mlɔeba le 1983 ƒe nuwuwu lɔƒo la, mese dzidzɔnya aɖe be ƒome aɖe—Danny kple Denise Sturgeon kple wo viŋutsu ene—ʋu gbɔna Derby nɔ ge. Esi wova la, míete ŋu wɔa kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe kpekpewo edziedzi eye míekpɔa gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ɖekae. Le ƒe 2001 me la, woɖo hame ɖe dua me. Egbea le Derby la, hame sẽŋu si me Fiaɖuƒegbeƒãɖela 24, hamemegã eve kple subɔsubɔdɔwɔla ɖeka le la li, eye wokpɔa míaƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ na mí nyuie. Ɣeaɖewoɣi la, kpekpea valawo ɖoa 30.

Ne mebu ƒe siwo va yi ŋu la, dzi dzɔam be Yehowa kpe ɖe ŋunye be meva nye esubɔla. Togbɔ be srɔ̃nye mewɔ ɖeka kplim le xɔse me haɖe o hã la, eyia edzi kpena ɖe ŋunye le mɔ bubuwo nu. Ƒonyemetɔ kplikplikpli atɔ̃ va zu Ðasefo xɔnyɔnyrɔwo—woawoe nye vinyenyɔnu eve, mamayɔvi eve siwo nye nyɔnuwo, kple nɔgãyɔvi ɖeka. Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa ƒe amewo le Biblia srɔ̃m kple ƒonyemetɔ bubu geɖewo.

Le nyateƒe me la, medaa akpe be Yehowa kpe ɖe ŋunye be meva dze si eyama. Meɖoe kplikpaa be manye etɔ ɖaa.—Psalmo 65:3.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 14 Yehowa Ðasefowo tae gake womegale etam azɔ o.

[Map/Pictures on page 15]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

AUSTRALIA

Wyndham

Kimberley Kponyigba

Derby

Broome

Perth

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Kangaroo and lyrebird: Lydekker; koala: Meyers

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Dɔnɔdzikpɔdɔ wɔwɔ le Wyndham kɔdzi, le ƒe 1953 me

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Derby Hamea, ƒe 2005