Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Míehiã Mesia Aɖea?

Ðe Míehiã Mesia Aɖea?

Ðe Míehiã Mesia Aɖea?

ÀNYA bia kpɔ be, “Ðe míehiã na Mesia la?” Ẽ, nunya le eme be nàdi be yeanya ne Mesia la ƒe vava aɖe vi ŋutɔŋutɔ aɖe na ye.

Ðewohĩ amesiwo ƒe nukpɔsusu ŋu nèdea bubui aka ɖe edzi na wò be nya sia ƒe ŋuɖoɖo si me kɔ eye ɖikeke mele eme o ye nye be: Èhiã na Mesia la abe alesi ame bubu ɖesiaɖe hã hiãe ene. Ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔwo ƒe seŋutinunyala bibi aɖe ŋlɔ tso Mesia la ŋu be: “Mawu ƒe ŋugbedodowo katã va zu ‘Ẽ’ le eyama me.” Eyata ame ma te gbe ɖe akpa vevi si Mesia ava wɔ be Wɔlaa ƒe tameɖoɖo be yeayra anyigba dzi dukɔwo katã nava eme la dzi. (Korintotɔwo II, 1:20, Nubabla Yeye La) Mesia la ƒe wɔƒe le vevie ale gbegbe be eƒe vava kple agbenɔnɔ le anyigba dzi koŋ dzie Biblia me nyagblɔɖiwo he susu yii. Le agbalẽ aɖe si ame miliɔn geɖe zã ƒe 70 sɔŋ enye sia me la, Henry H. Halley gblɔ be: “Woŋlɔ Nubabla Xoxoa be wòana amewo nakpɔ mɔ na [Mesia la] ƒe Vava tsɔ dzra mɔ dzi ɖo nɛ.” Gake ɖe eƒe vava le veviea? Nukata wòle be nya sia naka wò?

Nya “Mesia” gɔmee nye “Amesiamina,” eye wòsɔ kple ŋkɔ nyanyɛ “Kristo.” Eva hiã be Amesia si Encyclopædia Britannica, ƒe 1970 tɔ yɔ be “ɖela gãtɔ kekeake,” la nava le atsu kple asi gbãtɔ, Adam kple Xawa, ƒe nugbegblẽwɔwɔ ta. Wowɔ wo wonye ame deblibowo, eye agbe tegbee nɔnɔ le dzidzɔ me le Paradiso me ƒe mɔkpɔkpɔ nɔ wo si, gake wobu mɔkpɔkpɔ ma. Mawudɔla dzeaglã aɖe si wova yɔ be Satana Abosam gblɔ na wo be wo Wɔla ƒe sewo sesẽ akpa, eye be eme anyo na wo wu ne woa ŋutɔwo tso nya me le nusi nye nyui kple vɔ̃ ŋu.—Mose I, 3:1-5.

Satana Abosam ble Xawa eye wòxɔ alakpanya ma dzi se. Ewɔ abe Adam de asixɔxɔ woa kple srɔ̃a dome ƒomedodoa ŋu wu nuteƒewɔwɔ na Mawu ene, eye wòwɔ ɖeka kplii le aglãdzedze si Abosam nɔ megbe na la me. (Mose I, 3:6; Timoteo I, 2:14) Menye woa ŋutɔwo ɖeɖe ƒe agbe tegbee nɔnɔ le paradiso me ƒe mɔkpɔkpɔ koe bu ɖe wo o. Domenyinu si wogblẽ ɖi na woƒe dzidzimeviwoe nye nuvɔ̃ kple ku si do tso woƒe aglãdzedzea me.—Romatɔwo 5:12.

Mía Wɔla, Yehowa, wɔ ɖoɖo enumake be wòatsɔ aɖɔ aglãdzedze ma me tsonuwo ɖoe. Ele gɔmeɖose si nye agbe ɖe agbe teƒe, si va dze emegbe le Mose ƒe Sea me, ŋudɔ wɔ ge atsɔ adzra eya ŋutɔ kple ameƒomea dome ɖo. (Mose V, 19:21; Yohanes I, 3:8) Gɔmeɖose sia dzi koe wòle be woawɔ ɖo hafi Adam kple Xawa ƒe dzidzimevi maɖifɔwo nate ŋu akpɔ agbe mavɔ le paradisonyigba dzi abe alesi Wɔlaa ɖo tame na ameƒomeae ene. Esia tae wòle be Mesia la nava ɖo.

Esime Yehowa Mawu nɔ kufia tsom na Abosam la, egblɔ le Biblia me nyagblɔɖi gbãtɔ me be: “Made adikã mia kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome, eya la agbã ta na wò, eye wò la, àɖu afɔkpodzi nɛ.” (Mose I, 3:15) Biblia-nyala aɖe gblɔ be “nya siae nye ŋugbedodo siwo le Ŋɔŋlɔawo me ku ɖe Mesia ŋu dometɔ gbãtɔ.” Biblia-nyala bubu gblɔ be Mesia lae Mawu azã “atsɔ aɖɔ ame gbãtɔawo ƒe nuvɔ̃ me tsonuwo ɖo,” eye wòahe yayrawo vɛ na ameƒomea mlɔeba.—Hebritɔwo 2:14, 15.

Ke hã, ànya de dzesii be amesiwo li egbea ƒe asi metu yayra siwo ŋugbe wodo la haɖe o. Mɔkpɔkpɔ bu ɖe ameƒomea wòwɔ nublanui ale gbegbe. Eyata The World Book Encyclopedia gblɔ be: “Yudatɔ geɖe gale mɔ kpɔm na Mesia la ƒe vava” eye be “ava ɖɔ nuwo ɖo ahana ameawo naɖu woƒe futɔwo dzi.” Gake Biblia ya gblɔ be Mesia la va xoxo. Ðe susu aɖe li si ta wòle be nàxɔ nusi Biblia gblɔ dzi asea? Nyati si kplɔ esia ɖo aɖo nya ma ŋu.