Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðoɖo Hena Mawu Ƒe Tameɖoɖo Me Vava

Ðoɖo Hena Mawu Ƒe Tameɖoɖo Me Vava

Ðoɖo Hena Mawu Ƒe Tameɖoɖo Me Vava

‘Mawu wɔa nuwo katã le eƒe lɔlɔ̃nu ƒe adaŋudede nu.’—Efesotɔwo 1:11.

1. Nukatae Yehowa Ðasefowo katã akpe ta le woƒe hamewo me le April 12, 2006?

LE Kuɖagbe, April 12, 2006 ƒe fiẽ la, ame miliɔn 16 aɖewo aƒo ƒu be yewoaɖu Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu la. Le teƒe ɖesiaɖe si woaƒo ƒu ɖo la, woaɖo kplɔ̃ aɖe si dzi abolo maʋamaʋã kple wein dzĩ anɔ. Aboloa atsi tre ɖi na Kristo ƒe ŋutilã eye wein la atsi tre ɖi na eƒe ʋu si wòkɔ ɖe anyi. Woaƒo nuƒo aɖe si aɖe gɔmesese si le Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia ŋu me, eye ne nuƒoa yina enu wu ge la, woatsɔ kpɔɖeŋunuawo atsae le vavalawo katã dome—woatsɔ aboloa atsa gbã, eye emegbe wein la akplɔe ɖo. Le Yehowa Ðasefowo ƒe hame ʋɛ aɖewo me la, ame ɖeka eve aɖewo aɖu kpɔɖeŋunuawo. Gake amesiwo ava la dometɔ geɖe maɖu nuawo o. Nukatae Kristotɔ ʋɛ aɖewo, siwo le mɔ kpɔm be yewoayi dziƒo koe aɖu nuawo, evɔ ame akpa gãtɔ, siwo le mɔ kpɔm be yewoanɔ agbe tegbee le anyigba dzi, ya maɖui o?

2, 3. (a) Aleke Yehowa wɔ nuwo abe alesi wòɖo tamee ene? (b) Tameɖoɖo ka tae Yehowa wɔ anyigbaa kple ameƒomea ɖo?

2 Tameɖoɖo ƒe Mawue Yehowa nye. Be wòana eƒe tameɖoɖo nava eme la, “[ewɔa] nuwo katã le eƒe lɔlɔ̃nu ƒe adaŋudede nu.” (Efesotɔwo 1:11) Eƒe Tenuvi lae wòwɔ gbã. (Yohanes 1:1, 14; Nyaɖeɖefia 3:14) Emegbe Yehowa to Via sia dzi wɔ gbɔgbɔmeviwo ƒe ƒome aɖe kple nusiwo wokpɔna, siwo dometɔ aɖewoe nye anyigba la kple amegbetɔ siwo le edzi.—Hiob 38:4, 7; Psalmo 103:19-21; Yohanes 1:2, 3; Kolosetɔwo 1:15, 16.

3 Menye ɖe Yehowa wɔ anyigba la heda ame ɖe edzi kple susu be ne eva dze emegbe la, ne yeakplɔe wòava nɔ yeƒe gbɔgbɔmeviwo ƒe ƒomea me le dziƒo, abe alesi wofianae le Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo mee ene o. Tameɖoɖo aɖe koŋ tae wòwɔ anyigbaa ɖo, si nye be “woanɔ edzi.” (Yesaya 45:18) Amegbetɔ tae Mawu wɔ anyigbaa ɖo, eye anyigbaa tae wòwɔ amegbetɔ hã ɖo. (Psalmo 115:16) Ðe wòɖoe be anyigba bliboa nazu paradiso, si me ame dzɔdzɔewo anɔ ahalé be na hafi. Womegblɔ na atsu kple asi gbãtɔa kpɔ be woava nɔ agbe le dziƒo mlɔeba o.—Mose I, 1:26-28; 2:7, 8, 15.

Wotsɔ Nya Ðe Yehowa ƒe Tameɖoɖo Ŋu

4. Alekee wotsɔ nya ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye ŋui le amegbetɔ wɔwɔ vɔ megbe teti ko?

4 Mawu ƒe gbɔgbɔmevi aɖe zã tiatiawɔwɔblɔɖe si Mawu nae la ɖe mɔ gbegblẽ nu, si wɔe be wòva dze aglã heɖoe be yeagblẽ Yehowa ƒe tameɖoɖo me. Egblẽ ŋutifafa si me amesiwo bɔbɔ ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye te nɔ la hã me. Satana na ame eve gbãtɔawo di be yewoanɔ yewo ɖokui si. (Mose I, 3:1-6) Metsi tre ɖe ŋusẽ si le Yehowa si ŋu o, gake etsɔ nya ɖe eŋu be medze aɖu dzi o. Aleae wòva dzɔe be wova tsɔ nya ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye ŋu le anyigba dzi afisia, le amegbetɔ wɔwɔ vɔ megbe teti ko.

5. Nya bubu ka hãe fɔ ɖe te, eye amekawo ŋue wòku ɖo?

5 Nya bubu aɖe si hã fɔ ɖe te kpe ɖe xexeame katã ƒe dziɖulanyenye ƒe nya la ŋue nye esi Satana fɔ ɖe te le Hiob ƒe ŋkekea me. Satana gblɔ be menye susu nyui ye le Yehowa ƒe nuwɔwɔ siwo bɔbɔ ɖe ete hele esubɔm la si o. Satana ƒe nyawo fia be ɖokuitɔdidi tae wole Mawu subɔm ɖo, eye be ne dodokpɔwo va wo dzi la, woatrɔ ɖa le eyome. (Hiob 1:7-11; 2:4, 5) Togbɔ be Yehowa subɔla amegbetɔwo ŋue Satana tsɔ nyaa ɖo hã la, eku ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔmeviwo hã ŋu; eku ɖe Yehowa ƒe Tenuvia kura gɔ̃ hã ŋu.

6. Alekee Yehowa ɖee fia be yewɔ ɖe yeƒe tameɖoɖo kple gɔmesese si le yeƒe ŋkɔa ŋu dzii?

6 Yehowa wɔ nu wòsɔ kple eƒe tameɖoɖo kpakple gɔmesese si le eƒe ŋkɔa ŋu heɖo eɖokui Nyagblɔɖila kple Ðela. * Egblɔ na Satana be: “Made adikã mia kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome, eya la agbã ta na wò, eye wò la, àɖu afɔkpodzi nɛ.” (Mose I, 3:15) Yehowa ato eƒe “nyɔnu,” si nye eƒe habɔbɔa ƒe akpa si le dziƒo la ƒe Dzidzimevia dzi aɖo nya siwo Satana fɔ ɖe te la ŋu, ahana ɖeɖekpɔkpɔ kple agbe ƒe mɔkpɔkpɔ Adam ƒe dzidzimeviwo.—Romatɔwo 5:21; Galatiatɔwo 4:26, 31.

“Eƒe Lɔlɔ̃nu ƒe Nya Ɣaɣla” Kɔkɔe La

7. Tameɖoɖo kae Yehowa ɖe fia to apostolo Paulo dzii?

7 Le apostolo Paulo ƒe lɛta si wòŋlɔ na Kristotɔ siwo nɔ Efeso me la, eƒo nu tso ɖoɖo si Yehowa wɔ be yeana yeƒe tameɖoɖo nava eme ŋu wònya se ŋutɔ. Paulo ŋlɔ be: “[Ena] míenya eƒe lɔlɔ̃nu ƒe nya ɣaɣla [kɔkɔe] la le eƒe ŋudzedze, si wòɖo ɖi le eɖokui me la nu hena azãgbewo ƒe ɖoɖo ƒe nuɖoanyi, bene woaƒo nuwo katã nu ƒu ade ta ɖeka te le Kristo me, nusiwo le dziƒo kple nusiwo le anyigba dzi la.” (Efesotɔwo 1:9, 10) Yehowa ƒe tameɖoɖoe nye be yeana nuwɔwɔ siwo bɔbɔ ɖe yeƒe dziɖulanyenye te lɔlɔ̃tɔe la nawɔ ɖeka. (Nyaɖeɖefia 4:11) Ema ana woakɔ eƒe ŋkɔ ŋuti, woaɖee afia be Satana nye aʋatsokala, eye woawɔ eƒe lɔlɔ̃nu “le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene.”—Mateo 6:10.

8. Nya si gɔme woɖe be “ɖoɖo” la gɔme ɖe?

8 Yehowa ƒe “lɔlɔ̃nu” alo tameɖoɖo nyui la ava eme to “ɖoɖo” aɖe dzi. Nya si Paulo zã la gɔmeɖeɖe tẽ enye “aƒedzikpɔɖoɖo.” Menye dziɖuɖu, abe Mesia Fiaɖuƒea ene, ŋue wòku ɖo o, ke boŋ alesi woawɔ ɖoɖo ɖe nuwo ŋu ŋue. * Mɔ nyui si dzi Yehowa ato awɔ ɖoɖo ɖe nuwo ŋu be eƒe tameɖoɖo nava eme la aku ɖe ‘nya ɣaɣla kɔkɔe’ aɖe si gɔme woava se vivivi le ƒe alafawo megbe la ŋu.—Efesotɔwo 1:10; 3:9.

9. Alekee Yehowa ɖe eƒe lɔlɔ̃nu ƒe nya ɣaɣla kɔkɔe la fia vivivii?

9 Yehowa wɔ nubabla geɖe tsɔ ɖe alesi wòana eƒe tameɖoɖo ku ɖe Dzidzimevi si ŋugbe wòdo le Eden-bɔa me ŋu ava emee la me vivivi. Nubabla si wòwɔ kple Abraham ɖee fia be Dzidzimevi si ŋugbe wòdo la ava anyigba dzi to Abraham ƒe ƒomea dzi, eye be eya dzie “anyigba dzi dukɔwo katã” ato ayra wo ɖokui. Nubabla ma ɖee fia be ame bubuwo hã anye dzidzimevia ƒe akpa vevitɔ la me tɔwo. (Mose I, 22:17, 18) Se ƒe nubabla si Yehowa wɔ kple dzɔdzɔme Israel la ɖee fia be eɖo tame be yeaɖo “nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe” aɖe anyi. (Mose II, 19:5, 6) Nu si wòbla kple Dawid ɖee fia be Dzidzimevia anye Fiaɖuƒe aɖe ƒe Fia yi mavɔmavɔ me. (Samuel II, 7:12, 13; Psalmo 89:4, 5) Esi Se ƒe nubablaa kplɔ Yudatɔwo va Mesia la gbɔ megbe la, Yehowa ɖe eƒe tameɖoɖoa me vava ƒe akpa bubuwo fia. (Galatiatɔwo 3:19, 24) Amegbetɔ siwo anye dzidzimevia ƒe akpa vevitɔa anye “nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe” si ƒe nya wogblɔ ɖii, eye woava nɔ ‘nubabla yeye’ aɖe me ahazu “Israel” yeye si nye gbɔgbɔmetɔ.—Yeremya 31:31-34; Hebritɔwo 8:7-9. *

10, 11. (a) Aleke Yehowa na wonya Dzidzimevi si ŋugbe wòdo lae? (b) Nukatae Mawu ƒe Tenuvi la va anyigba dzi ɖo?

10 Abe alesi Mawu wɔ ɖoɖo ɖe eƒe tameɖoɖo me vava ŋu ene la, ɣeyiɣia va de be Dzidzimevi si ŋugbe wodo la nava anyigba dzi. Yehowa dɔ mawudɔla Gabriel wòva gblɔ na Maria be adzi ŋutsuvi si woayɔ be Yesu. Mawudɔla la gblɔ na Maria be: “Eya la anye gã, eye woayɔe be dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi, eye Aƒetɔ Mawu la atsɔ fofoa Dawid ƒe fiazikpui la anae; eye wòaɖu fia le Yakob ƒe aƒe dzi tegbetegbe, eye nuwuwu manɔe na eƒe fiaɖuƒe la o.” (Luka 1:32, 33) Eyata míeva nya amesi Dzidzimevia nye la nyuie azɔ.—Galatiatɔwo 3:16; 4:4.

11 Ele be Yehowa ƒe Tenuvi la nava anyigba dzi eye woadoe akpɔ bliboe. Yesu koe ate ŋu aɖo Satana ƒe gbetɔamea ŋu keŋkeŋ. Ðe wòayi edzi awɔ nuteƒe na Fofoa? Esia ku ɖe nya ɣaɣla kɔkɔe aɖe ŋu. Apostolo Paulo ɖe akpa si Yesu awɔ la me emegbe be: “Gã enye mawusosroɖa ƒe nya ɣaɣla [kɔkɔe] la: Eɖe eɖokui fia le ŋutilã me, wotso afia nɛ le [gbɔgbɔ] me, eɖe eɖokui fia mawudɔlawo, woɖe gbeƒãe le trɔ̃subɔlawo dome, woxɔ edzi se le xexeame, woxɔe yi dzi le ŋutikɔkɔe me.” (Timoteo I, 3:16) Nyateƒee, Yesu to eƒe nuteƒewɔwɔ bliboe vaseɖe ku me dzi ɖo Satana ƒe gbetɔamea ŋu keŋkeŋ. Gake nya ɣaɣla kɔkɔea ƒe akpa bubuwo gali siwo me wòle be woaɖe.

Mawufiaɖuƒe la ƒe Nya Ɣaɣla Kɔkɔe’

12, 13. (a) ‘Mawufiaɖuƒe la ƒe nya ɣaɣla kɔkɔe’ la ƒe akpa aɖee nye ka? (b) Nukae Yehowa ƒe ame xexlẽme aɖe tiatia be woayi dziƒo bia?

12 Ɣeaɖeɣi si Yesu nɔ gbeƒãɖeɖedɔa wɔm le Galilea la, eɖee fia be nya ɣaɣla kɔkɔe la ku ɖe yeƒe Mesia Fiaɖuƒedziɖuɖua ŋu. Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Miawo la, wona mi bena, mianya dziƒofiaɖuƒe [“mawufiaɖuƒe,” Marko 4:11] la ƒe nu ɣaɣlawo, ke woawo la, womena wo o.” (Mateo 13:11) Nya ɣaɣla ma ƒe akpa aɖee nye alesi Yehowa tia ame 144,000 ƒe “ha sue” aɖe be woanye dzidzimevia ƒe akpa aɖe kpe ɖe Via ŋu, eye woaɖu fia kplii le dziƒo.—Luka 12:32; Nyaɖeɖefia 14:1, 4.

13 Esi wònye ɖe wowɔ amegbetɔwo be woanɔ anyigba dzi ta la, eva hiã be Yehowa nawɔ ‘nu yeye’ aɖe ale be amegbetɔ aɖewo nayi dziƒo. (Korintotɔwo II, 5:17) Apostolo Petro, si nye amesiwo wona dziƒoyiyi ƒe mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ sia dometɔ ɖeka, gblɔ be: “Woakafu Mawu, mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, amesi gbugbɔ mí gadzi le eƒe nublanuikpɔkpɔ geɖe la nu hena mɔkpɔkpɔ gbagbe to Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome la me, hena domenyinyi magblẽmagblẽ, maƒoɖi, maluxe, si wodzra ɖo ɖi le dziƒo na mí.”—Petro I, 1:3, 4.

14. (a) Aleke amesiwo menye Yudatɔwo o va kpɔ gome le ‘Mawufiaɖuƒe la ƒe nya ɣaɣla’ la mee? (b) Nukatae míete ŋu sea “Mawu ƒe nu gogloawo” gɔme ɖo?

14 Nya ɣaɣla kɔkɔe la ƒe akpa bubu si ku ɖe Fiaɖuƒedziɖuɖua ŋue nye alesi Mawu lɔ̃ be amesiwo menye Yudatɔwo o hã nanɔ ame ʋɛ siwo woyɔ be woaɖu dzi kple Kristo le dziƒo la dome. Paulo ɖe Yehowa ƒe “ɖoɖo,” alo alesi wòna eƒe tameɖoɖoa le eme vamee, ƒe akpa sia me ale: “Womena amegbetɔviwo nya le ŋɔli bubuwo me o, abe alesi woɖee fia eƒe apostolowo kple nyagblɔɖila kɔkɔewo le gbɔgbɔ la me azɔ la ene o, bena trɔ̃subɔlawo zu ŋugbedodo la ƒe hadomenyilawo kple hadelawo kple gomekpɔlawo le Kristo Yesu me to nyanyui la me.” (Efesotɔwo 3:5, 6) Wona ‘apostolo kɔkɔewo’ se nya ɣaɣla kɔkɔea ƒe akpa sia gɔme. Nenema kee egbea la, ne menye gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe kpekpeɖeŋu ye o la, anye ne míate ŋu ase “Mawu ƒe nu gogloawo” gɔme o.—Korintotɔwo I, 2:10; 4:1; Kolosetɔwo 1:26, 27.

15, 16. Nukatae Yehowa tia amesiwo aɖu dzi kpe ɖe Kristo ŋu la tso amegbetɔwo dome ɖo?

15 Wogblɔ tso “ame akpe alafa ɖeka blane vɔ ene” siwo wokpɔ wole tsitre ɖe “alẽvi” la gbɔ le dziƒo Zion-to dzi la ŋu be wonye amesiwo “woƒle tso anyigba dzi,” “woƒle wo tso amewo dome, be woanye ŋgɔgbetɔwo na Mawu kple alẽvi” Kristo Yesu. (Nyaɖeɖefia 14:1-4) Yehowa tia eƒe ŋgɔgbevi le via siwo le dziƒo dome be wòanye dzidzimevi si ŋugbe wodo le Eden-bɔa me la ƒe akpa vevitɔ, gake, nukatae wòtia Kristo ƒe hadɔwɔlawo ya tso ameƒomea dome ɖo? Apostolo Paulo ɖe eme be Yehowa ŋutɔe tia wo “le tameɖoɖoɖi la nu,” “le eƒe lɔlɔ̃nu ƒe ŋudzedze la nu.”—Romatɔwo 8:17, 28-30; Efesotɔwo 1:5, 11; Timoteo II, 1:9.

16 Yehowa ƒe tameɖoɖoe nye be yeakɔ yeƒe ŋkɔ gã kɔkɔe la ŋu ahaʋli yeƒe xexeame katã ƒe dziɖulanyenye ta. Yehowa to eƒe “ɖoɖo” si me nunya gãtɔ kekeake dze le dzi na eƒe Ŋgɔgbevia va anyigba dzi, afisi wodoe kpɔ bliboe le. Gawu la, Yehowa ɖoe be amegbetɔ siwo wɔ nuteƒe na yeƒe dziɖuɖua vaseɖe ku me hã nakpɔ gome le Via ƒe Mesia Fiaɖuƒea me.—Efesotɔwo 1:8-12; Nyaɖeɖefia 2:10, 11.

17. Nukatae míate ŋu akpɔ dzidzɔ be Kristo kple eƒe hatidziɖulawo nye amegbetɔwo kpɔ?

17 Yehowa ɖe lɔlɔ̃ gã si le esi na Adam ƒe dzidzimeviwo fia esi wòdɔ Via ɖo ɖe anyigba dzi hetia amesiwo anye hatidziɖulawo kple Via le Fiaɖuƒea me la tso amegbetɔwo dome. Aleke ema aɖe vi na ame bubu siwo wɔ nuteƒe na Yehowa tso keke Habel dzii? Esi wònye amegbetɔ madeblibowo nyi nuvɔ̃ kple ku ƒe dome ta la, ahiã be woayɔ dɔ wo le gbɔgbɔ me kple le ŋutilã me, si ana woade blibo, abe alesi Yehowa ɖoe be wòanɔ tso gɔmedzedzea na ameƒomea ene. (Romatɔwo 5:12) Efaa akɔ na amesiwo le mɔ kpɔm be yewoanɔ agbe tegbee le anyigba dzi la ŋutɔ, be woanyae be yewoƒe Fia la aɖe lɔlɔ̃ kple nugɔmesese afia yewo dɔmenyotɔe abe alesi tututu wòɖee fia eƒe nusrɔ̃lawo le eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa mee ene. (Mateo 11:28, 29; Hebritɔwo 2:17, 18; 4:15; 7:25, 26) Eye dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònye na wo be woanyae be amesiwo anye fiawo kple nunɔlawo kpe ɖe Kristo ŋu la nye ŋutsu kple nyɔnu xɔsetɔ siwo ŋutɔ hã ŋu gbɔdzɔgbɔdzɔ nɔ tsã eye woto agbemekuxi sesẽwo me kpɔ, abe míawo ke ene!—Romatɔwo 7:21-25.

Yehowa ƒe Tameɖoɖo si Medoa Kpo Emevava Gbeɖe O

18, 19. Nukatae míeva se Paulo ƒe nya siwo le Efesotɔwo 1:8-11 la gɔme ɖe edzi nyuie wu, eye nuka mee míadzro le nyati si gbɔna me?

18 Míate ŋu ase Paulo ƒe nya siwo wògblɔ na Kristotɔ amesiaminawo, si dze le Efesotɔwo 1:8-11 la gɔme nyuie wu azɔ. Egblɔ na wo be Yehowa na wonya “eƒe lɔlɔ̃nu ƒe nya ɣaɣla” kɔkɔe la, be ‘woɖo wo be woanye domenyilawo’ kple Kristo, eye be “woɖo [wo] ɖi le amesi wɔa nuwo katã le eƒe lɔlɔ̃nu ƒe adaŋudede nu la, ƒe tameɖoɖoɖi la nu.” Míekpɔe be esia sɔ ɖe Yehowa ƒe “ɖoɖo” wɔnuku hena eƒe tameɖoɖo me vava nu. Esia kpe ɖe mía ŋu hã míese nusitae Kristotɔ siwo dea Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu la dometɔ ʋɛ aɖewo koe ɖua kpɔɖeŋunuawo la gɔme.

19 Le nyati si gbɔna me la, míakpɔ nusi Kristo ƒe Ŋkuɖodzia fia na Kristotɔ siwo si dziƒomɔkpɔkpɔ le. Eye míasrɔ̃ nusitae wòle be ame miliɔn geɖe siwo le mɔ kpɔm be yewoanɔ agbe tegbee le anyigba dzi la natsɔ ɖe le gɔmesese si le Ŋkuɖodzia ŋu me vevie.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 6 Mawu ƒe ŋkɔa gɔme ɖeɖe tẽ enye “Enana Wòvaa Eme.” Yehowa ate ŋu azu nusianu si hiã be eƒe tameɖoɖo nava eme.—Mose II, 3:14.

^ mm. 8 Paulo ƒe nyawo fia be “ɖoɖo” ma nɔ dɔ wɔm le eƒe ɣeyiɣia me, evɔ Ŋɔŋlɔawo ɖee fia be ƒe 1914 me hafi woɖo Mesia Fiaɖuƒea ya anyi.

^ mm. 9 Ne èdi nubabla siawo siwo ku ɖe Mawu ƒe tameɖoɖo me vava ŋu ŋuti numedzodzro tsitotsito la, kpɔ Gbetakpɔxɔ, February 1, 1989, axa 10-15.

Numetoto

• Nukatae Yehowa wɔ anyigbaa hetsɔ ame da ɖe edzi?

• Nukatae wòva hiã be woado Yehowa ƒe Tenuvi la akpɔ le anyigba dzi?

• Nukatae Yehowa tia Kristo ƒe hatidziɖulawo tso amegbetɔwo dome ɖo?

[Biabiawo]