Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Míekpɔ Mesia La”

“Míekpɔ Mesia La”

“Míekpɔ Mesia La”

“MÍEKPƆ Mesia la.” “Míekpɔ . . . amesi ŋuti woŋlɔ [nya] ɖi le le Mose ƒe se la kple nyagblɔɖilawo me.” Ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔ nuteƒewɔla evee gblɔ nya wɔdɔɖeamedzi mawo. Mesia si wonɔ mɔ kpɔm na xoxo la va ɖo mlɔeba. Woka ɖe edzi be eya tututue!—Yohanes 1:35-45.

Ne èbu alesi nɔnɔmeawo nɔ le dukɔa me kple le mawusubɔsubɔnyawo gome ɣemaɣi ŋu la, woƒe kakaɖedzia ɖe dzesi ŋutɔ. Ame geɖe do, siwo gblɔ be yewoe ana ablɔɖe Yudatɔwo, eye amehawo kpɔ dzidzɔ ɖe woƒe ŋugbedodoawo ŋu le howɔwɔ gã me, gake mɔkpɔkpɔ mawo nu yi esi ameawo mete ŋu na ablɔɖe wo tso Romatɔwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te o.—Dɔwɔwɔwo 5:34-37.

Ke hã, Yudatɔ eve mawo—Andrea kple Filipo—ƒe kakaɖedzi be yewoke ɖe Mesia vavã la ŋu me megbɔdzɔ gbeɖe o. Ke boŋ le ƒe siwo kplɔe ɖo me la, woƒe kaka ɖe ŋutsu sia dzi me va sẽ ɖe edzi esime woa ŋutɔwo wokpɔ nukunu siwo wòwɔ tsɔ ɖo kpe nusiwo wogblɔ ɖi le Mesia la ŋu dzi.

Nukatae ŋutsu eve siawo kple ame bubu geɖewo xɔ Mesia la dzi se heka ɖe edzi be menye alakpa Mesia aɖe alo ameflula dzro aɖe koe wònye o? Eƒe nuwɔna kawoe ɖo kpe edzi be eya to vovo na alakpa Mesiawo?

Le ŋutinyaa nu la, Andrea kple Filipo kpɔ Yesu Nazaretetɔ la, amesi nye atikpala tsã dze sii be eyae nye Mesia si ŋugbe wodo, si wonɔ mɔ kpɔm na ɣeyiɣi didi aɖe la. (Yohanes 1:45) Luka si nye ŋutinyaŋlɔla bibi aɖe ɣemaɣi gblɔ be Mesia la do “le kaisaro Tiberio ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiatɔ̃lia me.” (Luka 3:1-3) Tiberio ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe 15 lia dze egɔme le ƒe 28 M.Ŋ. ƒe September me eye wòwu enu le ƒe 29 M.Ŋ. ƒe September me. Luka gblɔ kpee be Yudatɔwo nɔ ‘mɔ kpɔm’ na Mesia la ƒe vava ɣemaɣi. (Luka 3:15) Nukatae wònye ɣemaɣie wonɔ mɔ kpɔm nɛ? Míava nya emegbe.

Mesia la Ŋuti Dzesiwo

Esi Mesia la awɔ akpa vevi aɖe ta la, esɔ be nàkpɔ mɔ be Wɔla Yehowa ana dzesi siwo akpe ɖe nuteƒewɔla siwo le ŋudzɔ ŋu, be woakpɔ Mesia si ŋugbe wodo la adze sii ne eva. Nukatae? Elabena esia awɔe be alakpa Mesiawo mable amesiwo le ŋudzɔ la abe alesi woble ame geɖe ene o.

Ne dukɔteƒenɔla aɖe ɖo dukɔ si me wòawɔ dɔ le me la, woakpɔ mɔ be wòatsɔ ɖaseɖigbalẽ siwo ɖo kpe edzi be dukɔ si me wòtso ƒe dziɖuɖua ye dɔe vavã la afia. Nenema kee Yehowa na woŋlɔ nusiwo ade dzesi Mesia la ɖi ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ. Eyata ne ‘Ame Vevi’ ma va eye dzesiawo dze le eŋu keŋ la, anɔ ko abe ɖe wòva kple ɖaseɖigbalẽwo ene.—Hebritɔwo 12:2.

Nudidi siwo ana woade dzesi Mesia nyuie la dze le Biblia me nyagblɔɖi geɖe siwo woŋlɔ ɖi ƒe alafa geɖe do ŋgɔ me. Wogblɔ Mesia la ƒe vava, eƒe subɔsubɔdɔa, eƒe fu kpekpe le amewo si me, kple ku si ƒomevi wòaku la ŋu nyawo katã tsitotsito da ɖi. Ado dzidzɔ na wò be nànya be nyagblɔɖi mawo, siwo ŋu kakaɖedzi le, gblɔ Mesia ƒe tsitretsitsi, edodo ɖe dzi wòanɔ Mawu ƒe nuɖusi me, kple yayra siwo eƒe Fiaɖuƒedziɖuɖua ahe vɛ le etsɔme ŋu nyawo hã ɖi. Le mɔ sia nu la, Biblia me nyagblɔɖiwo na dzesi tɔxɛ aɖewo koŋ si ate ŋu ana woade dzesi ame ɖeka aɖe ko.

Gake esi Yesu va do le ƒe 29 M.Ŋ. me la, menye nyagblɔɖi siwo katã ku ɖe Mesia la ŋu lae va eme ɣemaɣi o. Le kpɔɖeŋu me, womewui alo fɔe ɖe tsitre haɖe o. Ke hã, Andrea, Filipo, kple ame bubu geɖewo xɔ Yesu dzi se le nusiwo wòfia hewɔ ta. Wokpɔ dzesi gbogbo aɖewo siwo ɖo kpe edzi na wo be eyae nye Mesia la vavã. Ne ɖe nènɔ agbe ɣemaɣi, eye wò ŋutɔ nèdzro kpeɖodziawo me kple susu nyui la, anye ne wò hã aka ɖe edzi be Yesue nye Mesia la.

Dzesi si me Nu Geɖe Le

Nukae akpe ɖe ŋuwò be nàƒo nya ta nenema? Le ƒe alafa siwo do ŋgɔ me la, Biblia me nyagblɔɖilawo gblɔ dzesi aɖewo koŋ ɖi siwo dzi woanɔ te ɖo akpɔ Mesia la adze sii kɔte. Nya vovovo siwo nyagblɔɖilawo nɔ gbɔgblɔm ɖi tso Mesia la ŋu le ƒe alafa vovovoawo me la na amewo kpɔ Mesia la ŋuti dzesi bliboa mlɔeba. Henry H. Halley gblɔ be: “Tsɔe be ŋutsu aɖewo siwo tso dukɔ vovovowo me, siwo mekpɔ wo nɔewo kpɔ loo alo ɖo dze kple wo nɔewo kpɔ o, tsɔ nɔnɔmetata aɖe ƒe akpa kakɛwo va nɔ dadam ɖe xɔ aɖe me, eye esi wofɔ akpa vovovoawo kpe la, wosɔ ɖe wo nɔewo nu hezu nane ƒe nɔnɔme pɛpɛpɛ—ɖe nèbu be mɔ bubu aɖe gali woatsɔ aɖe nya ma mee, tsɔ wu be woagblɔ be ame ɖeka aɖee wɔ aɖaŋua heɖo nɔnɔmetataa ƒe akpa vovovoawo ɖe wo dometɔ ɖesiaɖea?” Halley yi edzi bia be: “Yesu ƒe agbenɔnɔ kple dɔwɔwɔ ŋuti nuŋlɔɖi blibo wɔnuku sia nye esi ŋu nya nuŋlɔla vovovo siwo nɔ anyi ƒe alafa geɖe do ŋgɔ na Yesu ƒe vava la ŋlɔ ɖi. Ekema, nyataƒoƒo bubu kae gali, tsɔ wu be míagblɔ be ame aɖe si ƒe susu de ŋgɔ sasasã wu amegbetɔwo tɔ lae le megbe na nuŋlɔɖia?” Halley ƒo nya ta be esia nye “Nukunu Madzɔkpɔ!”

“Nukunu” sia ŋu nya dze zi gbãtɔ le Biblia ƒe agbalẽ gbãtɔ me. Esi Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ƒo nu tso Biblia me nyagblɔɖi gbãtɔ si ku ɖe akpa si Mesia awɔ ŋu vɔ la, egblɔ kpee be Mesia la atso Abraham ƒe ƒomea me. (Mose I, 3:15; 22:15-18) Dzesi bubu ɖee fia be Mesia la ado tso Yuda ƒe toa me. (Mose I, 49:10) Mawu to Mose dzi gblɔ na Israel-viwo be Mesia la anye nyanuɖela kple ɖela si ade ŋgɔ wu Mose.—Mose V, 18:18.

Le Fia Dawid ƒe ɣeyiɣia me la, nyagblɔɖi aɖe ɖee fia be Mesia la ava nye Dawid ƒe fiazikpuia ƒe domenyila eye be Eƒe fiaɖuƒe “ali ke tegbee.” (Samuel II, 7:13-16) Wogblɔ le Mixa ƒe agbalẽa me be woadzi Mesia la le Dawid ƒe du si nye Betlexem me. (Mixa 5:1) Yesaya gblɔ ɖi be ɖetugbi leaƒe aɖee adzi Mesia la. (Yesaya 7:14) Nyagblɔɖila Maleaxi hã gblɔe ɖi be ame aɖe si le abe Eliya ene ye aɖe gbeƒã Eƒe vava.—Maleaxi 3:23, 24.

Mesia ŋuti nya bubuwo dze le Daniel ƒe agbalẽa me. Esi nyagblɔɖia nɔ susu hem yi ƒe si tututu me Mesia ado dzi la, egblɔ be: ‘Nyae, eye nàƒu to anyi: Tso ɣeyiɣi, si wode se be, woagatso Yerusalem vaseɖe amegã, si wosi ami na dzi la, le kwasiɖa adre; eye woatsɔ kwasiɖa blaade vɔ eve atso ablɔwo kple kpɔdomeewo le xaxaɣi.’—Daniel 9:25.

Persia-fia Artaxsasta ‘de se’ be woagatso Yerusalem le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe 20 lia me. Eƒe dziɖuɖu dze egɔme le ƒe 474 D.M.Ŋ. me, eyata eƒe ƒe 20 lia anye ƒe 455 D.M.Ŋ. (Nexemya 2:1-8) Tso esime wode se be woagbugbɔ atso Yerusalem la, nyagblɔɖi ƒe kwasiɖa 69 (kwasiɖa 7 kple kwasiɖa 62) ava yi hafi Mesia la ado. Gake kwasiɖa 69 ŋutɔŋutɔ ƒe didime nye ŋkeke 483 pɛ ko, si mede ƒe eve hã o. Ke hã, ne míezã nyagblɔɖi kɔntabubu si nye ‘ŋkeke ɖeka na ƒe ɖeka’ la, ena míekpɔe be Mesia la ado le ƒe 483 megbe, si nye ƒe 29 M.Ŋ. me.—Xezekiel 4:6. *

Togbɔ be ame geɖe va do le ɣeyiɣi vovovowo me hegblɔ be yewonye Mesia hã la, ƒe 29 M.Ŋ mee Yesu Nazaretetɔ la do. (Luka 3:1, 2) Le ƒe ma tututu me la, Yesu va Yohanes Amenyrɔɖetsimela gbɔ eye wònyrɔe ɖe tsi me. Ɣemaɣie wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na Yesu wòzu Mesia la. Emegbe, Yohanes, amesi ŋu wogblɔ ɖi le be awɔ dɔ siwo ɖi Eliya tɔ ahanye mɔtala na Yesu la, ɖe Yesu fia Andrea kple nusrɔ̃la bubu aɖe heyɔe be “Mawu ƒe alẽvi, si le xexeame ƒe nuvɔ̃ la tsɔm yina.”—Yohanes 1:29; Luka 1:13-17; 3:21-23.

Ƒome si me Mesia Tso Ana Woakpɔe Adze Sii

Nyagblɔɖi siwo Mawu ƒe gbɔgbɔ na amewo ŋlɔ ɖi la gblɔ be Mesia la ado tso Yudatɔwo ƒe ƒome aɖewo koŋ me. Eyata susu le eme be Wɔla nuwokatãnyalaa akpɔ egbɔ be Mesia nado le ɣeyiɣi si me dzidzimegbalẽwo li be woatsɔ aɖo kpe ƒome si me Mesia la tso dzi.

McClintock kple Strong ƒe numekugbalẽ si nye Cyclopedia gblɔ be: “Ðikeke boo aɖeke mele eŋu o be Yudatɔwo ƒe towo kple ƒomewo ƒe dzidzimegbalẽwo dome gblẽ esime wotsrɔ̃ Yerusalem [le ƒe 70 M.Ŋ. me], ke menye do ŋgɔ nɛ o.” Edze ƒã be Mateo kple Luka ŋlɔ woƒe Nyanyuigbalẽawo do ŋgɔ na ƒe 70 M.Ŋ. Eyata esi wonɔ nu ŋlɔm tso ƒome si me Yesu tso ŋu la, woate ŋu awɔ numekuku tso dzidzimegbalẽ mawo me. (Mateo 1:1-16; Luka 3:23-38) Alesi nya sia le vevie ta la, wo ŋɔlimetɔ geɖe adi godoo be yewoawɔ numekuku akpɔ ɖa be nya siwo wogblɔ tso ƒome si me Yesu tso ŋu nye nyateƒe hã.

Nudogoɖenunue Wònye be Nyagblɔɖiawo Va Eme ɖe Yesu Dzia?

Gake ɖe wòate ŋu anye nudogoɖenunu dzro ko be Mesia ŋuti nyagblɔɖiwo va eme ɖe Yesu dzia? Esi wobia nya sia Yudatɔ agbalẽnyalagã aɖe la, eɖo eŋu be: “Menye nudogoɖenunue o. Kpeɖodzi gobii aɖeke mele eƒe nudogoɖenunu nyenye ŋu o. Ame aɖe bu akɔnta hekpɔ be alesi wòate ŋu adzɔe be nyagblɔɖiawo dometɔ enyi ko nanye nudogoɖenunu si ava eme ɖe ame ɖeka aɖe ko dzi la, anye xexlẽdzesi ɖeka me mama ɖe biliɔn teƒe miliɔn alafa ɖeka me.” Esi agbalẽnyala ma nɔ alesi mate ŋu anye nudogoɖenunui o ƒe kpɔɖeŋu wɔm la, egblɔ be: “Klosalogaku biliɔn teƒe miliɔn alafa ɖeka ayɔ Texas-nyigba [si ade Ghana-nyigba ƒe lolome teƒe etɔ̃ kloe] ŋkume ahakɔkɔ afɔ eve kloe. Ne ède dzesi gakuawo dometɔ ɖeka, eye nèbla ŋku me na ame aɖe be wòatsa le teƒe ma katã eye wòabɔbɔ atsɔ gaku ɖeka ɖe, ɖe wòanya wɔ bɔbɔe be amea natsɔ esi tututu nède dzesiia?” Azɔ egblɔ be: “Ne anya wɔ bɔbɔe la, eya ko hafi wòanya wɔ be [Mesia] ŋu nyagblɔɖiawo dometɔ enyi pɛ ko nava eme ɖe ame ɖeka aɖe dzi.”

Ke hã, le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ƒe etɔ̃ kple afã me la, Biblia me nyagblɔɖi gbogbo aɖewoe va eme ɖe edzi, menye wo dometɔ enyi ko o. Le kpeɖodzi gbogbo mawo ta la, agbalẽnyalagã ma ƒo nya ta be: “Yesu ɖeɖeko dzie nyagblɔɖi mawo katã va eme ɖo—le ŋutinya katã me.”

Mesia ƒe “Vava”

Eme kɔ ƒã be ƒe 29 M.Ŋ. mee Mesia la va, eye eyae nye Yesu Nazaretetɔ la. Ɣemaɣie wòva abe Ðela ɖokuibɔbɔla si akpe fu ɖe mía ta ene. Togbɔ be Yudatɔ akpa gãtɔ kple eyomedzelawo gɔ̃ hã nɔ mɔ kpɔm be ava abe fia aʋadziɖula gã si ava ɖe wo tso Romatɔwo ƒe ameteteɖeanyi me ene hã la, meva nɔ nenema o. (Yesaya ta 53; Zaxarya 9:9; Dɔwɔwɔwo 1:6-8) Gake wogblɔe ɖi be ne egatrɔ va la, anye le ŋusẽ gã aɖe me.—Daniel 2:44; 7:13, 14.

Biblia me nyagblɔɖiwo me dzodzro tsitotsito na amesiwo bua nu ŋu nyuie le xexeame godoo ka ɖe edzi be Mesia la va le ƒe alafa gbãtɔ me, eye be agava le ɣeyiɣi aɖe megbe. Kpeɖodziwo ɖee fia be eva zi evelia le ƒe 1914 me abe alesi wogblɔe ɖi ene, eye emae nye eƒe ‘anyinɔnɔ’ ƒe gɔmedzedze. * (Mateo 24:3-14) Ƒe ma mee woɖo Yesu zi dzi le dziƒo wònye Mawufiaɖuƒea ƒe Fia. Eteƒe madidi o, aɖe nu gbegblẽ siwo do tso aglãdzedze le Eden-bɔa me ɖa le anyigba dzi. Eƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖu si akplɔe ɖo ahe yayra vɛ na amesiwo katã xɔ edzi se be eyae nye Dzidzimevi si ŋugbe wodo kple Mesia, amesi “le xexeame ƒe nuvɔ̃ la tsɔm yina” la.—Yohanes 1:29; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoadzro kpeɖodzi ma me kpli wò ahafia nusi Mesia ƒe dziɖuɖu ate ŋu awɔ na mia kple wò ame veviwoe la wò le Biblia me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 17 Kpɔ Insight on the Scriptures, Babla II axa 899-904 [Étude perspicace des Écritures, Babla II, axa 995-9], si Yehowa Ðasefowo ta, hena nyatakaka bubuwo le Daniel 9:25 ŋu.

^ mm. 27 Hena numeɖeɖe bubuwo la, kpɔ agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me, si Yehowa Ðasefowo ta, ƒe ta 10 kple 11.

[Nuwo ƒe nɔnɔme/Nɔnɔmetata siwo le axa 6, 7]

Ƒe 455 D.M.Ŋ., “wode se be, ɖa woatso Yerusalem”

Ƒe 29 M.Ŋ., Mesia la va ɖo

Ƒe 483 (nyagblɔɖi me kwasiɖa 69)​—Daniel 9:25

Ƒe 1914, woɖo Mesia zi dzi le dziƒo

Mesia la aɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa kpuie, eye wòatrɔ anyigba la wòazu paradiso