Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Le Mateo 5:22 la, afɔku etɔ̃ kawo ŋue Yesu nɔ nu xlɔ̃m le?

Le Yesu Kristo ƒe Todzimawunyaa me la, exlɔ̃ nu eyomedzelawo be: “Mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si le dɔmedzoe dom ɖe nɔvia ŋuti la, adze ʋɔnudɔdrɔ̃; eye amesi ke agblɔ na nɔvia bena takukutɔ la, adze daŋudede gã, eye amesi ke agblɔ bena lã la, adze dzomavɔʋemeyiyi.”—Mateo 5:22.

Yesu zã nusiwo Yudatɔwo nya nyuie tsɔ ɖee fia wo be woanɔ te ɖe nuvɔ̃ si ame wɔ ƒe lolome dzi ahe to nɛ ɖe enu. Nusiwo wòyɔ woe nye ʋɔnudrɔ̃ƒe sue, Ʋɔnudrɔ̃ƒe Gã, kple dzomavɔʋe, si nye Gehenna ƒe dzo.

Yesu gblɔ gbã be, amesiame si doa dziku ɖe nɔvia ŋu la, dze “ʋɔnudɔdrɔ̃” le du si me wòle. Le Yudatɔwo ƒe nuŋlɔɖiwo nu la, woɖo ʋɔnudrɔ̃ƒe siawo ɖe du siwo me ŋutsuwo de 120 alo wu ema le. (Mateo 10:17; Marko 13:9) Ŋusẽ nɔ ʋɔnudrɔ̃la siwo le ʋɔnudrɔ̃ƒe siawo si be woadrɔ̃ amewunyawo kura gɔ̃ hã. (Mose V, 16:18; 19:12; 21:1, 2) Eyata Yesu nɔ eɖem fia be amesi léa dziku ɖe dɔme ɖe nɔvia ŋu la le nuvɔ̃ gã wɔm.

Yesu yi edzi gblɔ be ‘amesi ke agblɔ na nɔvia bena takukutɔ la, adze daŋudede le Ʋɔnudrɔ̃ƒe Gã.’ Helagbe me nya rha·kaʹ si gɔme woɖe be “takukutɔ” la fia “ta si me nunya aɖeke mele o” alo “tagbɔkukutɔ.” The New Thayer’s Greek-English Lexicon of the New Testament gblɔ be “amedzunyae wònye Yudatɔwo zãna le Kristo ƒe ŋkekea me.” Eyata Yesu nɔ nu xlɔ̃m tso alesi wònye nuvɔ̃ gãe be ame nalé fu nɔvia, ahagblɔ gbɔɖiamenyawo ɖe eŋu la ŋuti. Nya si gblɔm Yesu nɔ ye nye be menye ʋɔnudrɔ̃ƒe si le ame ƒe du me koe adrɔ̃ nya sia ya o, ke boŋ be Sanhedrin, si nye Yudatɔwo ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ si nɔ Yerusalem, si me nunɔlagã kpakple amegã kple agbalẽfiala 70 nɔ la me tɔwo katãe adrɔ̃ nyaa.—Marko 15:1.

Yesu gblɔ mlɔeba be ne ame aɖe ayɔ nɔvia be “lã” la, adze na Gehenna dzo me yiyi. Woɖe nya “Gehenna” tso Hebrigbe me nya geh hin·nomʹ me, eye egɔmee nye “Hinom-bali,” si nɔ blema Yerusalem dua ƒe ɣetoɖoƒe kple anyiehekpa dzi. Balia va zu afisi wotɔa dzo gbeɖuɖɔwo ɖo le Yesu ƒe ŋkekea me, eye wotɔa dzo nuvlowɔla siwo womebu be wodze na ɖiɖi o la ƒe kukuwo hã le afima. Eyata nya “Gehenna” sɔ nyuie be woatsɔ afia tsɔtsrɔ̃ ɖikaa.

Ke gbɔgblɔ tso ame ŋu be enye “lã” ya gɔme ɖe? Nya si wozã le afisia la sɔ kple Hebrigbe me nya aɖe si gɔmee nye “aglãdzela,” alo “tsitretsiɖeŋula.” Efia amesi ƒe agbenɔnɔ ŋu viɖe aɖeke mele o, xɔsegbela kple amesi dze aglã ɖe Mawu ŋu. Eyata amesi yɔ nɔvia be “lã” la le gbɔgblɔm be ye nɔvia dze na tohehe si amesi dze aglã ɖe Mawu ŋu axɔ, si nye tsɔtsrɔ̃ ɖikaa. Mawu bunɛ be amesi bua fɔ nɔvia nenema la ŋutɔ hã ate ŋu adze na tohehe sesẽ ma ke, si nye tsɔtsrɔ̃ ɖikaa.—Mose V, 19:17-19.

Eyata eme kɔ be Yesu nɔ eyomedzelawo fiam be ele be woanɔ agbe ɖe dzidzenu siwo kɔ wu esiwo dze le Mose ƒe Sea me la nu. Togbɔ be ameawo xɔe se be amewula “adze ʋɔnudɔdrɔ̃” hã la, Yesu ya gblɔ nya si yi ŋgɔ wu ema. Efia nu be ele be ye yomedzelawo natsri wo nɔviwo léle ɖe dɔ me.—Mateo 5:21, 22.