Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyanyuia Ðo Bolivia Du Siwo Gbɔ Didi Me

Nyanyuia Ðo Bolivia Du Siwo Gbɔ Didi Me

Nyanyuia Ðo Bolivia Du Siwo Gbɔ Didi Me

MÍ AME 20 aɖewo ye ƒo ƒu ɖe tɔa to, hele mɔkpɔkpɔ me be míazɔ mɔ aɖo kɔƒe siwo le tɔsisia godo la me. Míele Andes toa gɔme; afimae Beni-tɔsisia va de nu Amazon-tɔsisia me le. Teƒea nya kpɔ ŋutɔ.

Gake menye modzakatsaɖilawoe míenye o. Mía dometɔ aɖewo nye nutoa me tɔwo; mía dometɔ aɖewo hã tso dugã siwo gbɔ didi me va le Rurrenabaque me; enye du sue dzeani si me ati ƒosewo, bexɔwo, kple mɔ siwo dzi fana le, eye ƒã hafi nàse dzokeke taksi aɖe ŋkɔ. Nukatae míele mɔ zɔ ge ɖo?

Nusiwo le edzi yim le Bolivia ƒe teƒe bubuwo la kee le edzi yim le afisia hã. Yehowa Ðasefo siwo le dugãwo me kple esiwo tso dukɔ bubuwo me la le Mawufiaɖuƒe ŋuti nyanyuia tsɔm yi na du viwo me tɔwo.—Mateo 24:14.

Anyiehe Amerika ƒe titina ye Bolivia le. Dukɔa lolo wu France zi gbɔ zi eve, gake ne woma Franse nɔlawo ɖe akpa ewo la, ɖeko Bolivia tɔwo asɔ gbɔ wu akpa ɖeka vie ko. Boliviatɔ akpa gãtɔ le dugãwo kple du siwo me wokua tomenuwo le me. Zi geɖe la, du mawo le towo dzi alo wonɔa agbledenuto siwo le baliwo me la me. Gake le nuto siwo me ŋdɔ ʋuna le sɔgbɔ me la, duawo dome didi tso wo nɔewo gbɔ, eye ave gbogbo aɖewo tso wo dome.

Le ƒe 1950 kple 1960 ƒeawo me la, dutanyanyuigblɔla dovevienuwo, abe Betty Jackson, Elsie Meynberg, Pamela Moseley, kple Charlotte Tomaschafsky ene, xɔ ŋgɔ le dɔa me le du siwo gbɔ didi me. Wofia Biblia me nyateƒea dzianukwaretɔwo eye wokpe asi ɖe hame sue geɖe ɖoɖo ŋu. Le ƒe 1980 kple 1990 ƒeawo me la, Yehowa Ðasefowo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi zi gbɔ zi ade le dugãwo koŋ me. Hamewo le dugãwo ƒe akpa sia akpa fifia. Wole nuto gã siwo me ganyawo nyo le me, afisi amewo wɔa dɔ le xɔ gãgãwo me, wole aƒe dzeaniwo me, eye woƒlea asi le fiase gãwo me. Gake hamewo le nuto siwo didi tso dugãwo gbɔ hã me, afisi amewo nɔa anyixɔwo me, ƒlea asi le gbadzaƒewo, hedoa nutoa me tɔwo ƒe awuwo. Ke hã, nukae woate ŋu awɔ akpe ɖe ame geɖe siwo le teƒe siwo gbɔ didi ŋu be woava dze si Yehowa?

Dugã me Nudzedzinamewo Tsɔtsɔ Sa Vɔe

Le ƒe 20 siwo va yi me la, Boliviatɔ geɖe ʋu tso du siwo me wokua tomenuwo le kple kɔƒenutowo me yi dugãwo me. Eyata ƒã hafi nàkpɔ ame aɖe wòaʋu tso dugã me ayi kɔƒenuto me. Telefon ɖeka koe le kɔƒedu geɖe me, eye gaƒoƒo ʋɛ aɖewo koe elektrisiti nɔa anyi le ŋkekea me. Ƒe sia ƒe ƒe nutome gã takpekpewo wɔɣi koe Ðasefo siwo le du sue siawo me la kpɔa woƒe haxɔsetɔwo, eye mɔzɔzɔ ayi takpekpeawo xɔa asi, afɔku nɔa wo me, eye wotea ɖeɖi ame ŋu. Gɔmedzesukuwo koe le kɔƒedu mawo me. Ekema nukae ʋã Yehowa Ðasefo geɖe be woʋu tso dugãwo me yi kɔƒenutoawo me?

Luis gblɔ nyitsɔ laa be: “Mɔnukpɔkpɔ su asinye be mawɔ dɔ le La Paz dugãa me hafi. Gake dzinyelawo kafua nyanyuigbeƒãɖeɖedɔa nam be eyae nye agbemedɔ nyuitɔ kekeake. Eyata mesrɔ̃ nu tso xɔtudɔ ŋu hena ɣeyiɣi kpui aɖe. Esi meyi mɔkeke ɖu ge le Rurrenabaque la, mede dzesii be amewo di vevie be yewoase nyanyuia. Esi mekpɔ be nɔvi ʋɛ aɖewo koe le afima la, mese le ɖokuinye me be ele be mava ava na kpekpeɖeŋu. Biblia-nusɔsrɔ̃ 12 wɔmee mele fifia. Le kpɔɖeŋu me, mesrɔ̃ nu kple ɖekakpui aɖe kple srɔ̃a siwo si vi ene le. Ahatsunola kple tsatsadalae ŋutsua nye, gake edzudzɔ wo katã, eye edze nusiwo srɔ̃m wòle tso Yehowa ŋu la gbɔgblɔ na exɔlɔ̃wo. Edzrana ɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu ɣesiaɣi. Ne eva hiã be wòazɔ mɔ ŋkeke etɔ̃ alo ene ayi ati tso ge le ave me la, mevivia enu kura o, elabena medi be naneke nato ye nu o. Ne mekpɔ wo katã le Kristotɔwo ƒe kpekpewo la, mesena le ɖokuinye me be enyo be metsɔ nanewo sa vɔe heva afisia.”

Juana nye vidada si si srɔ̃ mele o. Egblɔ be: “Gbɔvie menye na ame aɖe le La Paz. Esi vinye mekpɔ tsi haɖe o la, mete ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ le dugãa me. Esi meɖi tsa yi Rurrenabaque la, mekpɔe be ne meʋu va afisia la, mate ŋu awɔ dɔ geɖe. Eyata míeʋu va, eye megava le dɔ wɔm na ame aɖe le eƒe me le afisia hã. Le gɔmedzedzea me la, dzoxɔxɔ si le afima kple nudzodzoewo ƒe fuɖename nu menya nɔ o. Gake ƒe adree nye esia míele afisia. Mete ŋu wɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ geɖe kwasiɖa sia kwasiɖa, eye nusrɔ̃viawo dometɔ geɖe ɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiana to kpekpeawo vava dzi.” Juana kple viaŋutsuvia hã le amesiwo le tɔdziʋua me yina tɔsisia godo la dome. Wò hã àte ŋu ayi kpli mí faa.

Mɔzɔzɔ Yi Tɔsisia Godo

Tɔdziʋua ho, eye míedze mɔ ɖo ta towo dome mɔ xaxɛ la dzi. Akowo nɔ xɔxlɔ̃m sesĩe, abe ɖe womedi be yewoakpɔ mí le afima o ene. Tsiba siwo nɔ tsatsram tso toawo ŋu la hlẽ ɖe mía ŋu sesĩe esime tɔdziʋua kula nɔ agbagba dzem vevie be yeaku ʋua to tsia dzi. Kaka ŋdi ga 10 naƒo la, míeɖi go ɖe kɔƒedu sue aɖe me. Rurrenabaque-hamea ƒe dzikpɔla aɖe va do go mí le afima, eye wòfia afisi míaɖe gbeƒã le la mí.

Kɔƒedua me tɔwo xɔ mí nyuie, le atiwo te alo le xɔ siwo wotsɔ pampro tu hetsɔ deʋaya gba la me. Esi míeva ɖo eteƒe medidi o la, míekpɔ ɖekakpui aɖe kple srɔ̃a wotsɔ mɔ̃ aɖe si afimatɔwo wɔ la nɔ tsi fiãm le foŋfoŋ me, wònɔ kɔkɔm ɖe kpolu aɖe me. Emegbe woaɖa foŋfoŋ tsia ale be wòava zu molasis yibɔ si woate ŋu ava dzra. Wokpe mí yi wo ƒeme, eye wobia nya geɖe mí tso Biblia ŋu.

Míegayi kɔƒe bubu siwo le tɔa ŋu me, henɔ gbeƒã ɖem. Nusi Biblia gblɔ tso dɔléle kple ku ɖeɖe ɖa ŋu la do dzidzɔ na ame geɖe. (Yesaya 25:8; 33:24) Esi wònye kɔdzi geɖe mele kɔƒe siawo me o ta la, vi ku na ƒome geɖe kpɔ, wònye vevesese na wo. Agbledede kple lãɖeɖedɔ siwo wowɔna la sesẽ, eye esi wònye nusi ade wo nu koe wokpɔna ta la, ena nu mede wo dzi ale o. Eyata wo dometɔ geɖe kpɔ dzidzɔ ɖe Mawu ƒe ŋugbedodo si le Psalmo 72 ku ɖe dziɖuɖu si ava ɖe ahedada ɖa ŋu ŋutɔ. Ke hã, èsusu be ɖetsɔlemetɔ siwo le teƒe didi mawo adze agbagba ade Kristotɔwo ƒe kpekpeawoa? Eric kple Vicky siwo nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo le Santa Rosa, si gbɔ didi tso Amazon-tɔsisia gbɔ abe gaƒoƒo etɔ̃ ƒe mɔzɔzɔ ene, la tsi dzi ɖe nya ma ŋu.

Ðe Ðetsɔlemetɔwo Avaa?

Eric kple Vicky tso California le Amerika, va Bolivia ƒe 12 enye ema. Dzikpɔla mɔzɔla aɖe do susua ɖa be woaʋu yi Santa Rosa. Vicky gblɔ be: “Telefon eve koe le dua me, eye Internet ya meli kura o. Gbemelãwo bɔ ɖe afisia. Zi geɖe la, míekpɔa bamelo, tsatsaboli, kple da gãwo ne míele moto dzi yina dua ƒe kɔƒenutoawo me. Gake menye lãwo kpɔkpɔe doa dzidzɔ na ame wu o; ameawo ƒe nuwɔna boŋue. Míesrɔ̃ Biblia kple Vaca, ɖekakpui aɖe, kple srɔ̃a siwo si vi ene le. Wo gbɔ didi abe kilometa 26 ene tso dua me. Ahanomunɔe ŋutsua nye tsã, gake fifia ya, etrɔ kura. Kwasiɖa sia kwasiɖa la, ekplɔa ƒome bliboa kple nɔvianyɔnu vana Fiaɖuƒe Akpata me. Ekɔa srɔ̃a kple wo vi suetɔa ɖe eƒe gasɔa dzi. Wo vi si xɔ ƒe asieke hã kɔa nɔvianyɔnu sue ɖe gasɔ bubu dzi, eye wo vi si xɔ ƒe enyi hã doa gasɔ bubu. Gaƒoƒo etɔ̃e wozɔna hafi va ɖona.” Ƒomea lɔ̃ Yehowa vavã, eye wodzea agbagba ɖesiaɖe be yewoade ha kple hamea.

Le ƒe ɖeka kple afã pɛ ko me la, Santa Rosa dua me tɔ 3 dze na nyɔnyrɔ xɔxɔ, eye wo dometɔ 25 kloe dea kpekpewo le Fiaɖuƒe Akpata yeye si wotu ɖe dua me la me. Togbɔ be ame geɖe di be yewoasrɔ̃ Biblia hã la, ele be wo dometɔ geɖe naɖe mɔxenu sesẽ aɖewo ɖa hafi ate ŋu asubɔ Yehowa.

Srɔ̃ɖeɖe Dede Agbalẽ me ƒe Kuxia

Marina kple Osni, siwo nye dutanyanyuigblɔlawo le saɖagadu si te ɖe Bolivia kple Brazil ƒe liƒo ŋu me, gblɔ be du sia me tɔ geɖe mebua srɔ̃ɖeɖe abe ƒomedodo si anɔ anyi ɖaa ene o. Wogbea wo nɔewo kabakaba. Osni gblɔ be: “Nusia nye kuxi si na ame geɖe mete ŋu yia ŋgɔ le gbɔgbɔ me o. Ne amewo di be yewoazu Kristotɔ vavãwo la, esesẽna eye wòbiana gazazã geɖe hã. Eva hiãna be wo dometɔ aɖewo naɖe asi le wo srɔ̃ aɖewo ŋu ale be woaɖe ame ɖeka le se nu. Ke hã, esi wo dometɔ aɖewo va kpɔe dze sii be Ŋɔŋlɔawo bia be woade srɔ̃ɖeɖe agbalẽ me ta la, wodze agbagba vevie di ga tsɔ wɔe.”—Romatɔwo 13:1, 2; Hebritɔwo 13:4.

Marina gblɔ Norberto ƒe nuteƒekpɔkpɔa. “Enɔ anyi kple nyɔnu geɖe kpɔ hafi woa kple abolomela aɖe woʋu va nutoa me. Norberto tsi wu nyɔnua ƒe 35, eye nyɔnua ƒe viŋutsu le egbɔ. Esi ŋutsuvia nɔ tsitsim la, Norberto di be yeaɖo kpɔɖeŋu nyui nɛ. Eyata esi Ðasefo aɖe va ƒo nu na wo le abolomeƒea hedi be yeasrɔ̃ Biblia kpli wo la, Norberto lɔ̃, togbɔ be menya nuxexlẽ o, eye wòxɔ ƒe 70 kple edzivɔ xoxo hã. Esi Norberto kple srɔ̃a srɔ̃ nusi Yehowa di tso wo si la, woɖe wo nɔewo le se nu, eye emegbe woxɔ nyɔnyrɔ. Atikɔmevia tsi va zu sɔhɛ Kristotɔ kpɔɖeŋunyuiɖola aɖe—nenema tututue Norberto di be wòanɔ. Norberto va srɔ̃ nuxexlẽ, eye wòna nuƒowo le hamea ƒe kpekpewo me gɔ̃ hã. Togbɔ be tsitsi na ŋusẽ boo megale eŋu o hã la, edoa vevie nu le nyanyuia gbɔgblɔ me.”

Yehowa ƒe Gbɔgbɔ Doa Ŋusẽ Wo

Yesu gblɔ na eyomedzela gbãtɔwo be: “Miaxɔ [gbɔgbɔ] kɔkɔe, si le mia dzi va ge la, ƒe ŋusẽ, eye mianye nye ɖaseɖilawo . . . vaseɖe anyigba ƒe seƒe ke.” (Dɔwɔwɔwo 1:8) Ðe medea dzi ƒo na mí ŋutɔ be míakpɔe be Mawu ƒe gbɔgbɔa le ŋusẽ dom Kristotɔ ŋutsuwo kple nyɔnuwo be woaʋu ayi teƒe siwo gbɔ didi ŋutɔ oa? Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 2004 me la, Kristotɔ dovevienu 30 aɖewo lɔ̃ xɔ dɔdasi be yewoayi aɖasubɔ abe mɔɖela veviwo ene le anyigbamama siwo sa ɖe aga me. Dutatɔ 180 aɖewo ʋu va Bolivia va subɔ abe mɔɖelawo, nutome sue dzikpɔlawo, Betel lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo, kple dutanyanyuigblɔlawo ene, eye nɔviawo kpɔ dzidzɔ ɖe kpɔɖeŋu nyui si woɖo la ŋu ŋutɔ. Fiaɖuƒegbeƒãɖela 17,000 siwo le Bolivia la srɔ̃a Biblia kple ɖetsɔlemetɔ siwo ade 22,000.

Esi nɔvi siawo nyae be Yehowa ƒe gbɔgbɔae le mɔ fiam yewo ta la, dzi dzɔa wo ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, Robert kple Kathy lɔ̃ be yewoasubɔ le Camiri abe dutanyanyuigblɔlawo ene. Esi wònye togbɛ dzekpodzeʋe dama siwo gogo tɔsisi aɖe dzie Camiri le ta la, esa ɖe aga tso du bubuwo gbɔ. Robert gblɔ be: “Ðeko wòdze abe míeva ɖe ɣeyiɣi nyuitɔ dzi ene. Anɔ abe ƒe eve ko ene megbe la, ame 40 aɖewo va zu nyanyuigbeƒãɖelawo.”

Tsatsadala Ahanomunɔ aɖe Ðo To

Amesiwo nɔ Biblia srɔ̃m la wɔ tɔtrɔ geɖe, eye esia wɔ dɔ ɖe duawo me tɔ geɖe dzi. Le kpɔɖeŋu me, gbeɖeka anye ƒe ene enye esia la, ahanomunɔ aɖe si ŋkɔe nye Ariel tsi aba dzi le ahamumu ta. Togbɔ be exɔ ŋkɔ le tsatsadada me hã la, enɔ tame bum le fe gbogbo siwo wònyi, kuxi siwo le eƒe srɔ̃ɖeɖe me, kple vianyɔnuvi siwo mete ŋu léa be na o ŋu wòzu fuɖeɖe nɛ. Ɣemaɣi tututue Yehowa Ðasefo aɖe va be yeaɖo dze kplii. Ariel nɔ to dzi vevie esi nɔvia nɔ Ŋɔŋlɔawo me ɖem. Ariel gatrɔ yi aba dzi, gake fifia ya, enɔ nu xlẽm tso ƒomegbenɔnɔ si me dzidzɔ le, Paradiso, kple Mawu subɔsubɔ ŋu. Emegbe elɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye.

Kaka dutanyanyuigblɔlaawo nava ɖo Camiri la, Ariel srɔ̃ Arminda hã nɔ nu srɔ̃m—gake medoa dzidzɔ ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu tututu o. Egblɔ be: “Madze agbagba ɖesiaɖe be mana wòadzudzɔ aha nono. Gake nyemexɔe se be aɖe vi aɖeke o. Naneke maganya wɔ le srɔ̃nyea ŋu o.” Gake Biblia-nusɔsrɔ̃a va vivi enu wu alesi wòsusui. Mede ƒe ɖeka hafi wòxɔ nyɔnyrɔ henɔ gbeƒã ɖem na eƒe ƒomea o. Eteƒe medidi o, eƒe ƒometɔ geɖe ɖe adzɔgbe na Yehowa.

Avu kple kɔe wònye na Ariel ya be wòaɖe asi le ahanono, atamanono, kple tsatsadada ŋu. Nyaa katã va trɔ esi wòkpe eƒe ame nyanyɛwo katã va Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia ɖuƒe. Eɖoe be: “Ne ame aɖe meva o ko, míaƒe hadedea seƒee ma. Masrɔ̃ Biblia kple amesiwo ava.” Alea wòwɔ dze Biblia-nusɔsrɔ̃ etɔ̃ gɔme. Hafi Ariel nava zu hamea me tɔ gɔ̃ hã la, esrɔ̃ Biblia kple eƒe ƒometɔ aɖe, eye amea wɔ ŋgɔyiyi ale be woa kplii wova xɔ nyɔnyrɔ gbeɖeka. Arminda gblɔ be: “Ðeko wòle abe meganye Ariel si menya tsã la kee nye esia o ene.”

Robert ka nya ta be: “Ƒome sia me tɔ 24 ye le kpekpeawo dem edziedzi fifia. Wo dometɔ 10 xɔ nyɔnyrɔ, eye ame enyi hã nye gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo. Amesiwo kpɔ alesi woƒe agbenɔnɔ trɔe la hã va dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme, eye wodea hamea ƒe kpekpewo. Kpekpea valawo dzi ɖe edzi tso ame 100 va ɖo 190. Mía kple Kathy míesrɔ̃a Biblia kple ame 30 kloe, eye wo katã wodea kpekpeawo. Edzɔ dzi na mí be míeva afisia.”

Nusi le edzi yim le Bolivia ƒe saɖagadu siawo me la nye amewo nuƒoƒoƒudɔ si le edzi yim le xexeame godoo, si ŋu nya wogblɔ ɖi le Nyaɖeɖefia ta 7, la ƒe akpa sue aɖe ko. Eku ɖe amesiwo atsi agbe le xaxa gãa me la nuƒoƒoƒudɔ si ayi edzi le “Aƒetɔ ƒe ŋkeke la dzi” ŋu. (Nyaɖeɖefia 1:10; 7:9-14) Medzɔ le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me alea kpɔ be wole ame miliɔn gbogbo siwo tso dukɔwo katã me la nu ƒom ƒu ɖe Mawu vavã ɖeka kolia ƒe tadedeagu me o. Kpeɖodzi dodziname aɖee esia nye vavã, be Mawu ƒe ŋugbedodowo me vava gogo!

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Betty Jackson

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Pamela Moseley

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Elsie Meynberg

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Charlotte Tomaschafsky ye nye mamlɛa le ɖusime

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Eric kple Vicky va subɔ le afisi Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã geɖe wu le

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Vaca ƒomea doa gasɔ gaƒoƒo etɔ̃ kwasiɖa sia kwasiɖa vana nusrɔ̃ƒe le Fiaɖuƒe Akpata me

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Kɔƒedu si gogo Beni-tɔsisia me tɔwo le to ɖom nyanyuia vevie

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Robert kple Kathy nye dutanyanyuigblɔlawo le Camiri