Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Zɔzɔ Le Kekeli Si Le Kɔkɔm Ðe Edzi Ðaa Me

Zɔzɔ Le Kekeli Si Le Kɔkɔm Ðe Edzi Ðaa Me

Zɔzɔ Le Kekeli Si Le Kɔkɔm Ðe Edzi Ðaa Me

“Ame dzɔdzɔe ƒe toƒe le abe agudzedze ƒe kekeli, si nɔa kɔkɔm ɖe edzi, vaseɖe esime ŋu kena keŋ ene.”​—LODODOWO 4:18.

1, 2. Nukae do tso gbɔgbɔmekekeli si nam Yehowa le eƒe amewo vivivi me?

ÐE AME bubu aɖe li si ate ŋu aƒo nu tso ŋusẽ si agudzedze kpɔna ɖe viviti si nɔ anyi le zã si do ŋgɔ nɛ me dzi ŋu nyuie wu Yehowa Mawu, Amesi gbɔ kekeli tsoa? (Psalmo 36:10) Mawu gblɔ be: ‘Ne agudzedze lé anyigbatoga la, etrɔna abe tsu, si wonyã ene, eye nuwo ƒe nɔnɔmewo dzena.’ (Hiob 38:12-14) Ne ŋu le kekem ɖe edzi la, ekema anyigba dzi nuwo dzena nyuie wu, abe tsu si ŋu wotrɔ asi le wòzu nane ƒe nɔnɔme si dze nyuie ene.

2 Gbɔgbɔmekekeli hã tsona Yehowa gbɔ. (Psalmo 43:3) Togbɔ be xexeame le viviti tsiɖitsiɖi me hã la, Mawu vavãa ya yi edzi na kekeli le keklẽm na eƒe amewo. Nukae do tso eme? Biblia ɖo eŋu be: “Ame dzɔdzɔe ƒe toƒe le abe agudzedze ƒe kekeli, si nɔa kɔkɔm ɖe edzi, vaseɖe esime ŋu kena keŋ ene.” (Lododowo 4:18) Kekeli si nam Yehowa le vivivi la na eƒe amewo ƒe mɔ dzi le kɔkɔm ɖe edzi. Ele asi trɔm le wo ŋu le hakplɔɖoɖowo, nufiafiawo, kple agbenɔnɔ gome.

Kekelia Na Wotrɔ Asi Le Hakplɔɖoɖowo Ŋu

3. Nuka ƒe ŋugbee wodo le Yesaya 60:17?

3 Yehowa gblɔe ɖi to nyagblɔɖila Yesaya dzi be: “Mahe sika vɛ ɖe akɔbli teƒe kple klosalo ɖe gayibɔ teƒe, akɔbli ɖe ati teƒe, eye gayibɔ ɖe kpewo teƒe.” (Yesaya 60:17) Abe alesi ko kpe xɔasi aɖe tsɔtsɔ ɖɔ li esi mede enu o ana nusi wotsɔe le wɔwɔmee nanyo ɖe edzi wu ene la, nenema kee Yehowa Ðasefowo wɔ ŋgɔyiyi geɖe le hakplɔɖoɖowo me le “xexeame ƒe nuwuwu,” alo ‘ŋkeke mamlɛ’ siawo me.—Mateo 24:3; Timoteo II, 3:1.

4. Ðoɖo ka gɔmee wodze le ƒe 1919 me, eye vi kae wòɖe?

4 Le ŋkeke mamlɛawo ƒe gɔmedzedze la, Biblia Nusrɔ̃viwo, si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi la, ƒe hamewo toa demokrasimɔ nu tiana woƒe hamemegãwo kple woƒe kpeɖeŋutɔwo. Gake nyanyuigbɔgblɔdɔa medzɔa dzi na hamemegã aɖewo o. Menye ɖekoe wo dometɔ aɖewo wɔa alɔgblɔdɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me ko o, ke woɖea dzi le ame bubu siwo di be yewoawɔe hã ƒo. Eyata le ƒe 1919 me la, wowɔ ɖoɖo yeye aɖe na hame ɖesiaɖe: wova ɖo subɔsubɔdɔdzikpɔla. Menye hamea ye tiana subɔsubɔdɔdzikpɔlaa o, ke boŋ Mawu ƒe amewo ƒe alɔdzedɔwɔƒea ye ɖonɛ le teokrasimɔ nu. Dzikpɔla si woɖo la ƒe dɔwo dometɔ aɖewoe nye ɖoɖo wɔwɔ ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu, anyigbamama si me gbeƒãɖelawo awɔ dɔ le nana wo, kple dzidede ƒo na gbeƒãɖelawo be woawɔ gbeadzisubɔsubɔdɔa. Le ƒe siwo kplɔe ɖo me la, dzo yeye aɖe gaɖo Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me.

5. Asitɔtrɔ kae wova wɔ le ƒe 1920-awo me?

5 Le ƒe 1922 me, le Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe nutome gã takpekpe aɖe me le Cedar Point, Ohio, le U.S.A. la, wode dzi ƒo na hamewo katã be “Miɖe gbeƒã, miɖe gbeƒã, miɖe gbeƒã Fia la kple eƒe fiaɖuƒe la,” eye esia na dzo yeye ɖo wo me. Kaka ƒe 1927 naɖo la, wowɔ ɖoɖo ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ ŋu ale be wova tia Kwasiɖagbewo be wosɔ wu na aƒeme yi aƒeme dɔa wɔwɔ. Nukatae wònye ŋkeke mae wotia? Elabena ame akpa gãtɔ meyia dɔme le Kwasiɖagbe o. Yehowa Ðasefo siwo li egbea ɖea nɔnɔme ma tɔgbe ke fiana hedzea agbagba be yewoayi amewo gbɔ le ɣeyiɣi si woate ŋu ake ɖe wo ŋu me, abe le kwasiɖanuwuwuwo kple le fiẽwo me ene.

6. Le ƒe 1931 me la, tameɖoɖo kplikpaa ka dzie woda asi ɖo, eye ŋusẽ kae ema kpɔ ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa dzii?

6 Dzo yeye aɖe gava ɖo Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa ŋu le Kwasiɖagbe, July 26, 1931, ƒe ŋdɔ me, esi woda asi ɖe tameɖoɖo kplikpaa aɖe dzi zi gbãtɔ le nutome gã takpekpe aɖe me le Columbus, Ohio, U.S.A., heva da asi ɖe edzi emegbe le xexeame godoo la megbe. Tameɖoɖo kplikpaa ƒe akpa aɖe gblɔ be: “Míenye Yehowa Mawu ƒe subɔla siwo wòde dɔ aɖe asi na le eƒe ŋkɔ me, eye le eƒe sededea dzi wɔwɔ me la, be míaɖi ɖase le Yesu Kristo ŋu, eye be míana amewo nanyae be Yehowae nye Mawu vavã kple Ŋusẽkatãtɔ la; eyata míetsɔ dzidzɔ lɔ̃ xɔ ŋkɔ si Aƒetɔ Mawu ŋutɔ yɔ kple eƒe nu, eye míedi be woanya ŋkɔ ma na mí ahayɔ mí nenema, be Yehowa Ðasefowo.” (Yesaya 43:10) Nyateƒee, ŋkɔ yeye ma na dɔ vevitɔ kekeake si wòle be amesiwo tsɔ ŋkɔa nawɔ la va dze kɔte! Vavãe, dɔ aɖe nɔ Yehowa si na esubɔlawo katã ɣemaɣi. Dzi dzɔ ame akpa gãtɔ ɖe nya ma ŋu nyateƒe!

7. Tɔtrɔ kae wowɔ le ƒe 1932 me, eye nukatae?

7 Hamemegã geɖe tsɔ ɖokuibɔbɔ wɔ gbeƒãɖeɖedɔa geɖe. Gake le teƒe aɖewo la, hamemegã siwo woda akɔ tia la dometɔ aɖewo meda asi ɖe edzi be ele be hamea me tɔ ɖesiaɖe nakpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me o. Ke hã, tɔtrɔ bubu aɖewo nɔ ŋgɔ gbɔna. Le ƒe 1932 me la, wona mɔfiame hameawo to Gbetakpɔxɔ dzi be woadzudzɔ hamemegãwo kple woƒe kpeɖeŋutɔwo tiatia to akɔdada dzi. Wobia tso wo si boŋ be woatia subɔsubɔ kɔmiti si me ŋutsu gbɔgbɔmeme siwo kpɔa gome le gbeƒãɖeɖedɔa me la le. Eyata wova tsɔ hameawo dzi kpɔkpɔ de amesiwo kpɔa gome vevie le subɔsubɔdɔa me la si, eye dɔa ɖe zɔ nyuie.

Kekelia ƒe Keklẽ Ðe Edzi Na Wowɔ Tɔtrɔ Bubuwo

8. Tɔtrɔ kae wowɔ le ƒe 1938 me?

8 Kekelia nɔ “kɔkɔm ɖe edzi.” Le ƒe 1938 me la, wova dzudzɔ amewo tiatia to akɔdada dzi kura. Teokrasimɔnue wova tiana hamea me subɔlawo katã le, le “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” ƒe mɔfiafia te. (Mateo 24:45-47) Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo katã kloe da asi ɖe tɔtrɔa dzi bɔbɔe, eye ɖaseɖiɖidɔa nɔ ku geɖe tsem.

9. Le ƒe 1972 me la, ɖoɖo kae wowɔ, eye nukatae ema nye ŋgɔyiyi wɔwɔ?

9 Tso October 1, 1972 me la, wogava wɔ tɔtrɔ bubu aɖe le hameawo dzi kpɔkpɔ ŋu. Wova wɔ ɖoɖo be hamemegãwo ƒe ha aɖe naxɔ ŋgɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo katã me le xexeame godoo, eye maganye hamesubɔla, alo dzikpɔla ɖeka koe axɔ ŋgɔ o. Ðoɖo yeye sia de dzo ŋutsu tsitsi siwo le hameawo me la me be woawɔ ŋgɔyiyi adze axɔ ŋgɔ le hamea me. (Timoteo I, 3:1-7) Esia wɔe be nɔviŋutsu geɖe te ŋu va dze nyuie wu na hamea me gbanɔamedziwo tsɔtsɔ. Wona kpekpeɖeŋu gã aɖe ŋutɔ le beléle na ame yeye geɖe siwo va xɔ Biblia me nyateƒea me!

10. Ðoɖo ka gɔmee wodze le ƒe 1976 me?

10 Woma Dziɖuhaa me tɔwo ɖe kɔmiti ade me, eye tso January 1, 1976 dzi la, habɔbɔa kple hame siwo katã le anyigba dzi la ƒe dɔwɔnawo va le kɔmiti siawo ƒe dzikpɔkpɔ te. Yayra gã ka gbegbee nye esia, be “adaŋudela geɖewo” nafia mɔ Fiaɖuƒedɔa ƒe akpa vovovoawo!—Lododowo 15:22; 24:6.

11. Ŋgɔyiyi kae wowɔ le ƒe 1992 me, eye nukatae?

11 Wogawɔ ŋgɔyiyi bubu aɖe hã le ƒe 1992 me, eye ema sɔ kple nusi dzɔ esi Israel-viwo kple ame bubuwo trɔ gbɔ tso aboyo me le Babilon. Lewi-vi geɖe menɔ anyi awɔ gbedoxɔ me dɔa ɣemaɣi o. Eyata wode dɔ geɖe asi na Netinimwo, amesiwo menye Israel-viwo o, la be woakpe ɖe Lewi-viawo ŋu. Eyata be woana kpekpeɖeŋu dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe haa le nusiwo le anyigba dzi gbɔ kpɔkpɔ me la, wona subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ bubuwo ‘alẽ bubuawo’ me tɔ aɖewo le ƒe 1992 me. Wotia wo be woakpe ɖe Dziɖuhaa ƒe kɔmitiawo ŋu.—Yohanes 10:16.

12. Alekee Yehowa tsɔ ŋutifafa ɖo tatɔe na mí?

12 Nukae do tso tɔtrɔ siawo katã me? Yehowa gblɔ be: “Matsɔ ŋutifafa aɖo tatɔe na wò kple dzɔdzɔenyenye aɖo wò dɔnunɔlae.” (Yesaya 60:17) “Ŋutifafa” le Yehowa subɔlawo dome egbea, eye “dzɔdzɔenyenye” lɔlɔ̃ va zu woƒe ‘dɔnunɔla’—si nye ŋusẽ si ʋãa wo wosubɔna Mawu. Wowɔ ɖoɖo ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa ŋu nyuie.—Mateo 24:14; 28:19, 20.

Yehowa na Nufiafiawo me Kɔ Ðe Edzi

13. Le ƒe 1920-awo me la, aleke Yehowa na eƒe amewo se eƒe nufiafiawo gɔme ɖe edzii?

13 Yehowa na eƒe amewo le eƒe nufiafiawo gɔme sem ɖe edzi vivivi. Nyaɖeɖefia 12:1-9 na kpɔɖeŋu aɖe mí le esia ŋu. Nuŋlɔɖia yɔ kpɔɖeŋunu etɔ̃ aɖewo—“nyɔnu” aɖe si fɔ fu eye wòdzi vi, “ʋɔ driba” aɖe, kple “ŋutsuvi” aɖe. Ènya nusi kpɔɖeŋunu siawo dometɔ ɖesiaɖe tsi tre ɖi naa? Woɖe wo me le nyati aɖe si ƒe tanyae nye “Dukɔ la Dzidzi,” si dze le March 1, 1925 ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ me la me. Nyatia na Mawu ƒe amewo va se nyagblɔɖi siwo ku ɖe Fiaɖuƒea ɖoɖo anyi ŋu me ɖe edzi wu, eye numekɔkɔ sia na wova kpɔe nyuie be habɔbɔ evee li—Yehowa tɔ kple Satana tɔ. Azɔ le ƒe 1927 kple 1928 domedome la, Mawu ƒe amewo va kpɔe dze sii be Kristmas kple dzigbezãɖuɖuwo mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o, eye le esia ta wodzudzɔ wo ɖuɖu.

14. Nufiafia kawo mee wokɔ le ƒe 1930-awo me?

14 Nufiafia etɔ̃ aɖewo me va kɔ ɖe edzi nyuie wu le ƒe 1930-awo me. Biblia Nusrɔ̃viwo nyae ƒe geɖe do ŋgɔ be “ameha gã” si ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia 7:9-17 la to vovo na ame 144,000 siwo aɖu fia kple Kristo ahanye nunɔlawo la. (Nyaɖeɖefia 5:9, 10; 14:1-5) Gake womenya amesiwo tututu ameha gã la me tɔwo nye o. Abe alesi ne xexeame le kɔkɔm le ŋdi me la, nusiwo menɔ dzedzem nyuie tsã o ƒe nɔnɔme kple amadede va dzena nyuie ene la, nenema kee le ƒe 1935 me, wova kpɔe be ameha gã lae nye amesiwo atsi agbe le “xaxa gã” la me, siwo si agbe tegbee nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ le. Le ƒe ma ke me la, numekɔkɔ aɖe va si ku ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe vi sukuviwo ŋu le dukɔ geɖe me. Togbɔ be dulɔlɔ̃ ƒe gbɔgbɔ nɔ ŋu sẽm le xexeame godoo hã la, Ðasefowo ya de dzesii be menye kɔnu dzro aɖe koe gbe dodo na aflaga nye o. Le ƒe si kplɔe ɖo me la, wogaɖe Ŋɔŋlɔawo me nyateƒenya aɖe me, be ati ŋue Kristo ku ɖo, ke menye atitsoga ŋue o.—Dɔwɔwɔwo 10:39.

15. Ɣekaɣie wova te gbe ɖe ʋu ƒe nu kɔkɔe nyenye ƒe nya la dzii, eye alekee?

15 Le Xexemeʋa II ƒe gɔmedzedze, esi wòva bɔ be woado ʋu na asrafo siwo xɔ abi la, nu geɖe me va kɔ le ʋu ƒe nu kɔkɔe nyenye ŋu. July 1, 1945 ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ de dzi ƒo be “Yehowa subɔla siwo katã di be yewoanɔ agbe tegbee le dzɔdzɔenyenye xexe yeyea me la nade bubu ʋu ŋu be enye nu kɔkɔe, eye be woawɔ ɖe Mawu ƒe sedede dzɔdzɔe si ku ɖe nya vevi sia ŋu la dzi.”

16. Ɣekaɣie woɖe New World Translation of the Holy Scriptures la ɖe go, eye nusiwo nyo le eŋu dometɔ eve enye kawo?

16 Le ƒe 1946 me la, wova kpɔe be ehiã be woaɖe Biblia gɔme wòasɔ ɖe alesi gbea va le nu, si me Kristodukɔa ƒe nufiafia siwo wotu ɖe kɔnuwo dzi dometɔ aɖeke manɔ o. Wodze gbegɔmeɖeɖedɔ ma gɔme le December 1947 me. Le ƒe 1950 me la, woɖe New World Translation of the Christian Greek Scriptures (Les Écritures grecques chrétiennes—Traduction du monde nouveau) la ɖe go le Eŋlisigbe me. Wova ɖe Hebri Ŋɔŋlɔawo hã gɔme ɖe Eŋlisigbe me vivivi wònye babla atɔ̃, tso ƒe 1953 me. Ƒe 1960 mee woɖe babla mamlɛtɔa ɖe go, eye ƒe 12 kple nu via aɖe koe nye ema tso esime wodze gbegɔmeɖeɖedɔa gɔme. Woɖe New World Translation of the Holy Scriptures (Les Saintes Écritures—Traduction du monde nouveau) Biblia bliboa ɖe go le ƒe 1961 me. Gbegbɔgblɔ geɖe mee Biblia sia le fifia, eye nu nyui geɖe le eme akpe ɖe ame ŋu le numekuku wɔwɔ me. Etsɔ Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa ɖo afisiwo katã wòle be wòanɔ. Gawu la, alesi woɖe emenyawo gɔme tẽ tso gbe gbãtɔawo me la na míeyi edzi le Mawu ƒe nyateƒea gɔme sem ɖe edzi wu.

17. Nya bubu ka mee va kɔ ɖe edzi le ƒe 1962 me?

17 Wova kɔ nu me tso “dziɖuɖu, siwo ŋusẽ li na,” si ƒe nya dze le Romatɔwo 13:1, kpakple afisi wòle be Kristotɔwo nabɔbɔ na wo ase ɖo ŋu le ƒe 1962 me. Romatɔwo ta 13 lia, kpakple mawunyakpukpuiwo abe Tito 3:1, 2 kple Petro I, 2:13, 17 ene, me dzodzro tsitotsito na eme kɔ be menye Yehowa Mawu kple Yesu Kristoe nye “dziɖuɖu, siwo ŋusẽ li na” la o, ke boŋ amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwoe.

18. Nyateƒe siwo me va kɔ le ƒe 1980-awo me dometɔ aɖewo ɖe?

18 Le ƒe siwo kplɔe ɖo me la, ame dzɔdzɔewo ƒe toƒe va nɔ kɔkɔm ɖe edzi geɖe wu. Le ƒe 1985 me la, wova kɔ nu me tso nusi wòfia be woanye ame dzɔdzɔe ‘hena agbekpɔkpɔ’ abe Mawu xɔlɔ̃ ene ŋu. (Romatɔwo 5:18; Yakobo 2:23) Le ƒe 1987 me la, woɖe nusi Kristotɔwo ƒe Aseyetsoƒea nye la me tsitotsito.

19. Aleke Yehowa na gbɔgbɔmenu geɖe me kɔ na eƒe amewo le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me?

19 Le ƒe 1995 me la, míeva se “alẽwo” kple “gbɔ̃wo” me mama ŋuti nya la me nyuie wu. Gbedoxɔ si Xezekiel kpɔ le ŋutega me, si ŋuti nyagblɔɖiwo nɔ eme vam xoxo, la ŋuti numeɖeɖe tsitsotsito aɖe va le ƒe 1998 me. Le ƒe 1999 me la, numeɖeɖe aɖe va tso ɣeyiɣi kple alesi ‘aƒedo ƒe ŋunyɔnu la ava tsi tre ɖe kɔkɔeƒea’ ŋu. (Mateo 24:15, 16; 25:32) Eye le ƒe 2002 me la, míeva se nu geɖe gɔme tso nusi wòfia be woade ta agu na Mawu “le gbɔgbɔ kple nyateƒe me” la me nyuie wu.—Yohanes 4:24.

20. Go bubu ka hã mee Mawu ƒe amewo wɔ tɔtrɔwo le?

20 Hekpe ɖe tɔtrɔ siwo va le hakplɔɖoɖowo kple nufiafiawo gome ŋu la, numeɖeɖe bubuwo hã va ku ɖe Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ ŋu. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1973 me la, míeva kpɔe be atama zazã nye ‘ɖi ƒoƒo ŋutilã’ eyata ele be woabu ezazã nuvɔ̃ gãe. (Korintotɔwo II, 7:1) Ƒe 10 megbe la, July 15, 1983 ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ kɔ nu me tso dɔ siwo me wozãa lãnuwo le ŋu. Nusiwo me kɔ le míaƒe ɣeyiɣia me la dometɔ ʋɛ aɖewo koe nye esiawo.

Yi Edzi Nàzɔ le Kekeli si Le Kɔkɔm Ðe Edzi la Me

21. Nɔnɔme kae akpe ɖe mía ŋu míayi edzi azɔ le kekeli si le kɔkɔm ɖe edzi ɖaa la me?

21 Hamemegã aɖe si le subɔsubɔm ɣeyiɣi didi aɖee nye esia la gblɔ be: “Mele bɔbɔe be nàlɔ̃ ɖe tɔtrɔ aɖe dzi ahatrɔ ɖe eŋu o.” Nukae kpe ɖe eŋu wòlɔ̃ ɖe tɔtrɔ siwo teƒe wòkpɔ le ƒe 48 siwo wònye Fiaɖuƒegbeƒãɖela me dzi? Eɖo eŋu be: “Nɔnɔme nyui ƒe ame si nɔnɔe nye nu vevitɔa. Ne megbe be nyemalɔ̃ ɖe tɔtrɔ aɖe dzi o la, ema afia be habɔbɔa ayi ŋgɔ, evɔ nye ya matsi megbe. Ne lɔlɔ̃ ɖe tɔtrɔ aɖewo dzi sesẽ nam la, medea ŋugble le nya siwo Petro gblɔ na Yesu ŋu, be: ‘Aƒetɔ, ameka gbɔ gɔ̃ míaʋu ayi mahã? Agbe mavɔ nyawo le asiwò.’ Azɔ mebiaa ɖokuinye be: ‘Afikae mayi—viviti si le xexeame la mea?’ Esia kpe ɖe ŋunye meku ɖe Mawu ƒe habɔbɔa ŋu goŋgoŋ.”—Yohanes 6:68.

22. Aleke zɔzɔ le kekelia me ɖea vi na míi?

22 Xexe si me míele la le viviti tsiɖitsiɖi me vavã. Esi Yehowa na kekeli le keklẽm na eƒe amewo ta la, vovototo si le woa kple amesiwo le xexeame dome la le dzedzem ɖe edzi wu. Nukae kekeli sia wɔna na mí? Abe alesi ko kekeli keklẽ ɖe mɔ aɖe si dzi do le meɖea doa ɖa o ene la, nenema kee kekeli si tso Mawu ƒe Nyaa me la meɖea mɔtetrewo ɖa o. Ke hã, Mawu ƒe kekeli la kpena ɖe mía ŋu míeƒoa asa na wo ale be míate ŋu ayi edzi azɔ le kekeli si le kɔkɔm ɖe edzi ɖaa la me. Eyata mina míayi edzi alé to ɖe Yehowa ƒe nyagblɔɖinya la ŋu, “abe akaɖi, si le keklẽm le tsyɔtsyɔƒe ene.”—Petro II, 1:19.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Aleke Yehowa kɔ nu me na eƒe amewo le hakplɔɖoɖowo ŋui?

• Kekeli si klẽ ɖe edzi na míese nufiafia kawo gɔme?

• Tɔtrɔ kawo teƒee wò ŋutɔ nèkpɔ, eye nukae kpe ɖe ŋuwò nèlɔ̃ ɖe wo dzi?

• Nukatae nèdi be yeayi edzi azɔ le kekeli si le kɔkɔm ɖe edzi ɖaa la me?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 27]

Nutome gã takpekpe si wowɔ le Cedar Point, Ohio le ƒe 1922 me la do ŋusẽ Biblia Nusrɔ̃viawo be woawɔ Mawu ƒe dɔa

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

“New World Translation of the Christian Greek Scriptures” si N. H. Knorr ɖe ɖe go le ƒe 1950 me

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 26]

© 2003 BiblePlaces.com