Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amekawoe Nye Kristotɔ Akuakuawo?

Amekawoe Nye Kristotɔ Akuakuawo?

Amekawoe Nye Kristotɔ Akuakuawo?

“NENYE be Yesu Kristo ŋuti sidzedze kpɔa ŋusẽ ɖe amewo ƒe nufiafiawo kple nuwɔnawo dzi ko hafie wònyea Kristotɔnyenye.” (On Being a Christian) Mawunyaŋununyala Hans Küng, si tso Switzerland, to nya sia dzi ɖe nyateƒenya vevi aɖe gblɔ be: Nenye be amewo wɔna ɖe Yesu ƒe nufiafiawo dzi anukwareɖiɖitɔe ko hafi woate ŋu agblɔ be enye Kristotɔnyenye akuakua.

Ke ne amewo alo habɔbɔwo be Kristo yomedzelawoe yewonye, evɔ le nyateƒe me womewɔna ɖe Yesu ƒe nufiafiawo dzi o ya ɖe? Yesu ŋutɔ gblɔ be ame geɖe ayɔ wo ɖokui be Kristotɔwo. Woafia asi nu vovovowo atsɔ aɖo kpe edzi be yewonye etɔwo, anɔ gbɔgblɔm be: “Alo menye wò ŋkɔ dzi míegblɔ nya ɖe anyi le o ɖe, eye wò ŋkɔ dzi míenyã gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le o ɖe, eye wò ŋkɔ dzi míewɔ ŋusẽdɔ geɖewo le o ɖe?” Gake aleke Yesu awɔ nui? Ŋkubiãnya siwo wògblɔ la ɖee fia be abu fɔ wo: “Nyemenya mi kpɔ o, mi nu madzɔmadzɔ wɔlawo; mite ɖa le gbɔnye!”—Mateo 7:22, 23.

Nuxlɔ̃ame sẽŋu kae nye si esia nye na ‘nu madzɔmadzɔ wɔla’ siwo be Yesu yomedzelawoe yewonye! Se nudidi vevi eve siwo dzi Yesu be yeanɔ te ɖo axɔ amewo be wonye Kristotɔ akuakuawo eye yemabu wo be wonye nu madzɔmadzɔ wɔlawo o la ɖa.

“Ne Lɔlɔ̃ Le Mia Dome”

Yesu ƒe nudidiawo dometɔ ɖekae nye esi: ‘Se yeye mena mi bena, mialɔ̃ mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃a mi ene, bena miawo hã mialɔ̃ mia nɔewo nenema ke. Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.’Yohanes 13:34, 35.

Yesu di tso eyomedzelawo si be woalɔ̃ wo nɔewo vevie eye woalɔ̃ ame bubuwo hã. Kristotɔ ɖekaɖeka aɖewo wɔ ɖe se sia dzi tso keke esime Yesu nɔ anyigba dzi ke. Ke subɔsubɔha akpa gãtɔ siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye ya ɖe? Ðe woƒe nuwɔnawo ɖee fia be wolɔ̃ wo nɔewo nyateƒea? Gbeɖegbeɖe! Ðe eteƒe la, wonɔ ŋgɔ na aʋawɔwɔ kple dzrewɔwɔ gbogbo siwo me ame maɖifɔwo ku le la.—Nyaɖeɖefia 18:24.

Alea koe wòle va ɖo egbeŋkekeawo hã me. Dukɔ siwo me tɔ akpa gãtɔ gblɔna be Kristotɔwoe yewonye lae xɔ ŋgɔ wowu amewo blibaa le xexemeʋa eve siwo wowɔ le ƒe alafa 20 lia me la me. Ƒe ʋɛ aɖewo enye sia la, yeaɖi Kristo-sɔlemehawo me tɔwoe xɔ ŋgɔ le ŋutasẽnu vɔ̃ɖi siwo wowɔ le Rwanda, le ƒe 1994 me, kple susu be woatsɔ atsrɔ̃ ameƒomevi aɖewo ɖa la me. Desmond Tutu, si nye Anglikan bisiɔpgã va yi, ŋlɔ bena: “Amesiwo dze wo nɔewo dzi le ʋukɔkɔɖi nuwɔna sia me la nye xɔseha ɖeka me tɔwo. Akpa gãtɔ nye Kristotɔwo.”

“Ne Mienɔ Nye Nya la Me”

Yesu gblɔ nu vevi evelia si wòdi tso Kristotɔ akuakuawo si esime wògblɔ be: ‘Ne mienɔ nye nya la me la, ekema nye nusrɔ̃la vavãwo mienye, eye miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la lawɔ mi ablɔɖeviwoe.’—Yohanes 8:31, 32.

Yesu di be ye yomedzelawo nanɔ yeƒe nya la me—si fia be woalé yeƒe nufiafiawo me ɖe asi. Ke hã, mawunyaŋununyala Küng gblɔ be, mawunyafiala siwo be Kristo yomedzelawoe yewonye la “yi edzi le Helatɔwo ƒe dzixɔsewo xɔm de eme.” Wotsɔ dzixɔse siwo nye luʋɔ makumaku, ŋutiklɔdzo, tadedeagu na Maria, kple osɔfowo ƒe ha ɖoɖo, kpakple bubuawo—siwo woxɔ tso trɔ̃subɔsubɔ kple xexemenunya me la—ɖɔ li Yesu ƒe nufiafiawoe.—Korintotɔwo I, 1:19-21; 3:18-20.

Mawunyafialawo hãe to Mawuɖekaetɔ̃ nufiafia si gɔme menyasena o, si wotsɔ da Yesu ɖe teƒe kɔkɔ si eya ŋutɔ megblɔ kpɔ gbeɖe be yele o, la vɛ. Woto esia dzi he amewo ɖa tso tadedeagu na amesi dzi Yesu he susu yi ɣesiaɣi—si nye Fofoa, Yehowa—la ŋu. (Mateo 5:16; 6:9; Yohanes 14:28; 20:17) Hans Küng ŋlɔ bena: “Ne Yesu le nu ƒom tso Mawu ŋu la, amesi wòwɔnɛ ye nye blemafofo Abraham, Isak kple Yakob, ƒe Mawu: Yahweh . . . Amesiae nye eƒe Mawu ɖeka hɔ̃ la.” Ame nenie nyana enumake be Yesu ƒe Mawu kple Fofoa enye Yahweh—alo, Yehowa, abe alesi woŋlɔnɛ ɖe Eʋegbe me ene?

Subɔsubɔhakplɔlawo tra ɖa keŋkeŋ tso se si Yesu de be woagade nu dunyahenyawo me o la gbɔ. Agbalẽŋlɔla Trevor Morrow gblɔ be le Yesu ƒe ŋkekeawo me la, “dulɔlɔ̃ xɔ aƒe ɖe” Galilea “ale gbegbe.” Yudatɔ siwo me dulɔlɔ̃ nɔ la dometɔ geɖe toa lãnuwo zazã dzi be yewoakpɔ ablɔɖe tso dunyahelawo kple subɔsubɔhawo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te. Ðe Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woaƒo wo ɖokui ɖe ʋunyaʋunya sia mea? Ao. Ke boŋ egblɔ na wo be: “Mienye xexeame ƒe akpa aɖeke o.” (Yohanes 15:19; 17:14, NW) Gake le esi teƒe be sɔlemehaŋgɔnɔlawo nagade nu dunyahehe me o la, wova to nusi Irelandtɔ agbalẽŋlɔla Hubert Butler ɖɔ be “aʋawɔlawo kple dunyahelawo ƒe sɔlemenufiafia la” vɛ. Eŋlɔ bena: “Kristotɔ siwo hea dunya la nyea Kristotɔ siwo kpɔa gome le aʋawɔwɔ me godoo eye ne dumegãwo kple nunɔlawo bla nu la, edzɔna godoo be Sɔlemeha la yrana dukɔa ƒe asrafowo kple susu be mɔnukpɔkpɔ aɖewo nasu yewo si.”

Aʋatsonufialawo Gbe Nu le Yesu Gbɔ

Apostolo Paulo na míenya be woava de megbe tso Kristotɔnyenye akuakua gbɔ. Egblɔ be le yeƒe ku megbe la, “amegãxi nyanyrawo” atso amesiwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la dome ‘agblɔ nya dadawo be woahe nusrɔ̃lawo ɖe wo ɖokui yome.’ (Dɔwɔwɔwo 20:29, 30) ‘Woaʋu eme le gaglãgbe bena, yewonya Mawu,’ gake le nyateƒe me la, woatsɔ ‘woƒe nuwɔnawo agbe nu le egbɔe.’ (Tito 1:16) Apostolo Petro hã xlɔ̃ nu nenema ke be aʋatsonufialawo “latsɔ gbegblẽ ƒe kɔmamãwo ava tra ɖe eme dzaa, eye woagbe nu le Aƒetɔ, si xe fe ɖe wo ta la gbɔ.” Egblɔ be woƒe agbe baɖa nɔnɔ ana amewo ‘agblɔ busunya ɖe nyateƒemɔ la ŋuti.’ (Petro II, 2:1, 2) Helatɔ agbalẽnyalagã W. E. Vine gblɔ be, be woagbe nu le Kristo gbɔ alea fia be “woagbe nu le Fofo la kple Vi la gbɔ, to xɔsegbegbe kple nu dadawo fiafia me.”

Aleke Yesu awɔ nui ne amesiwo be eƒe nusrɔ̃lawoe yewonye la ɖoe koŋ gbe ‘eƒe nya la me’ nɔnɔ eye womete ŋu ɖo dzidzenu bubu siwo wòɖo ɖi la gbɔ o? Ena míenya be: “Amesi ke lagbe nu le gbɔnye le amewo ƒe ŋku me la, nye hã magbe nu le eyama gbɔ le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe ŋku me.” (Mateo 10:33) Le nyateƒe me la, Yesu megbea nu le amesi dina vevie be yeawɔ nuteƒe la gbɔ le esi wòwɔ vodada aɖe ta o. Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be apostolo Petro gbe nu le Yesu gbɔ zi etɔ̃ hã la, etrɔ dzime eye wotsɔe kee. (Mateo 26:69-75) Ke hã, Yesu gbea nu le ame alo habɔbɔ siwo va zua amegãxi siwo do alẽgbalẽwuwo—hewɔna abe Kristo yomee wole ene gake ɖonɛ koŋ gbea eƒe nufiafiawo ɣesiaɣi—la gbɔ. Yesu gblɔ le aʋatsonufiala mawo ŋu be: ‘Miatsɔ woƒe tsetsewo adze si woe.’—Mateo 7:15-20.

Apostoloawo Ku, eye Xɔsegbegbe Do Mo Ða

Ɣekaɣie aʋatso Kristotɔwo te mo dodo ɖa hegbe nu le Kristo gbɔ? Le Yesu ƒe ku megbe teti koe. Yesu ŋutɔ na míenya be eteƒe madidi o Satana Abosam awu “gbe wuwlui,” alo aʋatso Kristotɔwo, ɖe “nuku nyuia,” alo Kristotɔ akuakuawo, siwo yekpɔ le yeƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi la me. (Mateo 13:24, 25, 37-39) Apostolo Paulo na míenya be nufiala ameblelawo nɔ amewo blem le yeƒe ŋkekeawo gɔ̃ hã me. Egblɔ be nusi koŋ tae wotra tso Yesu Kristo ƒe nufiafiawo gbɔ ɖoe nye be ‘nyateƒea ƒe lɔlɔ̃’ akuakua mele wo si o.—Tesalonikatɔwo II, 2:10.

Xɔsegbegbe sia mete ŋu xɔ aƒe ɖi le Yesu Kristo ƒe apostoloawo ƒe agbenɔɣi o. Gake le apostoloawo ƒe ku megbe la, subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ “aʋatsokaka ƒe ŋusẽ kple dzesiwo kple nukunuwo katã kple madzɔmadzɔnyenye ƒe amebeble katã” zãm be yewoatsɔ akplɔ ame geɖe atrae la yi edzi nɔ ame gbogbo aɖewo trɔm ɖa tso nyateƒe siwo Yesu kple eƒe apostolowo fia la gbɔ. (Tesalonikatɔwo II, 2:3, 6-12) Englandtɔ xexemenunyala Bertrand Russell ŋlɔ bena le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wova trɔ Kristo-hame gbãtɔa wòzu subɔsubɔha aɖe si awɔ “nuku na Yesu, kple Paulo gɔ̃ hã.”

Wogbugbɔ Kristotɔnyenye Akuakua Ðo Te

Kpeɖodziawo dze ƒã. Tso apostoloawo ƒe ku megbe la, nusiwo dzɔ le Kristotɔnyenye ƒe ŋkɔ me dometɔ geɖe ɖee fia be Kristo ƒe asi mele wo me o. Gake ema mefia be Yesu do kpo ŋugbe si wòdo be yeanɔ kple ye yomedzelawo “ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu” la dzi wɔwɔ o. (Mateo 28:20) Míate ŋu aka ɖe edzi be tso esime wògblɔ nya mawo la, nuteƒewɔla aɖewo nɔ anyi siwo ƒe ‘nufiafiawo kple nuwɔnawo ɖee fia be Yesu Kristo ŋuti sidzedze kpɔ ŋusẽ nyui ɖe yewo dzi.’ Yesu Kristo wɔ ɖe ŋugbe si wòdo be yeakpe ɖe amesiawo ŋu la dzi, le esi wodze agbagba ɖea lɔlɔ̃ si dea dzesi Kristotɔ vavãwo fiana eye woyia edzi léa nyateƒe si wòfia la me ɖe asi nuteƒewɔwɔtɔe ta.

Gawu la, Yesu do ŋugbe be le nuɖoanyi sia ƒe ŋkeke mamlɛawo me la, yeaƒo yeƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒewo nu ƒu ɖe Kristo-hame, si ɖe dzesi nyuie, si yeazã atsɔ ana woawɔ yeƒe lɔlɔ̃nu la me. (Mateo 24:14, 45-47) Fifi laa la, ele Kristo-hame ma zãm tsɔ le ŋutsuwo, nyɔnuwo, kple ɖeviwo ƒe “ameha gã” aɖe nu ƒom ƒu “tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me” bene woawɔ ɖeka anɔ yeƒe tanyenye te anye “alẽha ɖeka” anɔ “alẽkplɔla” ɖeka te.—Nyaɖeɖefia 7:9, 14-17; Yohanes 10:16; Efesotɔwo 4:11-16.

Eyata ɖe ɖokuiwò ɖa tso habɔbɔ ɖesiaɖe si ƒo ɖi Kristo ƒe ŋkɔ hedo vlo Kristotɔnyenye le ƒe akpe eve siwo va yi me la ŋu. Ne menye nenema o la, abe alesi Yesu Kristo ɖee fia apostolo Yohanes ene la, ‘àxɔ woƒe fuwɔamea ƒe ɖe’ ne Mawu va le ʋɔnu drɔ̃m wo le ɣeyiɣi si gbɔna kpuie me. (Nyaɖeɖefia 1:1; 18:4, 5) Ðoe kplikpaa be yeanɔ amesiwo ŋu nyagblɔɖila Mixa gblɔ le be “le ŋkeke mlɔeawo me” la, nyateƒe tadeagulawo—siwo léa Kristotɔnyenye vavã me ɖe asi—aɖo to Mawu ƒe nufiamewo ‘ahazɔ’ le tadedeagu dzadzɛ si wògbugbɔ ɖo te ƒe mɔwo dzi la dome. (Mixa 4:1-4) Adzɔ dzi na magazine sia talawo be yewoakpe ɖe ŋuwò nàke ɖe nyateƒe tadeagula siawo ŋu.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Nukata Kristotɔ akuakuawo mekpɔa gome le aʋawɔwɔ me o?

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

‘Milɔ̃ mia nɔewo’ eye ‘minɔ nye nya la me,’ nye nu vevi siwo Yesu bia tso Kristotɔ akuakuawo si

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Asrafowo, miame: U.S. National Archives photo; tu si wotsɔna tɔa dzo nu, ɖusi: U.S. Army Photo