Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amekawoe Wɔna Ðe Kristo ƒe Nufiafiawo Dzi Egbea?

Amekawoe Wɔna Ðe Kristo ƒe Nufiafiawo Dzi Egbea?

Amekawoe Wɔna Ðe Kristo ƒe Nufiafiawo Dzi Egbea?

AME akpa gãtɔ bua Yesu Kristo be enye ame xɔŋkɔ siwo nɔ anyi kpɔ la dometɔ ɖeka. Ame geɖe bunɛ be eyae nye ame vevitɔ kekeake. Anye ƒe akpe eve kloe enye sia si eƒe nufiafiawo le ŋusẽ nyui kpɔm ɖe amewo ƒe agbenɔnɔ dzi vevieamesiwo agbalẽŋlɔla Britaintɔ Melvyn Bragg yɔ be “nyuiwɔlawo kple dɔmenyowɔla tsɛ siwo ƒe kpekpeɖeŋunana medzena wokpɔna o, kple dɔmenyowɔla siwo naa nu gbogbowo amewo tsɔ dia kafukafui la siaa.”

Aleke Amewo Bua Kristotɔnyenyee?

Aleke amewo bua Kristotɔnyenyee? Woɖɔe be enye “ŋgɔyiyi gã siwo ameƒomea wɔ le subɔsubɔnyawo gome la dometɔ ɖeka.” David Kelso, si le Glasgow Caledonian Yunivɛsiti, le Scotland, gblɔ nya aɖe le eŋu. Eŋlɔ bena: “Ƒe akpe eve si [Kristotɔnyenye] xɔ la me yɔ fũ kple dzidzedze siwo wòkpɔ le aɖaŋudɔ, xɔtuɖaŋu, xexemenunya, haƒoƒo, kple hadomenuwɔnawo me.”

Ke hã, ame gbogbo aɖewo ya mebui nenema o. Menye alesi woɖe Kristotɔnyenye gɔme le nyagɔmeɖegbalẽ si nye Collins Cobuild me be, “Enye subɔsubɔ si wotu ɖe Yesu Kristo ƒe nufiafiawo kple dzixɔse si nye be enye Mawu ƒe vi la dzi” ye ɖe fu na wo o. Ke boŋ subɔsubɔhabɔbɔ siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la ƒe agbenɔnɔe mesɔna na wo o.

Le kpɔɖeŋu me, ƒe alafa 19 lia me Germanytɔ xexemenunyala Friedrich Nietzsche ɖɔ alesi Kristotɔnyenye le fifia be enye “nusi koŋ gblẽ nu le ameƒomea ŋu ɖikaa.” Eŋlɔ bena eyae he “fiƒode gãtɔ, nutovowɔwɔ nyɔŋutɔ kekeake vɛ, . . . eye wòzãa mɔ vɔ̃ɖi ɖesiaɖe, anukwaremaɖimaɖi ɖesiaɖe, nufitifitiwɔwɔ ɖesiaɖe, kple numaɖinu ɖesiaɖe tsɔ ɖoa eƒe taɖodzinu gbɔe.” Ele eme be Nietzsche ɖe ami ɖe eƒe nyawo ya, gake numekula siwo gblɔa woƒe nyawo tẽ la dometɔ geɖe hã gblɔ nya siawo tɔgbe. Nukatae? Elabena menye Yesu Kristo ƒe nɔnɔmewoe dze le amesiwo be Kristotɔwoe yewonye la ƒe agbenɔnɔwo ŋu o, ke boŋ “nutovowɔwɔ, nu vlo dziŋɔwo wɔwɔ, kple busunyagbɔgblɔ” si de du lae ɖe dzesi le wo ŋu, le ƒe alafa siwo va yi la me.

Ðe Kristo ƒe Asi Kpɔtɔ Le Kristotɔnyenye Mea?

Ekema asɔ be woabia be, “Ðe Kristo ƒe asi kpɔtɔ le Kristotɔnyenye mea?” Ame aɖewo aɖo eŋu enumake be: “Ẽ, eƒe asi le eme! Ðe medo ŋugbe na eyomedzelawo be yeanɔ kpli wo ‘yiɖase xexeame ƒe nuwuwu oa’?” (Mateo 28:20) Ẽ, Yesu gblɔe ya. Gake ɖe Yesu nɔ gbɔgblɔm be yeanɔ kple amesiame si ko gblɔna be ye yomedzelae yenye, aleke kee amea ɖanɔa agbee oa?

Ðo ŋku edzi be, le Yesu ƒe ŋkekea me la, subɔsubɔhakplɔla aɖewo bui be nuka kee yewoɖawɔna o, Mawu li kpli yewo. Esi wònye be Mawu tia Israel hena dɔ vevi aɖe wɔwɔ ta la, subɔsubɔhakplɔla aɖewo bui be—nuka ke wɔmee yewoɖale o—Mawu magblẽ yewo ɖi akpɔ o. (Mixa 3:11) Gake mlɔeba la, wova ɖe asi le Mawu ƒe sewo kple dzidzenuwo ŋu kura. Esia wɔe be Yesu Kristo gblɔ na wo tẽ be: “Kpɔ ɖa, woagblẽ miaƒe aƒe ɖi na mi aƒedoe.” (Mateo 23:38) Mawu megava kpɔ ŋudzedze ɖe woƒe subɔsubɔ nuɖoanyi bliboa ŋu o. Egbe wo kura eye wòɖe mɔ Roma-ʋakɔwo tsrɔ̃ Yerusalem, si nye fiadua, kple gbedoxɔa le ƒe 70 M.Ŋ. me.

Ðe nusia tɔgbe ate ŋu adzɔ ɖe Kristotɔnyenye dzia? Mina míadzro nudidi siwo Yesu tsɔ kpe ɖe ŋugbe si wòdo be yeanɔ kple ye yomedzelawo vaseɖe “xexeame ƒe nuwuwu” ŋu la me.

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Yesu Kristo ƒe nufiafiawo kpɔa ŋusẽ nyui ɖe ame miliɔn geɖe dzi le xexeame godoo