Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Mègatɔ O, Yi Edzi!”

“Mègatɔ O, Yi Edzi!”

“Mègatɔ O, Yi Edzi!”

LE Nezlobnaya, Russia, la, sekɛndrisukuvi aɖewo siwo srɔ̃a nu tso amewo ƒe agbalẽ vovovowo ŋu la nɔ Mikhail Bulgakov, si nye Russiatɔ agbalẽŋlɔla aɖe, ƒe agbalẽwo srɔ̃m. Ŋutinyagbalẽ aɖe si ƒo nu tso Yesu Kristo ŋu gbɔɖiametɔe heɖɔ Satana be enye kalẽtɔ la nɔ agbalẽ siawo dome. Esi sukuviawo wu numedzodzroa nu la, nufialaa ɖo nuŋɔŋlɔ dodokpɔ aɖe na wo tso agbalẽ sia me. Gake sukuviawo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Andrey, si xɔ ƒe 16, eye wònye Yehowa Ðasefo, bia nufialaa bubutɔe be wòaɖe ye le dodokpɔ sia me, elabena yeƒe dzitsinya meɖe mɔ na ye be yeasrɔ̃ agbalẽ sia tɔgbe o. Ebia be wòaɖe mɔ na ye yeaŋlɔ ŋutinya aɖe si me yeagblɔ yeƒe nukpɔsusu tso Yesu Kristo ŋu le. Nufialaa lɔ̃ ɖe edzi nɛ.

Le Andrey ƒe nuŋɔŋlɔa me la, eɖe nu me be togbɔ be yedea bubu ame bubuwo ƒe nukpɔsusuwo ŋu hã, yekpɔe be mɔ nyuitɔ si dzi woato asrɔ̃ nu tso Yesu ŋu enye be woaxlẽ Nyanyuigbalẽ eneawo dometɔ ɖeka. Egblɔ be “ewɔwɔ alea ana be woasrɔ̃ nu tso Yesu ƒe agbenɔnɔ kple nufiafiawo ŋu, le eteƒekpɔlawo ƒe nuŋlɔɖiwo me.” Andrey yi edzi be: “Nu bubu si ɖe fu nam ye nye alesi woɖɔ Satanae. Ado dzidzɔ na ame aɖewo ya be woaxlẽ agbalẽ si ƒo nu tso Satana ŋu be enye kalẽtɔ, gake menye nye o.” Eɖe nu me be le nyateƒe me la, Satana nye gbɔgbɔmenuwɔwɔ vɔ̃ɖi ŋusẽtɔ aɖe, amesi dze aglã ɖe Mawu ŋu, he vɔ̃ɖinyenye, dɔléle, kple fukpekpe va ameƒomea dzii. Andrey wu eƒe nuŋɔŋlɔa nu be: “Nyemebu be ŋutinyagbalẽ sia xexlẽ aɖe vi nam o. Ele eme be susu vɔ̃ aɖeke mele asinye ɖe Bulgakov ŋu o ya. Gake nye ya madi be maxlẽ Yesu Kristo ŋuti nyateƒenyawo tso Biblia boŋ me.”

Andrey ƒe nuŋɔŋlɔa dzɔ dzi na eƒe nufiala ale gbegbe be wògblɔ nɛ be wòaŋlɔ nu tso Yesu Kristo ŋu ava xlẽ na etɔwo. Andrey lɔ̃ kple dzidzɔ. Esi nusɔsrɔ̃ ma gaɖo edzi ɣebubuɣi la, Andrey xlẽ nusi wòŋlɔ la na klass bliboa. Eɖe nusita wòbu be Yesue nye ame vevitɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ me. Emegbe exlẽ nu tso Yesu ƒe ku ŋu le Biblia-gbalẽ si nye Mateo ƒe tawo dometɔ ɖeka me. Esi ɣeyiɣi si wona Andrey be wòatsɔ axlẽ nya si wòŋlɔ la de eye wòdi be yeaƒo yeƒe nyawo ta la, ehatiawo gblɔ nɛ be: “Mègatɔ o, yi edzi! Nukae gava dzɔ?” Eyata eyi nuxexlẽa dzi le Mateo ƒe agbalẽa me, eye wòxlẽ nu tso Yesu ƒe tsitretsitsi hã ŋu.

Esi Andrey wu nuxexlẽa nu la, ehatiawo bia nya geɖewoe tso Yesu kple Yehowa ŋu. Andrey gblɔ be: “Medo gbe ɖa na Yehowa be wòana nunyam, eye eɖo eŋu nam. Mete ŋu ɖo nya siwo katã wobiam ŋu na wo!” Esi wokpã la, Andrey tsɔ agbalẽ si nye Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ * na eƒe nufialaa, eye wòxɔe kple dzidzɔ. Andrey gblɔ be: “Ena dzesi kɔkɔm ɖe nye nuŋɔŋlɔa ta hekafum be dzixɔse siawo le asinye eye be womekpe ŋu nam o. Egblɔ hã be yelɔ̃ ɖe nye dzixɔseawo dometɔ aɖewo dzi.”

Dzi dzɔ Andrey be yete ŋu tso nya me hewɔ ɖe yeƒe dzitsinya si yetsɔ Biblia na hehee la ƒe mɔfiame dzi, be yemexlẽ agbalẽ si do vlo Yehowa kple Via, Yesu Kristo, o. Nyametsotso alea kpe ɖe eŋu wòƒo asa na nufiafia siwo tsi tre ɖe Ŋɔŋlɔawo ŋu heʋu mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe hã nɛ wògblɔ Biblia me nyateƒe veviwo na ame bubuwo.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Yehowa Ðasefowoe tae.