Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Ester ƒe Agbalẽ Me

Nya Vevi Siwo Tso Ester ƒe Agbalẽ Me

Yehowa ƒe Nya la Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Ester ƒe Agbalẽ Me

NUGBEÐOÐOA adze edzi godoo. Woatsrɔ̃ Yudatɔawo ɖa keŋkeŋ. Le ŋkeke ɖoɖi aɖe dzi la, woatsrɔ̃ Yudatɔ siwo katã le fiaɖuƒe, si tso India va ɖo Etiopia, la me. Nenemae nugbeɖola la susui. Gake eŋlɔ nya vevi aɖe be. Dziƒowo ƒe Mawu la ate ŋu aɖe eƒe ame tiatiawo tso nɔnɔme sesẽ ɖesiaɖe me. Woŋlɔ woƒe ɖeɖe la ŋutinya ɖe Biblia-gbalẽ si nye Ester me.

Ester ƒe agbalẽa, si Yuda-ŋutsu tsitsi aɖe si ŋkɔe nye Mardoxai ŋlɔ la, ƒo nu tso Persia-fia Axasweros, alo Xerxes I, ƒe dziɖuɣi me nudzɔdzɔ siwo axɔ ƒe 18 la ŋu. Nudzɔdzɔ ɖedzesi sia ɖe alesi Yehowa ɖe eƒe amewo tso woƒe futɔwo ƒe nugbeɖoɖo vɔ̃ɖiwo me, togbɔ be fiaɖuƒe gã aɖe mee wokaka ɖo hã, la fia. Egbea, esia nyanya doa ŋusẽ Yehowa ƒe amewo, siwo le subɔsubɔ kɔkɔe tsɔm nɛ le dukɔ 235 me la, ƒe xɔse nyateƒe. Gawu la, amesiwo ƒe kpɔɖeŋu míate ŋu asrɔ̃ kple amesiwo tɔ míadi be míaƒo asa na lae le Ester ƒe agbalẽa me. “Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu” vavã.—Hebritɔwo 4:12.

EHIÃ BE FIANYƆNUA NADE NU NYAA ME

(Ester 1:1–5:14)

Le Fia Axasweros ƒe dziɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia (493 D.M.Ŋ.) me la, fia la ɖo kplɔ̃ kpeɖi aɖe na eŋumewo. Fianyɔnu Wasti, si dze tugbe ŋutɔ la, ƒe nu megava nyo fia la ŋu kura o eye wòxɔ fianyɔnunyenyea le esi. Wotia Yuda-nyɔnuvi Hadasa tso ɖetugbi nɔaƒe siwo dze tugbe le fiaɖuƒea me la katã dome be wòaxɔ ɖe eteƒe. Aɖaŋu siwo etɔgã ƒe vi Mardoxai ɖo nɛ wɔe be meɖe eɖokui fia be Yudatɔe yenye o, ke boŋ ezã Persia-ŋkɔ, Esther, si woyɔna nɛ la.

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wodo ŋutsu dadala aɖe si ŋkɔe nye Haman ɖe dzi wòva zu dɔnunɔlawo ƒe tatɔ. Haman do dɔmedzoe vevie be Mardoxai ‘mebɔbɔ de ta agu na ye o,’ eyata eɖo nugbe be woatsrɔ̃ Yudatɔwo katã ɖa le Persia Fiaɖuƒea me. (Ester 3:2) Haman ble Axasweros nu wòwɔ ɖeka kplii eye wòna fia la de se aɖe si ana be woatsrɔ̃ ameawo. Esia na Mardoxai ‘ta akpanya hesi afi.’ (Ester 4:1) Ele be Ester nade nu nyaa me azɔ. Ekpe fia la kple eƒe dɔnunɔlawo ƒe tatɔa be woava ɖu nu kpli ye. Esi woyi dzidzɔtɔe la, Ester ɖe kuku na wo be woagava ɖu nu kpli ye ake le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi. Dzi dzɔ Haman ale gbegbe. Ke hã, Mardoxai ƒe ta mademade agu nɛ la ƒe dziku nɔ dɔme nɛ. Eyata Haman ɖo nugbe be yeawu Mardoxai hafi nua ɖuɣi naɖo le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

1:3-5—Ðe kplɔ̃ɖoɖoa xɔ ŋkeke 180 laa? Mawunyakpukpuia megblɔ be kplɔ̃ɖoɖoa xɔ ɣeyiɣi didi ma gbegbe o, ke boŋ fia la tsɔ ŋkeke 180 ɖe eƒe fiaɖuƒea ƒe kesinɔnu kple eƒe atsyɔ̃ɖoɖo fia amegã siwo wòkpe vɛ la. Ðewohĩ fia la zã wɔna sia, si xɔ ŋkeke geɖe la, tsɔ ɖe eƒe fiaɖuƒea ƒe atsyɔ̃ fia bubumeawo bene wòawɔ dɔ ɖe wo dzi ahana woanya be yeate ŋu awɔ ɖe yeƒe tameɖoɖowo dzi. Ne nenemae la, ke kpukpui 3 kple 5 ate ŋu afia ŋkeke 7 ƒe kplɔ̃ gã si woɖo le ŋkeke 180 la ƒe nuwuwu.

1:8—Mɔ ka nue ‘wono ahaa le, le se nu dzizizi manɔmee’? Le ŋkeke sia dzi la, Fia Axasweros wɔ nusi to vovo na alesi wonya Persiatɔwo be woƒonɛ ɖe amewo nu bene woano aha agbɔsɔsɔme aɖe le wɔna siawo wɔƒe la. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Aha agbɔsɔsɔme si amesiame ate ŋu ano la koe wòno.”

1:10-12—Nukatae Fianyɔnu Wasti gbe be yemava fia la ŋkume o? Agbalẽnyala aɖewo bui be fianyɔnua gbe be yemava o elabena medi be yeava ɖi gbɔ ye ɖokui le fia ƒe amekpekpe siwo mu aha la ŋkume o. Alo ɖewohĩ fianyɔnu dzetugbe sia mebɔbɔa eɖokui o. Togbɔ be Biblia megblɔ susu si tae wòwɔ nusia ɖo o hã la, nunyala siwo nɔ anyi ɣemaɣi la bui be tomaɖomaɖo srɔ̃a ŋutsua nye ŋkubiãnya eye be srɔ̃nyɔnu siwo katã le Persia nutowo me la ava srɔ̃ Wasti ƒe kpɔɖeŋu gbegblẽa.

2:14-17—Ðe fia nɔ agbe gbegblẽ kple Ester? Ŋuɖoɖoae nye ao. Nuŋlɔɖia gblɔ be le ŋdi me la, wokplɔa nyɔnu bubuawo siwo wokplɔ yi fia la gbɔe gbɔna vaa aƒe evelia me le fia ƒe aƒe dzikpɔla, “amesi nye ahiãwo ŋudzɔla ƒe dzikpɔkpɔ te.” Esia wɔnɛ be nyɔnu siwo tsi fiaa gbɔ le zã me la zua eƒe ahiãviwo, alo srɔ̃ bubuwo. Gake esi Ester trɔ gbɔ tso fia gbɔ la, womekplɔe yi ahiãwo ƒe aƒea me o. Esi wokplɔ Ester va Axasweros ŋkume la, “fia la [lɔ̃] Ester wu nyɔnuwo katã, eƒe nu nyo eŋu, eye wòve enu wu ɖetugbiawo katã.” (Ester 2:17) Mɔ ka nue “eƒe nu nyo” Axasweros “ŋu” le? Abe alesi ko eƒe nu nyo ame bubuwo ŋui ene. “Nyɔnuvi la dze [Hegai ŋu], eye wòve enu.” (Ester 2:8, 9) Nusi Hegai kpɔ le eŋu koŋ—eƒe tugbedzedze kple nɔnɔme nyuiwo—tae eƒe nu nyo eŋu ɖo. Le nyateƒe me la, ‘Ester ƒe nu yi edzi nɔ amesiwo katã kpɔe la ŋu nyom.’ (Ester 2:15) Nenema kee nusi fia la kpɔ le Ester ŋu la dze eŋu si na be wòlɔ̃e.

3:2; 5:9—Nukatae Mardoxai gbe tabɔbɔ na Haman ɖo? Menye vodadae wònye be Israel-viwo nabɔbɔ ta na amesiwo wodo ɖe dzi la atsɔ ade bubu wo ŋui o. Gake be woabɔbɔ ta na Haman ya yi ŋgɔ wu ema. Haman nye Agagitɔ, si ɖewohĩ anya tso Amalek, eye Yehowa ɖoe be woatsrɔ̃ Amalekitɔwo ɖa keŋkeŋ. (Mose V, 25:19) Mardoxai bui be tabɔbɔ na Haman anye nuteƒemawɔmawɔ na Yehowa. Eyata egbe kura be yemabɔbɔ ta nɛ o hegblɔ be Yudatɔe yenye.—Ester 3:3, 4.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

2:10, 20; 4:12-16. Ester wɔ ɖe mɔfiame kple aɖaŋu siwo Yehowa subɔla tsitsi ɖo nɛ la dzi. Nunya anɔ eme na mí be ‘míaɖo to mía nunɔlawo, ahabɔbɔ mía ɖokui na wo.’—Hebritɔwo 13:17.

2:11; 4:5. ‘Manye mía ŋutɔ mía ɖokui ŋu koe míatsi dzi ɖo o, ke boŋ míatsi dzi ɖe ame bubuwo hã ŋu.’—Filipitɔwo 2:4.

2:15. Ester ɖe nudzeameŋu kple ɖokuidziɖuɖu fia esi megabia lekewɔnu alo awu xɔasi bubu aɖeke tsɔ wu esi Hegai nɛ la o. Efia be ‘dzime ƒe ame ɣaɣla le gbɔgbɔ fatu, si nɔa anyi kpoo me’ lae na Ester ƒe nu nyo fia la ŋu.—Petro I, 3:4.

2:21-23. Ester kple Mardoxai ɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi le ‘ɖokuibɔbɔ na dziɖuɖu, siwo ŋusẽ li na’ la gome.—Romatɔwo 13:1.

3:4. Le nɔnɔme aɖewo me la, nunya anɔ eme be woamia nu ɖe amesi ame nye la dzi, abe alesi Ester mia nu ɖe etɔ dzii ene. Gake ne nya veviwo, abe Yehowa ƒe dziɖulanyenye kple míaƒe nuteƒewɔwɔ ene, ŋue wòku ɖo la, mele be míavɔ̃ be míana woanya be Yehowa Ðasefowoe míenye o.

4:3. Ne tetekpɔwo dze ŋgɔ mí la, ele be míatrɔ ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me bene wòana ŋusẽ kple nunya mí.

4:6-8. Ŋɔdzi si Haman ƒe nugbeɖoɖoa do na Mardoxai la na wòbia be setɔwo nakpɔ nyaa gbɔ.—Filipitɔwo 1:7.

4:14. Alesi Mardoxai ka ɖe Yehowa dzii la nye kpɔɖeŋu nyui aɖe.

4:16. Ester tsɔ ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu bliboe to nɔnɔme si ate ŋu ana wòaku hafi la me nuteƒewɔwɔtɔe kple dzinɔameƒotɔe. Ele vevie be míasrɔ̃ alesi míaka ɖe Yehowa dzii, ke menye ɖe mía ɖokuiwo dzi o.

5:6-8. Esi Ester di be Axasweros nase nu gɔme na ye ta la, ekpee be woagava ɖu nu kpli ye ake. Ewɔ nu le ŋuɖɔɖo me, abe alesi wòle be míawɔe ene.—Lododowo 14:15.

NUGBEÐOÐOAWO TRƆ DZE NUGBEÐOLAWO DZI

(Ester 6:1–10:3)

Esi wòɖo edzi ŋutɔŋutɔ la, nuawo va trɔ bubui. Wohe Haman ɖe ati si wòɖi bene woahe Mardoxai ɖe eŋu la ŋuti, eye Mardoxai si wòbe woawu hafi la va zu dɔnunɔlawo ƒe tatɔ ɖe eteƒe! Ke nugbe si woɖo be woatsrɔ̃ Yudatɔwo katã ya ɖe? Ele be ema hã natrɔ.

Nuteƒewɔla Ester gaƒo nu ake. Ede eƒe agbe afɔku me gado ɖe fia la ŋkume bene wòate ŋu ato mɔ aɖe nu atrɔ Haman ƒe nugbeɖoɖoa. Axasweros nya nusi wòhiã be yeawɔ. Eyata esi ŋkeke si woɖo ɖi be eya dzie woatsrɔ̃ Yudatɔawo ɖo la, menye Yudatɔawoe wowu o, ke boŋ amesiwo ɖo tame vɔ̃a ɖe wo ŋu lae. Mardoxai de se be woanɔ Purim-ŋkekenyui ɖum ƒe sia ƒe atsɔ anɔ ŋku ɖom ɖeɖekpɔkpɔ gã sia dzii. Esi wònye Mardoxai koe te ŋu nɔa fia Axasweros teƒe ta la,‘edia nyui na edeviwo eye wòƒoa nu ŋutifafatɔe na woƒe dzidzimeviwo.’—Ester 10:3.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

7:4—Mɔ ka nue Yudatɔawo tsɔtsrɔ̃ ɖa ‘ana gbegblẽ nava fia dzi’ le? Esi Ester to ayemɔ aɖe nu ɖee gblɔ be woate ŋu adzra Yudatɔawo ne woazu kluviwo la, eɖee fia be nu agblẽ le fia la ŋu ne etsrɔ̃ wo. Klosalo 10,000 si ƒe ŋugbe Haman do la mahe viɖe gobii aɖeke vɛ na fia la ne wotsɔe sɔ kple kesinɔnu si fia la akpɔ nenye be ɖee Haman ɖoe be yeadzra Yudatɔawo ne woanye kluviwo o. Ne ɖe nugbeɖoɖoa dze edzi la, anye ne fianyɔnu la hã ku.

7:8—Nukatae fia ƒe subɔlawo tsyɔ nu mo na Haman ɖo? Esia anya fia ŋukpedoame alo kufiatsotso na ame. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be “ɣeaɖewoɣi la, blematɔwo tsyɔa nu mo na amesiwo wu ge woyina.”

8:17—Mɔ ka nue “anyigba dzi dukɔwo dometɔ geɖewo trɔ zu Yudatɔwo” le? Edze ƒã be Persiatɔ geɖewo va zu Yudatɔwo eye wobui be se si fia la trɔ be woagawu Yudatɔawo o la ɖee fia be Mawu le megbe na wo. Nu sia tɔgbe kee le dzɔdzɔm egbea wònye nyagblɔɖi aɖe si le Zaxarya ƒe agbalẽa me la ƒe emevava. Egblɔ be: “Ŋutsu ewo atso dukɔwo ƒe gbegbɔgblɔwo katã me alé Yuda-ŋutsu ɖeka ƒe awu toga agblɔ bena: Míayi kpli mi, elabena míese be, Mawu li kpli mi.”—Zaxarya 8:23.

9:10, 15, 16—Togbɔ be sea ɖe mɔ be woaha aboyonuawo hã la, nukatae Yudatɔawo mede asi wo ŋu o? Woƒe nuawo mahamaha ɖee fia kɔte be woƒe agbe ta ko ʋlim wonɔ, ke menye kesinɔnuawoe dzro wo o.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

6:6-10. “Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ, eye ɖokuidodoɖedzi na anyidzedze.”—Lododowo 16:18.

7:3, 4. Ðe míeɖea mía ɖokuiwo fiana dzinɔameƒotɔe be Yehowa Ðasefowoe míenye, togbɔ be esia wɔwɔ ate ŋu ana woati mía yome hã?

8:3-6. Míate ŋu abia setɔwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo be woanya aƒa na mí ne futɔwo le fu ɖem na mí.

8:5. Ŋuɖɔɖotɔe la, Ester meƒo nu tso fia ƒe gomekpɔkpɔ le se si wòde be woatsrɔ̃ ye deviwo me la ŋu o. Nenema kee wòhiã be míaɖɔ ŋu ɖo ne míele ɖase ɖim na dziɖuɖumegãwo.

9:22. Mele be míaŋlɔ ame dahe siwo le mía dome la be o.—Galatiatɔwo 2:10.

“Ablɔɖe Kple Ðeɖe” Atso Yehowa Gbɔ

Mardoxai gblɔ be Mawue ɖoe be Ester nazu fiaŋume si ŋu bubu le. Esi Yudatɔawo ɖo xaxa me la, wotsi nu dɔ hedo gbe ɖa bia kpekpeɖeŋu. Fianyɔnu la yi ɖe fia la gbɔ zi geɖe le esime fia la mekpee hafi o, gake fia la xɔe nyuie zi gbɔ zi alesinu wònya yi ko. Fia la tsi zãdomadɔlɔ̃e. Le nyateƒe me la, Ester ƒe agbalẽa ɖe alesi Yehowa dea asi nyawo me wòɖea vi na eƒe amewoe fia.

Ester ƒe agbalẽa me nuŋlɔɖi dodzidzɔnamea nye dzideƒoname vevi aɖe na mí amesiwo katã le “nuwuɣi” sia me. (Daniel 12:4) Le “ŋkekeawo ƒe nuwuwu,” alo le nuwuɣia la, Gog si tso Magog—Satana Abosam—adze Yehowa ƒe amewo dzi ŋkubiãtɔe le goawo katã me. Eƒe taɖodzinu koŋue anye be yeatsrɔ̃ tadeagula vavãwo katã ɖa keŋkeŋ. Gake abe alesi wònɔ le Ester ƒe ŋkekea me ene la, “ɖeɖe kple takpɔkpɔ” atso Yehowa gbɔ na esubɔlawo.—Xezekiel 38:16-23; Ester 4:14.

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Ester kple Mardoxai le Axasweros ŋkume