Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nukae apostolo Paulo wɔnɛ esi wògblɔ be nyɔnuwo “nazi ɖoɖoe le takpekpewo me”?

Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Kristo-hame si nɔ Korinto la bena: “Abe alesi wòle le ame kɔkɔewo ƒe hawo katã me ene la, miaƒe nyɔnuwo nazi ɖoɖoe le takpekpewo me, elabena womeɖe mɔ na wo bena woaƒo nu o.” (Korintotɔwo I, 14:33, 34) Be míase nya sia gɔme nyuie la, anyo be míade ŋugble le mawunyakpukpui siwo ƒo xlã Paulo ƒe nuxlɔ̃ame sia me nyawo ŋu.

Le Korintotɔwo I, ta 14 la, Paulo na mɔfiame ku ɖe Kristo-hamea ƒe kpekpewo wɔwɔ ŋu. Eƒo nu tso nusiwo me wòle be woadzro le kpekpe siawo me ŋu eye wòna alesi wòle be woawɔ kpekpeawoe ŋuti mɔfiame. (Korintotɔwo I, 14:1-6, 26-34) Emegbe ena taɖodzinu si tae wowɔa Kristotɔwo ƒe kpekpeawo ɖo la me kɔ nyuie—“bene hame la nakpɔ ŋgɔgbedede.”—Korintotɔwo I, 14:4, 5, 12, 26.

Paulo ƒe nuxlɔ̃ame be ‘woazi ɖoɖoe’ dze zi etɔ̃ le Korintotɔwo I, ta 14. Le ɣeyiɣi vovovo siwo me wòna nuxlɔ̃ameawo la, exlɔ̃ nu ku ɖe hamea me nuwɔna vovovo aɖewo ŋu, ke hã taɖodzinu ɖeka aɖe tae wòna wo katã ɖo—be “woawɔ nuwo katã, alesi dze ɖe eteƒeteƒe.”—Korintotɔwo I, 14:40.

Gbã la, Paulo gblɔ be: ‘Nenye be, ame aɖe tsɔ gbegbɔgblɔ ƒo nu la, woanye ame eve alo ƒã la ame etɔ̃, eye woaƒo nu ɖekaɖeka, eye ame ɖeka naɖe egɔme. Ke nenye be, gɔmeɖela meli o la, nezi ɖoɖoe le ha la me; ke neƒo nu na ye ŋutɔ ɖokui kple Mawu.’ (Korintotɔwo I, 14:27, 28) Esia mefia be amea nagaƒo nu kura le kpekpeawo me o, ke boŋ be ele be wòazi ɖoɖoe ɣeaɖewoɣi. Elabena taɖodzinu si ta wole kpekpea wɔm ɖo—si nye be woatu wo nɔewo ɖo—la abu ne wòtsɔa gbegbɔgblɔ si gɔme ame aɖeke mese o la ƒoa nui.

Le nuwɔna evelia ŋu la, Paulo gblɔ be: ‘Ke le nyagblɔɖilawo gome la, ame eve alo ame etɔ̃ nagblɔ nya ɖi, eye ame mamleawo nabu eme kpɔ. Ke nenye be, woɖe nya fia ame bubu, si bɔbɔ nɔ anyi la, gbãtɔ la nazi ɖoɖoe.’ Esia mefia be nyagblɔɖila gbãtɔa nagaƒo nu le kpekpeawo me o, ke boŋ be azi ɖoɖoe ɣeaɖewoɣi. Ana be amesi xɔ ɖeɖefia la nate ŋu aƒo nu na hamea, ale be woate ŋu aɖo kpekpea ƒe taɖodzinu gbɔ—si nye be ‘hame bliboa nakpɔ tutuɖo.’—Korintotɔwo I, 14:26, 29-31.

Zi etɔ̃lia la, Paulo ƒe nuxlɔ̃amea yi na nyɔnu Kristotɔwo ɖeɖe dzaa be: ‘Nyɔnuwo nazi ɖoɖoe le takpekpewo me, elabena womeɖe mɔ na wo bena woaƒo nu o; ke woabɔbɔ wo ɖokui.’ (Korintotɔwo I, 14:34) Nukatae Paulo de se sia na nɔvinyɔnuwo ɖo? Bena nuwo nazɔ ɖe ɖoɖo nu le hamea me. Egblɔ be: “Ke ne wole didim be, yewoasrɔ̃ nane la, mina woabia woawo ŋutɔ srɔ̃wo le aƒe me, elabena medze nyɔnuwo bena, woaƒo nu le takpekpe me o.”—Korintotɔwo I, 14:35.

Anye be nɔvinyɔnu aɖewo nɔ tsitre tsim ɖe nɔviŋutsuwo ƒe nyawo ŋu le hamea me. Paulo ƒe nuxlɔ̃amea akpe ɖe nɔvinyɔnuwo ŋu be woatsri nuwɔna ma si hea tɔtɔ vɛ la, eye be woatsɔ ɖokuibɔbɔ alɔ̃ ɖe nɔƒe si wona wo le tanyenye ƒe ɖoɖo si Yehowa wɔ me la dzi, vevietɔ le nuwɔwɔ kple wo srɔ̃ŋutsuwo me. (Korintotɔwo I, 11:3) Gakpe ɖe eŋu la, ne nɔvinyɔnuwo zi ɖoɖoe la, woaɖee afia be yewomele didim be yewoanye nufialawo le hamea me o. Le agbalẽ aɖe si Paulo ŋlɔ na Timoteo me la, eɖee fia be mesɔ be nyɔnu naxɔ nufiafiadɔ le hamea me o, esi wògblɔ be: “Nyemeɖe mɔ na nyɔnu be, wòafia nu, eye wòaɖu ŋutsu dzi o, ke boŋ wòalé eɖokui kpoo.”—Timoteo I, 2:12.

Ðe esia fia be mele be nyɔnu Kristotɔ nake nu kura le hamea ƒe kpekpewo me oa? Ao, mefia nenema o. Le ɣeyiɣi aɖewo me le Paulo ŋɔli la, nyɔnu Kristotɔwo do gbe ɖa alo gblɔ nya ɖi le hamea me, ɖewohĩ le gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe ameʋaʋã te. Le ɣeyiɣi mawo me la, woblaa ta tsɔ ɖenɛ fiana be yewolɔ̃ ɖe nɔƒe si wona yewo le hamea me la dzi. * (Korintotɔwo I, 11:5) Gakpe ɖe eŋu la, le Paulo ƒe ɣeyiɣiawo me kple fifia la, wode dzi ƒo na nɔvinyɔnuwo kple nɔviŋutsuwo siaa be woaʋu woƒe mɔkpɔkpɔ me le gaglãgbe. (Hebritɔwo 10:23-25) Hekpe ɖe esia wɔwɔ le ɖaseɖiɖidɔa me ŋu la, woyɔa nɔvinyɔnuwo eye wotoa nyaŋuɖoɖo tuameɖowo me ʋua woƒe mɔkpɔkpɔ me hedea dzi ƒo na ame bubuwo le hame ƒe kpekpewo me; wokpɔa gome le wɔwɔfiawo alo sukudɔdasiwo hã wɔwɔ me.

Eyata nusi wòfia be nyɔnu Kristotɔwo “nazi ɖoɖoe” le hamea me enye be womedzea agbagba be yewoaxɔ ŋutsuwo ƒe nufiafiadɔ awɔ o. Wometoa tsitretsiɖeŋunyawo biabia si ate ŋu afɔ nyaʋiʋliwo ɖe te me tsia tre ɖe ŋutsu siwo fiaa nu le hamea me la ƒe ɖoƒe ŋu o. Ne nɔvinyɔnu Kristotɔwo kpɔ woƒe dɔdasiwo gbɔ le ɖoƒe si wona wo le hamea me nu la, wowɔa akpa vevi aɖe le nana be ŋutifafa nanɔ anyi me, be ‘nusianu nayi edzi hena amewo tutu ɖo’ le hamea ƒe kpekpewo me.—Korintotɔwo I, 14:26, 33.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 10 Le egbeŋkekeawo me la, ne le nɔnɔme aɖewo ta wòva hiã be nɔvinyɔnu siwo dze nanɔ nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔwo teƒe afia nu le hamea me la, wosrɔ̃a kpɔɖeŋu sia, heblaa ta.—Kpɔ Gbetakpɔxɔ, July 15, 2002, axa 26.