Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Ðokuiwò Ða Le Alakpasubɔsubɔ Ŋu!

Ðe Ðokuiwò Ða Le Alakpasubɔsubɔ Ŋu!

Ðe Ðokuiwò Ða Le Alakpasubɔsubɔ Ŋu!

“Mido go le wo dome, eye miɖe mia ɖokui ɖa, Aƒetɔ la gblɔe, eye migaka asi nu makɔmakɔ ŋuti o.”—KORINTOTƆWO II, 6:17.

1. Nuka nyanya ŋue ame geɖe tsi dzi ɖo?

DZIANUKWARETƆ geɖe menya nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋu o, eye womenya nyateƒe si ku ɖe ameƒomea ƒe etsɔme ŋu hã o. Esi womekpɔ ŋuɖoɖo aɖeke na nyabiase vevi siwo le wo si le nya siawo ŋu o ta la, wotɔtɔ eye kakaɖedzi aɖeke mele wo si o. Aʋatsodzixɔse, kɔnuwo kple azãɖuɖu siwo medzea Mawu ŋu o wɔ ame miliɔn geɖe kluviwoe. Ðewohĩ wò ƒometɔwo kple aƒelika aɖewo xɔ dzomavɔ, mawuɖekaetɔ̃, luʋɔ makumaku, alo alakpanufiafia aɖewo dzi se.

2. Nukae subɔsubɔhakplɔlawo wɔna, eye nukae do tso eme?

2 Nuka gbɔe Mawu ŋuti nyateƒea manyamanya sia gbegbe tso? Ewɔ nuku ŋutɔ be subɔsubɔhawo gbɔe wòtso—vevietɔ subɔsubɔhawo kple wo kplɔla siwo doa nukpɔsusu siwo mewɔ ɖeka kple Mawu tɔ o ɖe ŋgɔ. (Marko 7:7, 8) Esia wɔe be woble ame geɖe woxɔe se be yewole Mawu vavã la subɔm, evɔ le nyateƒe me la, ɖe wodoa dziku nɛ boŋ. Alakpasubɔsubɔhawo gbɔe nɔnɔme wɔnublanui sia tso.

3. Ameka koŋ gbɔe alakpasubɔsubɔ tso, eye alekee Biblia ƒo nu tso eŋui?

3 Gbɔgbɔmeme makpɔmakpɔ aɖee le megbe na alakpasubɔsubɔ. Apostolo Paulo gblɔ tso amesia ŋu be: “Xexe sia me mawu gbã ŋku na dzimaxɔsetɔwo ƒe tamesusu . . . bene Kristo, si nye Mawu ƒe nɔnɔme la, ƒe ŋutikɔkɔe nyanyuie la ƒe kekeli nagaklẽ na wo o.” (Korintotɔwo II, 4:4) Menye ame bubu aɖekee nye “xexe sia me mawu” la tsɔ wu Satana Abosam o. Eya koŋ gbɔe alakpasubɔsubɔ tso. Paulo ŋlɔ be: “Abosam ŋutɔ trɔa eɖokui wɔa kekeli ƒe dɔla. Eyata ne eƒe dɔlawo trɔa wo ɖokui abe dzɔdzɔenyenye ƒe dɔlawo ene la, menye nu gã o.” (Korintotɔwo II, 11:14, 15) Satana nana nu gbegblẽwo dzea nu nyuiwoe, eye wòblea amewo woxɔa alakpanyawo dzi sena.

4. Nya kae Se si Mawu na blema Israel gblɔ tso aʋatsonyagblɔɖilawo ŋu?

4 Eyata mewɔ nuku o be Biblia tsi tre ɖe alakpasubɔsubɔ ŋu vevie. Le kpɔɖeŋu me, le Mose ƒe Sea me la, Mawu xlɔ̃ nu eƒe amewo tso aʋatsonyagblɔɖilawo ŋu. Ele be ‘woawu’ aʋatsonufiala kple alakpamawuwo subɔla ɖesiaɖe le esi nuwɔna mawo ana ‘woatrɔ le Yehowa yome’ ta. Wode se na Israel-viwo be ‘woaɖe vɔ̃ la ɖa le wo ɖokuiwo dome.’ (Mose V, 13:2-6) Nyateƒee, Yehowa bua alakpasubɔsubɔ nu vɔ̃ɖii.—Xezekiel 13:3.

5. Nuxlɔ̃ame kawo dzie wòle be míawɔ ɖo egbea?

5 Yesu Kristo kple eƒe apostolowo ɖee fia be yewoƒe nukpɔsusuwo sɔ kple Yehowa tɔ le alakpasubɔsubɔ ŋu nya sia me. Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be: “Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le aʋatsonyagblɔɖilawo ŋuti; amesiwo vaa mia gbɔ le alẽgbalẽwo me, evɔ le wo me la wonye amegãxi nyanyrãwo.” (Mateo 7:15; Marko 13:22, 23) Paulo ŋlɔ be “woɖe Mawu ƒe dziku ɖe go tso dziƒo ɖe amegbetɔwo ƒe mawumavɔ̃mavɔ̃ kple madzɔmadzɔnyenye katã dzi, amesiwo xea mɔ na nyateƒe” la. (Romatɔwo 1:18) Eyata ele vevie ŋutɔ be Kristotɔwo nawɔ ɖe nuxlɔ̃me siawo dzi ahaƒo asa na amesiame si xea mɔ na nyateƒenya si le Mawu ƒe Nya la me, alo kakana aʋatsonufiafiawoe la bliboe.—Yohanes I, 4:1.

Do le “Babilon Gã” la me Keŋkeŋ

6. Aleke woƒo nu tso “Babilon gã la” ŋui le Biblia me?

6 Se alesi Biblia-gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia ƒo nu tso alakpasubɔsubɔ ŋui ɖa. Egblɔ be enye gbolo ahamula si ɖu fiaɖuƒe kple dukɔ geɖe dzi. Kpɔɖeŋunyɔnu sia wɔ ahasi kple fia geɖe eye wòno Mawu subɔla vavãwo ƒe ʋu mu. (Nyaɖeɖefia 17:1, 2, 6, 18) Woŋlɔ ŋkɔ aɖe ɖe eƒe ŋgonu, si sɔ nyuie na eƒe agbenɔnɔ gbegblẽ nyɔŋua. Ŋkɔae nye “Babilon gã la, gbolowo kple anyigba dzi ŋunyɔnuwo ƒe dada.”—Nyaɖeɖefia 17:5.

7, 8. Aleke alakpasubɔsubɔ wɔ ahasii, eye nukawoe do tso eme?

7 Alesi Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tso Babilon Gã ŋui la sɔ kple alakpasubɔsubɔha siwo le xexeame katã ƒe ƒuƒoƒo. Togbɔ be subɔsubɔha akpe geɖe siwo le xexeame la meƒo ƒu wɔ habɔbɔ ɖeka o hã la, tameɖoɖo ɖeka kple nuwɔna ɖekae le wo si. Alakpasubɔsubɔ kpɔ ŋusẽ ɖe dziɖuɖu geɖe dzi abe nyɔnu si ŋu Nyaɖeɖefia ƒo nu tsoe ke ene. Alakpasubɔsubɔ le abe nyɔnu aɖe si mewɔ nuteƒe na srɔ̃a o ene, to ahiã dzedze dunyaheŋusẽ geɖe dzi. Nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ be: “Mi ahasiwɔlawo, mienya bena, xexeame ƒe xɔlɔ̃dzedze enye ketɔnyenye na Mawu oa? Eyaŋuti amesi dina be, yeanye xexeame ƒe xɔlɔ̃ la, etsɔ eɖokui wɔ Mawu ƒe ketɔ.”—Yakobo 4:4.

8 Alesi alakpasubɔsubɔ tsaka kple dunyahedziɖuɖuwoe wɔe be amegbetɔwo le fu geɖe kpem. Afrikatɔwo ƒe dunyahehe ŋuti nunyalagã Xolela Mangcu gblɔ be “subɔsubɔhawo ƒe nu dede dunyahehe me na wowu ame gbogbo aɖewo le xexeame godoo.” Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe gblɔ nyitsɔ laa be: “Subɔsubɔhawoe na wowɔ aʋa vɔ̃ɖi siwo me wokɔ ʋu geɖe ɖi le wu.” Wotsrɔ̃ ame geɖe le aʋa siwo subɔsubɔhawo nɔ megbe na me. Babilon Gã wɔ fu Mawu subɔla vavãwo hewu wo gɔ̃ hã, si na wòmu woƒe ʋu le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu.—Nyaɖeɖefia 18:24.

9. Alekee wogblɔ alesi Yehowa lé fu alakpasubɔsubɔe le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me?

9 Nusi Biblia gblɔ be adzɔ ɖe Babilon Gã dzi la na eme kɔ nyuie be Yehowa lé fu alakpasubɔsubɔ. Nyaɖeɖefia 17:16 gblɔ be: “Dzo ewo, siwo nèkpɔ kple lã la, woawo alé fu gbolo la, eye woawɔe aƒedo, eye woaɖe amamae, eye woaɖu eƒe ŋutilã, eye woatɔ dzoe wòafiã keŋkeŋ.” Gbã la, lã wɔadã aɖe wui, heɖu eƒe ŋutilã. Emegbe wotɔ dzo eƒe akpa susɔeawo katã. Esia sɔ kple alesi xexeame dziɖuɖuwo atsrɔ̃ alakpasubɔsubɔhawo katãe. Mawue ana nusia nadzɔ. (Nyaɖeɖefia 17:17) Woava tsrɔ̃ Babilon Gã la, si nye alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒea, godoo. “Womegale ekpɔ ge gbeɖegbeɖe akpɔ o.”—Nyaɖeɖefia 18:21.

10. Aleke wòle be míabu alakpasubɔsubɔe?

10 Aleke wòle be Mawu subɔla vavãwo nawɔ nu ɖe Babilon Gã ŋui? Biblia de se eme kɔ nyuie be: “Mi amesiwo nye nye dukɔ la, mido go tso me, bene miagade ha kplii le eƒe nuvɔ̃wo me o, eye bena miagaxɔ eƒe fuwɔame ƒe ɖeke o.” (Nyaɖeɖefia 18:4) Ele be amesiwo di be yewoatsi agbe la nado go le alakpasubɔsubɔ me hafi wòava tsi megbe akpa. Esi Yesu Kristo nɔ anyigba dzi la, egblɔ be ame geɖe agblɔ alakpatɔe be yewonye ye yomedzelawo. (Mateo 24:3-5) Agblɔ na ame mawo be: “Nyemenya mi kpɔ o, mi nu madzɔmadzɔ wɔlawo; mite ɖa le gbɔnye!” (Mateo 7:23) Fia Yesu Kristo si le dzi ɖum fifia la gbe nu le alakpasubɔsubɔ gbɔ keŋkeŋ.

Aleke Míawɔ Ate Ða le Eŋu?

11. Nukae wòle be míawɔ be míaɖe mía ɖokui ɖa le alakpasubɔsubɔ ŋu?

11 Kristotɔ vavãwo ɖea wo ɖokui ɖa le alakpasubɔsubɔ ŋu, hetsria alakpanufiafiawo katã. Esia fia be míaganɔ to ɖom subɔsubɔhawo ƒe wɔnawo le radio alo television dzi, alo axlẽ agbalẽ siwo fiaa alakpanyawo tso Mawu kple eƒe Nya la ŋu o. (Psalmo 119:37) Nunya anɔ eme hã be míagakpɔ gome le hadomewɔnawo kple modzakaɖeɖe siwo ŋu alakpasubɔsubɔhawo wɔa ɖoɖo ɖo me o. Gakpe ɖe eŋu la, míedoa alɔ alakpasubɔsubɔ le mɔ aɖeke nu o. (Korintotɔwo I, 10:21) Nusiawo tsitsri awɔe be “ame aɖeke nagakplɔ [mí] ayi aboyo to xexemenunya kple beble dzodzro me o, le amewo ƒe nuɖoanyi kple xexeme ƒe gɔmedzenuwo la nu, eye menye le Kristo nu o.”—Kolosetɔwo 2:8.

12. Aleke ame awɔ aɖe eɖokui ɖa tso alakpasubɔsubɔhawo me bliboe?

12 Ke ne ame aɖe di be yeazu Yehowa Ðasefo, gake wògakpɔtɔ nye alakpasubɔsubɔha aɖe me tɔ le esi eƒe ŋkɔ le woƒe agbalẽwo me ya ɖe? Zi geɖe la, lɛta si ame aŋlɔ aɖo ɖe wo be yemeganye woƒe hamevi o anye kpeɖodzi be amea medi be woagabu ye be yenye alakpasubɔsubɔha aɖe me tɔ o. Eyata ele vevie ŋutɔ be ame naɖe afɔ siwo sɔ kpata be alakpasubɔsubɔha nagaƒo ɖii le mɔ aɖeke nu o. Ele be amesi di be yeazu Ðasefo nana eme nakɔ na ha si me wònɔ tsã la me tɔwo kple ame bubuwo siaa nyuie be yemeganye ha ma me tɔ o.

13. Aɖaŋu kae Biblia ɖo le alesi wòhiã be míaɖe mía ɖokui ɖa tso alakpasubɔsubɔ gbɔ ŋui?

13 Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Migazu amesiwo atsɔ kɔkuti tutɔ na dzimaxɔsetɔwo ti o! Elabena hadede kae le dzɔdzɔenyenye kple sedzimawɔmawɔ dome? Alo ƒomedodo kae le kekeli kple viviti dome? Alo aleke Kristo kple Belial asɔa? Alo gome kae li na xɔsetɔ kple dzimaxɔsetɔa? Alo ɖekawɔwɔ kae le mawuxɔ kple trɔ̃wo domea? . . . Eyaŋuti mido go le wo dome, eye miɖe mia ɖokui ɖa, Aƒetɔ la gblɔe, eye migaka asi nu makɔmakɔ ŋuti o.” (Korintotɔwo II, 6:14-17) Míewɔa nya siawo dzi ne míeɖea mía ɖokui ɖa tso alakpasubɔsubɔ gbɔ. Gake ɖe Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖoa bia be míaƒo asa na alakpasubɔsubɔha me tɔwo hã?

“Mizɔ le Nunya Me”

14. Ðe wòle be míaƒo asa na alakpasubɔsubɔha me tɔwo keŋkeŋua? Ðe eme.

14 Ðe wòle be Mawu subɔla vavãwo natsri hadede kple alakpasubɔsubɔha me tɔwo keŋkeŋua? Ðe wòle be míagakpɔ gome le naneke kura wɔwɔ me kple amesiwo menye Ðasefowo oa? Ao. Se vevi evelia gblɔ be: “Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.” (Mateo 22:39) Míeɖea lɔlɔ̃ fiana mía haviwo ne míegblɔ Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia na wo. Míeɖea lɔlɔ̃ fiana wo hã ne míesrɔ̃a Biblia kpli wo, hena wonya be ehiã be woaɖe wo ɖokui ɖa tso alakpasubɔsubɔ gbɔ.

15. Nukae wòfia be ‘míaganye xexeame ƒe akpa aɖeke o’?

15 Togbɔ be míeɖea gbeƒã nyanyuia na mía haviwo hã la, míenye ‘xexeame ƒe akpa aɖeke o.’ (Yohanes 15:19) Nya “xexeame” si wozã le afisia la fia amesiwo mesubɔa Mawu o. (Efesotɔwo 4:17-19; Yohanes I, 5:19) Míeɖea mía ɖokui ɖa tso xexeame ŋu le susua nu be míetsria nɔnɔme, nuƒoƒo, kple agbenɔnɔ siwo medzea Mawu ŋu o. (Yohanes I, 2:15-17) Gawu la, le ɖekawɔwɔ me kple gɔmeɖose si nye be “habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo” la, míeƒoa asa na xɔlɔ̃ dzedze amesiwo menɔa agbe ɖe Kristotɔwo ƒe nudidiwo nu o. (Korintotɔwo I, 15:33) Be woaganye xexeame ƒe akpa aɖeke o bia be “woadzra ame ɖokui ɖo ɖi maƒomaƒoe tso xexeame.” (Yakobo 1:27) Eyata be míaɖe mía ɖokui ɖa tso xexeame gbɔ mefia be míaɖe mía ɖokui ɖe aga ŋutɔŋutɔ tso amewo ŋu o.—Yohanes 17:15, 16; Korintotɔwo I, 5:9, 10.

16, 17. Aleke wòle be Kristotɔwo nawɔ nu ɖe amesiwo menya Biblia me nyateƒea o ŋui?

16 Ke aleke wòle be míawɔ nu ɖe amesiwo menya Biblia me nyateƒeawo o ŋui? Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Kolose hamea be: “Mizɔ le nunya me le amesiwo le egodo la ŋkume, eye miwɔ ɣeyiɣi la ŋuti dɔ blibo. Mina amenuveve kple dze nanɔ miaƒe nya me ɖaasi, bena mianya alesi wòdze be, miaɖo nya ŋuti na amesiame.” (Kolosetɔwo 4:5, 6) Apostolo Petro ŋlɔ be: “Mikɔ Aƒetɔ Kristo la ŋu le miaƒe dziwo me, eye misu te ɖaasi, bene miana ŋuɖoɖo amesiame, si abia nya aɖe mi le mɔkpɔkpɔ, si le mia me la ŋuti; gake miwɔe kple dɔmefafa kpakple vɔvɔ̃.” (Petro I, 3:15) Paulo ɖo aɖaŋu na Kristotɔwo be “woagagblɔ busunya ɖe ame aɖeke ŋuti o, woaganye dzrehelawo o; woanye ame fatuwo, woatsɔ dɔmefafa katã afia amewo katã.”—Tito 3:2.

17 Esi míenye Yehowa Ðasefowo ta la, míetsria gbedaɖeamegbɔ alo dada. Míezãa dzugbewo tsɔ dana subɔsubɔha bubuwo me tɔwo ɖe anyi o. Ðe ema teƒe la, míeɖɔa ŋu ɖo ne wòdzɔ be aƒemenɔlaa, míaƒe aƒelika, alo míaƒe dɔwɔhati aɖe wɔ nu ɖe mía ŋu madzemadzee alo dzu mí kura gɔ̃ hã.—Kolosetɔwo 4:6; Timoteo II, 2:24.

‘Lé Nya Siwo Le Blibo la ƒe Kpɔɖeŋu Me Ðe Asi’

18. Mawusubɔsubɔ ƒe nɔnɔme wɔnublanui ka mee amesiwo trɔ yi alakpasubɔsubɔhawo me la le?

18 Nublanuinya ka gbegbee nye esi wòanye, be ame aɖe nasrɔ̃ Biblia me nyateƒeawo vɔ ko agatrɔ ayi alakpasubɔsubɔha aɖe me! Biblia ƒo nu tso nuwɔna sia me tsonu gbegblẽwo ŋu be: “Elabena ne wosi le xexeame ƒe makɔmakɔnyenye nu to sidzedze Aƒetɔ kple xɔla Yesu Kristo me, eye wona wogalé wo le nu mawo ke me, eye wogaɖu wo dzi la, ekema woƒe anyinɔnɔ mamlɛtɔ zu vɔ̃ na wo wu tsãtɔ. . . . Eva me na wo le nyateƒe lododo la nu bena: ‘Avũ gbugbɔ yi ɖe ye ŋutɔ ƒe xeɖeɖe la gbɔ,’ eye ‘ha, si wole tsi na la, le mimlim yina ba me.’”—Petro II, 2:20-22.

19. Nukatae wòle be míanɔ ŋudzɔ ɖe nusianu si ate ŋu agblẽ nu le míaƒe mawusubɔsubɔ ŋuti ŋu?

19 Ele be míanɔ ŋudzɔ ɖe nusianu si ate ŋu agblẽ nu le míaƒe mawusubɔsubɔ ŋuti la ŋu. Mègabui nu tsɛ o, afɔkuawo li ŋutɔŋutɔ! Apostolo Paulo ŋlɔ be: “[Ŋɔŋlɔawo] gblɔe kɔte bena, le ŋkeke mamlɛawo me la ame aɖewo ade megbe atso xɔse la me, eye woaɖo to beblegbɔgbɔwo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nufiafia.” (Timoteo I, 4:1) “Ŋkeke mamlɛawo” mee míele. Amesiwo meɖea wo ɖokui ɖa tso alakpasubɔsubɔ ŋu keŋkeŋ o la nye amesiwo “nufiafia ƒe ya sia ya ƒona yina gaƒona gbɔna, eye wònyama wo to amewo ƒe beble la me to aɖaŋu vɔ̃, si nu sẽ la me, le nudadafiafia ƒe amebeblemɔ la nu.”—Efesotɔwo 4:13, 14.

20. Aleke míawɔ akpɔ mía ɖokui ta tso nusiwo alakpasubɔsubɔ gblẽna le ame ŋu me?

20 Aleke míawɔ akpɔ mía ɖokui ta tso nusiwo alakpasubɔsubɔ gblẽna le ame ŋu me? Bu nusiwo katã Yehowa na mí ŋu kpɔ. Mawu ƒe Nya Biblia le mía si. (Timoteo II, 3:16, 17) Yehowa na gbɔgbɔmenuɖuɖu gbogbo aɖe mí to “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” dzi. (Mateo 24:45) Esi míele ŋgɔ yim le nyateƒea me la, ɖe mele be míana ‘nuɖuɖu si nana ame tsina le gbɔgbɔ me’ la nadzro mí vevie, eye míadi be míakpe ɖekae hena Biblia me nyateƒeawo sɔsrɔ̃ oa? (Hebritɔwo 5:13, 14; Psalmo 26:8) Mina míaɖoe kplikpaa azã nusiwo katã Yehowa na mí la nyuie, ale be míate ŋu ‘alé nya, siwo le blibo, siwo míese la ƒe kpɔɖeŋu me ɖe asi.’ (Timoteo II, 1:13) Ekema míate ŋu aɖe mía ɖokui ɖa keŋkeŋ le alakpasubɔsubɔ ŋu.

Nukae Nèsrɔ̃?

• Nukae nye ‘Babilon Gã la’?

• Nukae wòle be míawɔ be míaɖe mía ɖokui ɖa le alakpasubɔsubɔ ŋu?

• Nusiwo agblẽ nu le míaƒe subɔsubɔ ŋu kawoe wòle be míatsri?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Ènya nusita wogblɔ be ‘Babilon Gã la’ nye gboloa?

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Woava tsrɔ̃ ‘Babilon Gã la’ godoo

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Míeɖea ‘dɔmefafa kple bubu deto’ fiana amesiwo menye Yehowa Ðasefowo o