Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dziɖuha La me Tɔ Yeyewo

Dziɖuha La me Tɔ Yeyewo

Dziɖuha La me Tɔ Yeyewo

LE Kuɖagbe, August 24, 2005 ƒe ŋdi la, woto video dzi na United States kple Canada Betel ƒomewo wɔ ɖeka hese gbeƒãɖeɖe dodzidzɔname aɖe. Woɖe gbeƒãe be tso September 1, 2005 dzi la, woatsɔ ame yeye eve, siwo nye Geoffrey W. Jackson kple Anthony Morris III akpe ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la me tɔwo ŋu.

Nɔviŋutsu Jackson dze mɔɖeɖedɔa gɔme le February 1971 me le Australia ƒukpo si nye Tasmania dzi. Le June 1974 me la, eɖe Jeanette (Jenny). Ema megbe kpuie la, woɖo wo mɔɖela veviwo. Wowɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔ le ƒukpo siwo nye Tuvalu, Samoa, kple Fiji dzi le Anyiehe Pasifik tso ƒe 1979 vaseɖe ƒe 2003 me. Esi Nɔviŋutsu kple Nɔvinyɔnu Jackson nɔ ƒukpo mawo dzi la, wokpe asi ɖe Biblia-srɔ̃gbalẽwo gɔme ɖeɖe ŋu. Le ƒe 1992 ƒe gɔmedzedze la, Nɔviŋutsu Jackson subɔ le Samoa Alɔdzekɔmitia me, eye tso ƒe 1996 me la, esubɔ le Fiji Alɔdzekɔmitia me. Le April 2003 me la, woa kple Jenny va zu United States Betel ƒomea me tɔwo eye wodze dɔ wɔwɔ gɔme le Gbegɔmeɖeɖe Dɔdzikpɔƒe. Ema megbe kpuie la, wona Nɔviŋutsu Jackson va kpena ɖe Dziɖuhaa ƒe Nufiafia Kɔmitia ŋu.

Nɔviŋutsu Morris hã dze mɔɖeɖedɔa gɔme le ƒe 1971 me le United States. Le ƒe ma ƒe December me la, eɖe Susan, eye woa kple evea wowɔ mɔɖeɖedɔa ƒe ene kloe vaseɖe esime wodzi wo vi gbãtɔ, Jesse. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wodzi vi bubu si ŋkɔe nye Paul. Nɔviŋutsu Morris gate mɔɖeɖedɔa wɔwɔ le ƒe 1979 me. Srɔ̃a hã gadze egɔme esi ɖeviawo te suku yiyi. Ƒomea subɔ le teƒe siwo hiahiã geɖe nɔ le United States, siwo nye Rhode Island kple North Carolina. Esi wonɔ North Carolina la, Nɔviŋutsu Morris subɔ abe nutome sue dzikpɔla ƒe kpeɖeŋutɔ ene, eye ɖeviawo hã va zu gbesiagbe mɔɖelawo. Womia asi Jesse kple Paul be woasubɔ le United States alɔdzedɔwɔƒea esi woxɔ ƒe 19. Nɔviŋutsu Morris dze nutome sue dzikpɔladɔ gɔme ɣemaɣi. Le ƒe 2002 me la, wokpe woa kple Susan be woava subɔ le Betel, tso August 1 dzi. Nɔviŋutsu Morris wɔ dɔ le Subɔsubɔ Dɔdzikpɔƒe le Patterson eye eva kpe ɖe Dziɖuhaa ƒe Subɔsubɔ Kɔmitia ŋu emegbe.

Tsɔ kpe ɖe ame yeye eve siawo ŋu la, Dziɖuhaa me tɔ bubuawoe nye C. W. Barber; J. E. Barr; S. F. Herd; M. S. Lett; G. Lösch; T. Jaracz; G. H. Pierce; A. D. Schroeder; D. H. Splane; kple D. Sydlik. Amesiaminawoe Dziɖuhaa me tɔwo katã nye.