Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpɔɖeŋu Drama aɖe si Ŋu Viɖe Le na Mí

Kpɔɖeŋu Drama aɖe si Ŋu Viɖe Le na Mí

Kpɔɖeŋu Drama aɖe si Ŋu Viɖe Le na Mí

ALEKE wòasesẽ na míi enye si be míase Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa aɖewo gɔme bliboe ne ɖe Biblia ƒe akpa bubuwo mekɔ nu me le wo ŋu o! Zi geɖe la, míate ŋu ase amewo ŋuti nuŋlɔɖi siwo le Mawu ƒe Nya la me gɔme abe alesi ko woŋlɔ wo ɖii ene. Gake gɔmesese deto bubuwo nɔa nuŋlɔɖi siawo dometɔ aɖewo ŋu siwo me mekɔna enumake o. Esiawo ƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye nuŋlɔɖi si ku ɖe nyɔnu eve aɖewo siwo nɔ blemafofo Abraham ƒeme ŋu. Apostolo Paulo yɔ nudzɔdzɔa be “lododo” alo kpɔɖeŋu drama.—Galatiatɔwo 4:24.

Ehiã be míade ŋugble le drama sia ŋu elabena nyateƒenya siwo ŋu wòku ɖo la le vevie ŋutɔ na amesiwo katã di be Yehowa Mawu nayra yewo. Hafi míadzro nusitae wòle alea me la, mina míadzro nusitae Paulo gblɔ gɔmesese vevi si le dramaa ŋu me.

Kuxi aɖe nɔ Kristotɔwo dome le ƒe alafa gbãtɔ me le Galatia. Wo dometɔ aɖewo ganɔ wɔwɔm ɖe Mose ƒe Sea me nudidiwo dzi heléa “ŋku ɖe ŋkekewo kple dzinuwo kple azãgbewo kpakple ƒewo ŋuti.” Amesiawo gblɔna be ele be woawɔ Sea dzi hafi Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe ame ŋu. (Galatiatɔwo 4:10; 5:2, 3) Gake Paulo nyae be womedi nu mawo tso Kristotɔwo si o. Be wòaɖo kpe nya sia dzi la, eƒo nu tso nuŋlɔɖi aɖe si Yudatɔwo nya nyuie ŋu.

Paulo ɖo ŋku edzi na Galatiatɔwo be Abraham, si nye Yuda-dukɔa tɔgbui, lae dzi Ismael kple Isak. Kluvi Hagar ye dzi Ismael eye ablɔɖenyɔnu Sara ye dzi Isak. Galatiatɔ siwo nɔ tɔ tem ɖe edzi be ele be woawɔ Mose ƒe Sea dzi la anya nya godoo be Sara nye konɔ tsã, eye le esia ta etsɔ eƒe kluvi Hagar na Abraham be wòadzi vi na ye. Woanya nyae be esi Hagar dzi Ismael vɔ megbe la, megava nɔ eƒe aƒenɔ Sara bum o. Gake abe alesi Mawu do ŋugbee ene la, Sara va dzi Isak le eƒe nyagãkuku me. Emegbe Abraham nyã Hagar kple Ismael elabena Ismael va nɔ ŋlɔmi wɔm le Isak ŋu.—Mose I, 16:1-4; 17:15-17; 21:1-14; Galatiatɔwo 4:22, 23.

Nyɔnu Eve, Nubabla Eve

Paulo ɖe nusiwo le kpɔɖeŋu dramaa me la me. Eŋlɔ be: “[Nyɔnu eve siawo] nye nubabla eveawo: Ðeka tso Sinai-to la dzi, si dzia vi hena kluvinyenye, esia nye Hagar; . . . esɔ kple egbegbe Yerusalem; elabena eya kple viawo le kluvinyenye me.” (Galatiatɔwo 4:24, 25) Hagar tsi tre ɖi na dzɔdzɔme Israel, si ƒe fiadue nye Yerusalem. Nu si Yehowa bla kple Yuda-dukɔa le Sinai-toa gbɔ la wɔe be wova zu Yehowa tɔ bliboe. Se ƒe nubablaa ɖoa ŋku edzi na Israel-viwo be wonye nuvɔ̃ ƒe kluviwo eye wohiã na ɖeɖe.—Yeremya 31:31, 32; Romatɔwo 7:14-24.

Ke amekae “ablɔɖenyɔnu” Sara kple via Isak tsi tre ɖi na? Paulo na míenya be Sara si nye “konɔ” la tsi tre ɖi na Mawu srɔ̃, si nye eƒe habɔbɔ ƒe akpa si le dziƒo. Dziƒonyɔnu sia tsi ko le susua nu be hafi Yesu nava la, “vi” aɖeke menɔ esi le anyigba dzi si wotsɔ gbɔgbɔ si ami na o. (Galatiatɔwo 4:27; Yesaya 54:1-6) Gake le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi la, wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔe ɖe ŋutsu kple nyɔnu aɖewo dzi, si na be wogbugbɔ dzi wo ake wova zu dziƒonyɔnu sia ƒe viwo. Mawu va xɔ habɔbɔ sia ƒe viwo abe eya ŋutɔ viawo ene, eye wova zu nubabla yeye aɖe ƒe hadomenyilawo kpe ɖe Yesu Kristo ŋu. (Romatɔwo 8:15-17) Vi siawo dometɔ ɖeka si nye Paulo te ŋu ŋlɔ be: “Dziƒo Yerusalem enye ablɔɖe, eyae nye mí katã dada.”—Galatiatɔwo 4:26.

Nyɔnuawo ƒe Viawo

Biblia gblɔ be Ismael wɔ fu Isak. Nenema ke le ƒe alafa gbãtɔ me la, dzɔdzɔme Yerusalem ƒe vi siwo nye kluviwo la, ɖu fewu le dziƒo Yerusalem ƒe viwo ŋu hewɔ fu wo. Paulo ɖe eme be: “Alesi [Ismael,] amesi wodzi le ŋutilã nu la, ti [Isak,] amesi wodzi le gbɔgbɔ nu la yome tsã la, nenema ke wògale fifia hã.” (Galatiatɔwo 4:29) Esi Yesu va anyigba dzi hete gbeƒã ɖeɖe tso Fiaɖuƒea ŋu la, Yuda-subɔsubɔha kplɔlawo wɔ nu abe alesi tututu Hagar ƒe vi Ismael wɔ nu ɖe Abraham ƒe nuwo domenyila ŋutɔŋutɔ si nye Isak ŋu ene. Woɖu fewu le Yesu Kristo ŋu hewɔ fui esi wosusu be yewo boŋue nye Abraham ƒe nuwo domenyilawo le se nu eye be Yesu di be yeaʋlii kple yewo ta.

Do ŋgɔ vie hafi dzɔdzɔme Israel kplɔlawo na wowu Yesu la, egblɔ be: “Yerusalem, Yerusalem, si wu nyagblɔɖilawo, eye wòfɔ kpe ƒu amesiwo wodɔ ɖo ɖe egbɔ! Zi nenie medi bena, maƒo viwòwo nu ƒu, abe alesi koklonɔ ƒoa viawo nu ƒu ɖe eƒe aʋala te ene, gake mielɔ̃ o! Kpɔ ɖa, woagblẽ miaƒe aƒe ɖi na mi aƒedoe.”—Mateo 23:37, 38.

Ƒe alafa gbãtɔ me nudzɔdzɔ siwo woŋlɔ ɖe Biblia me ɖee fia be dzɔdzɔme Israel si Hagar tsi tre ɖi na la medzi vi siwo ava nye Yesu ƒe hati domenyilawo o. Yehowa gbe Yudatɔ siwo tsɔ dada susui be gome le yewo si be yewonyi dome le esi yewo nye Yudatɔwo ta la. Enye nyateƒe be dzɔdzɔme Israel-vi aɖewo va zu Kristo ƒe hati domenyilawo ya. Ke hã, esi woxɔ Yesu dzi se tae wona mɔnukpɔkpɔ sia wo ɖo, ke menye esi wonye Yudatɔwo tae o.

Wova nya amesiwo ava nye domenyilawo kpe ɖe Kristo ŋu la dometɔ aɖewo le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi. Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, Yehowa va si ami na ame bubuwo be woawo hã woava nye dziƒo Yerusalem la ƒe viwo.

Susu si ta Paulo ɖe kpɔɖeŋu drama sia mee nye be yeatsɔ aɖee afia be nubabla yeyea xɔ asi wu Se ƒe nubabla si wotsɔ na to Mose dzi. Ame aɖeke mate ŋu awɔ Mose ƒe Sea ƒe nudidiwo dzi ko, eye Mawu akpɔ ŋudzedze ɖe eŋu o, elabena ame aɖeke mede blibo o, eye ɖeko Sea te gbe ɖe edzi na wo be wonye nuvɔ̃ ƒe kluviwo. Ke hã, abe alesi Paulo ɖe emee ene la, Yesu va “bene wòaxe fe ɖe amesiwo le sea te la ta.” (Galatiatɔwo 4:4, 5) Eyata Kristo ƒe tafevɔsaa dzi xɔxɔ se na woɖe wo tso Sea ƒe fɔbuame me.—Galatiatɔwo 5:1-6.

Viɖe si Le Eŋu na Mí

Nukatae wòle be míatsɔ ɖe le alesi Paulo ɖe drama sia mee la me? Susu ɖekae nye be ena míeva se Ŋɔŋlɔawo me nya aɖewo siwo gɔme sese mele bɔbɔe hafi o la me nyuie wu. Numeɖeɖea na míegaka ɖe edzi wu be Biblia me nyawo de nu wo nɔewo me heku ɖe nu ɖeka ŋu.—Tesalonikatɔwo I, 2:13.

Gawu la, nu ŋutɔŋutɔ siwo ŋu drama sia ku ɖo la le vevie hena míaƒe dzidzɔ kpɔkpɔ le etsɔme. Ne menye ɖe wodzi dziƒo Yerusalem ƒe vi siawo o la, anye ne nuvɔ̃ kple ku ƒe kluviwo koe míanye ɖaa. Gake le Kristo kple ehati domenyila siwo wodzi le ŋugbe si Mawu do na Abraham nu, ƒe dzikpɔkpɔ si me lɔlɔ̃ le te la, ‘anyigba dzi dukɔwo katã ayra wo ɖokui.’ (Mose I, 22:18) Esia ava eme ne woɖe wo tso nuvɔ̃, blibomademade, fukpekpe, kple ku ƒe nugbegblẽwo si me keŋkeŋ. (Yesaya 25:8, 9) Dzidzɔɣeyiɣi ka gbegbee nye esi ema anye!

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Wotsɔ Se ƒe Nubablaa na le Sinai-toa gbɔ

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Pictorial Archive (Near Eastern History) Est.

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Gɔmesese kae le kpɔɖeŋu drama si ŋu apostolo Paulo ƒo nu tsoe ŋu?