Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nusi Ko Aɖee Ða!

Nusi Ko Aɖee Ða!

Nusi Ko Aɖee Ða!

ŊUTSU aɖe si ŋkɔe nye Lazaro, kpakple nɔvianyɔnu Martha kple Maria, nɔ Betania, si nye du si didi tso Yerusalem gbɔ abe kilometa etɔ̃ ene. Gbeɖeka Lazaro dze dɔ vevie, evɔ wo xɔlɔ̃ Yesu menɔ anyi ɣemaɣi o. Lazaro nɔviawo tsi dzi vevie. Woɖo du ɖe Yesu. Ŋkeke eve le nyaa sese megbe la, Yesu dze mɔ yi Lazaro kpɔ ge ɖa. Le mɔa dzi la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be yeyina be yeava nyɔ Lazaro tso alɔ̃ me. Nusrɔ̃laawo mese eƒe nyawo gɔme gbã o, eyata Yesu ɖe eme na wo be: “Lazaro ku.”—Yohanes 11:1-14.

Esi Yesu ɖo Lazaro ƒe yɔdoa to la, egblɔ gbã be woamli kpe si wotsɔ xe yɔdoa la ɖa. Esi wòdo gbe ɖa vɔ la, edo ɣli gblɔ be: “Lazaro lee, do go!” Eye Lazaro do go. Efɔ ŋutsu sia si ku ŋkeke ene enye ma la ɖe tsitre.—Yohanes 11:38-44.

Lazaro ŋuti nuŋlɔɖia ɖee fia be tsitretsitsia koe nye nusi dzi woato aɖe ku ɖa keŋkeŋ. Gake ɖe wofɔ Lazaro ɖe tsitre nyateƒea? Biblia gblɔ be nu ŋutɔŋutɔe wònye dzɔ. Xlẽ nuŋlɔɖia le Yohanes 11:1-44, eye àkpɔ alesi nua dzɔe ŋutɔŋutɔ. Ðe nàte ŋu agblɔ be medzɔ oa? Ne ègblɔe nenema la, ekema màte ŋu aka ɖe nukunu siwo katã ŋu Biblia ƒo nu tsoe, si ƒe ɖee nye Yesu Kristo ŋutɔ ƒe tsitretsitsia, hã dzi o. Eye Biblia gblɔ be: “Ne Kristo metsi tre o la, miaƒe xɔse anye [dzodzro].” (Korintotɔwo I, 15:17) Ŋɔŋlɔawo me nufiafia vevi aɖee tsitretsitsia nye. (Hebritɔwo 6:1, 2) Gake nukae nya “tsitretsitsi” fia?

Nukae “Tsitretsitsi” Fia?

Le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la, nya “tsitretsitsi” dze zi 40 kple edzivɔ. Helagbe me nya aɖe me woɖee tsoe, eye nusi wòfia ŋutɔŋutɔe nye “tsotso ake.” Hebrigbe me nya si wozãna nɛ gɔmee nye “ame kukuwo ƒe agbe nɔnɔ ake.” Gake ne ame ku ɖe, eƒe nukae woafɔ ɖe tsitre? Mate ŋu anye ŋutilãa o, elabena eƒaƒã hezu anyi. Menye ŋutilã ma kee woafɔ o, ke boŋ amesi ku la ŋutɔŋutɔe woafɔ. Eyata be woafɔ ame ɖe tsitre fia be woana wòagagbɔ agbe—woana eƒe nɔnɔmewo, alesi wòwɔa nui, kple nusiwo ɖe dzesi le eŋu la nagasu esi.

Esi wònye Yehowa Mawu meŋlɔa nu be gbeɖe o ta la, masesẽ nɛ be wòaɖo ŋku nɔnɔme si nɔ amewo si hafi woku la dzi o. (Yesaya 40:26) Esi wònye Yehowae naa agbe ta la, ate ŋu agbɔ agbe amesi ku la ahawɔ ŋutilã yeye nɛ bɔbɔe. (Psalmo 36:10) Gawu la, Biblia gblɔ be ‘ele Yehowa Mawu dzrom’ vevie be yeafɔ ame kukuwo. (Hiob 14:14, 15) Edzɔa dzi na mí ŋutɔ be menye ɖekoe Yehowa ate ŋu afɔ ame kukuwo ɖe tsitre o, ke boŋ edi be yeawɔe hã.

Yesu Kristo hã wɔa akpa vevi aɖe le ame kukuwo fɔfɔ me. Ƒe ɖeka kple nu vi aɖe le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa gɔme dzedze megbe la, egblɔ be: “Sigbe alesi Fofo la fɔa ame kukuwo ɖe tsitre, eye wògbɔa agbe wo la, nenema ke Vi la hã agbɔ agbe amesiwo wòlɔ̃na.” (Yohanes 5:21) Ðe nusi dzɔ le Lazaro gome meɖee fia be ŋusẽ le Yesu Kristo si, eye wòdi hã, be yeafɔ ame kukuwo oa?

Ke nya si wogblɔna be nane le mía me si yia edzi nɔa agbe le ku megbe ya ɖe? Le nyateƒe me la, tsitretsitsi ŋuti nufiafiaa kple luʋɔ alo gbɔgbɔ makumaku ƒe nukpɔsusua tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu. Ne nane le mía me si nɔa agbe le ku megbe la, ɖe wòagahiã be woafɔ ame kukuwoa? Marta mexɔe se be esi ye nɔvi Lazaro ku la, eyi edzi nɔ agbe le gbɔgbɔmexexe aɖe me o. Exɔ tsitretsitsia boŋ dzi se. Esi Yesu gblɔ nɛ be: “Nɔviwò la atsi tre” la, Marta ɖo eŋu be: “Menyae bena, atsi tre le tsitretsitsi la me le nuwuwuŋkeke la dzi.” (Yohanes 11:23, 24) Eye esi wofɔ Lazaro ɖe tsitre la, megblɔ be yenɔ agbe le afi bubu aɖeke o. Ðe wòku. Biblia gblɔ be: “Kukuawo menya naneke o . . . Nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsiẽƒe [alo yɔdo me], afisi yi ge nala o.”—Nyagblɔla 9:5, 10.

Eyata Biblia gblɔ be tsitretsitsia koe nye nusi dzi woato aɖe ku ɖa. Gake le ame gbogbo siwo ku dome la, amekawoe woafɔ ɖe tsitre, eye woafɔ ɖe tsitre yi afika?

Amekawoe Woafɔ Ðe Tsitre?

Yesu gblɔ be ‘gaƒoƒo gbɔna, le esi me amesiwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la ase yeƒe gbe, eye woado go.’ (Yohanes 5:28, 29) Le ŋugbedodo sia nu la, woafɔ amesiwo le ŋkuɖodziyɔdowo me—amesiwo dzi Yehowa ɖoa ŋkui—la ɖe tsitre. Eyata biabia lae nye: Le ame gbogbo siwo ku dome la, amekawo dzie Yehowa ɖoa ŋkui ŋutɔŋutɔ be yeafɔ ɖe tsitre?

Biblia-gbalẽ si nye Hebritɔwo ta 11 yɔ ŋutsu kple nyɔnu siwo subɔ Mawu nuteƒewɔwɔtɔe va yi. Woafɔ woa kple Mawu subɔla wɔnuteƒe siwo ku eteƒe medidi o la siaa ɖe tsitre. Ke amesiwo mewɔ Mawu ƒe nudidi dzɔdzɔewo dzi o, ɖewohĩ le esi womenya nu tso wo ŋu o ta ya ɖe? Ðe Mawu aɖo ŋku woawo hã dzia? Ẽ, Mawu ɖoa ŋku wo dometɔ geɖe dzi, elabena Biblia do ŋugbe be: “Tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.”—Dɔwɔwɔwo 24:15.

Gake menye amesiwo katã nɔ agbe kpɔ lae woafɔ ɖe tsitre o. Biblia gblɔ be: “Ne míexɔ nyateƒe ƒe sidzedze la, hafi bua wɔ nuvɔ̃ la, vɔsasa ɖe nuvɔ̃wo ta megali o, ke boŋ vɔvɔ̃mɔkpɔkpɔ na ʋɔnudɔdrɔ̃ . . . koe li.” (Hebritɔwo 10:26, 27) Ame aɖewo wɔ nuvɔ̃ si womatsɔ ake o. Womele Hades (si nye ameƒomea ƒe yɔdo) me o, ke boŋ wole Gehenna, si nye tsɔtsrɔ̃ gbidii ƒe kpɔɖeŋu. (Mateo 23:33) Gake ele be míakpɔ nyuie be míagasusui agblɔ be woafɔ ame aɖe ɖe tsitre godoo alo womafɔe o. Mawue atso nya me le ema ŋu. Eyae nya amesiwo le Hades kple amesiwo le Gehenna. Mía tɔ koe nye be míawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu.

Amekawoe Woafɔ Ðe Tsitre Ayi Dziƒo?

Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi ye ɖe dzesi wu. “Wowui le ŋutilã gome, ke wogbɔ agbee le gbɔgbɔ gome.” (Petro I, 3:18) Womefɔ ame aɖeke alea tɔgbe kpɔ o. Yesu ŋutɔ gblɔ be: “Amea ɖeke melia yi dziƒo kpɔ o, negbe amesi ɖi tso dziƒo va ko, eyae nye Amegbetɔvi, si le dziƒo.” (Yohanes 3:13) Le nyateƒe me la, Amegbetɔvi lae nye ame gbãtɔ si wofɔ wònye gbɔgbɔmeme. (Dɔwɔwɔwo 26:23) Wofɔ ame bubuwo hã nenema ke. Ŋɔŋlɔawo gblɔ be: “Amesiame le ye ŋutɔ ƒe ɖoɖo nu: Gbãtɔ enye Kristo; emegbe la amesiwo le Kristo me le eƒe vavagbe la.”—Korintotɔwo I, 15:23.

Woafɔ ame ʋɛ aɖewo—“amesiwo le Kristo me”—ɖe tsitre woayi dziƒo le tameɖoɖo tɔxɛ aɖe ta. (Romatɔwo 6:5) Woa kple Kristo “woaɖu fia [ɖe] anyigba la dzi.” (Nyaɖeɖefia 5:9, 10) Hekpe ɖe eŋu la, woanye nunɔlawo le susua nu be woakpɔ gome le nusiwo nuvɔ̃ si ƒe dome míenyi tso ame gbãtɔ Adam gbɔ, gblẽ la ɖeɖeɖa me. (Romatɔwo 5:12) Amesiwo anye fiawo kple nunɔlawo kpe ɖe Kristo ŋu la ƒe xexlẽmee nye 144,000. (Nyaɖeɖefia 14:1, 3) Ŋutilã ka ƒomevie wonana wo ne wofɔ wo ɖe tsitre? Biblia gblɔ be woxɔa “gbɔgbɔŋutilã.” Esia awɔe be woate ŋu anɔ agbe le dziƒo.—Korintotɔwo I, 15:35, 38, 42-45.

Ɣekaɣie wofɔa amesiwo ayi dziƒo la ɖe tsitre? Korintotɔwo I, 15:23 ɖo eŋu be woafɔ wo ‘le Kristo ƒe anyinɔɣi.’ Nusiwo le dzɔdzɔm le xexeame tso ƒe 1914 dzi ɖee fia be Kristo ƒe anyinɔnɔ kple “xexeame ƒe nuwuwu” dze egɔme le ƒe ma me. (Mateo 24:3-7) Eyata míate ŋu aƒo nya ta be wodze Kristotɔ wɔnuteƒewo fɔfɔ yi dziƒo gɔme xoxo, togbɔ be míekpɔnɛ o hã. Ema fia be wofɔ apostoloawo kple Kristotɔ gbãtɔwo yi dziƒo. Ke Kristotɔ siwo si kakaɖedzi le be yewoayi dziƒo, evɔ wogale agbe fifia ya ɖe? Wofɔa wo “le aɖabaƒoƒo ɖeka me” ne wonya ku teti ko. (Korintotɔwo I, 15:52) Esi wònye woafɔ ame ʋɛ siwo nye 144,000 la do ŋgɔ na ame gbogbo siwo woafɔ va anyigba dzi ta la, woyɔa woƒe tsitretsitsia be “tsitretsitsi gbãtɔ.”—Nyaɖeɖefia 20:6; Filipitɔwo 3:11.

Amekawoe Woafɔ Ðe Tsitre Ava Anyigba Dzi?

Ŋɔŋlɔawo gblɔ be woafɔ amesiwo ku la ƒe akpa gãtɔ ava anyigba dzi. (Psalmo 37:29; Mateo 6:10) Esi apostolo Yohanes nɔ nu ƒom tso ŋutega wɔdɔɖeamedzi aɖe si wòkpɔ ku ɖe amesiwo woafɔ ɖe tsitre ŋu la, eŋlɔ be: “Atsiaƒu ɖe ame kuku, siwo le eme la, hena, eye ku kple tsiẽƒe woɖe ame kuku, siwo le wo si la, hena, eye wodrɔ̃ ʋɔnu amesiame ɖe eƒe dɔwɔwɔwo nu. Eye wotsɔ ku kple tsiẽƒe ƒu gbe ɖe dzota la me. Dzota sia enye ku evelia.” (Nyaɖeɖefia 20:11-14) Mawu ɖoa ŋku amesiwo le Hades, alo Sheol—si nye ameƒomea ƒe yɔdo me—la dzi. Woaxɔ wo dometɔ ɖesiaɖe le ku si me. (Psalmo 16:10; Dɔwɔwɔwo 2:31) Eye woanɔ te ɖe nusiwo wowɔ le woƒe tsitretsitsia megbe dzi adrɔ̃ ʋɔnu wo. Ekema nukae adzɔ ɖe ku kple tsiẽƒe ŋutɔ dzi? Woatsɔ wo aƒu gbe ɖe “dzota la” me. Esia fia be ku si ƒe dome míenyi tso Adam gbɔ la magakpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe mía dzi o.

Wò ya de ŋugble le mɔkpɔkpɔ dodzidzɔname si tsitretsitsia nana amesiwo ƒe ame veviwo ku ŋu kpɔ! Esi Yesu fɔ Nain-hosi la ƒe tenuvi la ɖe tsitre la, dzi anya dzɔe ŋutɔ! (Luka 7:11-17) Eye Biblia gblɔ be esi Yesu fɔ nyɔnuvi ƒe-12-vi aɖe ɖe tsitre la, edzilawo kpɔ dzidzɔ wògbɔ eme. (Marko 5:21-24, 35-42; Luka 8:40-42, 49-56) Le xexe yeye si ŋugbe Mawu do me la, dzi adzɔ mí ŋutɔ ne wofɔ míaƒe ame veviwo na mí!

Dɔ kae tsitretsitsia ŋuti nyateƒea nyanya awɔ ɖe mía dzi fifia? The World Book Encyclopedia gblɔ be: “Ame akpa gãtɔ vɔ̃a ku, eye womedina be yewoabu eŋu o.” Nukatae? Elabena ame geɖe bua ku be enye nu manyatalenu si wòle be woavɔ̃. Nɔnɔme si me ame kukuwo le nyanya kple tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa ƒe mía si nɔnɔ ate ŋu ade dzi ƒo na mí ne míedze ŋgɔ “futɔ mamletɔ, si . . . enye ku.” (Korintotɔwo I, 15:26) Sidzedze sia ana wòanɔ bɔbɔe na mí be míado dzi ne mía xɔlɔ̃ alo ƒometɔ vevi aɖe ku.

Ɣekaɣie woate amewo fɔfɔ va anyigba dzii? Ŋutasesẽ, dzrewɔwɔ, kple ʋukɔkɔɖi xɔ anyigba dzi, eye wole ɖi ƒom yame hã. Ne woafɔ ame kukuwo woagava nɔ agbe le nɔnɔme siawo me le anyigba dzi la, dzidzɔ si woakpɔ la manɔ anyi eteƒe nadidi o. Gake Wɔla la do ŋugbe be eteƒe madidi o, yeatsrɔ̃ xexe sia si le Satana ƒe ŋusẽ te. (Lododowo 2:21, 22; Daniel 2:44; Yohanes I, 5:19) Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigba ava eme kpuie. Ekema le Mawu ƒe xexe yeyea me la, ame miliɔn akpe geɖe siwo ku fifia la afɔ ɖe tsitre.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Woafɔ kukuawo dometɔ akpa gãtɔ va anyigba dzi