Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Hiob ƒe Agbalẽ Me

Nya Vevi Siwo Tso Hiob ƒe Agbalẽ Me

Yehowa ƒe Nya la Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Hiob ƒe Agbalẽ Me

HIOB nɔ Uz, si nye du si le Arabia fifia, me. Israel-vi gbogbo aɖewo nɔ Egipte ɣemaɣi. Togbɔ be Hiob ŋutɔ menye Israel-vi o hã la, enye Yehowa Mawu subɔla. Biblia gblɔ tso eŋu be: “Enye ame maɖifɔ, ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la, eye wòtsri nu vɔ̃ɖi, eye ame aɖeke mede enu le anyigba dzi o.” (Hiob 1:8) Ɣeyiɣi sia anya nye esi tso Mawu subɔla vevi eve aɖewo ƒe agbenɔɣi dome—Yakob ƒe vi Yosef kple nyagblɔɖila Mose.

Wosusu be Mose ye ŋlɔ Hiob ƒe agbalẽa, eye anya se nu tso Hiob ŋu le ƒe 40 si wòtsɔ nɔ Midian, si gogo Uz, me. Mose anya se nu tso Hiob ƒe agbenɔƒe mamlɛawo ŋu esime Israel-viwo nɔ teƒe aɖe si gogo Uz, le woƒe ƒe 40 ƒe gbeadzinɔɣi ƒe nuwuwu lɔƒo. * Woŋlɔ nu tso nusiwo dzɔ ɖe Hiob dzi ŋu nyuie ale gbegbe be wobua ŋutinyaa be enye agbalẽ siwo woŋlɔ nyuie wu la dometɔ ɖeka. Gake menye agbalẽ nyui dzro aɖe koe wònye o; eɖo biabia siawo ŋu: Nukatae ame nyuiwo kpea fu ɖo? Nukatae Yehowa ɖe mɔ vɔ̃ɖinyenye li ɖo? Ðe ame madeblibowo ate ŋu ayi edzi awɔ nuteƒe na Mawua? Esi Hiob ƒe agbalẽa hã le Biblia me ta la, nya siwo le eme la le agbe eye wogasẽa ŋu egbea hã.—Hebritɔwo 4:12.

‘GBESIGBE WODZIM NEBU!’

(Hiob 1:1–3:26)

Satana gblɔ gbeɖeka be menye susu nyui tae Hiob wɔa nuteƒe na Mawu o. Yehowa meʋlii kple Satana o, ke boŋ eɖe mɔ Satana he fuwɔame vovovowo va Hiob dzi. Gake Hiob ‘megbe Mawu o.’—Hiob 2:9.

Hiob xɔlɔ̃ etɔ̃ aɖewo va be “yewoafa akɔ nɛ.” (Hiob 2:11) Wonɔ anyi ɖe egbɔ numaƒomaƒoe vaseɖe esime Hiob ke nu gblɔ be: “Gbesigbe wodzim . . . nebu!” (Hiob 3:3) Edzroe vevie be ne ɖe yenɔ abe “vidzĩe, siwo mekpɔ kekeli kpɔ o” alo fugege ene la, ne enyo wu.—Hiob 3:11, 16.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

1:4—Ðe Hiob viwo nɔa woƒe dzigbezã ɖuma? Ao. Le gbegbɔgblɔ gbãtɔ si me woŋlɔ agbalẽa ɖo me la, nya vovovowoe wozãna na “ŋkeke” kple “dzigbe,” eye gɔmesese vovovowoe le wo ŋu. (Mose I, 40:20) “Ŋkeke” ye wozã le Hiob 1:4, si fia tso ŋdi vaseɖe ɣetrɔ. Edze abe Hiob viŋutsu adreawo ɖua ŋkeke adre ƒe azã ƒe sia ƒe ene. Viaŋutsuawo dometɔ ɖeka ƒemee woɖua azãa le “le ŋkeke, si dze edzi la dzi.”

1:6; 2:1—Amekawoe woɖe mɔ na be woava Yehowa ŋku me? Amesiwo va Yehowa ŋku me woe nye Mawu ƒe Tenuvi, si nye Nya la; mawudɔla wɔnuteƒeawo; kple mawudɔla dzeaglãawo, siwo dome Satana Abosam nɔ. (Yohanes 1:1, 18) Esi woɖo Mawu ƒe Fiaɖuƒea anyi le ƒe 1914 me megbe kpuie hafi wonya Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa le dziƒo. (Nyaɖeɖefia 12:1-12) Esi Yehowa ɖe mɔ gbɔgbɔmenuwɔwɔwo katã va eŋku me la, ena wonya nya siwo Satana tsɔ ɖe Yehowa kple amegbetɔwo ŋu.

1:7; 2:2—Ðe Yehowa ƒo nu kple Satana tẽa? Biblia meɖe nu geɖe me tso alesi Yehowa ƒoa nu kple gbɔgbɔmenuwɔwɔwo ŋu o. Ke hã, nyagblɔɖila Mixaya kpɔ mawudɔla aɖe le ŋutega me wònɔ nu ƒom kple Yehowa tẽ. (Fiawo I, 22:14, 19-23) Eyata ɖewohĩ ɖee Yehowa ƒo nu kple Satana tẽ.

1:21Mɔ ka nue Hiob ate ŋu atrɔ ayi ‘dadaa ƒe dɔme’ le? Esi wònye “anyi” ye Yehowa Mawu tsɔ wɔ amee ta la, wozã nya ‘dada’ le afisia wònye kpɔɖeŋu na anyigba.—Mose I, 2:7

2:9—Anye nɔnɔme ka mee Hiob srɔ̃ nɔ esi wògblɔ na srɔ̃a be wòagbe Mawu ne wòaku? Hiob kple srɔ̃a siaae nuwo bu na. Anya te ɖe edzi ŋutɔ be ye srɔ̃ si ŋu ŋusẽ nɔ tsãe nye ma dɔléle vɔ̃ɖi aɖe ɖi gbɔe. Via lɔlɔ̃awo ku. Nusiawo anya te ɖe edzi ale gbegbe be megava kpɔe dze sii be yewo kple Mawu dome ƒomedodoe nye nu vevitɔ kekeake na yewo o.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

1:8-11; 2:3-5. Hiob ƒe kpɔɖeŋua ɖee fia be, nuteƒewɔwɔ bia be susu nyui nanɔ mía si le Yehowa subɔsubɔ me, eye míaƒe nuwɔna kple nuƒoƒo hã nasɔ.

1:21, 22. Ne míewɔ nuteƒe na Yehowa le nɔnɔme deamedziwo kple nɔnɔme madeamedziwo siaa me la, ana míaɖee afia be Satana nye alakpatɔ.—Lododowo 27:11.

2:9, 10. Abe Hiob ene la, ele be míasẽ ŋu le xɔse me ne míaƒe ƒometɔwo mekpɔa ŋudzedze ɖe gbɔgbɔmenu siwo yome míetina ŋu o, alo ne woƒonɛ ɖe mía nu be míadzudzɔ Mawu subɔsubɔ gɔ̃ hã.

2:13. Esi Hiob xɔlɔ̃awo mebu nuwo ŋu abe alesi Mawu di be woabu woe ene o ta la, womete ŋu kpɔ akɔfanamenya gbagbe aɖeke gblɔ na Hiob tso Mawu kple eƒe ŋugbedodowo ŋu o.

“NYEMASẼ NU LE NYE FƆMAÐIMAÐI ŊU” O!

(Hiob 4:1–31:40)

Nya si koŋ Hiob xɔlɔ̃ etɔ̃awo gblɔe nye be nugbegblẽ aɖee Hiob anya wɔ, si tae Mawu le to hem nɛ vevie nenema gbegbe ɖo. Elifaz ye ƒo nu gbã. Bildad ƒo nu kplɔ Elifaz ɖo, eye wòzã nya siwo tɔa ame wu. Zofar ya tɔ gavɔ̃ɖi wu.

Hiob meda asi ɖe exɔlɔ̃awo ƒe nukpɔsusu manyomanyoawo dzi o. Esi mese nusitae Mawu ɖe mɔ wònɔ fu kpem ɖo me o ta la, edi kokoko be yeaʋli ye ɖokui ta. Ke hã, Hiob lɔ̃ Mawu, si na wògblɔ be: “Nyemasẽ nu le nye fɔmaɖimaɖi ŋu, vaseɖe esime mamia nu o.”—Hiob 27:5.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

7:1; 14:14—Nukae nya siwo nye “aʋa mee amegbetɔ le” kple “nye aʋamenɔɣiwo katã” fia? Hiob nɔ fu kpem ale gbegbe be, ebu agbea be enye dzizizidɔ sesẽ teɖeɖiameŋu abe aʋagbedzie wòle ene. (Hiob 10:17) Esi wònye tsiẽƒenɔɣi—tso ame ƒe kugbe vaseɖe eƒe tsitretsiɣi—nye nusi ku zina ɖe ame dzi ta la, Hiob tsɔe sɔ kple aʋamenɔɣi.

7:9, 10; 10:21; 16:22—Ðe nya siawo fia be Hiob mexɔ tsitretsitsia dzi se oa? Nusiwo adzɔ ɖe Hiob dzi kpuie ŋu nyawo ko gblɔmee wònɔ. Ke eƒe nyawo gɔme ɖe? Ate ŋu afia be ne eku la, eŋɔlimetɔ aɖeke magakpɔe o. Womagakpɔe wòatrɔ agbɔ va eƒeme alo aganya naneke o vaseɖe ɣeyiɣi si Mawu ŋutɔ ɖo ɖi dzi. Hiob ƒe nyawo ate ŋu afia hã be ame aɖeke mate ŋu ado le tsiẽƒe le eɖokui si o. Hiob 14:13-15 ɖee fia be Hiob nɔ mɔ kpɔm be ne yeku hã la, woafɔ ye ɖe tsitre.

10:10—Alekee Yehowa ‘kɔ Hiob ɖe anyi abe notsi ene hena wòbla abe notsi kpekẽ ene’? Alesi Hiob nɔ le dadaa ƒe dɔme ɖɔmee hakpanya sia le.

19:20—Hiob ƒe nya siwo nye “nye nyè koe kpɔtɔ” (alo, ‘lãyi si le nye aɖu ŋue metsɔ do le eme,’ NW) gɔme ɖe? Esi Hiob gblɔ be yedo le eme kple nane si ŋu edze ƒã be lãyi mele o ƒe lãyi la, Hiob anya nɔ gbɔgblɔm be yemetsɔ naneke kura do le eme o, alo be yebu nusianu.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

4:7, 8; 8:5, 6; 11:13-15. Ne ame aɖe le fukpekpe aɖe me tom la, mele be míaƒo nya ta kaba be nusiwo wòwɔ va yi me tsonuwo kpɔmee wòle alo be Mawu mekpɔ ŋudzedze ɖe eŋu o.

4:18, 19; 22:2, 3. Ele be míaƒe aɖaŋuɖoɖowo natso Mawu ƒe Nya la me, ke menye mía ŋutɔwo míaƒe susu me o.—Timoteo II, 3:16.

10:1. Vevesese wɔe be Hiob ƒe susu megayi nu bubu siwo gbɔ eƒe fukpekpea anya tso dzi o. Mele be míabi dzi ne míele fu kpem o, elabena míawo ya míenya nya siwo le toa me.

14:7, 13-15; 19:25; 33:24. Fukpekpe ka kee Satana ahe va mía dzii o, tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa ate ŋu ado ŋusẽ mí.

16:5; 19:2. Ele be míaƒe nyawo nade dzi ƒo ahado ŋusẽ ame, menye be wòatɔ ame o.—Lododowo 18:21.

22:5-7. Ne míenɔ te ɖe nutsotso siwo ŋu kpeɖodzi mele o dzi ɖo aɖaŋu la, viɖe aɖeke manɔ aɖaŋuɖoɖoa ŋu o eye ate ŋu agblẽ nu hã.

27:2; 30:20, 21. Míate ŋu awɔ nuteƒe togbɔ be míede blibo o hã. Hiob bu fɔ Mawu madzemadzee.

27:5. Hiob ŋutɔ koe ate ŋu agbe be yemawɔ nuteƒe o elabena lɔlɔ̃ si le ame si na Mawu tae wòwɔa nuteƒe nɛ ɖo. Eyata ele be míatu lɔlɔ̃ deto na Yehowa ɖo.

28:1-28. Amegbetɔwo nya afisi kesinɔnuwo ɣla ɖo le anyigba me. Esi wole kesinɔnu siawo dim ta la, woyia anyigba tume ʋĩ, afisi xeƒonu siwo kpɔa nu dea didiƒe ʋĩ ke gɔ̃ hã mate ŋu akpɔ o. Gake Yehowa gbɔ koe nunya vavãtɔ tsona.

29:12-15. Ele be míalɔ̃ faa anyo dɔme na amesiwo hiã tu.

31:1, 9-28. Hiob ɖo kpɔɖeŋu ɖi na mí le susua nu be etsri ahiãmoɖoɖo, ahasiwɔwɔ, nuwɔwɔ madzemadzee nublanuimakpɔmakpɔtɔe, ŋutilãmenudidi, kple trɔ̃subɔsubɔ.

METRƆ DZIME “LE KE KPLE AFI ME”

(Hiob 32:1–42:17)

Ðekakpui aɖe si ŋkɔe nye Elihu gbɔ dzi ɖi nɔ nyaʋiʋlia sem. Ede nu nyaa me dzideƒotɔe azɔ. Eɖɔ Hiob kple exɔlɔ̃ etɔ̃ siwo nɔ dzigbãnyawo gblɔm nɛ ɖo.

Esi Elihu nya ƒo nu vɔ teti ko la, wosee Yehowa ƒo nu le dziya sesẽ aɖe me. Megblɔ nusita Hiob nɔ fu kpem la nɛ o. Ke hã, Ŋusẽkatãtɔ la bia nya aɖewo Hiob, si na wòva de dzesi Mawu ƒe ŋusẽ triakɔ kple eƒe nunya si mele gbɔgblɔ me o. Hiob lɔ̃ ɖe edzi be yeƒo nu tamemabumabutɔe, si na wògblɔ be: “Megbe nye nyawo, eye wovem le ke kple afi me.” (Hiob 42:6) Esi Hiob ƒe tetekpɔa nu va yi vɔ la, woɖo eteƒe nɛ geɖe.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

32:1-3—Ɣekaɣie Elihu va? Esi wònye Elihu se nyaawo katã ta la, anya nɔ teƒe aɖe si gogo wo hafi Hiob te nu ƒoƒo si na exɔlɔ̃ etɔ̃awo ƒe ŋkeke adre ƒe ɖoɖoezizia nu tso.—Hiob 3:1, 2.

34:7—Aleke Hiob le abe “amesi le ɖiŋudoname nom abe tsi ene”? Le Hiob ƒe xaxawo me la, ebui be ye ŋue ye xɔlɔ̃ etɔ̃awo nɔ fewu ɖum le, evɔ wònye Mawu ŋue wonɔ tsitre tsim ɖo. (Hiob 42:7) Eyata enɔ ɖiŋudonamenyawo sem abe amesi le tsi nom dzidzɔtɔe ene.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

32:8, 9. Nunya mele tsitsi me o. Ebia Mawu ƒe Nya la gɔme sese kple eƒe gbɔgbɔa ƒe mɔfiafia.

34:36. Míaƒe nuteƒewɔwɔ dzena nyuie ne ‘wote mí kpɔ’ bliboe le mɔ aɖe nu.

35:2. Elihu ɖo to hese nya si le toa me gɔme nyuie hafi ƒo nu. (Hiob 10:7; 16:7; 34:5) Hafi Kristotɔ hamemegãwo naɖo aɖaŋu na ame aɖe le nya aɖe ŋu la, ele be woaɖo to nyuie, ase nu tso nya bliboa ŋu tsitotsito ahase egɔme nyuie gbã.—Lododowo 18:13.

37:14; 38:1–39:30. Ŋugble dede tso Yehowa ƒe nuwɔwɔ klitsu siwo ɖe eƒe ŋusẽ kple nunya fia ŋu nana míebɔbɔa mía ɖokui eye ekpena ɖe mía ŋu míenyanɛ be eƒe dziɖulanyenye taʋiʋli le vevie wu mía ŋutɔwo míaƒe didi ɖesiaɖe.—Mateo 6:9, 10.

40:1-4. Ne nyatoƒoetoto le Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ŋu ƒe susu aɖe ɖo mía me la, ele be ‘míaɖo asi nu.’

40:15–41:26. Ŋusẽ ka gbegbee nye esi le tɔmenyi kple lo si! Ehiã be míawo hã míaxɔ ŋusẽ si lã sesẽ siawo Wɔla nana mí hafi míate ŋu ado dzi le Mawu ƒe subɔsubɔdɔa me.—Filipitɔwo 4:13.

42:1-6. Yehowa ƒe nya siwo Hiob se kple eƒe ŋusẽ ɖeɖefia si dzi woɖo ŋkui nɛ na ‘wòkpɔ Mawu’ alo nya nyateƒenya si ku ɖe Mawu ŋu. (Hiob 19:26) Esia na wòɖɔ eƒe tamebubu ɖo. Ne woɖo aɖaŋu na mí tso Biblia me la, ele be míalɔ̃ faa ɖe míaƒe vodadawo dzi ahawɔ asitɔtrɔ siwo hiã.

Srɔ̃ “Hiob ƒe dzidodo”

Hiob ƒe agbalẽa ɖee fia kɔte be menye Mawue na amegbetɔwo le fu kpem o. Satanae na. Mawu ƒe mɔ ɖeɖe ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu na mɔnukpɔkpɔ mía dometɔ ɖesiaɖe be wòaɖe akpa si dzi wòle le nya siwo wotsɔ ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye kple amegbetɔwo ƒe nuteƒewɔwɔ ŋu la afia.

Abe Hiob ene la, woate amesiwo katã lɔ̃ Yehowa akpɔ. Hiob ŋuti nuŋlɔɖia na míeka ɖe edzi be míate ŋu ado dzi. Eɖoa ŋku edzi na mí be míaƒe kuxiwo manɔ anyi ɖaa o. Yakobo 5:11 gblɔ be: “Miese Hiob ƒe dzidodo, eye miekpɔ [emetsonu si] Aƒetɔ” la nae. Yehowa ɖo eteƒe na Hiob le eƒe nuteƒewɔwɔ ta. (Hiob 42:10-17) Mɔkpɔkpɔ nyui ka gbegbee nye esi le mía lalam—agbe mavɔ nɔnɔ le Paradisonyigba dzi! Eyata, abe Hiob ene la, mina míaɖoe kplikpaa alé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi!—Hebritɔwo 11:6.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 2 Ƒe 140 kple edzivɔ ƒe ŋutinyae le Hiob ƒe agbalẽa me, tso ƒe 1657 vaseɖe 1473 D.M.Ŋ.

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso “Hiob ƒe dzidodo” me?