Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Subɔsubɔ le Dutagbe Hame Me

Subɔsubɔ le Dutagbe Hame Me

Subɔsubɔ le Dutagbe Hame Me

APOSTOLO YOHANES ŋlɔ be: “Mekpɔ mawudɔla bubu aɖe le dzodzom le dziƒo titina, eye wòlé nyanyui mavɔ ɖe asi, be yeagblɔ afia anyigbadzinɔlawo kple trɔ̃subɔlawo katã kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple dukɔ sia dukɔ.” (Nyaɖeɖefia 14:6) Le nyagblɔɖiŋutega sia me vava nu la, wole gbeƒã ɖem Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia ɖe gbegbɔgblɔ vovovowo me fifia. Amesiwo ʋu yi teƒe siwo didi tso wo de lae doa gbegbɔgblɔ siawo dometɔ geɖe. Yehowa Ðasefo geɖe do vevie nu srɔ̃ gbe bubuwo, ale be amesiawo hã nase nyanyui si ƒe gbeƒã ɖem wole.

Èle Ðasefo siwo le subɔsubɔm le dutagbe hamewo me la domea? Alo fifiae nèle eŋu bum? Be nàkpɔ dzidzedze la, ehiã be nàtsɔ ɖokuiwò asa vɔ eye susu nyui hã nanɔ asiwò. Esi wònye wò didie nye be yeakpe ɖe amewo ŋu woasrɔ̃ nyateƒe si le Mawu ƒe Nyaa me ta la, susu nyuitɔ kekeakee le asiwò—si nye lɔlɔ̃ na Mawu kple hawòviwo. (Mateo 22:37-39; Korintotɔwo I, 13:1) Togbɔ be ɖeka wɔwɔ kple dukɔ bubu me tɔwo alo ameƒomevi bubuwo ana nàde ha kpli wo, asrɔ̃ woƒe nu ɖuɖu kple dekɔnuwo hã la, nusi koŋ aʋã wòe nye didi si anɔ mewò be yeakpe ɖe amewo ŋu woanya Mawu. Ðe wòwɔna na wò be gbe bubu sɔsrɔ̃ asesẽ akpaa? Ne nenemae la, ekema nukpɔsusu nyui si anɔ asiwò la akpe ɖe ŋuwò. James srɔ̃ Japangbe, eye egblɔ be: “Mègana gbea sɔsrɔ̃ naɖi vɔvɔ̃ na wò o.” Nyanya be ame bubuwo te ŋu srɔ̃e dzidzedzetɔe la ate ŋu ade dzi ƒo na wò be nàyi edzi ahana susu nyui nanɔ asiwò. Ekema aleke nàwɔ asrɔ̃ gbe yeye? Nukae akpe ɖe ŋuwò be nàte ŋu anɔ hame si me wodoa gbe ma le me dzidzedzetɔe? Eye nukae wòle be nàwɔ be nàkpɔtɔ asẽ ŋu le gbɔgbɔ me?

Alesi Nàdze Gbea Sɔsrɔ̃ Gɔmee

Mɔ geɖe li si dzi wotona srɔ̃a gbe. Sukuvi ɖesiaɖe kple mɔnu si wòdina, eye nenema kee nye nufialawo hã. Gake le sukuvi akpa gãtɔ gome la, enɔa bɔbɔe wu na wo be woasrɔ̃ gbea ne wokpɔ nufiala bibi aɖe. Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo le gbe yeyea me xexlẽ, kpakple to ɖoɖo nya siwo wolé ɖe kasɛt dzi le gbea me, ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànya nu geɖe ƒe ŋkɔ le gbegbɔgblɔa me, eye ana nànya teokrasi nyawo yɔyɔ nyuie wu hã. Radio, television, kple video dzi wɔna nyui siwo le gbea me sese hã ate ŋu ana nànya gbea kple ameawo ƒe dekɔnuwo nyuie wu. Le nusɔsrɔ̃a ƒe didime gome la, enyo wu be nàsrɔ̃ nua vivivi gbesiagbe tsɔ wu be nàsrɔ̃e gaƒoƒo gbogbo zi ɖeka ko, ke egayi ɣeyiɣi didi aɖe megbe.

Gbe sɔsrɔ̃ le ko abe tsiƒuƒu sɔsrɔ̃ ene. Màte ŋu asrɔ̃ tsiƒuƒu ne èxlẽ nu tso eŋu le agbalẽ aɖe me ko o. Ele be nàge ɖe tsia me ŋutɔŋutɔ. Nenema kee gbe sɔsrɔ̃ hã le. Agbalẽ me tɔ ɖeɖe masu o. Ele be nàde ha kple amewo ɣesiaɣi si nàte ŋui—ase woƒe nuƒoƒo, ate ɖe wo ŋu, ahaɖo dze kpli wo! Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa na esia anya wɔ nyuie ŋutɔ. Àte ŋu azã nusiwo srɔ̃m nèle la le gbeadzi enumake. Midori si le Chinagbe srɔ̃m gblɔ be: “Aɖi vɔvɔ̃ na wò ya. Gake aƒemenɔlawo kpɔnɛ be mí Ðasefowo míedzea agbagba ŋutɔ. Esia ate ŋu aʋã amewo. Kaka nànya gblɔ le ameawo ƒe gbea me be ‘Edzɔ dzi nam ŋutɔ be meva tu wò’ ko la, àkpɔe le woƒe mo be wolɔ̃ be miaɖo dze!”

Kristotɔwo ƒe kpekpewo hã kpena ɖe ame ŋu ŋutɔ. Le kpekpe ɖesiaɖe me la, dze agbagba nàɖo nya ŋu zi ɖeka ya teti. Togbɔ be nya ŋu ɖoɖo zi gbãtɔ aɖi vɔvɔ̃ na wò hã la, mègatsi dzi o. Hamea me tɔwo di be nàdo gbea. Monifa si le Koreagbe srɔ̃m la gblɔ be: “Medaa akpe ŋutɔ be nɔvinyɔnu aɖe va nɔa gbɔnye le kpekpeawo me, heŋlɔa nya aɖewo ƒe gɔmeɖeɖe ɖe pepa dzi nam. Eƒe vividoɖeameŋu kple dzigbɔɖi kpena ɖe ŋunye ŋutɔ.” Ne èva le nu geɖewo ŋkɔ nyam le gbea me la, ekema àte ŋu ava nɔ tame bum abe alesi gbea dolawo bua tamee ene—esia awɔe be ne wogblɔ nya aɖe nèse la, wò susu ayi nane dzi tẽ tsɔ wu be nàɖe egɔme tso gbe si wò ŋutɔ nèdona me.

Taɖodzinu si wòle be nàɖo gbã le gbea sɔsrɔ̃ mee nye be nàƒo nu ‘eme nakɔ.’ (Korintotɔwo I, 14:8-11) Togbɔ be amewo ase egɔme na wò ne mèdo gbea nyuie o hã la, vodada geɖe wɔwɔ alo nyawo mayɔmayɔ nyuie ate ŋu ana amewo maɖo to wò gbedasia o. Nyawo yɔyɔ nyuie kple gbeŋutisea ŋudɔ wɔwɔ nyuie tso gɔmedzedzea me ana be nàtsri numame gbegblẽ siwo ɖɔɖɔ ɖo va sesẽna emegbe. Mark, si srɔ̃ Swahili, ɖo aɖaŋu be: “Bia amesiwo nya gbea dodo nyuie be woaɖɔ wò vodada gãwo ɖo, eye da akpe na wo ne woɖɔ wò ɖo!” Gake ɖɔ ŋu ɖo le amesiwo akpe ɖe ŋuwò le go sia me ŋu, be nàgaxɔ woƒe ɣeyiɣiwo katã o. Togbɔ be àte ŋu abia ame aɖe be wòato dɔ siwo nèwɔna me hã la, dze agbagba nàzã nya siwo wò ŋutɔ nènya xoxo alo esiwo ƒe gɔmesese nèdi la atsɔ adzra wò nuƒowo kple nyaŋuɖoɖowo ɖo ɖe wò ŋutɔ wò nyagbewo me. Esia awɔe be nànya gbea kabakaba eye akpe ɖe ŋuwò nàte ŋu aƒo nu kple dzideƒo.

Ðeɖi Megate Ŋuwò O

Monifa gblɔ be: “Gbe yeye sɔsrɔ̃e nye nu sesẽtɔ kekeake si mewɔ kpɔ. Ɣeaɖewoɣia, medina be mana ta. Gake meɖoa ŋku alesi wòdzɔa dzi na nye Biblia nusrɔ̃viwo ŋutɔ ne megblɔ Ŋɔŋlɔawo me nyateƒeawo na wo le Koreagbe vi si mese me, kple alesi dzi dzɔa nɔviawo ne agbagba vi aɖe koe medze gɔ̃ hã la dzi.” Nyaa enye be mègana ta kaba o. Wò taɖodzinue nye be yeasrɔ̃ gbea ale be yeate ŋu afia Ŋɔŋlɔawo me nyateƒe si naa agbe la ame bubuwo. (Korintotɔwo I, 2:10) Eyata Biblia fiafia amewo le gbe bubu me bia agbagbadzedze vevie hena ɣeyiɣi didi. Esi nèle ŋgɔyiyi wɔm la, mègatsɔ wò agbagbadzedzewo nɔ sɔsɔm kple ame bubuwo tɔ madzemadzee o. Amesiwo le gbe yeye srɔ̃m la wɔa ŋgɔyiyi le mɔ vovovowo nu. Ke hã, anyo be nànya ŋgɔyiyi siwo wɔm nèle. (Galatiatɔwo 6:4) Joon si le Chinagbe srɔ̃m la gblɔ be: “Gbe sɔsrɔ̃ le abe atrakpui lialia ene. Ne ewɔ na wò be yemele ŋgɔ yim o la, kasia nàkpɔa, gbɔwò didi tso anyigba gbɔ.”

Gbe yeye sɔsrɔ̃ nye agbemenuwɔna si metɔa te o. Eyata yi gbea sɔsrɔ̃ dzi dzidzɔtɔe, eye mèganɔ mɔ kpɔm be yeadoe memie o. (Psalmo 100:2) Vodadawo magbe wò nuƒo me nɔnɔ o. Wo katã le gbea sɔsrɔ̃ me. Esi Kristotɔ aɖe te gbeƒã ɖeɖe le Italygbe me la, ebia aƒemenɔla aɖe be, “Ènya xa si le agbe ŋua?” Nya si wòdi be yeagblɔ boŋue nye “tameɖoɖo si le agbe ŋu.” Ðasefo aɖe si le Polandgbe srɔ̃m kpe nɔviwo be woana yewoadzi avua le esi wòagblɔ be yewoadzi haa teƒe. Eye nɔvi aɖe si le Chinagbe srɔ̃m la metrɔ aɖe nyuie o, si na wòde dzi ƒo na eƒe nyaselawo be woaxɔ Yesu ƒe agbalẽdzraɖoƒe dzi ase, evɔ ɖe wòdi be yeagblɔ be woaxɔ tafea dzi ase hafi. Nusi nyo le vodada wɔwɔ ŋu enye be ne woɖɔ wò ɖo la, ekema asesẽ hafi nàŋlɔ nya si wofia wò la be.

Dɔ Wɔwɔ Kple Hamea

Menye gbegbɔgblɔ koe dea mama amewo me o. Zi geɖe la, dekɔnuwo, ŋutigbalẽ, kple dukɔ si me ame tso ya gadea mama amewo me wu. Ke hã, woate ŋu akpɔ mɔxenu siawo gbɔ. Agbalẽnyalagã aɖe si srɔ̃a nu tso subɔsubɔha siwo doa Chinagbe le Europa ŋu gblɔ be Yehowa Ðasefowo nye “dukɔwo dome” habɔbɔ aɖe. Egblɔ be le Ðasefowo dome la, “teƒe si ame aɖe tso mele vevie o, eye wobua gbegbɔgblɔwo ko be wonye nusi akpe ɖe yewo ŋu yewoase Mawu ƒe nya la gɔme.” Le nyateƒe me la, Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ ye kpena ɖe Kristotɔ vavãwo ŋu be mama aɖeke menɔa wo dome o, eɖanye dukɔ ka me tɔwoe wonye o. Amesiwo doa ‘amenyenye yeyea mebua ame aɖeke be enye Helatɔ alo Yudatɔ, alo amedzro o.’—Kolosetɔwo 3:10, 11.

Eyata ele be hamea me tɔwo katã nadze agbagba be ɖekawɔwɔ nanɔ anyi. Esia bia be ame nalɔ̃ faa ɖe nukpɔsusu yeyewo dzi, eye wòade bubu ame bubuwo ƒe seselelãmewo kple alesi wowɔa nui ŋu. Be vovototowo nagahe mamawo vɛ o la, kpɔ egbɔ be nàgate tɔ ɖe nusiwo dzɔa dzi na wò ŋutɔ ko dzi o. (Korintotɔwo I, 1:10; 9:19-23) Srɔ̃ alesi nàdo vivi ɖe ameƒomevi vovovowo ƒe nuwɔnawo ŋui. Ðo ŋku edzi be lɔlɔ̃ akuaku ye nana ƒomedodo kple ɖekawɔwɔ vavãtɔ nɔa amewo dome.

Zi geɖe la, ƒuƒoƒo sue aɖewo koe dutagbe hame akpa gãtɔ nyena le gɔmedzedzea me, eye amesiwo le gbe yeyea srɔ̃m kple amesiwo te Biblia ƒe gɔmeɖosewo sɔsrɔ̃ eteƒe medidi o la koe nɔa eme. Eyata ɖewohĩ masɔmasɔwo ado mo ɖa le ƒuƒoƒo mawo me wu alesi wòanɔ le hame lolo siwo woɖo xoxo me. Eyata ele be Kristotɔ tsitsiwo nadze agbagba ana ɖekawɔwɔ nanɔ anyi. Lɔlɔ̃ kple dɔmenyonyo ɖeɖe fia le nuƒoƒo kple nuwɔna me ana ame yeyewo natsi le gbɔgbɔ me nyuie.

Ele be amesiwo tsɔ wo ɖokui na be yewoana kpekpeɖeŋu le dutagbe hamewo me la nada asɔ le nusi woanɔ mɔ kpɔm na tso amewo gbɔ me. Rick, si nye hamemegã le hame sia tɔgbe aɖe me, gblɔ be: “Ðasefo yeye siwo le hame siawo me la dometɔ geɖe menya nu boo tso hakplɔɖoɖowo ŋu abe amesiwo le hame siwo me wodoa nutoa me gbe le ene o. Gake togbɔ be womete ŋu wɔna nusiawo o hã la, lɔlɔ̃ kple dzidzɔ ya nɔa wo dome. Eye ɖetsɔlemetɔ geɖe le nyateƒea xɔm.” Ne èle klalo be yeana kpekpeɖeŋu le mɔ ɖesiaɖe si nàte ŋui nu ɣesiaɣi la, aɖe vi na hamea togbɔ be ègakpɔtɔ le gbea srɔ̃m hã. Nuwɔwɔ aduadui ana hamea nayi ŋgɔ le gbɔgbɔ me.

Yi Edzi Nàkpɔtɔ Asẽ Ŋu le Gbɔgbɔ Me

Nɔviŋutsu aɖe si va dutagbe hame aɖe me yeyee la se vidada aɖe wònɔ alesi via aɖo nya ŋui fiamee. Ðevia gblɔ be: “Oo dada, nyaŋuɖoɖoa didi akpae!” Dadaa ɖo eŋu be: “Ao, enyo. Ele be míaɖe asi le nyaŋuɖoɖo kpuiawo ŋu na amesiwo le gbea srɔ̃m.”

Ne ɣleti alo ƒewo va yi evɔ ame tsitsi aɖe mete ŋu le gbe aɖe dom nyuie o la, ate ŋu aɖe fu na eƒe susu, seselelãme, kple gbɔgbɔmenyenye. Janet, si te ŋu doa Spaingbe nyuie fifia gblɔ be: “Nusiwo nyemete ŋu wɔna o la ɖea dzi le ƒonye bɔbɔe.” Hiroko si srɔ̃ Eŋlisigbe gblɔ be yenɔ tame bum be: ‘Avu kple dadi siwo le nutoa me kura gɔ̃ hã se Eŋlisigbe wum.’ Eye Kathie gblɔ be: “Hafi maʋu yi Spaingbe hame aɖe me la, Biblia nusrɔ̃vi kple tɔtrɔyi geɖe nɔ asinye, gake ɖeke meganɔ asinye esi meʋu yi hamea me o. Mebui be nyemenɔ dɔ aɖeke wɔm o.”

Nɔnɔme siawo mee nukpɔsusu nyui ƒe amesinɔnɔ hiã le. Esi dzi ɖe le Hiroko ƒo la, ebui le ta me be: “Ne amewo te ŋui la, ke nye hã mate ŋui.” Kathie gblɔ be: “Mebua srɔ̃nye si le ŋgɔ yim nyuie hele agbagba geɖe dzem le hamea me ŋu. Esia de dzi ƒo nam ŋutɔ. Ŋgɔyiyi geɖe li wòle be magawɔ, gake mete ŋu le gbeƒã ɖem hele nu hã fiam vivivi, eye esia na mekpɔa dzidzɔ.” Srɔ̃a Jeff gblɔ kpee be: “Etena ɖe ame dzi vevie ne mète ŋu se nya siwo katã wogblɔ le gbeƒãɖeɖewo kple hamemegãwo ƒe kpekpewo me gɔme o. Ele be mabɔbɔ ɖokuinye ahabia be woaɖe nya siwo wogblɔ me nam tsitotsito, ke hã edzɔa dzi na nɔviawo be yewoakpe ɖe ŋunye.”

Be màgagbɔdzɔ le gbɔgbɔ me esi nèle dutagbe hamea me o la, ele be nàlé ŋku ɖe wò gbɔgbɔmemenyenye ŋu vevie. (Mateo 5:3) Kazuyuki, si le subɔsubɔm ƒe geɖe le Portugalgbe dolawo dome la gblɔ be: “Ehiã vevie be míaɖu nu le gbɔgbɔ me wòasu mí. Esia tae míaƒe ƒomea srɔ̃a nu hedzrana ɖo ɖe kpekpeawo ŋu le mía ŋutɔ mía degbe me kple le Portugalgbea siaa me.” Ame aɖewo dea kpekpewo le hame siwo me wodoa wo degbea le me ɣeaɖewoɣi. Ðiɖiɖeme nyui hã hiã vevie.—Marko 6:31.

Bu Eŋu Kɔnta Gbã

Ne èle ŋugble dem le ʋuʋu yi dutagbe hame aɖe me ŋu la, ele be nàbu eŋu kɔnta gbã. (Luka 14:28) Nu vevitɔ kekeake siwo ŋu wòle be nàbue nye wò gbɔgbɔmemenyenye kple mia kple Yehowa dome ƒomedodo. Do gbe ɖa le nɔnɔmea ŋu. Bu srɔ̃wò kple viwòwo hã ŋu. Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe nye nɔnɔmewo aɖe mɔ nam be madze dɔ sia si axɔ ɣeyiɣi didi la gɔmea, eye ɖe ŋusẽ le ŋunye le gbɔgbɔ me be mate ŋu ado dzi le emea?’ Nusi ade mia kple wò ƒomea dzi le gbɔgbɔ me ye nye nu nyuitɔ si nàwɔ. Dɔ geɖe li nàwɔ eye àte ŋu akpɔ dzidzɔ le afisiafi si nènye Fiaɖuƒegbeƒãɖela le.

Dzidzɔ geɖe ye amesiwo te ŋu subɔna le dutagbe hamewo me kpɔna. Barbara, si ʋu yi Spaingbe me hame aɖe me kple srɔ̃a, gblɔ be: “Nusiwo na mekpɔ dzidzɔ wu le agbe me dometɔ ɖekae nye gbe sia sɔsrɔ̃. Ðeko wòle abe ɖe megale nyateƒea srɔ̃m ake ene. Dzi dzɔam ŋutɔ ɖe mɔnukpɔkpɔ sia ta, vevietɔ esi míate ŋu anye dutanyanyuigblɔlawo le dukɔ bubu me o ta.”

Le xexeame godoo la, ame akpe geɖe, tsitsiawo kple ɖeviwo siaa, le gbe bubuwo srɔ̃m ale be woaɖe gbeƒã nyanyuia na amewo togbɔ be mele bɔbɔe o hã. Ne èle amesiawo dome la, na nukpɔsusu nyui nanɔ asiwò. Ƒo wo katã ta la, ka ɖe edzi be Yehowa ayra wò agbagbadzedzewo.—Korintotɔwo II, 4:7.

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Gbea sɔsrɔ̃ le nufiala bibi aɖe gbɔ nana enyanya tsɔna henɔa bɔbɔe wu

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Mele be nàŋe aɖaba aƒu wò gbɔgbɔmemenyenye dzi ne èle gbe yeye srɔ̃m o