Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nuwo Gakpɔtɔ Le Mawu Ƒe Ŋusẽ Tea?

Ðe Nuwo Gakpɔtɔ Le Mawu Ƒe Ŋusẽ Tea?

Míele Kpewòm . . .

Ðe Nuwo Gakpɔtɔ Le Mawu Ƒe Ŋusẽ Tea?

DZƆDZƆMEFƆKUWO, dɔléle vɔ̃ɖiwo, ame ŋkutawo ƒe nufitifitiwɔwɔ, ŋɔdzidonamelawo ƒe amedzidzedze, aʋawɔwɔ, nuvlowɔwɔ. Míesea nyadzɔdzɔwo tso nusiawo ŋu gbesiagbe kloe. Nusiawo dzɔ ɖe wò ŋutɔ dziwò loo alo womedzɔ ɖe dziwò o, ànya nɔ ɖokuiwò biam be afika kurae xexe sia ɖo tae, eye be ɖe nuwo ava nyo gbaɖegbe hã.

Be woaɖo nya mawo ŋu la, Yehowa Ðasefo siwo le dukɔ siwo wu 200 me le xexeame godoo aƒo dutoƒonuƒo aɖe, si sɔ ɖe ɣeyiɣia nu, si ƒe tanyae nye “Ðe Nuwo Gakpɔtɔ Le Mawu ƒe Ŋusẽ Tea?” Woaɖe nusiwo Mawu gblɔ kple ŋugbe siwo le eƒe Nya Biblia, si me nyawo medoa kpo emevava gbeɖe o, me ku ɖe nyabiase vevi siwo gbɔna ŋu:

Ðe Mawu tsɔa ɖe le nusiwo le dzɔdzɔm le anyigbaa dzi mea?

Aleke wòsena le eɖokui me ku ɖe ameƒomea ŋu?

Ðe wòtsɔa ɖe le wò nyonyo mea?

Le teƒe geɖe la, woaƒo nuƒo sia le Kwasiɖagbe, April 30, 2006, le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata me. Adzɔ dzi na Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me be yewoagblɔ afisi woaƒo nuƒo sia le kple gamea na wò.

Míele kpewòm dzidzɔtɔe be nàva se nuƒo dedziƒoname sia si wotu ɖe Biblia dzii la femaxee. Woaɖo nyabiabia si nye: Ðe Nuwo Gakpɔtɔ Le Mawu ƒe Ŋusẽ Tea? la ŋu nyuie le eme le mɔ si ana wò dzi nadze eme nu.