Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzedze Na Kristotɔwo Ƒe Nyɔnyrɔxɔxɔ

Dzedze Na Kristotɔwo Ƒe Nyɔnyrɔxɔxɔ

Dzedze Na Kristotɔwo Ƒe Nyɔnyrɔxɔxɔ

‘Nuka xe mɔ na nye nyɔnyrɔxɔxɔ mahã?’—DƆWƆWƆWO 8:36.

1, 2. Aleke Filipo wɔ dze dzeɖoɖo gɔme kple Etiopia dziɖuɖumegã aɖee, eye nukae ɖee fia be ŋutsu sia nye mawusubɔla dovevienu?

ƑE ÐEKA alo eve le Yesu ƒe ku megbe la, dziɖuɖumegã aɖe nɔ mɔ zɔm tso Yerusalem yina Gaza. Kilometa 1,500 aɖewo ƒe tasiaɖam mɔzɔzɔ teɖeɖiameŋu aɖe le eŋgɔ. Ŋutsu dovevienu sia zɔ mɔ tso keke Etiopia yi Yerusalem ɖasubɔ Yehowa. Esi wòzɔ mɔ legbe ma trɔ gbɔna aƒe la, ezã ɣeyiɣia nyuie tsɔ nɔ Mawu ƒe Nya xlẽm—esia ɖe eƒe xɔse fia. Yehowa de dzesi ŋutsu sia ƒe veviedodonu, eyata eto mawudɔla aɖe dzi gblɔ na nusrɔ̃la Filipo be wòayi aɖaɖe gbeƒã nɛ.—Dɔwɔwɔwo 8:26-28.

2 Esi wònye Etiopia dziɖuɖumegãa nɔ nua xlẽm sesĩe, abe alesi amewo lɔ̃a nuxexlẽ ɣemaɣi ene ta la, enɔ bɔbɔe na Filipo be wòaɖi ɖase nɛ. Esia tae Filipo te ŋu nya be Yesaya ƒe agbalẽxatsaxatsa xlẽmee wònɔ. Nya bɔbɔe sia si Filipo bia ŋutsua nyɔ eƒe ɖetsɔleme: “Èle nya, si xlẽm nèle la gɔme sema?” Esia na wodzro Yesaya 53:7, 8 me. Mlɔeba la, Filipo ‘gblɔ Yesu ŋuti nyanyuia fiae.’—Dɔwɔwɔwo 8:29-35.

3, 4. (a) Nukatae Filipo na nyɔnyrɔ Etiopia-ŋutsua kaba nenema ɖo? (b) Nyabiase kawo mee míadzro fifia?

3 Eteƒe medidi o, Etiopiatɔ sia va se dɔ si Yesu wɔna le Mawu ƒe tameɖoɖo mevava me, kpakple alesi wòhiãe be wòava zu Kristo ƒe nusrɔ̃la xɔnyɔnyrɔ, la gɔme. Esi ŋutsua kpɔ tsi aɖe la, ebia Filipo be: ‘Nukae xe mɔ na nye nyɔnyrɔxɔxɔ mahã?’ Ele eme be nyɔnyrɔxɔxɔ sia tɔgbe mebɔ o ya. Ŋutsu sia nɔ Mawu subɔm xoxo elabena enye trɔ̃subɔla-zu-Yudatɔ. Ne mexɔ nyɔnyrɔ ɣemaɣi o la, ɖewohĩ eteƒe adidi hafi mɔnukpɔkpɔ ma nagasu esi. Vevietɔ wu la, ŋutsu sia nya nusi Mawu di tso esi, eye wòdi be yeawɔe kple dzi blibo. Filipo lɔ̃ na nyɔnyrɔe kple dzidzɔ, eye le Etiopia-ŋutsua ƒe nyɔnyrɔxɔxɔa megbe la, “edze eƒe mɔ la dzi kple dzidzɔ.” Ðikeke mele eme o be eva zu nyanyuigbeƒãɖela dovevienu le wo de.—Dɔwɔwɔwo 8:36-39.

4 Togbɔ be adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ menye afɔɖeɖe si woawɔ dzitsitsitɔe eŋu mabumabu nyuie o hã la, Etiopia dziɖuɖumegãa ƒe kpɔɖeŋua ɖee fia be wona nyɔnyrɔ ame aɖewo le nu sese tso Mawu ƒe Nya la me nyateƒea ŋu megbe kpuie ko. * Eyata esɔ be míadzro nyabiase siwo gbɔna me: Aleke woadzra ɖo ɖe nyɔnyrɔxɔxɔ ŋui? Nɔnɔme kawo mee wòle be woabu ame ƒe ƒexɔxɔ ŋu le? Gbɔgbɔmeŋgɔyiyi kae wòle be ame nawɔ hafi axɔ nyɔnyrɔ? Vevietɔ wu la, nukatae Yehowa bia tso esubɔlawo si be woaɖe afɔ sia?

Lɔlɔ̃ Ðe Nya Vevi aɖe Dzi

5, 6. (a) Aleke Yehowa ƒe ame siwo nɔ anyi le blema la ɖee fia be yewolɔ̃e? (b) Ƒomedodo nyui kae ate ŋu ava nɔ mía kple Mawu dome ne míexɔ nyɔnyrɔ?

5 Esi Yehowa ɖe Israel-viwo tso Egipte megbe la, elɔ̃ faa be yeaxɔ wo woanye ‘ye tɔ koŋ,’ yealɔ̃ wo, akpɔ wo ta, ahana woazu “dukɔ kɔkɔe” na ye. Gake hafi yayra siawo nasu wo si la, ele be woatsɔ nuwɔna ŋutɔŋutɔwo aɖo kpe edzi be yewo hã yewolɔ̃ Mawu. Nusi wowɔ tsɔ ɖe esia fia enye alesi wolɔ̃ be yewoawɔ ‘nya, siwo katã Yehowa gblɔ’ la dzi, eye wolɔ̃ be yewoanɔ nubabla ƒe ɖoɖo aɖe me kplii. (Mose II, 19:4-9) Le ƒe alafa gbãtɔ me la, Yesu de se na eyomedzelawo be woawɔ dukɔwo katã me nɔlawo woanye nusrɔ̃lawo, eye wona nyɔnyrɔ amesiwo xɔ eƒe nyawo dzi se. Ehiã be ame naxɔ Yesu Kristo dzi ase ahaxɔ nyɔnyrɔ ɣemaɣi hafi ƒomedodo nyui anɔ woa kple Mawu dome.—Mateo 28:19, 20; Dɔwɔwɔwo 2:38, 41.

6 Ŋɔŋlɔawo me nuŋlɔɖi siawo ɖee fia be Yehowa yrana amesiwo ɖea adzɔgbe be yewoasubɔe hewɔna ɖe edzi la. Le Kristotɔwo gome la, adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ nye afɔɖeɖe vevi siwo hiã hafi woaxɔ Yehowa ƒe yayra. Míeɖoe kplikpaa be míalé eƒe dzidzenuwo me ɖe asi ahana wòafia mɔ mí. (Psalmo 48:15) Ne míewɔe alea la, ekema le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, Yehowa alé míaƒe alɔnu akplɔ mí ato mɔ si dzi wòle be míato la.—Psalmo 73:23; Yesaya 30:21; 41:10, 13.

7. Nukatae wòle be adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ nanye ame ŋutɔ ƒe nyametsotso?

7 Lɔlɔ̃ na Yehowa kple didi be míasubɔe ye le be wòanye nusi aʋã mí míaɖe afɔ siawo. Mele be ame naxɔ nyɔnyrɔ le esi ame aɖe gblɔ nɛ be esrɔ̃ nu ɣeyiɣi didi ta, alo esi wòkpɔ exɔlɔ̃wo le nyɔnyrɔ xɔm ta o. Ele eme be dzilawo kple Kristotɔ tsitsi bubuwo ate ŋu ade dzi ƒo na ame be wòabu adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu ya. Apostolo Petro de dzi ƒo na amesiwo se eƒe nyawo le Pentekoste-ŋkekea dzi la be ‘woana woanyrɔ wo.’ (Dɔwɔwɔwo 2:38) Ke hã, adzɔgbeɖeɖe nye ame ŋutɔ ƒe nyametsotso, eyata ame bubu aɖeke mate ŋu awɔe ɖe mía nu o. Mía ŋutɔwoe atso nya me be míawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu.—Psalmo 40:9.

Dzadzra Ðo Nyuie na Nyɔnyrɔxɔxɔ

8, 9. (a) Nukatae Ŋɔŋlɔa meda asi ɖe nyɔnyrɔ nana vidzĩwo dzi o? (b) Ŋɔŋlɔawo me nugɔmesese kae wòle be wòasu ɖeviwo si hafi woaxɔ nyɔnyrɔ?

8 Ðe ɖeviwo ate ŋu abu nuwo ŋu nyuie si ana woaɖe adzɔgbea? Ŋɔŋlɔawo meyɔ ƒe aɖeke si woaxɔ hafi axɔ nyɔnyrɔ ya o. Ke hã, vidzĩwo mate ŋu azu xɔsetɔwo, anɔ te ɖe nusiwo dzi woxɔ se dzi atso nya me, alo aɖe adzɔgbe na Mawu le mɔ aɖeke nu o. (Dɔwɔwɔwo 8:12) Ŋutinyaŋlɔla Augustus Neander gblɔ tso ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ŋu le eƒe agbalẽ si nye General History of the Christian Religion and Church [Kristotɔwo ƒe Ha Kple Sɔleme Ŋutinya] me be: “Le gɔmedzedzea me la, ame tsitsiwo koe wonaa nyɔnyrɔe, elabena woawo koe ase egɔme be ƒomedodo kplikplikpli aɖe le nyɔnyrɔxɔxɔ kple xɔse dome.”

9 Le ɖeviwo gome la, togbɔ be wo dometɔ aɖewo te ŋu sea nyateƒea gɔme kaba esime wometsi boo o hã, bubuawo ya tsina vie hafi va sea nuwo gɔme. Ke hã, hafi ɖevi naxɔ nyɔnyrɔ la, ele be ƒomedodo nanɔ woa kple Yehowa dome, wòase Ŋɔŋlɔa me nufiafia veviwo gɔme nyuie, eye nusi adzɔgbeɖeɖe bia ŋuti gɔmesese nyui nasu esi abe alesi wòle le tsitsiwo hã gome ene.

10. Afɔɖeɖe kawoe hiã do ŋgɔ na adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ?

10 Yesu de se na eƒe nusrɔ̃lawo be woafia nusiwo katã ƒe se yede la ame yeyewo. (Mateo 28:20) Eyata gbã la, ele be nyateƒea ƒe sidzedze vavãtɔ nasu ame yeyewo si, si akpe ɖe wo ŋu Yehowa kple eƒe Nya la ŋuti dzixɔse nasu wo si. (Romatɔwo 10:17; Timoteo I, 2:4; Hebritɔwo 11:6 ) Eye ne Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea ɖo amea ƒe dzi gbɔ la, aʋãe wòatrɔ dzime ahatrɔ tso eƒe tsãgbenɔnɔ gbɔ. (Dɔwɔwɔwo 3:19) Mlɔeba la, eva dzroa amea be yeaɖe adzɔgbe na Yehowa ahaxɔ nyɔnyrɔ abe alesi Yesu de see ene.

11. Nukatae wòle vevie be ame nakpɔ gome edziedzi le gbeƒãɖeɖedɔa me hafi axɔ nyɔnyrɔ?

11 Afɔɖeɖe vevi bubu aɖe si hiã hafi ame nadze axɔ nyɔnyrɔe nye gbeƒã ɖeɖe Fiaɖuƒeŋutinyanyuia. Esiae nye dɔ vevitɔ kekeake si Yehowa de asi na eƒe amewo le ŋkeke mamlɛ siawo me. (Mateo 24:14) Esia wɔnɛ be gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo ate ŋu akpɔ dzidzɔ si dona tsoa nyateƒea gbɔgblɔ na ame bubuwo me. Ne wowɔa dɔ sia la, ekema edzrana wo ɖo be ne wova xɔ nyɔnyrɔ vɔ la, woakpɔ gome edziedzi le gbeadzisubɔsubɔdɔa me veviedodotɔe.—Romatɔwo 10:9, 10, 14, 15.

Ðe Nane Le Mɔ Xem Na Wò Nyɔnyrɔxɔxɔa?

12. Nukae ate ŋu ana ame aɖewo nanɔ hehem ɖe megbe le nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu?

12 Ame aɖewo anɔ hehem ɖe megbe le nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu elabena womedi be yewoaxɔ agbanɔamedzi siwo kpe ɖe eŋu la o. Wonyae be ahiã be yewoawɔ tɔtrɔ geɖe le yewoƒe agbenɔnɔ me hafi ate ŋu awɔ Yehowa ƒe nudidiwo dzi. Alo woanya nɔ vɔvɔ̃m be ɖewohĩ yewomate ŋu ayi edzi awɔ nusi Mawu di tso yewo si le nyɔnyrɔxɔxɔ vɔ megbe o. Ame aɖewo ate ŋu asusu kura gɔ̃ hã be, “Ðewohĩ mava wɔ nu gbegblẽ gbeɖeka, si ana woaɖem le ha me.”

13. Le Yesu ƒe ŋkekea me la, nukae na ame aɖewo he ɖe megbe le Yesu yome dzedze me?

13 Le Yesu ƒe ŋkekea me la, ame aɖewo ɖe mɔ woa ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo kple ƒomekadodowo xe mɔ na wo be womete ŋu va zu eƒe nusrɔ̃lawo o. Agbalẽfiala aɖe gblɔ be yeadze Yesu yome ayi afisiafi si wòayi. Gake Yesu gblɔ nɛ be zi geɖe la, yemekpɔa afisi yeamlɔ le zã me o. Esi Yesu kpe eƒe nyasela bubu aɖe be wòadze ye yome la, ŋutsua ɖo eŋu nɛ be wòaɖe mɔ na ye ‘yeaɖi’ ye fofo gbɔ. Ðewohĩ edi be yeanɔ aƒeme alala vaseɖe esime ye fofo ku hafi, le esi teƒe be wòakplɔ Yesu ɖo, eye ne fofoa va ku hãa, wòatrɔ yi aƒe ava ɖii. Mlɔeba la, ame etɔ̃lia aɖe gblɔ be hafi yeakplɔ Yesu ɖo la, ahiã be ‘yeayi aɖaklã’ ye ƒemetɔwo. Yesu gblɔ be taflatsedodo siawo sɔ kple ‘alesi ame agatrɔ anɔ nusiwo le emegbe la kpɔm.’ Eyata edze ƒã be amesiwo di be yewoahe ɖe megbe la akpɔ taflatsedonyawo godoo, si ta woanɔ sisim le woƒe Kristotɔwo ƒe agbanɔamedziwo nu.—Luka 9:57-62.

14. (a) Aleke Petro, Andrea, Yakobo, kple Yohanes wɔ nui esi Yesu kpe wo be woava zu ameɖelawo? (b) Nukatae mele be míahe ɖe megbe le Yesu ƒe kɔkuti la tsɔtsɔ me o?

14 Gake Petro, Andrea, Yakobo, kple Yohanes ya ƒe nuwɔna to vovo kura. Biblia gblɔ be esi Yesu kpe wo be woadze ye yome ahazu ameɖelawo la, “wogblẽ asabuawo ɖi, eye wodze eyome.” (Mateo 4:19-22) Esi wowɔ nyametsotso ma heheɖemegbemanɔmee ta la, nusi Yesu gblɔ na wo emegbe la va eme na wo be: “Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena nye dɔme fa, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miakpɔ dzudzɔ na miaƒe luʋɔwo. Elabena nye kɔkuti la le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.” (Mateo 11:29, 30) Togbɔ be nyɔnyrɔxɔxɔ hea agbanɔamedzi aɖewo vanae hã la, Yesu ka ɖe edzi na mí be agbanɔamedzi mawo mekpena o, wo tsɔtsɔ le bɔbɔe, eye wonaa ame ƒe dzi dzea eme.

15. Aleke Mose kple Yeremya ƒe kpɔɖeŋuwo ɖee fia be míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu akpe ɖe mía ŋu?

15 Esɔ be ame nase le eɖokui me be yemedze o. Mose kple Yeremya siaa se le wo ɖokui me gbã be yewomedze awɔ dɔ si Yehowa de yewo si la o. (Mose II, 3:11; Yeremya 1:6) Kakaɖedzi kae Mawu na wo? Egblɔ na Mose be: “Manɔ anyi kpli wò!” Edo ŋugbe na Yeremya be: “Meli kpli wò, be maɖe wò.” (Mose II, 3:12; Yeremya 1:8) Míawo hã míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu akpe ɖe mía ŋu. Lɔlɔ̃ na Mawu kple ŋuɖoɖo ɖe eyama ŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu ɖikeke ɖesiaɖe si anɔ mía me be ɖewohĩ míate ŋu anɔ agbe ɖe míaƒe adzɔgbeɖeɖea nu o la dzi. Apostolo Yohanes ŋlɔ be: “Vɔvɔ̃ aɖeke mele lɔlɔ̃ me o, ke boŋ lɔlɔ̃ blibo nyãa vɔvɔ̃ doa goe.” (Yohanes I, 4:18) Ðevi aɖe ate ŋu anɔ vɔvɔ̃m ne wobe eya ɖeka nazɔ mɔ aɖe, gake ne woa kple fofoae le mɔa zɔm la, ekema dzi aɖo eƒo. Nenema kee Yehowa do ŋugbe na mí be ne míeɖoa ŋu ɖe ye ŋu tso dzi blibo me la, ekema ‘yeana’ mɔ si dzi zɔm míele kpli ye la ‘nadzɔ.’—Lododowo 3:5, 6.

Wɔna si Ŋu Bubu Le

16. Nukatae wòle be woanyrɔ ame ɖe tsi me wòabu keŋkeŋ?

16 Zi geɖe la, wonaa nuƒo aɖe si wotu ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi tsɔ ɖea gɔmesese si le Kristotɔwo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu me doa ŋgɔ na nyɔnyrɔ nana ame yeyewo. Le nuƒoa ƒe nuwuwu la, wobiana amesiwo le nyɔnyrɔ xɔ ge la be woaʋu woƒe xɔse me le gaglãgbe to nyabiase eve aɖewo ŋu ɖoɖo me. (Romatɔwo 10:10; kpɔ aɖaka si le axa 22 hã.) Emegbe wonyrɔa ame yeyeawo ɖe tsi me, abe alesi wowɔe na Yesu ŋutɔ ene. Biblia ɖee fia be esi Yesu xɔ nyɔnyrɔ vɔ la, “edo go tso tɔa me” alo “tso tsia me.” (Mateo 3:16; Marko 1:10) Eyata eme kɔ nyuie be ɖe Yohanes Amenyrɔɖetsimela nyrɔ Yesu ɖe tsi me keŋkeŋ. * Ame nyɔnyrɔ ɖe tsi me keŋkeŋ sɔ kple tɔtrɔ gã si míewɔna le míaƒe agbe me la nyuie—le kpɔɖeŋumɔ nu la, míeku na míaƒe tsãgbenɔnɔ, eye míedze agbe yeye gɔme le Mawu subɔsubɔ me.

17. Aleke amesiwo le nyɔnyrɔ xɔ ge kple nukpɔlawo siaa ate ŋu ade bubu wɔnaa ŋui?

17 Nyɔnyrɔxɔxɔ nye afɔ si woɖena moveviɖoɖotɔe gake le dzidzɔ me. Biblia gblɔ be Yesu nɔ gbe dom ɖa esime Yohanes nyrɔe ɖe Yordan-tɔsisia me. (Luka 3:21, 22) Abe alesi kpɔɖeŋu sia ɖee fia ene la, ele be amesiwo le nyɔnyrɔ xɔ ge la nawɔ nu le bubu me. Eye esi wònye Biblia xlɔ̃ nu mí be míado awu si sɔ gbesiagbe ta la, ɖe mele be míawɔ aɖaŋuɖoɖo sia dzi geɖe wu le míaƒe nyɔnyrɔxɔgbe oa? (Timoteo I, 2:9) Nukpɔlawo hã ate ŋu aɖe bubu si sɔ afia ne woɖo to nyɔnyrɔxɔxɔnuƒoa nyuie, eye woawɔ nu le ɖoɖo nu ne wodi be yewoakpɔ nyɔnyrɔxɔxɔa teƒe.—Korintotɔwo I, 14:40.

Yayra Siwo Nusrɔ̃la Xɔnyɔnyrɔwo Kpɔna

18, 19. Mɔnukpɔkpɔ kple yayra kawoe nyɔnyrɔxɔxɔ hena vɛ?

18 Ne míetsɔ mía ɖokui ɖe adzɔgbe na Mawu hexɔ nyɔnyrɔ ko la, míeva zua ƒome tɔxɛ aɖe me tɔwo. Gbã la, Yehowa va zua mía Fofo kple mía Xɔlɔ̃. Míenye Mawu ƒe futɔwo do ŋgɔ na míaƒe nyɔnyrɔxɔxɔ; gake fifia, mía kplii dome va le nyuie. (Korintotɔwo II, 5:19; Kolosetɔwo 1:20) To Kristo ƒe vɔsa dzi la, míeva te ɖe Mawu ŋu, eye eya hã te ɖe mía ŋu. (Yakobo 4:8) Nyagblɔɖila Maleaxi gblɔ be Yehowa léa ŋku ɖe amesiwo zɔna le eƒe ŋkɔ si le wo ŋu me la ŋu, eye eŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖe eƒe ŋkuɖodzigbalẽ me. Mawu gblɔ be: “Woawoe azu tɔnye le ŋkeke, si wɔ ge mala la dzi, Yehowa Zebaot ye gblɔe, eye makpɔ wo ta, abe alesi ŋutsu kpɔa via, si subɔnɛ ta ene.”—Maleaxi 3:16-18.

19 Nyɔnyrɔxɔxɔ nana míeva nɔa xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ aɖe hã me. Esi apostolo Petro bia Yesu Kristo be yayra kawoe eƒe nusrɔ̃lawo axɔ le nusiwo wotsɔ sa vɔe ta hã la, eɖo ŋu be: “Amesiame, si ke gblẽ nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo alo fofo alo dada alo srɔ̃ alo viwo alo abɔwo alo xɔwo ɖi le nye ŋkɔ ŋuti la, elaxɔ teƒeɖoɖo geɖe, eye anyi agbe mavɔ dome.” (Mateo 19:29) Ƒe geɖe megbe la, Petro ŋlɔ nu tso ‘nɔviwo ƒe habɔbɔ blibo’ si “le xexeame” ŋu. Petro ŋutɔ kpɔ alesi gbegbe nɔviwo ƒe habɔbɔa kpena ɖe ame ŋui kple yayra siwo le eme, eye míawo míate ŋu akpɔe nenema.—Petro I, 2:17; 5:9.

20. Mɔkpɔkpɔ nyui kae nyɔnyrɔxɔxɔ nana ame?

20 Gawu la,Yesu gblɔ be amesiwo adze ye yome la “anyi agbe mavɔ dome.”. Nyateƒee, adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ nana mɔkpɔkpɔ nɔa ame si be eƒe “asi [asu] agbe vavã la dzi”—si nye agbe mavɔ le Mawu ƒe xexea yeyea me. (Timoteo I, 6:19) Ðe míate ŋu aɖo gɔmeɖoanyi nyui bubu aɖe ɖe etsɔme ŋu na mía ŋutɔwo kple míaƒe ƒometɔwo wu esia? Mɔkpɔkpɔ nyui sia akpe ɖe mía ŋu “míazɔ le Yehowa, mía Mawu la ƒe ŋkɔ me ɖaa tegbee.”—Mixa 4:5.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 4 Yudatɔ kple trɔ̃subɔla-zu-Yudatɔ 3,000 siwo se Petro ƒe nuƒo le Pentekoste-ŋkekea dzi la hã xɔ nyɔnyrɔ le nuƒoa sese megbe teti. Abe Etiopiatɔ aƒedzikpɔlaa ene la, woawo hã wonya Mawu ƒe Nya la me nufiafia kple gɔmeɖose veviwo xoxo.—Dɔwɔwɔwo 2:37-41.

^ mm. 16 Vine ƒe Expository Dictionary of New Testament Words gblɔ be Helagbe me nya baʹpti·sma si gɔme woɖe be nyɔnyrɔxɔxɔ la fia “nane ƒe tsi me yiyi wòabu keŋkeŋ, tsia me nɔnɔ, kple dodo tso tsia me.”

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Nukatae wòle be míaɖe lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa afiae, eye alekee míawɔe?

• Gbɔgbɔmeŋgɔyiyi kae wòle be ame nawɔ hafi axɔ nyɔnyrɔ?

• Nukatae mele be míaɖe mɔ vɔvɔ̃ alo sisi le agbanɔamedzi nu nana míahe ɖe megbe le nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu o?

• Yayra tɔxɛ kawoe Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃la xɔnyɔnyrɔwo ate ŋu akpɔ?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

‘Nuka xe mɔ na nye nyɔnyrɔxɔxɔ mahã?’

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Nyɔnyrɔxɔxɔ nye afɔ si woɖena moveviɖoɖotɔe gake le dzidzɔ me