Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Míeɖoe Kplikpaa Be Míasubɔ Yehowa

Míeɖoe Kplikpaa Be Míasubɔ Yehowa

Agbemeŋutinya

Míeɖoe Kplikpaa Be Míasubɔ Yehowa

ABE ALESI RAIMO KUOKKANEN GBLƆE ENE

Le ƒe 1939 me la, Xexemeʋa II dze egɔme le Europa, eye Soviet Union kpe aʋa kple míaƒe dukɔ Finland. Fofonye dzo le aƒeme yi aʋa wɔ ge na Finland dukɔa. Eteƒe medidi o, Russiatɔwo ƒe aʋawɔyameʋuwo nɔ bɔmb dam ɖe du si me míenɔ me, eyata danye ɖom ɖe mamanye gbɔ le nuto aɖe si nɔ dedie me.

LE ƑE 1971 me la, menɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔ wɔm le Uganda, le Ɣedzeƒe Afrika. Gbeɖeka esi menɔ gbeƒã ɖem tso aƒeme yi aƒeme la, ame geɖe tsɔ vɔvɔ̃ ƒu du va nɔ ŋunye tom. Mese tu ƒe ɖiɖi eye nye hã medze du dzi ɖo ta aƒeme. Esi tua ƒe ɖiɖi gogom la, metsi kpo dze gɔta aɖe me. Mese tukpewo ŋkɔ wonɔ yame tom ƒimƒim, eyata mete ɖokuinye le anyigba blewublewu kaka yi aƒeme.

Naneke meli mawɔ tso Xexemeʋa II ƒe dzɔdzɔa ŋu o, gake nukatae mía kple srɔ̃nye míatsɔ mía ɖokui ade afɔku me le Ɣedzeƒe Afrika si aʋawɔwɔ nɔ edzi yim le? Esi míeɖoe kplikpaa be míasubɔ Yehowa tae.

Wode Dzi Ƒo Nam be Maɖoe Kplikpaa Asubɔ Yehowa

Wodzim le ƒe 1934 me le Helsinki, Finland. Fofonye nye aŋɔsila, eye gbeɖeka la, wobia tso esi be wòava wɔ dɔ aɖe le Yehowa Ðasefowo ƒe dɔdzikpɔƒe si le Finland. Ðasefoawo gblɔ woƒe kpekpewo ŋu nya nɛ. Esi wòyi aƒeme la, eya hã gblɔ kpekpe mawo ŋu nya na danye. Dada mete kpekpe yiyi ɣemaɣi o, gake emegbe la, eƒe dɔwɔhati aɖe si nye Ðasefo te dze ɖoɖo nɛ tso Biblia ŋu. Eteƒe medidi o, Dada tsɔ nusiwo srɔ̃m wònɔ la nu vevii, eye wòxɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1940 me va zu Yehowa Ðasefo.

Do ŋgɔ teti la, mamanye kplɔm yi wo de le Xexemeʋa II wɔɣia katã. Dada nɔ Helsinki nɔ lɛta ŋlɔm ɖo ɖe mamanye kple nɔɖinye tso Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔsewo ŋu. Nyaa dzɔ dzi na wo eye woawo hã wonɔ nusiwo srɔ̃m wonɔ la gblɔm nam. Yehowa Ðasefo dzikpɔla mɔzɔlawo vana Mama ƒeme hedea dzi ƒo na mí, gake nyemekpɔ ɖoe be masubɔ Mawu haɖe o.

Medze Teokrasihehe Xɔxɔ Gɔme

Esi aʋa la ke le ƒe 1945 me la, metrɔ yi Helsinki, eye mete Dada kpɔkplɔ ɖo yia Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo. Gake ɣeaɖewoɣi la, medea sinima boŋ. Gake Dada gblɔa nya siwo wòse le dutoƒonuƒo si woƒo le kpekpea me la nam, eye enuenu la, etea gbe ɖe nya vevi aɖe dzi nam: Harmagedon gogo. Mexɔe se, eye le esia ta kpekpeawo megatoa nunye o. Esi nye ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Biblia me nyateƒea ŋu nɔ dzidzim ɖe edzi la, nye didi be makpɔ gome le hamea me dɔwo katã me hã nɔ ŋu sẽm le menye.

Takpekpewo dede koŋ dzɔa dzi nam. Le ƒe 1948 me la, menɔ mɔkeke le mamanye gbɔ, eye mede nutome gã takpekpe aɖe si wowɔ le teƒe aɖe si gogo afima. Xɔ̃nye aɖe nɔ nyɔnyrɔ xɔ ge le takpekpe ma me, eye wògblɔ nam be nye hã maxɔe. Megblɔ nɛ be nyemetsɔ tsimewu aɖeke ɖe asi o, gake edo susua ɖa be ne wonyrɔ ye vɔ la, ekema yeaɖe yeƒe awua nam. Melɔ̃, eye alea wòdzɔe be mexɔ nyɔnyrɔ le June 27, 1948, esi mexɔ ƒe 13.

Le takpekpea megbe la, danye xɔlɔ̃ aɖewo gblɔ nɛ be mexɔ nyɔnyrɔ. Esi metrɔ yi egbɔ la, ebiam be nukatae mewɔ afɔɖeɖe vevi sia evɔ nyemegblɔe na ye hafi o hã. Meɖe eme nɛ be mese Biblia ƒe nufiafia veviwo gɔme nyuie, eye be menya be Yehowa abia akɔntam le alesi menɔa agbee ŋu.

Megava Ðo Tame Kplikpaa Wu

Nɔvi siwo nɔ hamea me la kpe ɖe ŋunye nye tameɖoɖo kplikpaa be masubɔ Yehowa gasẽ ɖe edzi. Mía kpli wo míewɔa aƒeme yi aƒeme dɔa ɖekae, eye wonaa dɔm le kpekpeawo me kwasiɖa ɖesiaɖe kloe. (Dɔwɔwɔwo 20:20) Esi mexɔ ƒe 16 la, mena dutoƒonuƒo zi gbãtɔ. Ema megbe kpuie la, woɖom Biblia-nusɔsrɔ̃ dzikpɔla le míaƒe hamea me. Gbɔgbɔmedɔ mawo katã kpe ɖe ŋunye metsi, gake egahiã kokoko be maɖu amegbetɔvɔvɔ̃ dzi.

Ɣemaɣi la, míetsɔa nuŋɔŋlɔ gãgãwo hea amewo ƒe susu ɖe dutoƒonuƒo si woaƒo le nutome gã takpekpe me ŋu. Nuŋɔŋlɔ siawo nɔa pepa gã eve dzi wosaa ka ɖe wo ŋu be woakpla, ale be nuŋɔŋlɔa nanɔ dzedzem le ŋgɔ kple megbe.

Gbeɖeka la, mekpla nuŋɔŋlɔ sia henɔ mɔ aɖe si dzi zi ɖoɖoe la dzi esime mekpɔ nye sukuxɔmehati aɖewo zɔ ɖo ta gbɔnye. Esi wova nɔ yiyim la, alesi woɖo moe la na vɔvɔ̃ ɖom. Medo gbe ɖa na Yehowa be wòana malé dzi ɖe ƒo, eye metɔ ɖe teƒe ɖeka kple nye nuŋɔŋlɔa. Te nɔnɔ ɖe amegbetɔvɔvɔ̃ nu ɣemaɣi dzram ɖo ɖe dodokpɔ si lolo wu ema, si nye Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade me léle ɖe asi, ŋu.

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, dziɖuɖua bia tso mía kple sɔhɛ Ðasefo bubu aɖewo si be míava wɔ asrafodɔ. Míeyi asrafowo nɔƒea abe alesi wogblɔe ene, gake míetsɔ bubu gbe asrafowo ƒe awua dodo. Dziɖuɖumegãa sika mí ɖe afima, eye le ema megbe kpuie la, ʋɔnudrɔ̃ƒe aɖe bu fɔ mí be míayi mɔ ɣleti ade. Míenɔ game ɣleti enyi hã ɖe asrafodɔa wɔwɔ teƒe. Eyata ɣleti 14 sɔŋ ye míenɔ game le akpaɖekedzimademade ta.

Esi míenɔ gakpɔa me la, míeƒoa ƒu srɔ̃a Biblia ɖekae. Mía dometɔ geɖe xlẽ Biblia bliboa zi eve le ɣleti mawo me. Esi ɣeyiɣia de woɖe asi le mía ŋu la, mía dometɔ akpa gãtɔ gaɖoe kplikpaa wu tsã be míayi edzi asubɔ Yehowa. Vaseɖe fifia la, sɔhɛ Ðasefo siwo nɔ gaxɔ me ɣemaɣi la dometɔ geɖe gakpɔtɔ le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe.

Esi woɖe asi le ŋunye la, metrɔ yi dzinyelawo gbɔ. Le ema megbe kpuie la, medo go Veera, si nye Ðasefo dovevienu aɖe si xɔ nyɔnyrɔ eteƒe medidi o. Míeɖe mía nɔewo le ƒe 1957 me.

Fiẽ aɖe si Trɔ Míaƒe Agbe

Gbeɖeka fiẽ, esi mía kple nɔvi aɖewo siwo nɔ dɔa dzi kpɔm le alɔdzedɔwɔƒea míenɔ nɔvi aɖewo srãm kpɔ la, wo dometɔ ɖeka biam be míalɔ̃ be míayi nutome sue dzikpɔladɔ me hã. Esi míedo gbe ɖa vevie le zãa me vɔ la, meyɔ alɔdzedɔwɔƒea hegblɔ na wo be míelɔ̃ be míayi. Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ abia be maɖe asi le nye dɔ si me woxea fetu nyui aɖe nam le ŋu, gake míeɖoe kplikpaa be míatsɔ Fiaɖuƒea aɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me. Ƒe 23 ye mexɔ, eye Veera ya xɔ ƒe 19, esime míedze dzikpɔla mɔzɔla dɔa gɔme le December 1957 me. Le ƒe etɔ̃ siwo kplɔe ɖo me la, míesrã Yehowa ƒe amewo ƒe hame siwo le Finland la kpɔ hede dzi ƒo na wo.

Le ƒe 1960 ƒe domedome la, wokpem be mava de Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku le New York. Wotia mía dometɔ etɔ̃ aɖewo tso Finland be míaxɔ ɣleti ewo ƒe hehe tɔxɛ aɖe le alɔdzedɔwɔƒe dzikpɔkpɔ ŋu. Mía srɔ̃wo nɔ megbea henɔ dɔ wɔm le Finland alɔdzedɔwɔƒea.

Do ŋgɔ vie na sukua ƒe nuwuwu la, wogblɔ nam be mava Nathan H. Knorr, si nɔ Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa dzi kpɔm le xexeame godoo, la ƒe dɔwɔƒe. Nɔviŋutsu Knorr gblɔ nam be yewodi be yewoaɖo mía kple srɔ̃nye ɖe Malagasy Republic, si woyɔna egbea be Madagascar, abe dutanyanyuigblɔlawo ene. Meŋlɔ lɛta na Veera, hebiae be aleke wòkpɔ tso dɔdasia ŋu hã, eye eteƒe medidi o la, eɖo eŋu ɖo ɖem be yelɔ̃. Esi metrɔ gbɔ va Finland la, míewɔ kaba dzra ɖo ɖe Madagascar yiyi ŋu.

Dzidzɔ Kple Dziɖeleameƒo

Le January 1962 me la, míeɖo yameʋu va ɖo Antananarivo, si nye dukɔa ƒe dugã me; míeɖɔ lãgbalẽ kuku hedo kot titriwo elabena vuvɔŋɔli mee míedzo le Finland. Esi wònye dzoxɔxɔ le Madagascar ta la, míeɖɔ li míaƒe awuwo enumake. Aƒe sue aɖe si me xɔdɔme ɖeka nɔ mee míenɔ esi míedze míaƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa gɔme. Dutanyanyuigblɔla bubu eve siwo nye srɔ̃tɔwo nɔ afima xoxo, eyata mía kple Veera míemlɔ akpataa me.

Míedze Fransegbe, si nye gbe si wodona le Madagascar le dziɖuɖudɔwɔƒewo, la sɔsrɔ̃ gɔme. Gbea sɔsrɔ̃ menɔ bɔbɔe na mí o, elabena mía kple míaƒe nufiala, si nye Nɔvinyɔnu Carbonneau míedoa gbe ɖeka o. Ezãna Eŋlisigbe tsɔ fiaa mí Fransegbea, gake Veera mese Eŋlisigbe o. Eyata meɖea nusiwo Nɔvinyɔnu Carbonneau fiana la gɔme ɖe Finlandgbe me na Veera. Emegbe míeva de dzesii be Veera va nɔ nyawo me sem ɖe Swedengbe me nyuie wu, eyata meɖea Franseawo ƒe gbeŋutisea gɔme nɛ ɖe Swedengbe me boŋ. Eteƒe medidi o la, míeva nɔ Fransegbea nyam nyuie, eyata míedze Madagascargbe, si ame geɖe dona le dukɔa me, la hã sɔsrɔ̃ gɔme.

Ŋutsu aɖe si mese gbe bubu aɖeke kpe ɖe Madagascargbe ŋu o ye mewɔ nye Biblia-nusɔsrɔ̃ gbãtɔ kplii le Madagascar. Media mawunyakpukpuiwo le nye Finlandgbe me Biblia me, eye emegbe míedina wo le eƒe Madagascargbe me Bibliaa me. Nyemete ŋu ɖea mawunyakpukpuiawo me nɛ tsitotsito o, gake eteƒe medidi o, Biblia ƒe nyateƒea ɖo ŋutsua ƒe dzi gbɔ, eye wòwɔ ŋgɔyiyi va xɔ nyɔnyrɔ.

Le ƒe 1963 me la, nɔviŋutsu Milton Henschel tso Brooklyn, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã, va srã Madagascar nɔviwo kpɔ. Esia megbe kpuie la, woɖo alɔdzedɔwɔƒe ɖe Madagascar, eye woɖom alɔdzedɔwɔƒea dzikpɔlae, gake megakpɔtɔ nɔ nutome sue kple nutome gã subɔla ƒe dɔ hã wɔm kpe ɖe eŋu. Yehowa yra mí geɖe le ɣeyiɣi siawo katã me. Tso ƒe 1962 vaseɖe 1970 me la, gbeƒãɖela siwo le Madagascar ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi tso 85 va ɖo 469.

Gbeɖeka le ƒe 1970 me, esi míegbɔ tso gbedzi la, míekpɔ lɛta aɖe le míaƒe mɔ nu; wonɔ biabiam tso Yehowa Ðasefowo ƒe dutanyanyuigblɔlawo katã si be woayi aɖakpɔ dudɔnunɔla si kpɔa dukɔ me nyawo gbɔ. Esi míeyi la, dɔwɔla ɖeka gblɔ na mí be dziɖuɖua de se be míadzo le dukɔa me enumake. Esi mebiae be agɔ kae míedze hã la, egblɔ be: “Aƒetɔ Kuokkanen, miewɔ nu gbegblẽ aɖeke o.”

Megblɔ nɛ be: “Ƒe enyi sɔŋ ye nye esia míele du sia me. Afisia zu mía de. Míate ŋu adzo ko nenema o ɖe!” Togbɔ be míewɔ ɖesiaɖe hã, eva hiã be dutanyanyuigblɔlawo katã nadzo le kwasiɖa ɖeka domedome. Wotu alɔdzedɔwɔƒea, eye nɔviŋutsu aɖe si nye afima tɔ va nɔ dɔa dzi kpɔm. Hafi míadzo le mía nɔvi lɔlɔ̃ siwo le Madagascar gbɔ la, wona mí dɔdasi yeye be míayi Uganda.

Míegbugbɔ Dze Dɔ Gɔme Yeyee

Esi míedzo le Madagascar ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, míeva ɖo Kampala, si nye Uganda ƒe fiadua me. Míedze Lugandagbe sɔsrɔ̃ enumake; gbe vivi aɖee wònye, gake esɔsrɔ̃ sesẽ. Dutanyanyuigblɔla bubuwo kpe ɖe Veera ŋu wòsrɔ̃ Eŋlisigbe gbã, eye míete ŋu ɖe gbeƒã le Eŋlisigbe me nyuie.

Kampala ƒe dzoxɔxɔ si nana fifia tea ame kabakaba la na Veera va nɔ dɔ lém. Esia ta woɖe mí yi Mbarara, si nye Uganda du aɖe si me mexɔ dzo fũ o. Míawoe nye Ðasefo gbãtɔ yi afima, eye gbedzi nuteƒekpɔkpɔ nyui aɖe su mía si le ŋkeke gbãtɔ dzi. Menɔ nu ƒom na ŋutsu aɖe esi srɔ̃a do tso dzodoƒe va. Eŋkɔe nye Margaret, eye wòɖo to nye nyawo. Veera dze Biblia sɔsrɔ̃ kple Margaret, eye wòwɔ ŋgɔyiyi nyuie le gbɔgbɔ me. Exɔ nyɔnyrɔ va zu Fiaɖuƒegbeƒãɖela dovevinu.

Aʋa Dzɔ

Le ƒe 1971 me la, dukɔmeviʋa va gblẽ míaƒe ŋutifafa me le Uganda. Gbeɖeka la, aʋa dzɔ le teƒe aɖe si gogo míaƒe dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒea le Mbarara. Ɣemaɣie nusi ŋu nya megblɔ le nuŋlɔɖi sia ƒe gɔmedzedze la dzɔ ɖe dzinye.

Esi mete ɖokuinye le anyigba blewublewu to gɔta me be asrafowo megakpɔm o va ɖo dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒeme me la, Veera ya ɖo afima xoxo. Míetsɔ zikpuiwo kple beliwo tu “mɔ sesẽ” aɖee ɖe xɔa ƒe dzogoe ɖeka dzi. Míenɔ xɔa me madomadoe kwasiɖa ɖeka, eye míenɔ nyadzɔdzɔ sem le radio dzi. Ɣeaɖewoɣi la, tukpe va dzea gliawo esi míetsyɔ akɔ ɖe míaƒe mɔ sesẽa me. Esi míedina be amewo nanya be míele aƒea me o ta la, míesina akaɖi le zã me o. Gbeɖekaa, asrafowo va tsi tre ɖe aƒea ƒe mɔ nu nɔ ɣli dom. Míetsyɔ akɔ ɖi maʋamaʋãe, henɔ gbe dom ɖa na Yehowa blewuu. Esi aʋaa ke la, míaƒe aƒelikawo va da akpe na mí be míawoe na yewonɔ dedie. Wogblɔ be Yehowa ye kpɔ mí katã ta, eye míelɔ̃ ɖe edzi na wo.

Nɔnɔmeawo va ka ɖe eme vaseɖe gbeɖeka ŋdi, esi míesee le radio dzi be Uganda dziɖuɖua ɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa dzi. Nyadzɔdzɔxlẽlaa gblɔ be ele be Yehowa Ðasefowo katã natrɔ ayi subɔsubɔha siwo me wonɔ tsã me. Medze agbagba be maɖe nu me na dziɖuɖumegãwo, gake medze edzi o. Eyata meyi Dukplɔlaa Idi Amin ƒe dɔwɔƒe be woaɖe mɔ nam maɖo dze kplii. Amedzroxɔlaa gblɔ nam be vovo mele dukplɔlaa ŋu o. Metrɔ yi zi geɖe, gake womeɖe mɔ nam mekpɔ dukplɔlaa gbeɖe o. Mlɔeba la, eva hiã be míadzo le Uganda le July 1973.

Ƒe Ðeka Trɔ Zu Ƒe Ewo

Alesi míelé blanuii esime wonya mí le Madagascar la, nenema kee wògadzɔ ɖe mía dzii esime míenɔ dzodzom le Uganda nɔvi lɔlɔ̃awo hã gbɔe. Hafi míayi ɖe míaƒe dɔdasi yeyea wɔƒe le Senegal la, míezɔ mɔ yi Finland. Esi míenɔ afima la, wote fli ɖe Senegal yiyia me, eye wogblɔ na mí be míatsi Finland. Edze abe míaƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa seƒee nye ema ene. Esime míenɔ Finland la, míesubɔ abe mɔɖela veviwo ene eye emegbe míegawɔ nutome sue dzikpɔla ƒe dɔ ake.

Le ƒe 1990 lɔƒo esi tsitretsiɖeŋua nu ɖiɖi vie le Madagascar la, dɔwɔƒe gã si le Brooklyn bia nya aɖe si dze mí kpo. Ebia mí be míalɔ̃ atrɔ ayi Madagascar ava subɔ le afima hena ƒe ɖeka hã. Míedi be míayi, gake kuxi gã eve dze ŋgɔ mí. Fofonye tsi eye wòhiã kpekpeɖeŋu; azɔ hã Veera ƒe lãmegbegblẽa menɔ kakam ɖe eme o. Ete ɖe dzinye esi fofonye ku le November 1990 me, gake Veera ƒe lãmea nɔ kakam ɖe eme, eyata dutanyanyuigbɔgblɔdɔa dzi yiyi ƒe mɔkpɔkpɔ gasu mía si. Míetrɔ yi Madagascar le September 1991 me.

Togbɔ be ƒe ɖeka koe wobe míanɔ Madagascar hã la, míeva nɔ afima ƒe ewo sɔŋ. Le ɣeyiɣi mawo me la, gbeƒãɖelawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi tso 4,000 va ɖo 11,600. Dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔwɔ do dzidzɔ nam ale gbegbe. Ke hã, ɣeaɖewoɣi la, dzi ɖena le ƒonye, elabena mesena le ɖokuinye me be ɖewohĩ nyemenɔ srɔ̃nye ƒe lãmesẽ kple eƒe seselelãme gbɔ kpɔm abe alesi wòle be mawɔe ene o. Yehowa do ŋusẽ mía kple evea siaa be míeyi dɔa dzi. Mlɔeba la, míetrɔ yi Finland le ƒe 2001 me eye míele subɔsubɔm le alɔdzedɔwɔƒea vaseɖe fifia. Míegakpɔtɔ le míaƒe ŋutete ɖesiaɖe wɔm be míakpe asi ɖe Fiaɖuƒe subɔsubɔdɔa ŋu, eye Afrika gadzroa mí kokoko. Míeɖoe kplikpaa be míawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu, afika kee wòaɖadɔ mi ɖo o.—Yesaya 6:8.

[Anyigbatata si le axa 12]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

FINLAND

EUROPA

[Anyigbatata si le axa 14]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

AFRIKA

MADAGASCAR

[Anyigbatata si le axa 15]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

AFRIKA

UGANDA

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Míaƒe srɔ̃ɖegbe

[Nɔnɔmetata siwo le axa 14, 15]

Tso nutome sue dɔ wɔƒe le Finland, le ƒe 1960 me . . . 

. . . yi dutanyanyuigbɔgblɔdɔ wɔƒe le Madagascar, le 1962 me

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Mía kple Veera egbea