Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Miheyi Ðawɔ Nusrɔ̃lawo, Mianyrɔ Wo’

‘Miheyi Ðawɔ Nusrɔ̃lawo, Mianyrɔ Wo’

‘Miheyi Ðawɔ Nusrɔ̃lawo, Mianyrɔ Wo’

“Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, [mianyrɔ] wo . . . miafia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la.” —MATEO 28:19, 20.

1. Nyametsotso kae Israel-dukɔa wɔ le Sinai-toa gbɔ?

ƑE 3,500 aɖewoe nye esi va yi la, dukɔ blibo aɖe ɖe adzɔgbe na Mawu. Israel-vi siwo ƒo ƒu ɖe Sinai-toa gbɔ la gblɔ le dutoƒo be: “Nya, siwo katã Yehowa gblɔ la, míawɔe.” Tso ɣeyiɣi ma dzi la, Israel va zu dukɔ ɖeadzɔgbe na Mawu, eye wozu ‘etɔ koŋ.’ (Mose II, 19:5, 8; 24:3) Wonɔ mɔ kpɔm be akpɔ yewo ta eye wòana yewo kple yewoƒe dzidzimeviwo yewoava nɔ anyigba “si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la” dzi.—Mose III, 20:24.

2. Ƒomedodo kae amewo ate ŋu atu ɖo le woa kple Mawu dome egbea?

2 Ke hã, abe alesi hakpala Asaf lɔ̃ ɖe edzii ene la, Israel-viwo “[melé] Mawu ƒe nubabla la me ɖe asi o, eye wogbe zɔzɔ ɖe eƒe seawo nu.” (Psalmo 78:10) Womeyi edzi wɔ ɖe adzɔgbe si wo tɔgbuiwo ɖe na Yehowa la dzi o. Mlɔeba la, ƒomedodo tɔxɛ ma si nɔ dukɔa kple Mawu dome la me va gblẽ. (Nyagblɔla 5:3; Mateo 23:37, 38) Eyata Mawu ‘trɔ ɖe trɔ̃subɔlawo ŋu, bene yeaxɔ dukɔ tso wo dome hena eƒe ŋkɔ la.’ (Dɔwɔwɔwo 15:14) Eye le ŋkeke mamlɛ siawo me la, ele “ameha gã, si ame aɖeke mete ŋu xlẽ o” la nu ƒom ƒu “tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me.” Amesiawo tsɔ dzidzɔ le gbɔgblɔm be: “Xɔname nanye mía Mawu, si bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi, kple alẽvi la tɔ!”—Nyaɖeɖefia 7:9, 10.

3. Nukae wòle be ame nawɔ hafi ƒomedodo nyui nava nɔ woa kple Mawu dome?

3 Ne ame aɖe di be yeanɔ amesiwo le ƒomedodo xɔasi ma me kple Mawu dome la, ele be wòaɖe adzɔgbe na Yehowa eye wòatsɔ nyɔnyrɔxɔxɔɖetsime aɖo kpe edzi le gaglãgbe. Esia nye wɔwɔ ɖe se si Yesu de na eƒe nusrɔ̃lawo tẽ la dzi, be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, [mianyrɔ] wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple [gbɔgbɔ] kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me, miafia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la.” (Mateo 28:19, 20) Woxlẽa “agbalẽ, si me nubablanyawo le” la na Israel-viwo. (Mose II, 24:3, 7, 8) Esia na wonyana nusi Yehowa di tso wo si la nyuie. Nenema kee egbea la, ehiã be Mawu ƒe lɔlɔ̃nu si dze le eƒe Nya, Biblia me, la ŋuti sidzedze vavãtɔ nasu ame si hafi wòaxɔ nyɔnyrɔ.

4. Nukae wòle be ame nawɔ hafi adze na nyɔnyrɔxɔxɔ? (Kpɔ aɖaka si le etame hã.)

4 Eme kɔ be Yesu di be yeƒe nusrɔ̃lawo natu woƒe xɔsea ɖe gɔmeɖoanyi nyui aɖe dzi hafi axɔ nyɔnyrɔ. Menye ɖeko wògblɔ na eyomedzelawo be woayi aɖawɔ nusrɔ̃lawo ko o, ke boŋ be woafia wo be ‘woawɔ nusiwo katã ƒe se yede na wo’ hã. (Mateo 7:24, 25; Efesotɔwo 3:17-19) Eyata zi geɖe la, hafi amewo nadze axɔ nyɔnyrɔ la, wosrɔ̃a Biblia ɣleti geɖe, ƒe ɖeka alo eve kura gɔ̃ hã, si wɔe be woƒe nyametsotsoa menyea esi wowɔ le dzitsitsi me eŋumabumabui o. Le nyɔnyrɔxɔgbea la, amesiwo axɔ nyɔnyrɔ la ɖoa nyabiabia vevi eve aɖewo ŋu be: “Ẽ.” Esi wònye Yesu te gbe ɖe edzi be ele be ‘míaƒe nanye Ẽ, eye míaƒe Ao nanye Ao’ ta la, anyo be mí katã míagbugbɔ adzro gɔmesese si le nya eve mawo siwo wobiana amesiwo le nyɔnyrɔ xɔ ge ŋu la me nyuie.—Mateo 5:37.

Dzimetɔtrɔ Kple Adzɔgbeɖeɖe

5. Afɔɖeɖe vevi eve kawo ŋue nya gbãtɔ si wobiana amesiwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ la ku ɖo?

5 Nya gbãtɔ si wobiana amesiwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ enye: ‘Ðe nètrɔ dzime tso wò nuvɔ̃wo me eye nètsɔ ɖokuiwò ɖe adzɔgbe na Yehowa be yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nua?’ Nyabiase sia ku ɖe afɔɖeɖe vevi eve siwo wòle be ame nawɔ do ŋgɔ na eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ la ŋu, siwo nye dzimetɔtrɔ kple adzɔgbeɖeɖe.

6, 7. (a) Nukatae wòle be amesiwo katã di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ la natrɔ dzime? (b) Tɔtrɔ kawoe wòle be ame nawɔ le eƒe dzimetɔtrɔ megbe?

6 Nukatae wòle be ame natrɔ dzime hafi axɔ nyɔnyrɔ? Apostolo Paulo ɖe eme be: “Mí katã hã míezɔna . . . tsã le míaƒe ŋutilã ƒe nudzodzrowo me.” (Efesotɔwo 2:3) Hafi míava nya Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ŋuti sidzedze vavãtɔa la, míezɔna le xexe sia ƒe gɔmeɖosewo kple dzidzenuwo nu. Xexe sia ƒe mawu si nye Satana, ye kpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe agbenɔnɔ dzi ɣemaɣi. (Korintotɔwo II, 4:4) Ke hã, esi míeva nya Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, míeɖoe be ‘míaganɔ agbe na amewo ƒe nudzodzrowo o, ke boŋ hena Mawu ƒe lɔlɔ̃nu.’—Petro I, 4:2.

7 Viɖe geɖee agbemɔ yeye sia hena vɛ. Viɖe gãtɔ kekeakee nye be enana ƒomedodo xɔasi aɖe va nɔa mía kple Yehowa dome, eye Dawid tsɔ ƒomedodo ma sɔ kple alesi Mawu akpe míi be míava yeƒe “agbadɔ me” kple yeƒe “to kɔkɔe la dzi”—mɔnukpɔkpɔ gã ŋutɔ aɖee nye ema. (Psalmo 15:1) Eme kɔ be Yehowa makpe amesiame ko o, ke boŋ “amesi fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o, ewɔa nu dzɔdzɔe, eye wòtoa nyateƒe le eƒe dzi me” koe wòakpe. (Psalmo 15:2) Le nɔnɔme vovovo siwo me míenɔ hafi va srɔ̃ nyateƒea ta la, ɖewohĩ nudidi siawo dzi wɔwɔ afia be míawɔ tɔtrɔ aɖewo—le míaƒe agbenɔnɔ kple amenyenye siaa me. (Korintotɔwo I, 6:9-11; Kolosetɔwo 3:5-10) Nusi aʋã mí míawɔ tɔtrɔ mawoe nye dzimetɔtrɔ—si nye veve sese vevie ɖe agbe si míenɔ tsã ta kple eɖoɖo kplikpaa be míadze Yehowa ŋu. Esia nana míetrɔna keŋkeŋ—míeɖea asi le xexeame ƒe ɖokuitɔdidigbenɔnɔ ŋu, eye míewɔa nusi dzea Mawu ŋu boŋ.—Dɔwɔwɔwo 3:19.

8. Aleke míeɖea adzɔgbee, eye ƒomedodo kae le adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ dome?

8 Nyabiase gbãtɔa ƒe akpa evelia bia amesi le nyɔnyrɔ xɔ ge la be ɖe wòtsɔ eɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa be yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu hã. Adzɔgbeɖeɖe nye afɔɖeɖe vevi aɖe si wòle be ame nawɔ hafi axɔ nyɔnyrɔ. Enye gbe si míado ɖa na Yehowa ahagblɔ nɛ be míedi be míatsɔ míaƒe agbe ana eyama to Kristo dzi. (Romatɔwo 14:7, 8; Korintotɔwo II, 5:15) Míetoa esia dzi nana Yehowa va zua míaƒe Aƒetɔ eye míawo míezua etɔ, eye abe Yesu ene la, Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ doa dzidzɔ na mí. (Psalmo 40:9; Efesotɔwo 6:6) Zi ɖeka koe ame ɖea adzɔgbe na Yehowa. Esi wònye mía kple Mawu dome nya koe adzɔgbeɖeɖe nye ta la, eme ʋuʋu le gaglãgbe to nyɔnyrɔxɔxɔ dzi nana amesiame nyanɛ be míeɖe adzɔgbe na mía Fofo si le dziƒo.—Romatɔwo 10:10.

9, 10. (a) Nukae Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ bia? (b) Aleke Nazi dziɖuɖumegãwo kura gɔ̃ hã lɔ̃ ɖe míaƒe adzɔgbeɖeɖea dzii?

9 Nukae kpɔɖeŋu si Yesu ɖo le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me sɔsrɔ̃ bia? Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: ‘Ne ame aɖe di be, yeadze yonyeme la, negbe nu le eya ŋutɔ ɖokui gbɔ, eye wòatsɔ eƒe fuwɔameti la, eye wòanɔ yonyeme ɖaa.’ (Mateo 16:24) Egblɔ nu etɔ̃ siwo wòle be míawɔ la le afisia. Gbãa, ele be ‘míagbe nu le’ mía ɖokui gbɔ. Ne míagblɔe bubuia, míeɖea asi le blibomademade ƒe ɖokuitɔdidi nudzodzrowo ŋu, eye míebɔbɔna ɖe Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖowo kple mɔfiafia te. Evelia, ‘míetsɔa míaƒe fuwɔameti la.’ Le Yesu ƒe ŋkekea me la, fuwɔameti nye ŋukpe kple fukpekpe ƒe dzesi. Mí Kristotɔwo míelɔ̃na faa be míakpe fu ɖe nyanyuia ta. (Timoteo II, 1:8) Togbɔ be xexeametɔwo aɖu fewu le mía ŋu alo ado vlo mí hã la, abe Kristo ene la, ‘míebua ŋukpe ɖe naneke me o,’ ke boŋ míekpɔa dzidzɔ esi míenya be míaƒe nu le Mawu ŋu dzem ta. (Hebritɔwo 12:2) Mlɔeba la, míedzea Yesu yome ‘ɖaa.’—Psalmo 73:26; 119:44; 145:2.

10 Enyo be míade dzesii be amesiwo tsia tre ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu la dometɔ aɖewo kura gɔ̃ hã nya alesi wobua adzɔgbe si woɖe na Mawu be yewoasubɔ eyama ɖeɖeko la nu vevii. Le kpɔɖeŋu me, esi Nazitɔwo nɔ Germany dzi ɖum la, wobia tso Ðasefo siwo nɔ Buchenwald ƒe fuwɔamegaxɔ me, siwo gbe be yewomana ta o la si be woade asi agbalẽ si me nyawo gbɔna la te: “Megakpɔtɔ nye Biblia Nusrɔ̃vi wɔnuteƒe kokoko, eye nyemagblẽ adzɔgbe si meɖe na Yehowa la me o.” Nya siawo ɖe alesi Mawu subɔla ɖeadzɔgbe wɔnuteƒewo sena le wo ɖokui mee fia nyuie ŋutɔ!—Dɔwɔwɔwo 5:32.

Yehowa Ðasefo Zuzu

11. Mɔnukpɔkpɔ kae va sua amesi xɔ nyɔnyrɔ la si?

11 Nya evelia si wobiana amesi di be yeaxɔ nyɔnyrɔ la ƒe akpa gbãtɔa bia be ɖe amea nya be yeƒe nyɔnyrɔxɔxɔ ana yeazu Yehowa Ðasefo hã. Le eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, eva zua Yehowa ƒe subɔla si wòɖo. Mɔnukpɔkpɔ gã kple agbanɔamedzi vevi aɖee nye esia. Enana mɔkpɔkpɔ va sua nyɔnyrɔxɔlaa si be, ne yeyi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa la, yeakpɔ agbe mavɔ.—Mateo 24:13.

12. Togbɔ be bubu wònye be Yehowa ƒe ŋkɔ nanɔ ame ŋu hã la, agbanɔamedzi kae kpe ɖe eŋu?

12 Le nyateƒe me la, bubu tɔxɛ aɖee wònye be Mawu ŋusẽkatãtɔ Yehowa, ƒe ŋkɔ nanɔ ame ŋu. Nyagblɔɖila Mixa gblɔ be: “Ne dukɔwo katã dometɔ ɖesiaɖe le zɔzɔm le eƒe mawu ƒe ŋkɔ me hã la, míawo ya míazɔ le Yehowa, mía Mawu la ƒe ŋkɔ me ɖaa tegbee.” (Mixa 4:5) Ke hã, agbanɔamedzi aɖe kpe ɖe bubu sia ŋu. Ele be míadze agbagba anɔ agbe si ahe bubu vɛ na ŋkɔ si le mía ŋu la. Abe alesi Paulo ɖo ŋku edzii na Kristotɔ siwo nɔ Roma ene la, ne ame aɖe ƒe agbenɔnɔ mesɔ kple nusi wòɖea gbeƒãe o la, ekema ana woagblɔ “busunya ɖe Mawu ƒe ŋkɔ ŋuti,” alo ado vloe.—Romatɔwo 2:21-24.

13. Nukatae agba le Yehowa subɔla ɖeadzɔgbewo dzi be woaɖi ɖase tso woƒe Mawua ŋu?

13 Agba bubu si le amesi va zu Yehowa Ðasefo dzi enye be wòaɖi ɖase tso eƒe Mawua ŋu. Yehowa kpe Israel-dukɔ si ɖe adzɔgbe nɛ la be woanye yeƒe ɖasefowo ale be woaɖee afia amewo be yee nye Mawu mavɔmavɔtɔ. (Yesaya 43:10-12, 21) Gake dukɔa mete ŋu tsɔ agbanɔamedzi sia o, si wɔe be mlɔeba la, Yehowa megava kpɔ ŋudzedze aɖeke ɖe wo ŋu o. Enye dada na Kristotɔ vavã siwo li egbea be mɔnukpɔkpɔ su yewo si be yewoaɖi ɖase tso Yehowa ŋu. Míewɔa esia, elabena míelɔ̃e eye míele mɔ kpɔm vevie be wòakɔ eƒe ŋkɔa ŋuti. Esi míenya nyateƒe si ku ɖe mía Fofo si le dziƒo kple eƒe tameɖoɖo ŋua, ɖe míamia nu ɖe edzia? Míesena le mía ɖokui me abe apostolo Paulo ene esi wògblɔ be: “Ele nam kokoko be, mawɔe; elabena nenye be, nyemegblɔ nyanyui la fia o la, baba nam!”—Korintotɔwo I, 9:16.

14, 15. (a) Aleke Yehowa ƒe habɔbɔa kpena ɖe mía ŋu be míatsi le gbɔgbɔ mee? (b) Nusiwo kpena ɖe mía ŋu le gbɔgbɔ me dometɔ aɖewo ɖe?

14 Nyabiase evelia ɖo ŋku edzi na amesi le nyɔnyrɔ xɔ ge la be agba le edzi hã be wòawɔ nu aduadu kple Yehowa ƒe habɔbɔ si eƒe gbɔgbɔ fiaa mɔe. Menye míawo ɖeɖee le Yehowa subɔm o, eyata míehiã ‘nɔviwo ƒe habɔbɔ blibo la katã’ me tɔwo ƒe kpekpeɖeŋu kple dzideƒo. (Petro I, 2:17; Korintotɔwo I, 12:12, 13) Mawu ƒe habɔbɔa wɔa akpa vevi aɖe le míaƒe gbɔgbɔmetsitsi me. Etaa Biblia-srɔ̃gbalẽ gbogbo aɖewo na mí be woakpe ɖe mía ŋu míatsi le sidzedze vavãtɔ me, be míawɔ nu nunyatɔe ne míedo go kuxiwo, eye be ƒomedodo kplikplikpli nanɔ mía kple Mawu dome. Abe vidada si léa be na via heɖaa nu nyuiwo nɛ ene la, “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” naa gbɔgbɔmenuɖuɖu nyui geɖe mí ɖe ɣeyiɣi nyuitɔ dzi ale be míatsi le gbɔgbɔ me.—Mateo 24:45-47; Tesalonikatɔwo I, 2:7, 8.

15 Le Yehowa ƒe amewo ƒe kwasiɖa sia kwasiɖa kpekpewo me la, woxɔa hehe kple dzideƒoname si hiã be woayi edzi anye Yehowa ƒe Ðasefo wɔnuteƒewo. (Hebritɔwo 10:24, 25) Teokrasi Subɔsubɔ Sukua fiaa alesi míaƒo nui le dutoƒo la mí, eye Subɔsubɔ Kpekpea nana hehe mí be míagblɔ míaƒe gbedasia nyuie. Le míaƒe kpekpewo kple ɖokuisi Biblia-srɔ̃gbalẽwo sɔsrɔ̃ me la, míate ŋu akpɔe be Yehowa ƒe gbɔgbɔa le dɔ dzi, hele mɔ fiam eƒe habɔbɔa. Mawu toa mɔnu siawo dzi ɖoa ŋku afɔku siwo li la dzi na mí edziedzi, naa hehe mí be míanye subɔlawo bibiwo, eye wòkpena ɖe mía ŋu be míanɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me.—Psalmo 19:8, 9, 12; Tesalonikatɔwo I, 5:6, 11; Timoteo I, 4:13.

Nusi Ʋãa Ame Wòwɔa Nyametsotsoa

16. Nukae ʋãna mí míetsɔa mía ɖokui ɖea adzɔgbe na Yehowa?

16 Míeva kpɔe be nya eve siwo wobiana amesiwo le nyɔnyrɔ xɔ ge la ɖoa ŋku gɔmesese si le nyɔnyrɔxɔxɔɖetsime ŋu, kple agbanɔamedzi siwo kpe ɖe eŋu, la dzi na wo. Ekema nukae wòle be wòaʋã wo be woatso nya me be yewoaxɔ nyɔnyrɔ? Menye esi ame aɖe zi mía dzi tae míeva zu nusrɔ̃la xɔnyɔnyrɔwo o, ke boŋ le esi Yehowa ‘he mí va eɖokui gbɔe’ tae. (Yohanes 6:44) Esi “Mawu [nye] lɔlɔ̃” ta la, edi be amewo nasubɔ ye le lɔlɔ̃ me, ke menye le dzizizi me o. (Yohanes I, 4:8) Yehowa ƒe nɔnɔme nyoameŋuwo kple alesi wòwɔa nu ɖe mía ŋui ye na míete ɖe eŋu. Yehowa tsɔ eƒe Tenuvia na ɖe mía ta, eye ena etsɔme nyuitɔ kekeake le mía lalam. (Yohanes 3:16) Esia ʋãna mí míetsɔa míaƒe agbe nanɛ—míetsɔa míaƒe agbe ɖea adzɔgbe nɛ.—Lododowo 3:9; Korintotɔwo II, 5:14, 15.

17. Menye nukae míeɖe adzɔgbe na o?

17 Menye amewo ƒe nukpɔsusu alo dɔwɔna aɖekee míeɖe adzɔgbe na o, ke boŋ Yehowa ŋutɔe míeɖee na. Dɔ si Mawu de asi na eƒe amewo ya atrɔ, gake adzɔgbe si woɖe nɛ ya matrɔ o. Le kpɔɖeŋu me, nusi wògblɔ na Abraham be wòawɔ la to vovo sã na nusi wògblɔ na Yeremya be wòawɔ. (Mose I, 13:17, 18; Yeremya 1:6, 7) Ke hã, wo ame evea wowɔ dɔ si koŋ Mawu de wo si la elabena wolɔ̃ Yehowa eye wodi be yewoawɔ eƒe lɔlɔ̃nu nuteƒewɔwɔtɔe. Le nuwuɣi sia me la, Kristo yomedzela xɔnyɔnyrɔwo katã dzea agbagba wɔna ɖe Kristo ƒe sedede be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒeŋutinyanyuia ahawɔ nusrɔ̃lawo la dzi. (Mateo 24:14; 28:19, 20) Dɔ sia wɔwɔ tso dzi me nye mɔ nyui aɖe si dzi míato aɖee afia be míelɔ̃ mía Fofo si le dziƒo la, eye be míetsɔ mía ɖokui ɖe adzɔgbe nɛ vavã.—Yohanes I, 5:3.

18, 19. (a) Nya kae míegblɔna le gaglãgbe to míaƒe nyɔnyrɔxɔxɔ dzi? (b) Nuka mee míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

18 Ðikeke mele eme o be nyɔnyrɔxɔxɔ ʋua yayra geɖe ƒe mɔnukpɔkpɔ ɖi na ame, gake menye afɔ si woaɖe eŋu mabumabu nyuie o. (Luka 14:26-33) Enye eɖeɖefia be nusi ame ɖo kplikpaa be yeawɔ la le vevie nɛ wu agbanɔamedzi bubu ɖesiaɖe. (Luka 9:62) Le míaƒe nyɔnyrɔxɔɣi la, nya si koŋ míegblɔna le gaglãgbee nye: “Mawu siae nye mía Mawu ɖaa tegbee, eye akplɔ mí vaseɖe ku me.”—Psalmo 48:15.

19 Nyati si kplɔ esia ɖo adzro nyabiabia bubu siwo ate ŋu afɔ ɖe te le nyɔnyrɔxɔxɔɖetsime ŋu la me. Ðe susu nyui aɖe ate ŋu anɔ anyi si ta ame nanɔ hehem ɖe megbe le nyɔnyrɔxɔxɔ ŋua? Ðe wòle be woabu ƒe si amea xɔ ŋua? Aleke mí katã míawɔ be bubu nanɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ƒe wɔna sia ŋu?

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Nukatae wòhiã be Kristotɔ ɖesiaɖe natrɔ dzime hafi axɔ nyɔnyrɔ?

• Nukae adzɔgbe ɖeɖe na Mawu bia?

• Togbɔ be bubue wònye be Yehowa ƒe ŋkɔ nanɔ ame ŋu hã la, agbanɔamedzi kawoe kpe ɖe eŋu?

• Nukae wòle be wòaʋã mí míatso nya me be míaxɔ nyɔnyrɔ?

[Biabiawo]

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 22]

Nya Eve Siwo Wobiana Amesiwo Le Nyɔnyrɔ Xɔ Ge

Ðe nènɔ te ɖe Yesu Kristo ƒe tafevɔsaa dzi trɔ dzime tso wò nuvɔ̃wo me eye nètsɔ ɖokuiwò ɖe adzɔgbe na Yehowa be yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nua?

Ðe nènya be wò adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ ana nàzu Yehowa Ðasefo si ade ha kple Mawu ƒe habɔbɔ si eƒe gbɔgbɔ fiaa mɔea?

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Adzɔgbeɖeɖe nye ŋugbe si ame do na Mawu le gbedodoɖa me

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Gbeƒãɖeɖedɔ si míewɔna ɖoa kpe edzi be míetsɔ mía ɖokui ɖe adzɔgbe na Mawu