Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ne Èle Ŋusẽ Zãm La, Srɔ̃ Kristo

Ne Èle Ŋusẽ Zãm La, Srɔ̃ Kristo

Ne Èle Ŋusẽ Zãm La, Srɔ̃ Kristo

ƑE AÐEWO enye si va yi la, wowɔ numekuku aɖe le amegbetɔwo ƒe nɔnɔme ŋu, eye nusiwo ŋu woke ɖo la wɔ nuku ŋutɔ. Woma amesiwo kpɔ gome le numekukua me ɖe ƒuƒoƒo eve me. Woɖo ƒuƒoƒo ɖeka me tɔwo be woanye dzɔlawo ɖe ƒuƒoƒo evelia me tɔ, siwo woɖo be woanye gamenɔlawo, la nu. Nukae va dzɔ?

Woka nya ta be: “Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, [dzɔlawo] dometɔ akpa gãtɔ va dze nya ƒaƒãwo gbɔgblɔ ɖe gamenɔlawo ŋu, wonɔa ŋlɔmi wɔm le wo ŋu eye wohea to na wo edziedzi, si wɔe be gamenɔlawo va zu nublanuitɔwo le vɔvɔ̃ ta, eye wobua wo ɖokui kluviwoe.” Nya ta si numekulawo va ƒo mlɔeba enye si: Amesiame kloe ate ŋu azã ŋusẽ ɖe mɔ gbegblẽ nu ne meɖɔ ŋu ɖo o.

Ŋusẽ Zazã Nyuie Kple Ezazã ɖe Mɔ Gbegblẽ Nu

Nyateƒee wònye be ne wozã ŋusẽ ɖe mɔ nyuitɔ nu la, ate ŋu aɖe vi na amewo. Ate ŋu ana mɔfiame nyuitɔ eye ate ŋu aɖe vi na ame le ŋutilã, seselelãme, kple gbɔgbɔ me siaa gome. (Lododowo 1:5; Yesaya 48:17, 18) Gake abe alesi numekuku si ŋu nya míegblɔ va yi ɖee fia ene la, eva le bɔbɔm be amewo le ŋusẽ zãm wòle eme gbɔm wu alesi wòle be woazãe. Biblia ƒo nu tso kuxi sia ŋu ale: “Ne ame vɔ̃ɖi le fia ɖum la, dukɔ ɖua tse.”—Lododowo 29:2; Nyagblɔla 8:9.

Ŋusẽ si le ame si zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu menyo o, ne susu nyui aɖe tae wole ewɔm ɖo hã. Le kpɔɖeŋu me, nyitsɔ laa la, subɔsubɔha aɖe si le Ireland ƒe nufiafiahabɔbɔ me tɔwo ɖe kuku na dukɔa le alesi woƒe nufialawo dometɔ aɖewo zã woƒe ŋusẽ le mɔ gbegblẽ nu ɖe ɖevi siwo nɔ woƒe dzikpɔkpɔ te ŋu la ta. Ðikekemanɔmee la, susu nyuiwoe nɔ nufiala siawo dometɔ geɖe si, gake mɔ si dzi wo dometɔ aɖewo zã woƒe ŋusẽa le la gbɔ eme akpa. Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ka nya ta be: “Ðeviawo dometɔ geɖe tsia dzodzodzoe le mɔ aɖe nu le anyranu siwo gbegbe nufiala mawo wɔna ɖe wo ŋu la ta.” (The Irish Times) Ke, aleke nàte ŋu azã ŋusẽ be wòaɖe vi na amewo tsɔ wu be wòanyã wo ɖa le ŋuwò alo agblẽ nu le wo ŋu to wò nyagbɔgblɔ kple nuwɔna dzi?—Lododowo 12:18.

“Wotsɔ Ŋusẽ Katã” Na Yesu Kristo

Bu Yesu Kristo ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Do ŋgɔ kpuie hafi wòayi dziƒo la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: ‘Wotsɔ ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi la, de asi nam.’ (Mateo 28:18) Ðe nya mawo sese na nusrɔ̃lawo vɔ̃ le mɔ aɖe nua? Ðe wòwɔ na wo be fifia, Yesu awɔ nu abe alesi Kaisarowo, siwo nye Roma dziɖula siwo wonya nyuie be wotea amesiwo tsia tre ɖe woƒe dziɖuɖu ŋu la ɖe to vevie, wɔa nu enea?

Biblia me nuŋlɔɖiwo ɖee fia be womese le wo ɖokui me nenema kura o! Yesu Kristo wɔa ŋusẽ ŋudɔ abe alesi ko Fofoa hã wɔnɛ ene. Togbɔ be Yehowae nye Xexeame Katã Dziɖulagã si dze hã la, edina be yeƒe subɔlawo nalɔ̃ tso dzi me faa asubɔ ye, ke menye be woaɖo to ye abe kluvi ene tamemabumabutɔe, alo le vɔvɔ̃ ta o. (Mateo 22:37) Yehowa mezãa eƒe ŋusẽ le mɔ gbegblẽ nu gbeɖe o. Ŋutega wɔdɔɖeamedzi aɖe si wòɖe fia nyagblɔɖila Xezekiel ɖo kpe esia dzi.

Le ŋutega sia me la, Xezekiel kpɔ mawudɔla ene siwo ɖe Mawu ƒe dziɖulanyenye fia. Mo ene li na wo dometɔ ɖesiaɖe. Xezekiel ŋlɔ be: “Woƒe mo ɖi amegbetɔ ƒe mo le ŋgɔ, wo ame enea to dzata ƒe mo ɖe ɖusi me, wo ame enea to nyitsu ƒe mo ɖe mia me, eye wo ame enea to hɔ̃ ƒe mo ɖe megbe.” (Xezekiel 1:10) Mo ene siawo nye kpɔɖeŋu na Mawu ƒe nɔnɔme ɖedzesi vevi eneawo. Woɖe nɔnɔme siawo fia le Mawu ƒe Nya me be wonye: lɔlɔ̃, si amegbetɔ ƒe mo nye kpɔɖeŋu na; dzɔdzɔenyenye, si dzata ƒe mo tsi tre ɖi na; kple nunya, si hɔ̃ ƒe mo nye kpɔɖeŋu na. Nɔnɔme ɖedzesi etɔ̃ siawo zɔna aduadu kple enelia—si nye ŋusẽ, si nyitsu ƒe mo tsi tre ɖi na la. Nukae nusiawo katã fia? Ŋutega la ɖee fia be, Yehowa mezãa eƒe ŋusẽ si seɖoƒe meli na o la wòtsia tre ɖe eƒe nɔnɔme ɖedzesi bubuawo ŋu gbeɖe o.

Yesu Kristo hã zãa eƒe ŋusẽ ɣesiaɣi le mɔ si nu lɔlɔ̃, nunya, kple dzɔdzɔenyenye dzena le bliboe nu, le Fofoa sɔsrɔ̃ me. Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ƒe dzi dzea eme geɖe ne wole subɔsubɔm le eƒe ŋusẽ te. (Mateo 11:28-30) Ne woazã nɔnɔme ɖedzesi siawo dometɔ aɖe atsɔ aɖɔ Yehowa Mawu kple Yesu Kristo siaa la, anye lɔlɔ̃ ke menye ŋusẽe o.—Korintotɔwo I, 13:13; Yohanes I, 4:8.

Aleke Nèwɔa Ŋusẽ Ŋudɔe?

Aleke wòle le gowòme? Le kpɔɖeŋu me, ɖe nèzãa wò ŋusẽ ɖe ƒomea me tɔwo dzi akpasesẽtɔe hafi nuwo yia edzi nyuie, ɖewohĩ to tɔ tete ɖe wò ŋutɔ wò didiwo dzi mea? Ðe ƒomea me tɔwo lɔ̃na faa wɔna ɖe wò mɔfiafiawo dzia, alo vɔvɔ̃ tae wowɔna ɖe wo dzi ɖoa? Ŋusẽ si le asiwò tae ƒomea me tɔwo ɖoa to wò ɖoa? Ƒome ƒe tawo ate ŋu ade ŋugble tso nyabiase siawo ŋu kple susu be yewoawɔ ɖe teokrasi ƒe ɖoɖowo dzi le ƒomea me.—Korintotɔwo I, 11:3.

Ke ne agbanɔamedzi nɔƒe aɖee nèle le Kristo-hamea me ya ɖe, aleke nèzãa wò ŋusẽe? Be nàte ŋu anya ne èzãa wò ŋusẽ ɖe mɔ nyuitɔ nu la, tsɔ gɔmeɖose siawo, siwo tso Yehowa Mawu ƒe gbɔgbɔ me, siwo nu Yesu Kristo nɔ agbe ɖo tsɔ ɖo kpɔɖeŋui na mí la dzro ɖokuiwò me kpɔ.

“Ele na Aƒetɔ la ƒe subɔla be, . . . wòanye amesi nyoa dɔme na amewo katã, . . . amesi doa dzi le vɔ̃ me, amesi gbea nya le dzigbɔɖeanyi me na amesiwo tsia tre ɖe mawunya ŋu.”—Timoteo II, 2:24, 25.

Ŋusẽ geɖe nɔ ame aɖewo si le Kristo-hame gbãtɔa me. Le kpɔɖeŋu me, Timoteo te ŋu ‘dea se na ame aɖewo be, woagafia nu bubu o.’ (Timoteo I, 1:3) Gake míate ŋu aka ɖe edzi be Timoteo ɖea mawumenɔnɔmewo fiana le nusianu si wòwɔna me, elabena ɖikekemanɔmee la, ewɔna ɖe aɖaŋu si Paulo ɖo be wòagbe nya “le dzigbɔɖeanyi me” kple be ‘wòanyo dɔme na amewo katã’ le Kristo-hamea dzi kpɔkpɔ me la dzi. Esi wònye be hamemegã geɖe tsi wu Timoteo ta la, ele be wòade bubu amesiwo tsi wui ŋu abe edzilawo ene, eye wòanye amesi léa be na sɔhɛwo abe dadaviawo ene. (Timoteo I, 5:1, 2) Le dzikpɔkpɔ sia si me lɔlɔ̃ le alea te la, Kristo-hamea ɖea vividoɖeameŋu ƒe gbɔgbɔ fiana abe ƒome aɖe si me lɔlɔ̃ le ene, ke menye abe dɔwɔƒe aɖe si me amewo metsɔa ɖeke le eme na wo nɔewo o la ene o.—Korintotɔwo I, 4:14; Tesalonikatɔwo I, 2:7, 8.

“Dukɔwo ƒe dziɖulawo nye aƒetɔwo ɖe wo dzi, eye amegãwo kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi. Neganɔ nenema le mia dome o; ke amesi ke di bena, yeazu amegã le mia dome la, nanye miaƒe subɔla.”—Mateo 20:25, 26.

Xexeame dziɖulawo toa woƒe didiwo zizi ɖe amewo dzi me ‘nyea aƒetɔ ɖe’ wo dzi, eye wotea tɔ ɖe edzi be woawɔ nu ɖe alesi yewo ŋutɔ yewodi nu, eye wodoa vɔvɔ̃ na amewo be yewoahe to na wo ne womewɔ ɖe yewoƒe didiwo dzi o. Gake Yesu Kristo ya te gbe ɖe edzi be woasubɔ amewo, ke menye be woaɖu aƒetɔ ɖe wo dzi o. (Mateo 20:27, 28) Ewɔa nu ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu ɣeawokatãɣi le lɔlɔ̃ kple belélename me. Ne èwɔna ɖe Yesu ƒe kpɔɖeŋua dzi la, anɔ bɔbɔe na amewo geɖe wu be woalɔ̃ faa awɔ nu kpli wò aduadui. (Hebritɔwo 13:7, 17) Enana hã be enɔa bɔbɔe na wo wu be woalɔ̃ faa abɔbɔ ɖe wò ŋusẽ te ‘ahawɔ nu geɖe wu nusi nèbia tso wo si kura gɔ̃ hã’; woawɔ esia, eye manye le dzizizi aɖeke ta o.—Mateo 5:41.

“Minyi Mawu ƒe alẽha, si le mia dome, . . . menye abe amesiwo ɖu aƒetɔ ɖe hame, si wode asi na wo la, dzi ene o, ke boŋ abe amesiwo nye kpɔɖeŋu na hame la ene.”—Petro I, 5:2, 3.

Hamemegã siwo li egbea nyae be yewoana akɔnta ɖe hamea me tɔwo katã ƒe gbɔgbɔmededienɔnɔ ta. Wobua agbanɔamedzi sia ŋkubiãnyae. Ne wole Mawu ƒe alẽawo dzi kpɔm la, wodzea agbagba wɔnɛ kple lɔlɔ̃nu faa, kpakple didi vevie, le lɔlɔ̃ me. Abe apostolo Paulo ene la, wodzea agbagba vevie be yewoatu amesiwo le woƒe dzikpɔkpɔ te ƒe xɔse ɖo ahado ŋusẽe, ke menye be woaɖu aƒetɔ ɖe woƒe xɔse dzi o.—Korintotɔwo II, 1:24.

Ne ehiã be woaɖo aɖaŋu si sɔ la, hamemetsitsiwo wɔa esia kple dɔmefafa be yewoatsɔ aɖɔ amesi da vo la ɖo alo be yewoatsɔ akpe ɖe hati Kristotɔ aɖe ŋu be wòawɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi. Apostolo Paulo ƒe nya sia nɔa susu me na wo, be: “Nɔviwo, ne vodada aɖe ɖi ɖe ame aɖe hã la, mi amesiwo nye gbɔgbɔmemewo la, miɖɔ nenem me sia ɖo le dɔmefafa ƒe gbɔgbɔ la me; eye nɔ ɖokuiwò dzi kpɔm nyuie, bene woagate wò hã akpɔ o.”—Galatiatɔwo 6:1; Hebritɔwo 6:1, 9-12.

“Mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ ke mia nɔewo, . . . mido lɔlɔ̃, si nye blibonyenye la ƒe nublanu.”—Kolosetɔwo 3:13, 14.

Aleke nèwɔa nu ɖe ame aɖe si mete ŋu wɔ nu wòsɔ ɖe Kristotɔwo ƒe dzidzenuwo dzi pɛpɛpɛ o la ŋu? Ðe nèsea eƒe blibomademadewo gɔme nɛ abe alesi Yehowa kple Yesu Kristo sea wo gɔme enea? (Yesaya 42:2-4) Alo ɖe nètea tɔ ɖe edzi be ele kokoko be wòawɔ ɖe sea dzi ƒitsoƒitso le nusianu mea? (Psalmo 130:3) Ðo ŋku edzi be, esɔ be nàɖe dɔmenyonyo afia le afisi wòanya wɔ le eye nàtɔ afɔ to sesĩe le afisi ko wòhiã le. Nuwɔwɔ le lɔlɔ̃ me awɔe be nàtu kaka ɖe ame nɔewo dzi ƒe kadodo sẽŋu ɖo kple amesiwo le wò ŋusẽ te, eye awɔe hã be mia kpli wo miate ŋu aɖo ŋu ɖe mia nɔewo ŋu.

Ne wotsɔ ŋusẽ aɖe ƒomevi de asi na wò la, dze agbagba vevie nàsrɔ̃ alesi Yehowa Mawu kple Yesu Kristo wɔa ŋusẽ ŋudɔe. Ðo ŋku kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ si hakpalaa zã tsɔ ɖɔ alesi Yehowa zãa eƒe ŋusẽ ɖe eƒe amewo dzii la dzi. Dawid dzi ha be: “Yehowa enye kplɔlanye, naneke mehiãam o. Lãnyiƒe damawo wòna metsyɔ akɔ ɖo; gbɔɖemeƒe tɔwo nu wòkplɔm yii. Ena nye luʋɔ gbɔ ɖe eme, ekplɔm to toƒe dzɔdzɔewo le eƒe ŋkɔ la ta.” Nenema kee Yesu hã gblɔ le eɖokui ŋu be: “Nyee nye alẽkplɔla nyui la; eye menya tɔnyewo, eye tɔnyewo hã nyam; sigbe alesi Fofo la nyam, eye nye hã menya Fofo la ene, eye metsɔ nye agbe ɖo anyi ɖe alẽawo ta.” Ŋusẽ zazã le lɔlɔ̃ me ƒe kpɔɖeŋu nyuitɔ kawoe gali míakpɔ wu esiawo?—Psalmo 23:1-3; Yohanes 10:14, 15.

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Yehowa zãa eƒe ŋusẽ ɣesiaɣi wòwɔa ɖeka bliboe kple eƒe dzɔdzɔenyenye, nunya, kple lɔlɔ̃

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Ɣeaɖewoɣi la, ele be hamemetsitsiwo naɖo aɖaŋu na amesiwo da vo

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Paul ɖo aɖaŋu na Timoteo be wòabu ame tsitsiwo abe edzilawo ene ahalé be na sɔhɛwo abe dadaviawo ene

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Yesu Kristo zãa eƒe ŋusẽ le nunya, dzɔdzɔenyenye, kple lɔlɔ̃ me