Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso sedede si le Mose II, 23:19 be: “Megaɖa gbɔ̃vi le dada ƒe notsi me o,” la me?

Mose ƒe Sea me sedede sia, si dze zi etɔ̃ le Biblia me la, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya Yehowa ƒe nukpɔsusu le nusi nyo ŋu, kpakple eƒe nublanuikpɔkpɔ, kple dɔmetɔtrɔ. Ete gbe ɖe alesi gbegbe wòlé fu alakpasubɔsubɔe hã dzi.—Mose II, 34:26; Mose V, 14:21.

Gbɔ̃vi alo lã bubu aɖe ɖaɖa le dadaa ƒe notsi me anye nuwɔna si tsi tre ɖe Yehowa ƒe dzɔdzɔmeɖoɖowo ŋu. Mawu na notsi lãwo be woana wo viwo ale be wòakpe ɖe wo ŋu woatsi. Agbalẽnyala aɖe gblɔ be lã aɖe ɖaɖa le eya ŋutɔ dadaa ƒe notsi me anye “vlo dodo ƒomedodo si Mawu na wòle lãa kple dadaa dome.”

Gawu la, ame aɖewo susu be lã aɖe ɖaɖa le dada ƒe notsi me nye trɔ̃subɔlawo ƒe kɔnu si wowɔna be tsi nadza. Ne nyateƒee la, ekema sedede sia akpɔ Israel-viwo ta tso dukɔ siwo ƒo xlã wo ƒe subɔsubɔkɔnu siwo me nunya mele o, siwo wowɔna tagbɔsesẽtɔe la me. Mose ƒe Sea gblɔe tẽ be mele be Israel-viwo nasrɔ̃ dukɔ bubuwo ƒe nuwɔnawo o.—Mose III, 20:23.

Mlɔeba la, se sia ɖe alesi gbegbe Yehowa ƒe dɔme trɔna ɖe eƒe nuwɔwɔwo ŋui fia etɔxɛ. Le nyateƒe me la, sedede sia tɔgbe geɖe le Mose ƒe Sea me, siwo tsi tre ɖe ŋutasesẽ le lãwo ŋu ŋuti, eye ekpɔa wo ta tso nuwɔna siwo mele dzɔdzɔme nu o la me. Le kpɔɖeŋu me, Sea meɖe mɔ be woatsɔ lã aɖe si wodzi, evɔ menɔ dadaa ŋu wòde ŋkeke adre ya teti haɖe o la, asa vɔe o, womeɖe mɔ be woawu lã kple dada siaa gbeɖeka o, eye womeɖe mɔ be woalé xevi aɖe le atɔ me akpe ɖe viawo alo eƒe aziwo ŋu o.—Mose III, 22:27, 28; Mose V, 22:6, 7.

Edze ƒã be, menye sedede gbogbo siwo me susu mele o koe le Mose ƒe Sea me o. Viɖe siwo le Sea ŋu dometɔ ɖekae nye be eme gɔmeɖosewo nana nukpɔsusu nyuitɔ va nɔa mía si ɖe agbenyuinɔnɔ ŋu, wònyea nɔnɔme nyui siwo le Yehowa si la sɔsrɔ̃.—Psalmo 19:8-12.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

© Timothy O’Keefe/Index Stock Imagery