Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Agbe Neɖo Miaƒe Asiwo Me

Agbe Neɖo Miaƒe Asiwo Me

Agbe Neɖo Miaƒe Asiwo Me

“Agbe neɖo miaƒe asiwo me, mi amesiwo se nya siawo tso nyagblɔɖilawo nu.”—ZAXARYA 8:9.

1, 2. Nukata wòle be míatsɔ ɖe le Xagai kple Zaxarya ƒe agbalẽawo me?

ƑE 2,500 aɖewoe nye esia si Xagai kple Zaxarya ŋlɔ woƒe nyawo; ke hã, nufiame vevi aɖewo le wo me na mí. Menye ŋutinya dzro aɖe koe Biblia me nuŋlɔɖi siwo le agbalẽ eve siawo me la nye o. Wonye ‘nusiwo katã woŋlɔ ɖi le míaƒe nufiafia ta’ la ƒe akpa aɖe. (Romatɔwo 15:4) Agbalẽawo me nyawo nana míaƒe susu yia nu ŋutɔŋutɔ siwo le dzɔdzɔm, tso esime woɖo Fiaɖuƒea anyi le dziƒo le ƒe 1914 me la dzi.

2 Esime apostolo Paulo nɔ nu ƒom tso nusiwo dzɔ ɖe Mawu ƒe amewo dzi le blema ŋu la, egblɔ be: “Ke nusiawo katã va ame mawo dzi abe kpɔɖeŋu ene, eye woŋlɔe ɖi, bene wòanye nuxɔxlɔ̃ hena mí amesiwo dzi xexe sia me ƒe nuwuwu va ɖo la.” (Korintotɔwo I, 10:11) Eyata ɖewohĩ àbia ɖokuiwò be: ‘Nusɔsrɔ̃ vevi kawoe le Xagai kple Zaxarya ƒe agbalẽawo me na mí egbea?’

3. Nuka koŋ ŋue Xagai kple Zaxarya ƒo nu tsoe?

3 Abe alesi nyati si do ŋgɔ ɖee fia ene la, Xagai kple Zaxarya ƒe nyagblɔɖiawo va eme le ɣeyiɣi si me Yudatɔwo trɔ tso aboyo me le Babilon gbɔ va anyigba si Mawu tsɔ na wo dzi. Nyagblɔɖila eveawo siaa ƒo nu tso gbedoxɔa gbugbɔgatu ŋu. Yudatɔawo ɖo gbedoxɔa gɔme anyi le ƒe 536 D.M.Ŋ. me. Togbɔ be ŋku ɖoɖo gbedoxɔ gbãtɔa dzi na ame tsitsi aɖewo fa konyi hã la, ame akpa gãtɔ ya ‘kpɔ dzidzɔ eye aƒa de dzi hoo.’ Gake le nyateƒe me la, nusi ana dzi nadzɔ ame wu ema dzɔ le míaƒe ɣeyiɣia me. Aleke wòdzɔe?—Ezra 3:3-13.

4. Nukae dzɔ le Xexemeʋa I megbe kpuie?

4 Esi Xexemeʋa I nya ke ko la, Yehowa ɖe eƒe amesiaminawo tso Babilon Gã ƒe aboyo me. Ema nye kpeɖodzi gã aɖe be Yehowa le megbe na wo. Do ŋgɔ na ɣemaɣi la, subɔsubɔhakplɔlawo kple woƒe zɔhɛ dunyahelawo ɖo asi Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe gaglãgbe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa dzi, hebui be dɔa ƒe nuwuwu enye ma. (Ezra 4:8, 13, 21-24) Gake Yehowa ɖe nu siwo nɔ mɔ xem na Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa ɖa. Tso ƒe 1919 me la, Fiaɖuƒedɔa li ke, eye naneke mete ŋu tɔ te eƒe ŋgɔyiyi o.

5, 6. Aleke Zaxarya 4:7 ava eme le mɔ si lolo wu nui?

5 Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa subɔla toɖolawo ayi gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔ si wɔm wole le míaƒe ɣeyiɣia me la dzi eye be Yehowa anɔ megbe na wo. Míexlẽ le Zaxarya 4:7 be: “Aɖe etamekpe adoe, eye woanɔ ɣli dom be: Eme nenyo, eme nenyo.” Aleke nya siawo va eme le mɔ si lolo wu nu le míaƒe ɣeyiɣia mee?

6 Zaxarya 4:7 me nyawo ku ɖe ɣeyiɣi si me Aƒetɔ Dziɖulagã la aɖo tadedeagu vavãtɔa anyi bliboe le eƒe gbɔgbɔmegbedoxɔa ƒe xɔxɔnu si le anyigba dzi me. Gbedoxɔ ma nye ɖoɖo si Yehowa wɔ be míato edzi ate ɖe ye ŋu le tadedeagu me to Kristo Yesu ƒe tafevɔsaa dzi. Ele eme be gbɔgbɔmegbedoxɔ gã la li tso keke ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me ke ya. Ke hã, tadedeagu vavãtɔ si yia edzi le gbedoxɔ sia ƒe xɔxɔnu si le anyigba dzi me la ava axɔ anyinɔ bliboe le etsɔme. Tadeagula miliɔn geɖe le subɔsubɔm le gbɔgbɔmegbedoxɔa ƒe xɔxɔnu si le anyigba dzi egbea. Amesiawo kple ame kuku akpe geɖe siwo woafɔ la ava de blibo le Yesu Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me. Le Ƒe Akpe Ðekaa ƒe nuwuwu la, Mawu subɔla vavãwo ɖeɖekoe asusɔ ɖe anyigba si ŋu wokɔ la dzi.

7. Akpa ka wɔmee Yesu le bene woaɖo tadedeagu vavãtɔ anyi bliboe le míaƒe ŋkekea me, eye nukatae wòle be esia nade dzi ƒo na mí ɖo?

7 Mɔmefia Zerubabel kple Nunɔlagã Yosua nɔ eteƒe esime wowu gbedoxɔa nu le ƒe 515 D.M.Ŋ. me. Zaxarya 6:12, 13 (NW) gblɔ alesi Yesu awɔ dɔ ma tɔgbe bene woaɖo tadedeagu vavãtɔ anyi bliboe ɖi ale: “Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔ esi: ‘Ŋutsu aɖee nye esi si ŋkɔe nye Numiemie. Amie tso afisi eya ŋutɔ le, eye atu Yehowa ƒe gbedoxɔ la godoo. . . . Bubu anɔ eyama ŋu; eye ele be wòabɔbɔ nɔ anyi aɖu fia le eƒe fiazikpui dzi, eye ele be wòazu nunɔla anɔ eƒe fiazikpui dzi.’” Esi wònye Yesu—amesi le dziƒo eye wòna Dawid ƒe fiaƒomea mie—ye le megbe na Fiaɖuƒedɔ si wɔm míele le gbɔgbɔmegbedoxɔa me ta la, èbu be ame aɖe ate ŋu axe mɔ na dɔa ƒe ŋgɔyiyia? Kura o! Ðe mele be esia nade dzi ƒo na mí be míayi ŋgɔ le subɔsubɔdɔa me, eye míagaɖe mɔ gbesiagbe dzimaɖitsitsiwo naxe mɔ na mí oa?

Nusiwo Le Vevie Wu

8. Nukata wòle be míatsɔ gbɔgbɔmegbedoxɔ me dɔa aɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me?

8 Hafi Yehowa nanɔ megbe na mí ahayra mí la, ele be míatsɔ gbɔgbɔmegbedoxɔa me dɔa aɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me. Míaganɔ abe Yudatɔ siwo gblɔ be, ‘Azã meɖo edzi haɖe o’ la ene o, ke boŋ míaɖo ŋku edzi be “ŋkeke mamlɛawo” mee míele fifia. (Xagai 1:2; Timoteo II, 3:1) Yesu gblɔe ɖi be ye yomedzela wɔnuteƒewo aɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia ahawɔ nusrɔ̃lawo. Ele be míakpɔ nyuie be míagawɔ alɔgblɔdɔ le subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ si su mía si la ŋu o. Wogadze gaglãgbe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa, si nu woxe mɔ ɖo hena ɣeyiɣi kpui aɖe la, gɔme le ƒe 1919 me, gake womewu enu haɖe o. Gake àte ŋu aka ɖe edzi be ele enu wu ge godoo!

9, 10. Nukae wòle be ame nawɔ be Yehowa nayrae, eye nukae ema bia tso mía si?

9 Ne míenya yi edzi le dɔa wɔm tso dzi blibo me ko la, ekema woayra mía ŋutɔwo kple míaƒe habɔbɔa siaa geɖe. Se ŋugbe si Yehowa do si dzi míate ŋu aka ɖo la ɖa. Esi Yudatɔwo gatsɔ dzi blibo nɔ Yehowa subɔm hete dɔ wɔwɔ le gbedoxɔa ŋu ake ko la, Yehowa do ŋugbe be: “Made yayra aƒe tso ŋkeke ma dzi.” (Xagai 2:19) Agakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu bliboe ake. Azɔ bu yayra siwo ƒe ŋugbe Mawu do ŋu kpɔ: “Nuku ŋu afa, eye weinka atse, anyigba aʋã nu, eye dziƒo adza zãmu, eye mana nusiawo katã nazu dukɔ sia ƒe susɔea tɔ.”—Zaxarya 8:9-13.

10 Abe alesi ko Yehowa yra Yudatɔ mawo le gbɔgbɔ kple ŋutilã mee ene la, nenema kee wòayra míawo hãe ne míedo vevie nu hetsɔ dzidzɔ wɔ dɔ si wòde asi na mí lae. Yayra siawo dometɔ aɖewoe nye ŋutifafa si anɔ mía dome, dedienɔnɔ, nudzedziname, kple tsitsi le gbɔgbɔ me. Gake àte ŋu aka ɖe edzi be hafi Mawu ƒe yayra nakpɔtɔ anɔ mía dzi la, ele be míayi edzi anɔ dɔ wɔm le gbɔgbɔmegbedoxɔa me le mɔ si nu Yehowa di be míawɔe le la nu.

11. Aleke míate ŋu adzro mía ɖokui mee?

11 Fifiae nye ɣeyiɣi si me wòle be ‘míalé ŋku ɖe míaƒe mɔwo ŋu.’ (Xagai 1:5, 7) Ele be míade ŋugble le nusiwo míetsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe mee ŋu. Vevie si míedoa nu le Yehowa ƒe ŋkɔ dodoɖedzi me, kple le ŋgɔyiyi le eƒe gbɔgbɔmegbedoxɔa me dɔa wɔwɔ me, dzie Yehowa ƒe yayra si wònana mí egbea la nɔa te ɖo. Àte ŋu abia ɖokuiwò be: ‘Ðe nusiwo mebuna nu vevii tsã la trɔa? Aleke dzo si le menye fifia ɖe Yehowa, eƒe nyateƒea, kple eƒe dɔa ŋui la le ne metsɔe sɔ kple alesi wònɔ esime mexɔ nyɔnyrɔ? Ðe didi vevie be manɔ agbe si me nudzedziname le, le nye susu hem ɖa le Yehowa kple eƒe Fiaɖuƒea ŋua? Ðe amegbetɔvɔvɔ̃—si nye dzodzodzoetsitsi le nusi amewo asusu ta—na mele hehem ɖe megbe le mɔ aɖe nua?’—Nyaɖeɖefia 2:2-4.

12. Aleke nuwo va nɔ na Yudatɔwo, abe alesi Xagai 1:6, 9 gblɔe ene?

12 Míadi be Yehowa nate eƒe yayrawo mí le dɔ si nye eƒe ŋkɔ dodoɖedzi la mawɔmawɔ ta o. Ðo ŋku edzi be Yudatɔ siwo trɔ gbɔ la dze dɔa gɔme nyuie gake emegbe la, wo ‘dome amesiame yi ɖale duɖime kem le eƒe xɔtutu me,’ abe alesi Xagai 1:9 gblɔe ene. Woa ŋutɔwo ƒe nuhiahiãwoe va nɔ vevie na wo. Esia wɔe be Yehowa megayrana wo o. Eyata “nu ʋɛ aɖe ko” wokpɔna; nuɖuɖu kple nunono nyui menɔ anyi o, eye womekpɔ awu nyuiwo do atsɔ alé vuvɔ nui hã o. (Xagai 1:6) Ðe nusɔsrɔ̃ aɖe le esia me na mía?

13, 14. Aleke míate ŋu atsɔ nusiwo míesrɔ̃ le Xagai 1:6, 9 la awɔ dɔe, eye nukatae wòle vevie?

13 Hafi Yehowa ƒe yayra nakpɔtɔ anɔ mía dzi la, mele be míana nuwo didi akpa na mía ɖokui nana míava ŋlɔ Yehowa subɔsubɔ be o, alo? Nusiwo ahe míaƒe susu ate ŋu anye gakpɔmɔnuwo yome nɔnɔ, mazu-gatɔ-kaba ƒe ɖoɖowo, didi be yeade suku kɔkɔ godoo ale be yeate ŋu ava nɔ dɔ gã aɖe nu le xexe sia me, kpakple didi be míaƒe asi nasu nusiwo dim míele dzi gbã.

14 Ðewohĩ naneke megblẽ le nusiawo ŋu ya o. Ke hã, ne míetsɔ wo sɔ kple agbe mavɔ si míava kpɔ la, ɖe míekpɔe be wonye “dɔwɔwɔ kukuwo” oa? (Hebritɔwo 9:14) Le go ka me? Le gbɔgbɔmenuwo gome la, wonye nu kuku, tofloko, eye viɖe aɖeke mele wo ŋu o. Ne ame aɖe gbla ɖe dɔwɔwɔ siawo ŋu la, woate ŋu ana wòaku le gbɔgbɔ me. Edzɔ ɖe Kristotɔ amesiamina aɖewo dzi alea le apostoloawo ŋɔli. (Filipitɔwo 3:17-19) Edzɔ ɖe ame aɖewo dzi le míaƒe ɣeyiɣia me hã. Ðewohĩ ènya ame aɖewo siwo dɔwɔwɔ kukuwo yome nɔnɔ na be vivivi la, womegava kpɔa gome le Kristotɔwo ƒe dɔwɔnawo me o, eye womegava dea ha kple hamea hã o; naneke hã mele eɖem fia be wodi be yewoatrɔ ava subɔ Yehowa o. Míele mɔ kpɔm be amesiawo atrɔ agbɔ va Yehowa gbɔ ya, gake nya lae nye be “dɔwɔwɔ kukuwo” yome nɔnɔ ate ŋu ana Yehowa magakpɔ ŋudzedze ɖe ame ŋu alo ayrae o. Womenana ame kpɔa dzidzɔ kple ŋutifafa, siwo nye Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kuwo, o. Eye bu nusi agblẽ le ame ŋu ne megadea ha kple Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa o ŋu kpɔ! Nublanuinya kae nye esi wòanye!—Galatiatɔwo 1:6; 5:7, 13, 22-24.

15. Aleke Xagai 2:14 ɖee fia be alesi míesubɔna Yehowae la nye ŋkubiãnya?

15 Ŋkubiãnyae nya sia nye. Kpɔ alesi Yehowa bu Yudatɔ siwo gblẽ eƒe tadeaguƒea ɖi henɔ atsyɔ̃ ɖom na woa ŋutɔwo ƒe nɔƒewo, la ɖa le Xagai 2:14. ‘Yehowa be: Alea dukɔ sia kple anyigba dzi dukɔ sia le; alea woƒe asinudɔwɔwɔ katã kple vɔ, siwo wosana la le; wo ŋu mekɔ o.’ Vɔ ka kee Yudatɔwo asa le vɔsamlekpui si woɖi ɖe Yerusalem be woanɔ zazãm gbɔ la dzi o, esi wònye menye dzi blibo mee woƒe vɔsaa tso o, eye wogblẽ tadedeagu vavãtɔa ɖi ta la, Yehowa makpɔ ŋudzedze ɖe vɔsaawo ŋu o.—Ezra 3:3.

Mawu be Yeanɔ Megbe na Toɖolawo

16. Le ŋutega siwo Zaxarya kpɔ ta la, kakaɖedzi ka gbegbee nɔ Yudatɔwo si?

16 Mawu to ŋutega enyi aɖewo siwo wòna Zaxarya kpɔ dzi ka ɖe edzi na Yudatɔ toɖola siwo nɔ gbedoxɔ gbugbɔgatudɔa wɔm la be yele megbe na wo. Ŋutega gbãtɔ ka ɖe edzi na Yudatɔwo be ne wonya yi edzi wɔ dɔ si wode wo si la ko la, woawu gbedoxɔa tutu nu eye be nu adze edzi na Yerusalem kple Yuda. (Zaxarya 1:8-17) Ŋugbedodo aɖe le ŋutega evelia me, si nye be dziɖuɖu siwo katã tsi tre ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu la nu ava yi. (Zaxarya 2:1-4) Ŋutega bubuawo na kakaɖedzi wo be Mawu akpɔ wo ta le xɔtudɔa me, be dukɔ geɖe me tɔwo ava Yehowa ƒe tadeaguƒe si nu woawu la, be ŋutifafa kple dedienɔnɔ ava, be woaɖe nusiwo dze abe wonye Mawu ƒe dɔa ŋuti mɔxenu siwo womate ŋu aɖe ɖa o ene la ɖa, be woaɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa, eye be mawudɔlawo akpɔ dɔa dzi ahakpɔ wo ta. (Zaxarya 2:9, 15; 3:10; 4:7; 5:6-11; 6:1-8) Esi kakaɖedzi ma gbegbe nɔ toɖolawo si be Mawu le megbe na wo ta la, eme kɔ be wotrɔ asi le woƒe agbenɔnɔ ŋu eye wona woƒe susu nɔ dɔ si ta Mawu ɖe wo tso aboyo me ɖo la ŋu.

17. Le nusi dzi woka ɖo na mí ta la, nya kawoe wòle be míabia mía ɖokui?

17 Nenema kee wòle be kakaɖedzi si le mía si be tadedeagu vavãtɔ aɖu dzi mlɔeba la naʋã míawo hã na dɔwɔwɔ eye wòana míade ŋugble vevie le Yehowa ƒe tadeaguƒea ŋu. Bia ɖokuiwò se be: ‘Ne mexɔe se be fifiae nye gbeƒãɖeɖe nyanyuia kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa wɔɣia, ɖe taɖodzinu siwo le asinye kple nye agbenɔnɔ wɔ ɖeka kple dzixɔse sia? Ðe media ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si hiã tsɔ srɔ̃a Mawu ƒe Nyagblɔɖinya la, tsɔa ɖe le eme, heɖoa dze tsoa eŋu na hati Kristotɔwo kple amesiwo medoa goea?’

18. Nukawoe Zaxarya ta 14 lia gblɔ be wogbɔna dzɔdzɔ ge?

18 Zaxarya ƒo nu tso Babilon Gã la tsɔtsrɔ̃ kple Harmagedon-ʋa si adzɔ akplɔe ɖo ŋu. Egblɔ be: “Ŋkeke ɖeka kolia anɔ anyi, si le nyanya na Yehowa; ŋkeke kple zã manɔ anyi o, eye kekeli anɔ anyi le fiẽwɔɣi.” Ẽ, Yehowa ƒe ŋkekea anye ŋu vɔ̃ ake na eƒe futɔ siwo le anyigba dzi! Gake anye ŋu nyui ake na Yehowa subɔla wɔnuteƒewo ya. Zaxarya ƒo nu tso alesi nusianu, si anɔ xexe yeyea me la, akɔ Yehowa ŋui la ŋuti. Tadedeagu vavã si wotsɔna na Mawu le eƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ gã la me koe anye tadedeagu si ko asusɔ ɖe anyigba la dzi. (Zaxarya 14:7, 16-19) Kakaɖedzinya dedziƒoname kae nye esi! Míakpɔ nya siwo wogblɔ ɖi la me vava kple Yehowa ƒe dziɖulanyenye taʋiʋli teƒe. Yehowa ƒe ŋkeke ma anɔ etɔxɛ lo!

Yayra Mavɔwo

19, 20. Nukae na Zaxarya 14:8, 9 me nyawo de dzi ƒo na wò?

19 Le nudzɔdzɔ dovoɖiname ma megbe la, woaxɔ ŋusẽ le Satana Abosam kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo si. (Nyaɖeɖefia 20:1-3, 7) Ekema woayra ameƒomea geɖe le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me. Zaxarya 14:8, 9 gblɔ be: “Le ɣemaɣi la tsi gbagbe asi atso Yerusalem, eƒe afã aɖo ta ɣedzeƒeƒu la me, eye afã aɖo ta ɣetoɖoƒeƒu la me le dzomeŋɔli kple vuvɔŋɔli siaa. Yehowa anye fia ɖe anyigba blibo la nu; ɣemaɣi la Yehowa ɖeka ko anɔ anyi, eye ŋkɔ ɖeka ko anɔ eŋu.”

20 “Tsi gbagbe,” alo “agbetsitɔsisi aɖe,” si nye kpɔɖeŋu na Yehowa ƒe agbe mavɔ nunana la, ayi edzi asi atso dziƒo, afisi Mesia Fiaɖuƒea le. (Nyaɖeɖefia 22:1, 2) Esia ana Yehowa subɔlawo ƒe ameha gã aɖe si tsi agbe le Harmagedon me la avo tso Adam ƒe ku ƒe fiƒodea si me. Ana woafɔ ame kukuwo kura gɔ̃ hã ɖe tsitre. Ɣemaɣie Yehowa agadze anyigba la katã dzi ɖuɖu gɔme. Anyigba dzi nɔlawo katã alɔ̃ ɖe edzi be Yehowae nye Xexeame Katã ƒe Dziɖulagã kple amesi ko wòle be woade ta agu na.

21. Nukae wòle be míaɖo kplikpaa be míawɔ?

21 Ne míebu nusiwo katã Xagai kple Zaxarya gblɔ ɖi kple nusiwo katã va eme ŋu la, kakaɖedzi sẽŋu le mía si, si ta míayi ŋgɔ le dɔ si Yehowa de asi na mí le eƒe gbɔgbɔmegbedoxɔa ƒe xɔxɔnu siwo le anyigba dzi la wɔwɔ me. Vaseɖe esime woagbugbɔ tadedeagu vavãtɔa aɖo anyi bliboe la, mina míadze agbagba atsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me. Zaxarya 8:9 de dzi ƒo na mí be: “Agbe neɖo miaƒe asiwo me, mi amesiwo se nya siawo tso nyagblɔɖilawo nu.”

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukawoe dzɔ le Xagai kple Zaxarya ƒe ɣeyiɣia me, si tɔgbe gale dzɔdzɔm egbea, si na woƒe agbalẽawo le vevie na mí?

• Nukawoe míesrɔ̃ le Xagai kple Zaxarya ƒe agbalẽawo me ku ɖe nusiwo le vevie ŋu?

• Nukatae Xagai kple Zaxarya ƒe nyawo me dzodzro na míeka ɖe edzi be etsɔme ava nyo?

Xagai kple Zaxarya de dzi ƒo na Yudatɔwo be woawɔ dɔ kple dzi blibo bene woayra wo

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Ðe nèle ‘dzi tsim ɖe wò ŋutɔ wò aƒe ŋua’?

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Yehowa do ŋugbe be yeayra yeƒe amewo, eye eyra wo hã

[Biabiawo]