Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amesiame Kpɔ Mɔ Atɔ Ŋkɔ

Amesiame Kpɔ Mɔ Atɔ Ŋkɔ

Amesiame Kpɔ Mɔ Atɔ Ŋkɔ

AMESIAME kpɔ mɔ atɔ ŋkɔ. Le Tahiti la, wotsɔa ŋkɔ na vi siwo amewo dzi gblẽ ɖi la gɔ̃ hã. Dzidzigbalẽ ŋuti dɔdzikpɔƒea naa ŋkɔ ɖevi siawo.

Ŋkɔ le amesiame kloe si. Ke hã, ame aɖe ya li, si míagblɔ be wobe eya mekpɔ mɔ atɔ ŋkɔ o, evɔ wònye eyae nye “Fofo, amesi gbɔ ƒome sia ƒome, si le dziƒo kple anyigba dzi la, kpɔa eƒe ŋkɔ tsonɛ” hafi! (Efesotɔwo 3:14, 15) Nya lae nye be ame geɖe gbe Wɔla la ƒe ŋkɔ si dze le Biblia me la zazã. Wotsɔa dzesideŋkɔ siwo nye “Mawu,” “Aƒetɔ la,” alo “Mavɔmavɔtɔ” ɖoa eteƒe. Ke eŋkɔ ŋutɔŋutɔ ɖe? Hakpalaa ɖo nya ma ŋu be: “Ŋkɔwòe nye Yehowa, eye wò ɖeɖe koe ɖo kpo ɖe anyigba blibo la dzi!”—Psalmo 83:19.

Esime London Mawunyadɔgbedelawo ƒe Habɔbɔ me tɔwo va ɖo Tahiti le ƒe alafa 19 lia ƒe gɔmedzedze la, wokpɔe be afimatɔwo subɔa mawu geɖewo. Ðesiaɖe kple eƒe ŋkɔ, eye esiwo wosubɔna wue nye Oro kple Taaroa. Be mawunyadɔgbedela mawo nade vovototo Biblia ƒe Mawua kple woƒe mawuawo dome la, wozã Mawu ƒe ŋkɔ si woŋlɔ ɖe Tahitigbe me be Iehova la zi geɖe.

Amewo va nya ŋkɔ Iehova la nyuie, eye wozãnɛ faa le woƒe nuƒoƒo kple agbalẽwo me. Tahiti-fia Pomare II, si ɖu fia le ƒe alafa 19 lia ƒe gɔmedzedze la zã ŋkɔ sia enuenu le eƒe lɛtawo me. Esia ƒe kpeɖodzi aɖee nye lɛta sia, si ƒe foto dze le axa sia. Woda lɛta sia, si wòŋlɔ ɖe Eŋlisigbe me la, ɖe Tahiti Kple Eƒe Ƒukpowo ƒe Blemanudzraɖoƒe. Lɛtaa ɖo kpe edzi be amewo zã Mawu ƒe ŋkɔa faa ɣemaɣi. Gawu la, Mawu ƒe ŋkɔa dze zi akpe geɖe le Tahitigbe me Biblia gbãtɔ, si gɔme ɖeɖe nu wowu le ƒe 1835 me, la me.

[Nɔnɔmetata si le axa 32]

Fia Pomare II

[Nɔnɔmetata si le axa 32]

Fia la kple lɛta: Collection du Musée de Tahiti et de ses Îles, Punaauia, Tahiti