Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Meli Kpli Mi”

“Meli Kpli Mi”

“Meli Kpli Mi”

“Yehowa ƒe ame dɔdɔ la gblɔ be: Ale Yehowa gblɔ esi: Meli kpli mi.”—XAGAI 1:13.

1. Nyagblɔɖi me kpɔɖeŋu si ku ɖe míaƒe ŋkekeawo ŋu kae Yesu wɔ?

ŊUTINYA ƒe ɣeyiɣi vevi aɖe mee míele fifia. Abe alesi Biblia ƒe nyagblɔɖiwo ɖee fia enea, míele “Aƒetɔ ƒe ŋkeke la” me tso keke ƒe 1914 me. (Nyaɖeɖefia 1:10) Abe alesi nèsrɔ̃e henyae ene la, Yesu tsɔ “Amegbetɔvi la ƒe ŋkekeawo” le eƒe Fiaɖuƒeŋusẽ me sɔ kple “Noa ƒe ŋkekeawo” kpakple “Lot ƒe ŋkekeawo.” (Luka 17:26, 28) Eyata Biblia ɖee fia be nyagblɔɖi me kpɔɖeŋuwoe ŋkeke mawo nye. Gake kpɔɖeŋu bubu aɖe li si ŋu wòle be míalé ŋku ɖo vevie.

2. Dɔ kae Yehowa de asi na Xagai kple Zaxarya?

2 Mina míadzro alesi nuwo nɔ le nyagblɔɖila Xagai kple Zaxarya, siwo nye Hebri-viwo, ƒe ŋkekeawo me la me akpɔ. Gbedasi kae nɔ nyagblɔɖila wɔnuteƒe eve mawo si na Yehowa ƒe amewo ɣemaɣi, si gale vevie na mí le míaƒe ɣeyiɣia me? Yudatɔwo ƒe tɔtrɔ gbɔ tso aboyo me le Babilon megbee Yehowa dɔ Xagai kple Zaxarya ɖe wo gbɔ. Ede dɔ asi na wo be woaka ɖe edzi na Israel-viwo be yele megbe na wo le gbedoxɔ tutu dɔa me. (Xagai 1:13; Zaxarya 4:8, 9) Togbɔ be Xagai kple Zaxarya ƒe agbalẽawo le sue hã la, wole “Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me [eye wònyo] na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe, si le dzɔdzɔenyenye me” la dome.—Timoteo II, 3:16.

Ele Be Míatsɔ Wo Nu Vevii

3, 4. Nukatae wòle be míatsɔ ɖe le Xagai kple Zaxarya ƒe gbedasiawo me vevie ɖo?

3 Ðikeke mele eme o be Xagai kple Zaxarya ƒe nyawo ɖe vi na Yudatɔwo le woƒe ŋkekea me, eye nyagblɔɖi mawo va eme le mɔ aɖe nu ɣemaɣi. Gake, nukatae míate ŋu aka ɖe edzi be agbalẽ eve siawo ka mí egbeae ɖo? Míekpɔ nyabiase sia ƒe ŋuɖoɖo le Hebritɔwo 12:26-29. Le afima la, apostolo Paulo yɔ nya tso Xagai 2:6 si ƒo nu tso alesi Yehowa ‘aʋuʋu dziƒo kple anyigbae’ ŋu. Ne eʋuʋu nusiawo la, ekema ‘amu fiaɖuƒewo ƒe fiazikpuiwo aƒu anyi, eye wòatsrɔ̃ dukɔwo ƒe fiaɖuƒe sesẽwo.’—Xagai 2:22.

4 Esi apostolo Paulo nɔ Xagai ƒe nyawo yɔm la, egblɔ nusi adzɔ ɖe ‘dukɔwo ƒe fiaɖuƒewo’ dzi, eye wòhe susu yi alesi Fiaɖuƒe si Kristotɔ amesiaminawo axɔ, si womate ŋu aʋuʋu o, la de ŋgɔ boo wu fiaɖuƒe mawoe la dzi. (Hebritɔwo 12:28) Eyata àte ŋu akpɔe be Xagai kple Zaxarya ƒe nyagblɔɖi siawo yɔyɔ ɖe Hebritɔwo ƒe agbalẽ si woŋlɔ le ƒe alafa gbãtɔ Mía Ŋɔli me la me ɖee fia be woava va eme le etsɔme. Kristotɔ siwo anye domenyilawo kple Yesu le Mesia Fiaɖuƒea me la dometɔ mamlɛawo gale anyigba dzi egbea. Eyata Xagai kple Zaxarya ƒe nyawo ku ɖe míaƒe ɣeyiɣia ŋu vevie.

5, 6. Nudzɔdzɔ kawo na wodɔ Xagai kple Zaxarya be woagblɔ nya ɖi?

5 Ezra ƒe agbalẽa na míenya nusi nɔ dzɔdzɔm, si na wodɔ Xagai kple Zaxarya be woagblɔ nya ɖi. Le Yudatɔwo ƒe tɔtrɔ gbɔ tso aboyo me le Babilon le ƒe 537 D.M.Ŋ. me megbe la, Mɔmefia Zerubabel kple Nunɔlagã Yosua (alo Yesua) xɔ ŋgɔ le gbedoxɔ yeyea ƒe gɔmeɖokpewo ɖoɖo anyi me, le ƒe 536 D.M.Ŋ. me. (Ezra 3:8-13; 5:1) Togbɔ be ema na wokpɔ dzidzɔ gã aɖe hã la, Ezra 4:4 gblɔ be eteƒe medidi o, futɔ siwo nye “anyigba dzi dukɔ la do alɔgblɔdɔ Yuda-dukɔ la, eye wodo ŋɔdzi na wo le xɔ la tutu me.” Esia na Yudatɔwo va te vɔvɔ̃. Futɔ siawo, vevietɔ Samariatɔwo, tso Yudatɔwo nu alakpatɔe. Tsitretsiɖeŋula siawo ƒoe ɖe Persia-fia nu wòxe mɔ ɖe gbedoxɔ tutu dɔa nu.—Ezra 4:10-21.

6 Dzidzɔ si nɔ ameawo me ɖe gbedoxɔ tutu dɔa ŋu le gɔmedzedzea me la nu va fa. Yudatɔwo va trɔ ɖe woa ŋutɔwo ƒe nudidiwo ŋu. Gake le ƒe 520 D.M.Ŋ. me, si nye ƒe 16 le gbedoxɔa gɔme ɖoɖo anyi megbe la, Yehowa na Xagai kple Zaxarya de dzo ameawo me be woagadze gbedoxɔa tutu gɔme ake. (Xagai 1:1; Zaxarya 1:1) Dzo si Mawu ƒe ame dɔdɔ siawo de Yudatɔwo me, kple Yehowa ƒe megbe nɔnɔ na wo si ɖe dzesi nyuie la, na wogadze gbedoxɔa ŋu dɔwo wɔwɔ gɔme ake vaseɖe esime wowu enu keŋkeŋ le ƒe 515 D.M.Ŋ. me.—Ezra 6:14, 15.

7. Aleke nɔnɔme si nɔ anyi le nyagblɔɖilaawo ƒe ŋkekea me la sɔ kple mía tɔe?

7 Ènya nusi nusiawo katã fia na mía? Wode dɔ asi na mí be míaɖe gbeƒã “fiaɖuƒeŋutinya nyui” la. (Mateo 24:14) Dɔ sia gava hiã vevie wu le Xexemeʋa I megbe. Abe alesi ko woɖe Yudatɔwo tso aboyo ŋutɔŋutɔ me le Babilon ene la, nenema kee Yehowa ɖe eƒe ame siwo li egbea hã tso Babilon Gã, si nye alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe, la mee. Amesiwo Mawu tsɔ gbɔgbɔ si ami na la doa vevie nu le gbeƒãɖeɖe, nufiafia, kple mɔfiafia amewo va tadedeagu vavãtɔa me me. Dɔ ma le edzi yim vevie egbea wu tsã, eye ɖewohĩ wò hã èle ewɔm. Fifiae wòle be míawɔe, elabena xexe vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu tu aƒe! Ele be dɔ sia si Mawu de mía si la nayi edzi vaseɖe esime Yehowa nade nu amegbetɔwo ƒe nyawo me le “xaxa gã” la me. (Mateo 24:21) Esia ana woaɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa, eye wòana tadedeagu vavãtɔ naxɔ anyigba bliboa katã dzi.

8. Nukatae míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu le megbe na míaƒe dɔa?

8 Xagai kple Zaxarya ƒe nyagblɔɖiawo ɖee fia be míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa anɔ megbe na mí eye be ayra mí ne míewɔ dɔ sia tso dzi blibo me. Togbɔ be ame aɖewo dze agbagba be yewoaɖo asi Mawu subɔlawo dzi alo axe mɔ ɖe woƒe dɔa nu hã la, dziɖuɖu aɖeke mete ŋu tɔ te nyanyuigbɔgblɔdɔa ƒe ŋgɔyiyi o. Wò ya bu alesi Yehowa yra Fiaɖuƒedɔae hena wòdzi ɖe edzi le ƒe siwo kplɔ Xexemeʋa I ɖo vaseɖe míaƒe ɣeyiɣia me ŋu kpɔ ko. Ke hã, dɔ geɖe gali míawɔ.

9. Blemanudzɔdzɔ ka ŋue wòle be míade ŋugble le, eye nukatae?

9 Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Xagai kple Zaxarya ƒe agbalẽawo me si aʋã mí geɖe wu be míaɖo to Mawu ƒe sedede be míaɖe gbeƒã ahafia nu? Mina míadzro nusɔsrɔ̃ siwo le Biblia-gbalẽ eve siawo me la dometɔ aɖewo me. Le kpɔɖeŋu me, bu nya vevi aɖewo siwo ku ɖe gbedoxɔ tutu dɔ si wòle be Yudatɔ siwo trɔ gbɔ nawɔ ŋu kpɔ. Abe alesi míekpɔe ene la, Yudatɔ siwo trɔ tso Babilon gbɔ va Yerusalem la medo vevie gbedoxɔ tutu dɔa o. Esi woɖo gbedoxɔa gɔme anyi megbe la, womegava tsɔ dzo ɖe dɔa ŋu o. Nukpɔsusu totro kae va nɔ wo si? Eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso eme?

Ele Be Míabu Nuwo Ŋu Nyuie

10. Nukpɔsusu totro kae va nɔ Yudatɔwo si, eye nukae do tso eme?

10 Yudatɔ siwo trɔ gbɔ la nɔ gbɔgblɔm be: ‘Azã meɖo edzi haɖe o.’ (Xagai 1:2) Esi wodze gbedoxɔa tutu, heɖo eƒe gɔmeɖokpewo le ƒe 536 D.M.Ŋ. me la, womenɔ gbɔgblɔm be ‘azã meɖo edzi haɖe o.’ Gake eteƒe medidi o, wova ɖe mɔ dukɔ siwo ƒo xlã wo kple dziɖuɖua ƒe tsitretsiɖeŋu kpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe wo dzi. Yudatɔwo va trɔ susu ɖe woa ŋutɔwo ƒe aƒewo kple nudzedziname ŋu boŋ. Esi Yehowa he woƒe susu yi alesi wotsɔ ati nyuiwo tso woa ŋutɔwo ƒe aƒewoe, gake do kpo gbedoxɔa ya nu wuwu dzii la, ebia wo be: “Azã de na miawo ya, be mianɔ xɔ, siwo me wofa ʋuƒo ɖo la me, eye xɔ sia ya nanye glikpo anɔ anyia?”—Xagai 1:4.

11. Nukatae wòva hiã be Yehowa naxlɔ̃ nu Yudatɔwo le Xagai ƒe ɣeyiɣia me ɖo?

11 Ẽ, nu bubuwoe va nɔ vevie na Yudatɔwo. Le esi teƒe be woatsɔ Yehowa ƒe tameɖoɖo be woatu gbedoxɔa aɖo nɔƒe gbãtɔ la, Mawu ƒe ameawo va trɔ susu ɖe woa ŋutɔwo kple woƒe aƒewo ŋu boŋ. Womegatsɔ ɖeke le Mawu ƒe tadeaguƒea ya me kura o. Yehowa ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Xagai 1:5 la de dzi ƒo na Yudatɔwo be ‘woalé ŋku ɖe woƒe zɔzɔme ŋu.’ Yehowa nɔ gbɔgblɔm na wo be woade ŋugble le nusi wɔm wonɔ ŋu, eye woabu nusiwo le gbegblẽm le wo ŋu le esi wometsɔ gbedoxɔ tutu dɔa ɖo nɔƒe gbãtɔ o ta ŋu.

12, 13. Aleke Xagai 1:6 ɖɔ nɔnɔme si me Yudatɔwo nɔ lae, eye nukae kpukpui sia fia?

12 Abe alesi nàsusui ene la, Yudatɔwo ƒe nu veviwo maɖomaɖo nɔƒe gbãtɔ gblẽ nu le wo ŋu. Se nya si Yehowa gblɔ le Xagai 1:6 ɖa: “Mieƒã nu taŋtaŋ, gake nu ʋɛ aɖe ko mieŋe; mieɖu nu, meɖi ƒo na mi o; mieno nu, meɖi kɔ na mi o; mieta avɔ, mede dzo lã me na mi o; miewɔ dɔ xɔ fetu, eye mietsɔe de kotoku ŋɔŋɔ me.”

13 Togbɔ be anyigba si Mawu ŋutɔ tsɔ na Yudatɔwo dzie wole hã, anyigbaa menɔ nu wɔm abe alesi dze ene o. Yehowa meganɔ wo yram o, abe alesi wòna wonya do ŋgɔ ene. (Mose V, 28:38-48) Esi meganɔ megbe na wo o ta la, Yudatɔwo ƒã nu, gake nusi wokpɔ ŋe la mede naneke o—womate ŋu aɖui aɖi ƒo o. Esi megale wo yram o ta la, womegate ŋu kpɔa awu nyuiwo dona o. Ðeko wòwɔ abe ɖe wotsɔa ga si wokpɔna tsoa dɔwɔwɔ me la dea kotoku ŋɔŋɔ me ene, meɖea vi aɖeke na gaa kpɔlawo o. Ke nya si wogblɔ be “mieno nu, meɖi kɔ na mi o” ya ɖe? Esia hã nye nyagbɔgblɔ bubu si ɖee fia be Mawu meganɔ wo yram o. Wein agbɔsɔsɔme si woakpɔ la masu na wo o.

14, 15. Nukae míesrɔ̃ tso Xagai 1:6 me?

14 Menye alesi wòle be míaƒe aƒewo me nanɔ koe nye nusɔsrɔ̃ si le nusiawo me na mí o. Ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ na Israel-viwo ƒe aboyo me yiyi kura gɔ̃ hã la, nyagblɔɖila Amos xlɔ̃ nu Israel kesinɔtɔwo ŋkubiãtɔe ku ɖe “nyiɖuxɔwo” kple ‘nyiɖubatiwo dzi mɔmlɔ’ ŋu. (Amos 3:15; 6:4) Aƒe nyuiawo kple xɔmenu dzeaniwo menɔ anyi eteƒe didi o. Futɔ siwo va dze wo dzi la ha nuawo. Ke hã, le ƒe 70 siwo Mawu ƒe amewo tsɔ nɔ aboyo me megbe gɔ̃ hã la, wo dometɔ geɖe mesrɔ̃ nu tso nusia me o. Ke míawo ya ɖe? Anyo be mía dometɔ ɖesiaɖe nabia eɖokui be: ‘Le nyateƒe me la, ɖe medea asixɔxɔ nye aƒe kple xɔmenuwo ŋu fũ akpaa? Ke sukudede fũ bene mayi ŋgɔ le nye dɔ me, si ate ŋu ana nyemagakpɔ ɣeyiɣi geɖe ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu o ya ɖe?’—Luka 12:20, 21; Timoteo I, 6:17-19.

15 Ele be nusiwo míexlẽ le Xagai 1:6 la nana míakpɔ alesi wòhiã be míaxɔ Mawu ƒe yayra le agbe mee la adze sii. Blema Yudatɔ mawo mexɔe o, eye ema gblẽ nu le wo ŋu. Nuwo ɖasɔ gbɔ ɖe mía si loo alo womeɖa sɔ gbɔ o, ne Yehowa meyraa mí o la, nu agblẽ le mía ŋu le gbɔgbɔ me godoo. (Mateo 25:34-40; Korintotɔwo II, 9:8-12) Ke hã, aleke míawɔ axɔ yayra lae?

Yehowa Toa Eƒe Gbɔgbɔa dzi Kpena Ðe Mía Ŋu

16-18. Aleke Zaxarya 4:6 va emee le blema?

16 Gbɔgbɔ ʋã Zaxarya, si nye Xagai hati nyagblɔɖila, wògblɔ mɔ vevi si dzi Yehowa to ʋã veviedonula siwo nɔ anyi ɣemaɣi heyra wo. Eye esia ɖe alesi wòayra wò hãe fia. Egblɔ be: “Mava me to aʋakɔ alo ŋusẽ me o, ke boŋ to nye gbɔgbɔ dzi, Yehowa Zebaot ye gblɔe!” (Zaxarya 4:6) Ðewohĩ woyɔna mawunyakpukpui sia me nyawo zi geɖe nèsena ya, gake aleke wova emee na Yudatɔwo le Xagai kple Zaxarya ƒe ŋkekeawo me, eye nuka fiamee wole na wò hã?

17 Ðo ŋku edzi be Xagai kple Zaxarya ƒe nyawo kpɔ ŋusẽ nyui aɖe ɖe ameawo dzi ɣemaɣi. Nyagblɔɖila eve mawo ƒe nyawo de dzo Yudatɔ wɔnuteƒewo me. Xagai dze nyagbɔgblɔɖi gɔme le ƒe 520 D.M.Ŋ. ƒe ɣleti adelia me. Zaxarya dze nyagblɔɖidɔa gɔme le ƒe ma ƒe ɣleti enyilia me. (Zaxarya 1:1) Abe alesi nàkpɔe le Xagai 2:8 ene la, wogadze dɔwo gɔme ake moveviɖoɖotɔe le ɣleti asiekelia me. Dzo gaɖo Yudatɔwo me na dɔa wɔwɔ, eye woɖo to Yehowa heka ɖe edzi be akpe ɖe yewo ŋu. Mawu ƒe kpekpeɖeŋu ŋue Zaxarya 4:6 me nyawo ku ɖo.

18 Míaɖo ŋkui be esime Yudatɔwo trɔ gbɔ va wo de le ƒe 537 D.M.Ŋ. me la, asrafoha aɖeke menɔ wo si o. Ke hã, Yehowa kpɔ wo ta eye wòkplɔ wo le woƒe mɔzɔzɔ tso Babilon me. Eye eƒe gbɔgbɔ nɔ mɔ fiam ameawo esime wote dɔ wɔwɔ le gbedoxɔa ŋu le ema megbe teti. Eyata esi wogatsɔ woƒe dzi ɖo dɔa ŋu bliboe ta la, ato eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi anɔ megbe na wo.

19. Ameka ƒe nuwɔnawo dzie Mawu ƒe gbɔgbɔa ɖu?

19 Mawu na Zaxarya kpɔ ŋutega enyi siwo na kakaɖedzii be Yehowa anɔ anyi kple eƒe amewo, eye be woayi gbedoxɔ tutudɔa dzi vaseɖe esime wowu enu. Ŋutega enelia, si me nyawo woŋlɔ ɖe Zaxarya ta 3 lia, ɖee fia be Satana nɔ tsitre tsim vevie ɖe agbagba siwo dzem Yudatɔwo nɔ be yewoawu gbedoxɔ tutudɔa nu ŋu. (Zaxarya 3:1) Ðikeke mele eme o be madzɔ dzi na Satana be wòakpɔ Nunɔlagã Yosua wòanɔ subɔsubɔdɔ wɔm ɖe ameawo nu le gbedoxɔ yeyea me o. Togbɔ be Abosam adze agbagba vevie be yeaxe mɔ na Yudatɔwo be woagatu gbedoxɔa o hã, Yehowa ƒe gbɔgbɔa awɔ akpa vevi aɖe le mɔxenuawo ɖeɖeɖa me, ahado ŋusẽ Yudatɔwo be woayi dɔ dzi vaseɖe esime wowu gbedoxɔa tutu nu.

20. Aleke gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe Yudatɔwo ŋu wowɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nui?

20 Dziɖuɖumegãwo te ŋu ɖo asi dɔa dzi, eye ema dze abe mɔxenu gã aɖe si ŋu womate ŋu awɔ naneke le o ene. Gake Yehowa do ŋugbe be yeaɖe mɔxeɖenu ma, si le abe “to” ene la, ɖa bene wòatrɔ azu “gbadzaƒe.” (Zaxarya 4:7) Eye nenema tututu hãe wòdzɔe! Fia Dario I na wowɔ numekuku, eye woke ɖe mɔɖegbalẽ si Kores ŋlɔ tsɔ ɖe mɔ na Yudatɔwo be woaɖagbugbɔ gbedoxɔa atu la ŋu. Eyata Dario ɖe mɔxeɖenua ɖa hede se be woaɖe ga tso nudzɔdzɔ siwo fia la xɔna me ana Yudatɔwo be woatsɔ axe xɔtudɔa ŋuti fewoe. Nɔnɔmeawo trɔ wòwɔ nuku lo! Ðe Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea wɔ akpa aɖe le nya sia mea? Míate ŋu agblɔe kple kakaɖedzi be ẽ. Wowu gbedoxɔa tutu nu le ƒe 515 D.M.Ŋ. me, le Dario I ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe adelia me.—Ezra 6:1, 15.

21. (a) Le blema la, alekee Yehowa ‘ʋuʋu dukɔwo katã,’ eye aleke ‘nu vevitɔwo’ doe? (b) Aleke wòle eme vam egbeae?

21 Le Xagai 2:5 la, nyagblɔɖilaa ɖo ŋku nu si Yehowa bla kple Yudatɔwo le Sinai-toa gbɔ, esime ‘to blibo la nɔ ʋuʋum ŋutɔ,’ la dzi na wo. (Mose II, 19:18) Yehowa gale nuwo ʋuʋu ge ake le Xagai kple Zaxarya ƒe ŋkekeawo me, abe alesi kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ siwo le kpukpui 6 kple 7 ɖee fia ene. Nuwo maganɔ edzi dzem le Persia-fiaɖuƒea me o, gake gbedoxɔ tutudɔa ya ayi edzi ava wu enu nyuie. Amesiwo menye Yudatɔwo o, siwo woyɔ be “dukɔwo katã ƒe nu vevitɔ,” ava kpe ɖe Yudatɔwo ŋu mlɔeba woakafu Mawu le tadeaguƒe sia. Mawu ‘le dukɔwo ʋuʋum’ le míaƒe ɣeyiɣia me to míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi, si wɔe be “dukɔwo katã ƒe nu [vevitɔwo]” va le ɖeka wɔm kple amesiamina mamlɛwo le Mawu subɔm, wònye nyagblɔɖia ƒe emevava gãtɔ. Nyateƒee, amesiaminawo kple alẽ bubuawo na ŋutikɔkɔe geɖe le Yehowa ƒe aƒea ŋu vam egbea. Tadeagula vavã siawo tsɔ xɔse le mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me Yehowa ‘aʋuʋu dziƒo kple anyigba’ le mɔ bubu nu. Esia awɔe be woamu dukɔwo ƒe fiaɖuƒe sesẽwo aƒu anyi, ahatsrɔ̃ wo.—Xagai 2:22.

22. Aleke wole dukɔwo ‘ʋuʋumee,’ eye nukae le dodom tso eme; nuka hãe gagbɔna dzɔdzɔ ge?

22 Esia na míeɖo ŋku alesi nusiwo wotsɔ “dziƒo kple anyigba, atsiaƒu kple ƒuƒuiƒe” wɔ kpɔɖeŋui na la tɔtɔe dzi. Wotsɔ Satana Abosam kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒu gbe ɖe anyigbanutowo me. (Nyaɖeɖefia 12:7-12) Gakpe ɖe eŋu hã, gbeƒãɖeɖedɔ si Mawu ƒe amesiaminawo xɔ ŋgɔ le wɔwɔm la ʋuʋu nuɖoanyi sia ƒe anyigba dzi nuwo. (Nyaɖeɖefia 11:18) Togbɔ be nusiawo le dzɔdzɔm hã, “ameha gã” aɖe siwo nye dukɔwo ƒe nu vevitɔwo, va kpe ɖe gbɔgbɔ me Israel ŋu le Yehowa subɔm. (Nyaɖeɖefia 7:9, 10) Ameha gã la le dɔ wɔm aduadu kple Kristotɔ amesiaminawo le gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia me, be eteƒe madidi o, Mawu aʋuʋu dukɔwo le Harmagedon me. Esia awɔe be woagbugbɔ tadedeagu vavãtɔ aɖo anyi bliboe le anyigba la katã dzi.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Ɣekaɣie Xagai kple Zaxarya wɔ woƒe nyagblɔɖidɔa, eye nukawoe nɔ dzɔdzɔm ɣemaɣi?

• Aleke nàte ŋu atsɔ Xagai kple Zaxarya ƒe nyawo awɔ dɔe?

• Nukata nèbui be Zaxarya 4:6 me nyawo dea dzi ƒo na ame?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Xagai kple Zaxarya ƒe nyawo na míeka ɖe edzi be Mawu le megbe na mí

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

“Azã de na miawo ya, be mianɔ xɔ, siwo me wofa ʋuƒo ɖo la me, eye xɔ sia ya nanye glikpo anɔ anyia?”

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Yehowa ƒe amewo ɖea gbeƒã na ‘dukɔwo ƒe nu vevitɔwo’