Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ahedada Alesi Nɔnɔmea Le Egbea

Ahedada Alesi Nɔnɔmea Le Egbea

Ahedada Alesi Nɔnɔmea Le Egbea

ZI GEÐE la, wokpɔna Vicente * wònɔa keke si dzi wòdoa agba kpekpe ɖo tutum le São Paulo ƒe ablɔwo dzi le Brazil. Agbalẽgowo, ganu kakɛwo, kple aŋegowoe wòfɔna. Ne zã do la, ekekea agbalẽgoa ƒe ɖe ɖe kekea te eye wòmlɔa edzi. Edze abe mesena ʋu gbogbo siwo tona ablɔ si dzi wòmlɔna le zãme ƒe toɣliɖeɖe gɔ̃ hã o ene. Dɔwɔɖui nyuie aɖe, aƒe, kple ƒome nɔ esi kpɔ, gake fifia wo katã bu nɛ. Fifia dɔ sesẽ ŋutɔ aɖee wòwɔna le ablɔ dzi hafi kpɔa ga sue aɖe nɔa agbe ɖe eŋu.

Nublanuitɔe la, ame miliɔn geɖe le aya ɖum le ahedada kolikoli ta abe Vicente ene le xexeame godoo. Le dukɔ madeŋgɔwo me la, ahedada zia amewo dzi be wova le ablɔwo dzi alo teƒe madeamedziwo. Nubiala siwo nye nuwɔametɔwo, ŋkuagbãtɔwo kple nyɔnu vinɔwo bɔ ɖe afisiafi. Ne ʋuwo va tɔ ɖe ʋutɔkaɖitiwo gbɔ la, ɖeviwo sia du va nɔa ʋuawo dome tom henɔa kpetikewo dzram.

Esesẽna ŋutɔ be woaɖe nusi gbɔ wòtso be amewo da ahe nenema gbegbe gɔme. Britaintɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si ŋkɔe nye The Economist gblɔ be: “Kesinɔnuwo, alo atikeŋutinunya, mɔ̃ɖaŋuŋutinunya, kple nunya si hiã be woatsɔ akpɔ ahedada gbɔ le ameƒomea si fifia wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe si va yi.” Le nyateƒe me la, nunya kple ŋutete si va su ameƒomea si egbea ɖe vi na ame geɖe. Ʋu yeye dzeaniwo va bɔ ɖe dukɔ siwo le ŋgɔyiyi wɔm ƒe dugãwo ƒe mɔdodowo dzi. Fiasegãwo me yɔ fũ kple mɔ̃ yeye siwo amewo zãna egbea, eye amewo le wo ƒeƒle dzi ɣesiaɣi. Le Brazil la, fiase eve wɔ ɖoɖo tɔxɛ aɖe tsɔ he amewo be woaƒle woƒe adzɔnuwo. Woʋu fiaseawo da ɖi le ƒe 2004 ƒe December 23 kple 24 ƒe zãwo me. Fiaseawo dometɔ ɖeka haya ɣeɖulawo be woatsɔ ado dzidzɔ na nuƒlelawo. Ðoɖoa he nuƒlela 500,000 sɔŋ!

Ke hã, kesinɔtɔwo ƒe nu gbogboawo meɖea vi na ame akpa gãtɔwo o. Vovototo gã si le kesinɔtɔwo kple ame dahewo ƒe agbenɔnɔ dome na be ame geɖe ƒo nya ta be ele be woawɔ nane atsɔ aɖe ahedada ɖa kpata. Braziltɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si ŋkɔe nye Veja gblɔ be: “Ele be aʋahoho ɖe ahedada ŋu nanye nu vevitɔ si ŋu wòle be xexeame kplɔlawo natso ɖo le ƒe sia [2005] me.” Nyadzɔdzɔgbalẽa ka nya ta tso ɖoɖo yeye si wowɔ be woatsɔ aɖɔ ganyawo ɖoe le dukɔ dahewo me, vevietɔ le Afrika, ŋu. Ke hã, togbɔ be edze abe ɖoɖo mawo le vi ɖem ene hã la, nyadzɔdzɔgbalẽ sia gblɔ kpee be: “Susu geɖe li siwo ta woate ŋu ake ɖi viɖe siwo dona tsoa ɖoɖo mawo me. Esi wònye ƒã hafi ga siwo wodzɔna sua amesiwo ta wodzɔe ɖo si ta la, dukɔ geɖe megalɔ̃na dzɔa ga ale o.” Nublanuitɔe la, nufitifitiwɔwɔ kple ɖoɖo manyatalenuwo na be ga siwo dziɖuɖuwo, xexeame habɔbɔwo, kple ame ɖekaɖekawo dzɔna ƒe akpa gãtɔ meɖoa amesiwo ta wodzɔe ɖo la gbɔ gbeɖe o.

Yesu nya be ahedada anɔ anyi ɣeyiɣi didi aɖe. Eyata egblɔ be: “Ame dahewo la woli kpli mi ɖaa.” (Mateo 26:11) Ðe esia fia be ahedada anɔ xexeame tegbeea? Ðe woate ŋu awɔ nane le nɔnɔmea ŋua? Nukae Kristotɔwo ate ŋu awɔ akpe ɖe ame dahewo ŋu?

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔa.