Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alẽkplɔla Siwo Nye “Kpɔɖeŋu Na Hame La”

Alẽkplɔla Siwo Nye “Kpɔɖeŋu Na Hame La”

Alẽkplɔla Siwo Nye “Kpɔɖeŋu Na Hame La”

“Minyi Mawu ƒe alẽha, si le mia dome . . . kple lɔlɔ̃nu faa . . . , kple dzi faa . . . , abe amesiwo nye kpɔɖeŋu na hame la ene.”—PETRO I, 5:2, 3.

1, 2. (a) Dɔ kae Yesu de asi na apostolo Petro, eye nukatae Yesu ƒe kaka ɖe Petro dzi mezu dzodzro o? (b) Aleke Yehowa buna ŋutsu siwo wòɖo alẽkplɔlawoe?

ƔEYIƔI aɖe do ŋgɔ na ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea la, Petro kple nusrɔ̃la ade bubuwo nɔ ŋdinu si Yesu na wo le Galilea-ƒua ta ɖum. Menye esiae nye zi gbãtɔ si Petro kpɔ Yesu si wofɔ ɖe tsitre la o, eye ɖikeke mele eme o be dzi dzɔe be Yesu le agbe. Gake Petro anya tsi dzi le eɖokui me vevie hã. Elabena ŋkeke ʋɛ aɖewo do ŋgɔ la, esẽ nu le amewo ƒe ŋkume be yemenya Yesu o. (Luka 22:55-60; 24:34; Yohanes 18:25-27; 21:1-14) Ðe Yesu he nya ɖe Petro si trɔ dzi me ŋu be enye xɔse ʋɛ tɔa? Ao. Ke boŋ, Yesu de dɔ asi na Petro be wòanyi yeƒe “alẽviawo.” (Yohanes 21:15-17) Ƒe alafa gbãtɔ me Kristo-hamea ŋuti nuŋlɔɖi siwo le Biblia me ɖee fia be Yesu ƒe kaka ɖe Petro dzi mezu dzodzro o. Le nuwɔwɔ aduadu kple apostoloawo kpakple hamemegã siwo nɔ Yerusalem me la, Petro yi edzi nyi Kristo-hamea le tetekpɔ ƒe ɣeyiɣi sesẽwo kpakple le ɣeyiɣi siwo me hameawo nɔ dzidzim ɖe edzi kabakaba hã me.—Dɔwɔwɔwo 1:15-26; 2:14; 15:6-9.

2 Yehowa to Yesu Kristo dzi ɖo ŋutsu siwo dze egbea, be woasubɔ abe gbɔgbɔ me alẽkplɔlawo ene akplɔ Eƒe alẽha la le ameƒomea ƒe ɣeyiɣi sesẽtɔ kekeake sia me. (Efesotɔwo 4:11, 12; Timoteo II, 3:1) Ðe viɖe aɖe do tso ame siawo ɖoɖo alẽkplɔlawoe mea? Ŋutifafa si le Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me le xexeame godoo ɖo kpe edzi be ele vi ɖem. Enye nyateƒe be alẽkplɔla siawo nye amegbetɔ siwo daa vo abe alesi wònɔ le Petro hã gome ene. (Galatiatɔwo 2:11-14; Yakobo 3:2) Togbɔ be ele alea hã la, Yehowa tsɔ alẽha “si wòƒle kple ye ŋutɔ [Via] ƒe ʋu la” dzi kpɔkpɔ de wo si. (Dɔwɔwɔwo 20:28) Yehowa melɔ̃a nu le ŋutsu siawo gbɔ o, eyatae wòkpɔa mɔ be edze be ‘woade bubu teƒe eve’ wo ŋu ɖo.—Timoteo I, 5:17.

3. Aleke gbɔgbɔ me alẽkplɔlawo wɔa nu tso dzime faae?

3 Aleke gbɔgbɔ me alẽkplɔlawo wɔa nui tso dzime faa wònyea kpɔɖeŋu na alẽha lae? Woɖoa ŋu ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe si naa ŋusẽ si hiã be woatsɔ akpɔ woƒe agbanɔamedziwo gbɔe ŋu abe alesi Petro kple ƒe alafa gbãtɔ me hamemegã bubuawo wɔe ene. (Korintotɔwo II, 4:7) Gbɔgbɔ kɔkɔea na wotsea eƒe ku si nye—lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, anukwaretɔnyenye, dɔmefafa, kple ɖokuidziɖuɖu. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Mina míadzro mɔ aɖewo koŋ siwo dzi alẽkplɔlawo ate ŋu ato aɖo kpɔɖeŋu le gbɔgbɔ ƒe kutsetsea ƒe akpa vovovoawo ɖeɖe fia me ne wole Mawu ƒe alẽha la kplɔm me.

Milɔ̃ Alẽha Bliboa Kple Emenɔla Ðesiaɖe

4, 5. (a) Aleke Yehowa kple Yesu ɖea lɔlɔ̃ fiana alẽha lae? (b) Mɔ siwo dzi gbɔgbɔ me alẽkplɔlawo ɖea lɔlɔ̃ fiana alẽhaa le dometɔ aɖewo ɖe?

4 Nɔnɔme vevitɔ si Mawu ƒe gbɔgbɔa nana woɖena fianae nye lɔlɔ̃. Yehowa nana gbɔgbɔ me nuɖuɖu gbogbo aɖe alẽha bliboa tsɔ ɖea eƒe lɔlɔ̃ fiana. (Yesaya 65:13, 14; Mateo 24:45-47) Ke hã, ewɔa nu geɖe wu alẽha la nyinyi ko. Etsɔa ɖe le eme na alẽawo dometɔ ɖesiaɖe vevie. (Petro I, 5:6, 7) Yesu hã lɔ̃a alẽha la. Etsɔ eƒe agbe na ɖe eta, eye enya wo dometɔ ɖesiaɖe ƒe “ŋkɔ.”—Yohanes 10:3, 14-16.

5 Gbɔgbɔ me alẽkplɔlawo srɔ̃a Yehowa kple Yesu ƒe kpɔɖeŋu. Woɖea woƒe lɔlɔ̃ na Mawu ƒe alẽha bliboa fiana to “nufiafia” hamea me. Wotsɔ woƒe nuƒo siwo wotu ɖe Biblia dzi nyia alẽhaa hekpɔa eta, eye woƒe agbagbadzedze dzena ƒã le go sia me. (Timoteo I, 4:13, 16) Woƒe dɔa ƒe akpa siwo medzena wokpɔna o dometɔ aɖewoe nye hamea ƒe nuŋlɔɖiwo dzi kpɔkpɔ, lɛtawo ŋɔŋlɔ, ɖoɖowo wɔwɔ, kple nu vevi bubu geɖewo gbɔ kpɔkpɔ be hamea ƒe kpekpewo kple dɔ bubuwo nayi edzi ‘ɖe ɖoɖo nu.’ (Korintotɔwo I, 14:40) Dɔ siawo ƒe akpa gãtɔ wɔwɔ medzena hamea me tɔwo kpɔna o. Kutrikuku siawo katã nye lɔlɔ̃ɖeɖefia nyateƒe.—Galatiatɔwo 5:13.

6, 7. (a) Mɔ siwo dzi alẽkplɔlawo ato anya alẽawo nyuie dometɔ ɖeka ɖe? (b) Nukatae wònyo be ne míele dzidzɔ kpɔm alo le nu xam la, míagblɔe na hamemegã aɖe?

6 Kristotɔ alẽkplɔla lɔ̃amewo dzea agbagba tsɔa ɖe le alẽawo dometɔ ɖesiaɖe me le hamea me. (Filipitɔwo 2:4) Mɔ siwo dzi alẽkplɔlawo tona nyana alẽawo ƒe nɔnɔme nyuie enye dɔ wɔwɔ kpli wo ɖekae le gbeƒãɖeɖedɔa me. Zi geɖe la, Yesu kplɔ eyomedzelawo ɖe eɖokui ŋu le gbeƒãɖeɖedɔa me, eye wòzã ɣeyiɣi mawo tsɔ de dzi ƒo na wo. (Luka 8:1) Kristotɔ alẽkplɔla aɖe si si nuteƒekpɔkpɔ geɖe su gblɔ be: “Meva de dzesii be mɔ nyuitɔ siwo dzi nàto anya nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖe nyuie ahade dzi ƒo nɛ dometɔ ɖekae nye dɔwɔwɔ kplii le gbeadzi.” Ne mègawɔ dɔ kple hamemegã aɖeke le gbeadzi kpɔ o la, anyo be nàwɔ ɖoɖo azɔ kple wo dometɔ aɖe kpuie.

7 Lɔlɔ̃ ʋã Yesu wòdzɔ dzi kple eyomedzelawo eye wòfa konyi hã kpli wo. Le kpɔɖeŋu me, esime eƒe nusrɔ̃la 70-awo trɔ gbɔ tso gbeƒãɖeƒe kple dzidzɔ la, ‘dzi dzɔ’ Yesu hã vevie. (Luka 10:17-21) Ke hã, esi Yesu kpɔ alesi Lazaro ƒe ku do nuxaxa na Maria kple eƒe ƒometɔwo kpakple exɔlɔ̃woe la, ‘efa avi.’ (Yohanes 11:33-35) Nenema ke alẽkplɔla lɔ̃ame siwo li egbea tsɔa ɖe le eme na alẽawo le woƒe nɔnɔme ɖesiaɖe me. Lɔlɔ̃ ʋãa wo ‘wodzɔa dzi kple amesiwo le dzidzɔ kpɔm’ eye ‘wofaa avi kple amesiwo le avi fam.’ (Romatɔwo 12:15) Àte ŋu agblɔ nusiwo doa dzidzɔ na wò kple nusiwo doa nuxaxa na wò la siaa na Kristotɔ hamemegãwo faa. Nusiwo do dzidzɔ na wò gbɔgblɔ na wo ana dzi nadzɔ woawo hã. (Romatɔwo 1:11, 12) Ne wonya xaxa siwo me tom nèle la, ana woado ŋusẽ wò ahafa akɔ na wò.—Tesalonikatɔwo I, 1:6; 3:1-3.

8, 9. (a) Aleke hamemegã aɖe ɖe lɔlɔ̃ fia srɔ̃ae? (b) Nukata wòle vevie be alẽkplɔla naɖe lɔlɔ̃ afia eƒe ƒomea?

8 Lɔlɔ̃ si le alẽkplɔla si na alẽhaa dzena ƒã le alesi wòwɔa nu ɖe eya ŋutɔ ƒe ƒomea ŋui me. (Timoteo I, 3:1, 4) Ne srɔ̃ le esi la, lɔlɔ̃ si wòɖena fiana srɔ̃a kple bubu si wòdena eŋu nyea kpɔɖeŋu na srɔ̃ŋutsu bubuwo. (Efesotɔwo 5:25; Petro I, 3:7) De ŋugble le nyɔnu Kristotɔ aɖe si ŋkɔe nye Linda ƒe nya si wògblɔ ŋu kpɔ. Srɔ̃a nye hamemegã wu ƒe 20 hafi ku. Nɔvinyɔnua gblɔ be: “Hamea me dɔwo gbɔ kpɔkpɔ na be vovo menɔ srɔ̃nye ŋu ale o. Gake ena mese le ɖokuinye me be menɔ akpa vevi aɖe wɔm. Edaa akpe nam zi geɖe ɖe nye alɔdodoe ta eye wòzãa eƒe vovoɣiwo kplim dzidzɔtɔe. Esia na mese le ɖokuinye me be elɔ̃m eye ɣeyiɣi siwo wòzã ɖe hamea ŋu mevem o.”

9 Ne vi le Kristotɔ alẽkplɔlaa si la, alesi wòhea wo lɔlɔ̃tɔe kple alesi wòkafua ɖeviawo edziedzi la nyea kpɔɖeŋu na dzila bubuwo. (Efesotɔwo 6:4) Le nyateƒe me la, lɔlɔ̃ si wòɖena fiana eƒe ƒomea nye kpeɖodzi ɣesiaɣi be ele eƒe agbanɔamedzi si wode esi, esi gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖoe alẽkplɔlae, la tsɔm nyuie.—Timoteo I, 3:4, 5.

Tu Dzidzɔkpɔkpɔ Kple Ŋutifafa Ðo to Dzeɖoɖo Me

10. (a) Nukae ate ŋu agblẽ dzidzɔ kple ŋutifafa si le hamea me la me? (b) Nukae he masɔmasɔ va Kristo-hamea me le ƒe alafa gbãtɔ me, eye aleke wokpɔ nya ma gbɔe?

10 Gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu ana dzidzɔ kple ŋutifafa nayɔ Kristotɔ aɖe loo hamemegãwo ƒe haa loo alo hame bliboa me. Gake ne womeɖoa dze faa o la, dzidzɔ kple ŋutifafa sia me ate ŋu agblẽ. Salomo si nɔ anyi le blema de dzesii be: “Afisi adaŋudede mele o la, tameɖoɖowo tsia akpo dzi.” (Lododowo 15:22) Ke hã, dzeɖoɖo faa kple ame nɔewo bubutɔe nana dzidzɔ kple ŋutifafa xɔa aƒe ɖe hamea me. Le kpɔɖeŋu me, esi aʋatsotso ƒe nya la he masɔmasɔ va ƒe alafa gbãtɔ me Kristo-hamea me la, dziɖuha si nɔ Yerusalem la bia gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia. Dziɖuhaa me tɔwo gblɔ susu vovovo siwo nɔ wo si le nyaa ŋu faa. Le nyaa me dzodzro ɣeyiɣi didi aɖe megbe la, wova kpɔ ta nɛ hewɔ nyametsotso nyui aɖe. Esi nɔviawo se nyametsotso si dziɖuhaa me tɔwo tsɔ nusɔsɔe wɔ la, “wodzɔ dzi le akɔfafa la ŋuti.” (Dɔwɔwɔwo 15:6-23, 25, 31; 16:4, 5) Dzidzɔ kple ŋutifafa va xɔ aƒe ɖe hameawo me.

11. Aleke hamemegãwo awɔ be dzidzɔ kple ŋutifafa nanɔ hamea me?

11 Nenema kee egbea hã ne alẽkplɔlawo nye dzeɖola nyuiwo la, dzidzɔ kple ŋutifafa nɔa hamea me. Ne masɔmasɔwo do mo ɖa eye ŋutifafa si le hamea me me di be yeagblẽ la, wowɔa kpekpe léa nyaawo kpɔna faa. Woɖoa to sea wo hati alẽkplɔla bubuawo ƒe nyawo bubutɔe. (Lododowo 13:10; 18:13) Ne wodo gbe ɖa bia gbɔgbɔ kɔkɔea vɔ megbe la, wonɔa te ɖe Biblia me gɔmeɖosewo kple mɔfiame siwo “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” ta dzi wɔa nyametsotso. (Mateo 24:45-47; Korintotɔwo I, 4:6) Ne hamemegãwo ƒe ha nya nɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi wɔ nyametsotso aɖe ko la, wo dometɔ ɖesiaɖe lɔ̃na ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia dzi to nuwɔwɔ aduadu be woatsɔ nyametsotsoa awɔ dɔe me, nenye be wo dometɔ aɖe melɔ̃ ɖe ame akpa gãtɔ ƒe nukpɔsusua dzi o kura gɔ̃ hã. Nuwɔwɔ ɖokuibɔbɔtɔe alea nana dzidzɔ kple ŋutifafa nɔa anyi eye wònyea kpɔɖeŋu na alẽha la le zɔzɔ kple Mawu me. (Mixa 6:8) Ðe nèbɔbɔa ɖokuiwò wɔna ɖe alẽkplɔla siwo le hamea me ƒe nyametsotso siwo wonɔ te ɖe Biblia dzi wɔna la dzia?

Gbɔ Dzi Ði eye Nàfa Tu

12. Nukatae wòhiã be Yesu nagbɔ dzi ɖi ahafa tu le nuwɔwɔ kple apostoloawo me?

12 Togbɔ be apostoloawo wɔ vodada edziedzi hã la, Yesu gbɔ dzi ɖi na wo hewɔ nu kpli wo tufafatɔe. Le kpɔɖeŋu me, Yesu fia wo alesi wòhiãe be woabɔbɔ wo ɖokui enuenu. (Mateo 18:1-4; 20:25-27) Ke hã, le Yesu ƒe agbenɔnɔ le anyigba dzi ƒe zã mamlɛa me, esime wòklɔ afɔ na wo tsɔ fia wo be ele be woabɔbɔ wo ɖokui vɔ megbe teti la, ‘dzre gaɖo wo dome bena, yewo dometɔ kae nye gãtɔ mahã?’ (Luka 22:24; Yohanes 13:1-5) Ðe Yesu blu ɖe apostoloawo ta? Ao, ke boŋ edzro nyaa me kpli wo hedoe ɖe wo gbɔ be: “Amekae nye gã, amesi bɔbɔ nɔ kplɔ̃ ŋuti loo, alo amesi le subɔsubɔm mahã? Menye amesi bɔbɔ nɔ kplɔ̃ ŋuti oa? Ke nye la mele mia titina abe subɔla ene.” (Luka 22:27) Yesu ƒe dzigbɔɖi kple tufafa kpakple eƒe kpɔɖeŋu nyui si wòɖo wɔe be eƒe apostoloawo va se eƒe nyawo gɔme mlɔeba.

13, 14. Ɣekaɣi koŋue wòle be alẽkplɔlawo nafa tu?

13 Nenema kee wòle be gbɔgbɔ me alẽkplɔlawo naxlɔ̃ nu ame si ŋu gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe le lae edziedzi. Ɣeaɖewoɣi ate ŋu adzɔ be amea ƒe nuwɔna ado dziku na alẽkplɔlaa. Ke hã, ne alẽkplɔlaa ɖo ŋku edzi be gbɔdzɔgbɔdzɔtɔe ye hã yenye ne ele ‘nya gbem na nu baɖa wɔla’ la, esia awɔe be wòate ŋu aɖe dzigbɔɖi kple tufafa afia nɔvia. Esia anye Yesu kple Yehowa, amesiwo ɖea nɔnɔme mawo fiana Kristotɔwo katã, siwo dome alẽkplɔlawo ŋutɔ hã le, la sɔsrɔ̃.—Tesalonikatɔwo I, 5:14; Yakobo 2:13.

14 Ɣeaɖewoɣi la, ele be alẽkplɔlawo naka mo na ame aɖe si wɔ nuvɔ̃ gã aɖe. Ne amea gbe dzimetɔtrɔ la, ke ele be alẽkplɔlawo naɖe nuvɔ̃wɔlaa ɖa le hamea me. (Korintotɔwo I, 5:11-13) Le go sia kura gɔ̃ hã me la, alesi woawɔ nu ɖe ame ma ŋui aɖee afia be nu gbegblẽae yewolé fui ke menye eya ŋutɔ o. (Yuda 23) Alesi alẽkplɔlaawo awɔ nu ɖe amesi le tatram ŋu tufafatɔe ana wòanɔ bɔbɔe nɛ be wòagate ŋu atrɔ ava hamea me mlɔeba.—Luka 15:11-24.

Xɔsee Ʋãa Ame Wòwɔa Dɔ Nyuiwo

15. Mɔ siwo dzi alẽkplɔlawo tona ɖea Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ fiana dometɔ ɖeka ɖe, eye nukae ʋãa wo woɖenɛ fiana?

15 ‘Yehowa wɔa nyui na amewo katã,’ siwo dome amesiwo mekpɔa ŋudzedze ɖe nusiwo wòwɔna na wo ŋu o gɔ̃ hã le. (Psalmo 145:9; Mateo 5:45) Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ dzena ƒã le alesi wòdɔa eƒe amewo ɖa be woaɖe gbeƒã ‘fiaɖuƒeŋutinya nyuia’ na amewo me. (Mateo 24:14) Alẽkplɔlawo toa woƒe ŋgɔxɔxɔ le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me dzi ɖea Mawu ƒe nyuiwɔwɔ fiana. Nukae ʋãa wo be wokua kutri nenema? Kaka ɖe Yehowa kple eƒe ŋugbedodowo dzi bliboe ye.— Romatɔwo 10:10, 13, 14.

16. Aleke alẽkplɔlawo ‘wɔa nyui’ na alẽawoe?

16 Hekpe ɖe ‘nyuiwɔwɔ na amewo katã’ to gbeƒãɖeɖe me ŋu la, agba le alẽkplɔlawo dzi be woawɔ nyui na “haxɔsetɔwo” koŋ. (Galatiatɔwo 6:10) Mɔ ɖeka si dzi wotona wɔa esiae nye alẽawo sasrã kpɔ ahade dzi ƒo na wo. Hamemegã aɖe gblɔ be: “Alẽawo sasrã kpɔ doa dzidzɔ nam ŋutɔ. Enana mɔnukpɔkpɔm mekafua nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuawo ɖe woƒe agbagbadzedzewo ta eye meɖenɛ fiana wo be míekpɔa ŋudzedze ɖe woƒe dɔ sesẽ wɔwɔ ŋu.” Ɣeaɖewoɣi la, ahiã be alẽkplɔlaawo naɖo aɖaŋu na alẽ aɖe le mɔ siwo nu wòato ana eƒe Yehowa subɔsubɔ nanyo ɖe edzi ŋu. Alẽkplɔla nyuiwo toa esia me srɔ̃a apostolo Paulo. Mina míade ŋugble tso alesi Paulo kafu nɔvi siwo nɔ Tesalonika-hamea me ŋu, egblɔ be: “Míeɖo dzi ɖe mia ŋu le Aƒetɔ la me bena, miewɔa nusi míede se na mi la, eye miegale ewɔ ge hã.” (Tesalonikatɔwo II, 3:4) Kafukafunya siawo gbɔgblɔ na alẽawo dea dzi ƒo na wo eye wònana wònɔa bɔbɔe na wo be ‘woaɖo to amesiwo xɔa ŋgɔ le hamea me.’ (Hebritɔwo 13:17) Ne hamemegãwo va srã wò kpɔ la, ɖe manyo be nàɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia oa?

Tufafa Biaa Ðokuidziɖuɖu

17. Nukae Petro srɔ̃ tso Yesu gbɔ?

17 Yesu wɔ nu tufafatɔe esime wodo dziku nɛ kura gɔ̃ hã. (Mateo 11:29) Esime wode Yesu asi helée la, eɖe tufafa kple ɖokuidziɖuɖu blibo fia. Petro ya tsɔ dzitsitsi ɖe yi hewɔ wɔɖenui. Gake Yesu ɖo ŋku edzi nɛ be: “Alo èsusu bena, nyemate ŋu aɖe kuku na Fofonye, eye wòatsɔ mawudɔlawo nam wòawu aʋakɔ wuieve o mahã?” (Mateo 26:51-53; Yohanes 18:10) Nufiamea me kɔ na Petro eye emegbe eɖo ŋku edzi na Kristotɔwo be: “Elabena Kristo hã kpe fu le mia ta, eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, bene miadze eƒe afɔɖoƒewo yome, . . . esime wodzui la, medzu ame ɖe eteƒe o; esime wòkpe fu la, medo ŋɔdzi na ame o.” (Petro I, 2:21-23)

18, 19. (a) Ɣekaɣi koŋue wòle be alẽkplɔlawo naɖe tufafa kple ɖokuidziɖuɖu afia? (b) Biabia kawo mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

18 Nenema kee alẽkplɔla nyuiwo faa tu ne wowɔ nu ɖe wo ŋu madzemadzee gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, hamea me tɔ siwo ŋu wote kpɔ be yewoakpe ɖo dometɔ aɖewo mawɔ nu ɖe wo ŋu nyuie o. Ne amesi ŋu hamemegãwo le kpekpem ɖo gbɔdzɔ alo dze dɔ le gbɔgbɔ me la, ɖewohĩ ate ŋu ‘aƒo nu’ ameŋumabumabutɔe do ɖe wo gbɔ “abe yitɔame ene.” (Lododowo 12:18) Ke hã, abe Yesu ene la, alẽkplɔlawo mewɔa wɔɖenui hegblɔa nya tɔamewo tsɔ ɖoa eŋui o. Ðe esia teƒe la, woɖua wo ɖokui dzi boŋ eye woyia edzi ɖea ameŋububu fiana, si ate ŋu akpe ɖe amesi ŋu wole kpekpem ɖo la ŋu. (Petro I, 3:8, 9) Ðe nèsrɔ̃a hamemegãwo ƒe kpɔɖeŋu heɖea tufafa kple ɖokuidziɖuɖu fiana ne woɖo aɖaŋu na wòa?

19 Ðikeke mele eme o be Yehowa kple Yesu kpɔa ŋudzedze ɖe alẽkplɔla akpe geɖe siwo le alẽ siwo le xexeame godo kplɔm tso dzime faa ƒe agbagbadzedzewo ŋu. Yehowa kple Via melɔ̃a nu le subɔsubɔdɔwɔla akpe geɖe siwo kpena ɖe hamemegãwo ŋu le ‘ame kɔkɔewo subɔsubɔ’ me hã gbɔ o. (Hebritɔwo 6:10) Ke nukatae nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔ aɖewo hena ɖe megbe le ‘dɔ nyui’ sia minyaminya me? (Timoteo I, 3:1) Azɔ hã mɔ ka dzie Yehowa tona naa hehe alẽkplɔla siwo wòɖo la? Míadzro nyabiabia siawo me le nyati si kplɔe ɖo me.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Mɔ siwo dzi alẽkplɔlawo ɖea lɔlɔ̃ fiaa alẽawo le dometɔ aɖewo ɖe?

• Nukae hamea me tɔ ɖesiaɖe ate ŋu awɔ be dzidzɔ kple ŋutifafa nanɔ hamea me?

• Nukatae wòle be alẽkplɔlawo nagbɔ dzi blewu ahafa tu ne wole aɖaŋu ɖom na alẽawo?

• Aleke alẽkplɔlawo wɔa dɔ nyuiwo heɖea xɔse fianae?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Lɔlɔ̃e ʋãa hamemegãwo wosubɔa hamea

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Woa kple woƒe ƒomewo ɖea modzaka ɖekae . . .

. . . eye wowɔa gbeadzisubɔ- subɔdɔa hã ɖekae

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Ne hamemegãwo ɖoa dze kple wo nɔewo faa la, enana dzidzɔ kple ŋutifafa nɔa hamea me