Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nusita Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li Nyanya Trɔ Nye Agbenɔnɔ

Nusita Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li Nyanya Trɔ Nye Agbenɔnɔ

Agbemeŋutinya

Nusita Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li Nyanya Trɔ Nye Agbenɔnɔ

ABE ALESI HARRY PELOYAN GBLƆ ENE

Nukatae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo? Nyabiase ma ɖe fu nam tso keke nye ɖevime ke. Dzinyelawo doa vevi dɔ wɔna, woɖia anukware, eye woléa be na ƒomea. Nɔnye tsɔa ɖe le subɔsubɔnyawo me vie gake fofonye ya metsɔa ɖeke le eme kura o. Eyata womete ŋu kpe ɖe ŋunye mekpɔ ŋuɖoɖo na nyabiase ma o.

NYABIASE ma ɖe fu nam vevie le Xexemeʋa II wɔɣi kple emegbe wu, esime menye Amerikatɔwo ƒe ƒudzisrafo ƒe etɔ̃ kple edzivɔ. Esi aʋaa ke la, mewɔ dɔ le meli aɖe si woɖo ɖe China be wòatsɔ kpekpeɖeŋu nunanawo ayi na wo me. Menɔ afima ade ƒe ɖeka kloe, eye mekpɔ amegbetɔ ƒe fukpekpe si mele gbɔgblɔ me o teƒe.

Chinatɔwo wɔa dɔ vevie eye woƒe tagbɔ ɖa. Gake wo dometɔ geɖe nɔ fu kpem vevie le ahedada kple ŋutasesẽ siwo Xexemeʋa II he vɛ ta. Ðevi siwo nya kpɔ, siwo dometɔ geɖe mekpɔa nu nyui ɖuna o eye wonɔa awu vuvuwo me henɔa nu biam mí ne míeɖi go, ƒe fukpekpe koŋue te ɖe dzinye wu.

Nukatae?

Wodzim le ƒe 1925 me henyim le California le Amerika, eye nyemekpɔ nusia tɔgbe teƒe kpɔ o. Eyata mebiaa ɖokuinye enuenu be, ‘Ne Wɔla ŋusẽkatãtɔ aɖe li la, nukatae wòaɖe mɔ ame geɖe nanɔ fu siawo ƒomevi kpem, vevietɔ ɖevi manyaɖekewo hã?’

Mebiaa ɖokuinye hã be ne Mawu aɖe li nyateƒe la, ke nukatae wòaɖe mɔ ɖe ame gbogbowo tsɔtsrɔ̃ ɖa kple ameƒomea ƒe fukpekpe ŋu ƒe alafa geɖe—vevietɔ le Xexemeʋa II wɔɣi, esime amesiwo wu miliɔn 50 bu woƒe agbe? Gawu la, nukatae le aʋa ma wɔɣi la, osɔfowo de dzi ƒo na subɔsubɔha ɖeka me tɔwo wowu wo nɔewo le esi wotso dukɔ vovovowo me ta?

Didiƒekpɔmɔ̃

Esi Xexemeʋa II dzɔ le ƒe 1939 me, eye wonɔ ame gbogbo aɖewo wum le xexeame godoo la, mese le ɖokuinye me be ɖewohĩ Mawu aɖeke meli o. Emegbe esi menɔ dzɔdzɔmeŋutinunya srɔ̃m le sekɛndrisuku la, wobia tso mí sukuviawo dometɔ ɖesiaɖe si be wòazã dzɔdzɔmeŋutinunya si srɔ̃m wòle atsɔ awɔ nanee. Esi ɣletiviŋutinunya sɔsrɔ̃ dzɔa dzi nam ta la, metiae be mawɔ didiƒekpɔmɔ̃ gã aɖe si ƒe ahuhɔ̃e akeke sentimeta 20.

Be mate ŋu awɔ didiƒekpɔmɔ̃ sia la, meƒle ahuhɔ̃e si ƒe titrime wu sentimeta eve kple afã eye wòkeke sentimeta 20, eye metsɔ ahuhɔ̃elãnu lãe wònɔ kotoo. Emegbe medze egɔme lili ahuhɔ̃ea kakaka vaseɖe esime eƒe ŋkume nyẽ ɖe eme, si nye dɔ sesẽ ŋutɔ aɖe. Dɔ ma wɔwɔ xɔ ɣleti ade ƒe mɔkeke si menɔ la katã. Esi mewu ahuhɔ̃ea wɔwɔ nu la, metsɔe ɖo gakpo aɖe si me do le nu, eye metsɔ gaŋkui vovovo siwo kpɔa nu le didiƒe de ete.

Gbeɖeka, le zã me esime ɣleti menɔ ɖiɖim o la, metsɔ nye didiƒekpɔmɔ̃a do goe zi gbãtɔ eye metsɔe kpɔ ɣletiviwo kple ɣe kpakple eŋuti ɣletinyigba siwo ƒoa xlãe. Ɣletinyigba gbogbo siwo mekpɔ le dziƒo kple alesi nusianu le ɖoɖo nui la wɔ nuku nam ŋutɔ. Emegbe esi meva srɔ̃e be nusiwo mesusu tsã be wonye “ɣletiviwo” la nye ɣletivihatsotso siwo le Masa ɣletivihatsotsoa (Milky Way) me boŋ eye ɣletivi biliɔn gbogbo aɖewoe le hatsotso ɖesiaɖe me la, ewɔ nuku nam kura wu.

Mebui be ‘le nyateƒe me la, nusiawo katã mate ŋu adzɔ le wo ɖokui si o. Nusianu si le ɖoɖo nu mate ŋu adzɔ le eɖokui si o. Xexeame le ɖoɖo nyui si wɔ nuku nu ale gbegbe be edze abe aɖaŋuwɔla gã aɖe kokokoe anya wɔe ene. Ðe wòanye be Mawu aɖe lia?’ Nusiwo metsɔ didiƒekpɔmɔ̃a kpɔ la na nyemegalé nukpɔsusu si nɔ asinye tsã be Mawu meli o la me ɖe asi kpaɖii o.

Emegbe mebia ɖokuinye be: ‘Ne Mawu ŋusẽkatãtɔ si ƒe nunya de ŋgɔ ale gbegbe be wòte ŋu wɔ xexe wɔnuku sia li nyateƒe la, ɖe mate ŋu aɖɔ nɔnɔme madeamedzi siwo le anyigba dzi la ɖo oa? Nukatae wòɖe mɔ fukpekpe siawo katã do mo ɖa ya?’ Ne mebia nya siawo sɔlemedelawo la, womete ŋu naa ŋuɖoɖo adodoe aɖeke o.

Esi mewu sekɛndrisuku nu, eye mede suku kɔkɔ ƒe geɖe megbe la, mege ɖe Amerikatɔwo ƒe Ƒudzisrafoha me. Ke hã, osɔfo siwo nɔ asrafoawo dome hã mete ŋu ɖo nye nyabiaseawo ŋu o. Zi geɖe la, amesiwo doa vevie nu le subɔsubɔnyawo me gblɔna ko be, “Aƒetɔ la ƒe nuwɔnawo gɔme sese sesẽna.”

Mekpɔtɔ Nɔ Ŋuɖoɖowo Dim

Esi medzo le China la, nusita Mawu ɖe mɔ ɖe fukpekpe ŋu ƒe nya la gakpɔtɔ nɔ fu ɖem nam. Nyabiase sia nɔa susu me vam nam ɣesiaɣi, vevietɔ ne mekpɔ asrafowo ƒe ameɖibɔ siwo le ƒukpo vovovo siwo dzi míetɔ ɖo esi míenɔ Pasifik-ƒua tsom gbɔna aƒe. Ðekakpui siwo metsi kura o ƒe yɔdowoe esiawo dometɔ akpa gãtɔ nye.

Esi meva ɖo Amerika eye woɖe asi le ŋunye le asrafodɔa me la, ele nam be magade Harvard Yunivɛsiti le Cambridge, Massachusetts, ƒe ɖeka. Le ƒe ɖeka megbe la, mewu sukua dede nu hexɔ yunivɛsitiɖaseɖigbalẽ, gake nyemetrɔ yi mía de le California o. Meyi ɖanɔ Amerika ƒe Ɣedzeƒe Ƒuta lɔƒo vie be madi ŋuɖoɖowo na nye biabiaawo. Meɖoe be mayi New York City, afisi subɔsubɔha geɖewo le, be mate ŋu anɔ sɔleme dem be mase nusiwo wofiana.

Esi menɔ New York la, nɔgãnye Isabel Kapigian bia tso asinye be mava nɔ yewo ƒeme. Nɔgãnye kple via nyɔnuvi eve siwo ŋkɔe nye Rose kple Ruth wonye Yehowa Ðasefowo. Esi mebui be woƒe dzixɔsewo madze ŋunye o ta la, mete subɔsubɔha bubuwo ƒe sɔleme dede, nɔa dze ɖom kple amewo henɔ woƒe agbalẽwo xlẽm. Mebiana wo nusitae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo, gake womenya ŋuɖoɖoa o abe nye ke ene. Eyata meƒo nya ta be anye be Mawu aɖeke meli o.

Keke Ðe Ŋuɖoɖoawo Ŋu

Emegbe mebia nɔgãnye kple via nyɔnuawo be woatsɔ woƒe agbalẽ aɖewo nam ne masrɔ̃ nu tso Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔsewo ŋu. Esi mexlẽ agbalẽawo la, mekpɔe enumake be Ðasefowo to vovo kura tso subɔsubɔha bubuawo gbɔ. Ŋuɖoɖoawo tso Biblia me eye wosɔ nyuie alesi dze. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, meva kpɔ nusitae Mawu ɖe mɔ ɖe fukpekpe ŋu.

Hekpe ɖe eŋu la, mekpɔe be Yehowa Ðasefowo ƒe agbenɔnɔ wɔa ɖeka kple nusiwo wofiana tsoa Biblia me. Le kpɔɖeŋu me, mebia nɔgãnye be wòagblɔ nusi ɖekakpui siwo nye Yehowa Ðasefowo wɔ le Germany le Xexemeʋa II me nam. Ðe woge ɖe asrafohawo me, gblɔ “Heil Hitler!,” alo do gbe na Nazitɔwo ƒe aflaga la? Eɖo eŋu be gbeɖe, womewɔ nu mawo o. Le woƒe akpaɖekedzimademade ta la, wode wo fuwɔamegaxɔwo me, afisi wowu wo dometɔ geɖewo le ŋutasesẽtɔe. Egblɔ be Yehowa Ðasefo siwo nɔ xexeame ƒe akpa bubuwo hã mede akpa aɖeke dzi le aʋawɔɣia o. Le demokrasi dukɔwo me gɔ̃ hã la, wode ɖekakpui siwo nye Yehowa Ðasefowo gaxɔ me ɖe woƒe akpaɖekedzimademade ta.

Nɔgãnye bia tso asinye be maxlẽ Yohanes 13:35, afisi gblɔ be: “Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” Ele be lɔlɔ̃ ƒe dzeside sia nanɔ Kristotɔ vavãwo ŋu le xexeame katã. Madzɔ akpɔ gbeɖe be woade akpa aɖe dzi le aʋawɔwɔwo me ahawu wo nɔewo le esi wonye dukɔ bubu me tɔwo ta o! Ebiam be: “Èsusu be Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ade akpa aɖe dzi le Romatɔwo ƒe aʋawɔwɔwo me ahawu wo nɔewoa?”

Ena mexlẽ Yohanes I, 3:10-12 hã. Afima gblɔ be: “Esia me mawuviwo kple abosamviwo dze ƒã le. Amesiame, si mewɔa nu dzɔdzɔe o, kple amesi ke melɔ̃a nɔvia o la, metso Mawu me o. . . . Míalɔ̃ mía nɔewo; menye abe Kain, si tso vɔ̃ɖitɔ la me, eye wòwu nɔvia la ene o.”

Biblia gblɔe eme kɔ ƒã. Kristotɔ vavãwo lɔ̃a wo nɔewo eɖanye dukɔ ka mee wole o. Eyata womele woƒe gbɔgbɔ me nɔviwo loo alo ame bubu aɖeke wu ge gbeɖe o. Esia tae Yesu te ŋu gblɔ le eyomedzelawo ŋu be: “Wometso xexeame o, abe alesi nye hã nyemetso xexeame o ene.”—Yohanes 17:16.

Nusitae Woɖe Mɔ Fukpekpe Li Ðo

Eteƒe medidi o meva kpɔ nusitae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo la le Biblia me. Eɖe eme be esi Mawu wɔ mía dzila gbãtɔwo la, ewɔ wo wode blibo eye wòda wo ɖe paradiso-bɔ me. (Mose I, 1:26; 2:15) Ena tiatiawɔblɔɖe wo, si nye nunana nyui aɖe hã. Gake ele na wo be woawɔ woƒe tiatiawɔblɔɖea ŋudɔ nyuie. Ne woɖo to Mawu kple eƒe sewo la, ekema woayi edzi anɔ paradisoa me le blibodede me. Woakeke paradisoa ɖe enu vaseɖe esime wòaxɔ anyigbaa katã dzi. Woƒe dzidzimeviwo hã ade blibo ale be le ɣeyiɣi aɖe megbe la, anyigba sia ava nye paradiso nyui aɖe si me ame deblibo kpɔdzidzɔwo anɔ.—Mose I, 1:28.

Gake ne Adam kple Xawa tiae be yewoanɔ yewo ɖokui si Mawu manɔmee la, ekema womagakpɔtɔ anye ame deblibowo o. (Mose I, 2:16, 17) Nublanuitɔe la, mía dzila gbãtɔawo mewɔ woƒe tiatiawɔblɔɖea ŋudɔ nyuie o, eye wotiae be yewomanɔ Mawu ƒe kpɔkplɔ te o. Gbɔgbɔ me nuwɔwɔ dzeaglã aɖe si wova yɔ emegbe be Satana Abosam lae na wodze aglã. Ðokuisinɔnɔ tso Mawu gbɔ kple subɔsubɔ si wòle be woatsɔ na Mawu ɖeka kolia la biã ŋu nɛ.—Mose I, 3:1-19; Nyaɖeɖefia 4:11.

Satana to esia me va zu “xexe sia me mawu.” (Korintotɔwo II, 4:4) Biblia gblɔ be: “Xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.” (Yohanes I, 5:19) Yesu yɔ Satana be “xexeamefia.” (Yohanes 14:30) Satana kple mía dzila gbãtɔawo ƒe tomaɖomaɖoa he blibomademade, ŋutasesẽ, ku, konyifafa, kple fukpekpe vɛ na ameƒomea katã.— Romatɔwo 5:12.

‘Amegbetɔ ƒe Mɔ Mele Eya Ŋutɔ si Me O’

Mawu ɖe mɔ ɖe fukpekpe ŋu hena ƒe akpe geɖe be ameƒomea nakpɔ Wɔla la ƒe se dzi mawɔmawɔ me tsonuwo. Ɣeyiɣi gbogbo sia si ŋu Mawu ɖe mɔ ɖo na mɔnukpɔkpɔ geɖe ameƒomea be wòakpɔ Biblia ƒe nya sia ƒe nyateƒenyenye be: “Amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o. Yehowa, [ɖɔm ɖo].”—Yeremya 10:23, 24.

Le ƒe alafa gbogbo siwo va yi me la, míeva kpɔe fifia be amegbetɔwo ƒe wo ɖokui dzi ɖuɖu Mawu manɔmee he afɔku geɖe vɛ. Eyata Mawu ɖo tame be yemagaɖe mɔ na amegbetɔwo woayi wo ɖokui dzi ɖuɖu, ye manɔmee kple yeƒe sewo dzi mawɔmawɔe, si he afɔku vɛ na wo la dzi azɔ o.

Wodo Etsɔme Nyui aɖe Ŋugbe

Biblia ƒe nyagblɔɖiwo ɖee fia be eteƒe madidi o Mawu ahe nuɖoanyi vɔ̃ɖi sẽŋuta sia va nuwuwui: “Ekpɔtɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o. . . . Ke ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”—Psalmo 37:10, 11.

Nyagblɔɖi si le Daniel 2:44 gblɔ be: “Le fia mawo [si nye dziɖuɖu ƒomevi ɖesiaɖe siwo li egbea] ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.” Womagaɖe mɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu ŋu akpɔ gbeɖe o. Mawu Fiaɖuƒea aɖu anyigba bliboa katã dzi. Le eƒe dziɖuɖua te la, anyigba bliboa katã azu paradiso eye ameƒomea ade blibo ahanɔ agbe le dzidzɔ me tegbee. Biblia do ŋugbe be: “Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o.” (Nyaɖeɖefia 21:4) Etsɔme wɔnuku ka gbegbe nye esi Mawu dzra ɖo ɖi na mí!

Agbenɔnɔ Yeye Aɖe

Ŋuɖoɖo kpɔkpɔ na nye biabiawo trɔ nye agbenɔnɔ. Tso ɣemaɣi dzi la, meɖoe be masubɔ Mawu ahakpe ɖe ame bubuwo ŋu woake ɖe ŋuɖoɖo siawo ŋu. Mekpɔ ŋkubiãnya si gbegbe le Yohanes I, 2:17 me dze sii be: “Xexeame [si nye fifi nuɖoanyi sia si dzi ɖum Satana le la] va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.” Agbe mavɔ nɔnɔ le Mawu ƒe xexe yeyea me dzrom vevie. Metso nya me be manɔ New York eye mete hadede kple Yehowa Ðasefo siwo nɔ afima, eye kpekpe ɖe ame bubuwo ŋu be woasrɔ̃ nusiwo ŋu meva ke ɖo la na nuteƒekpɔkpɔ nyui geɖe su asinye.

Le ƒe 1949 me la, medo go Rose Marie Lewis. Eya kple nɔa, Sadie, kpakple nɔvia nyɔnu adeawo katã nye Yehowa Ðasefowo. Rose nɔ Mawu subɔm henɔ gbeƒãɖeɖedɔa wɔm ɣeyiɣiawo katã ɣemaɣi. Nɔnɔme nyui geɖewo nɔ esi eye eƒe ŋu lé dzi nam enumake. Míeɖe mía nɔewo le June 1950 me, eye míenɔ New York. Míekpɔ dzidzɔ ɖe subɔsubɔdɔ si míenɔ wɔwɔm la ŋu, eye míenɔ mɔ kpɔm dzidzɔtɔe na agbenɔnɔ tegbee le Mawu ƒe xexe yeyea me.

Le ƒe 1957 me la, wokpe mía kple Rose Marie be míava wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa le Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒe gã le Brooklyn, New York. Kaka June 2004 naɖo la, míaƒe srɔ̃ɖeɖea xɔ ƒe 54, eye míezã ƒe 47 tsɔ subɔ le Brooklyn ƒe alɔdzedɔwɔƒea. Ƒe mawo nye míaƒe dzidzɔɣi vevitɔ siwo mía kple haxɔsetɔ akpe geɖe míetsɔ subɔ Yehowa ɖekae.

Nye Fukpekpe Gãtɔ Kekeake

Nublanuitɔe la, le December 2004 ƒe gɔmedzedze me la, wokpɔe be kansa le Rose Marie ƒe dzitodzito me. Ðɔktawo gblɔ be kansaa le kakam ɖe eƒe lãme kabakaba eyata ele be woawɔ dɔ nɛ. Wowɔ dɔ nɛ emegbe le December ma me, eye kwasiɖa ɖeka le dɔa wɔwɔ nɛ vɔ megbe esime menɔ eƒe abati gbɔ la, ɖɔktaa va Rose gbɔ hegblɔ nɛ be: “Rose Marie, àte ŋu ayi aƒeme faa! Èhaya!”

Gake esi míeva aƒeme le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, Rose Marie gate vevesese vevie le eƒe dɔme kple teƒe bubuwo. Vevesesea nu gbe tsotso eyata etrɔ yi kɔa dzi be woagbugbɔ alé ŋku ɖe ye ŋu. Wode dzesii be le susu aɖewo ta eƒe ʋu nɔ bablam ɖe eƒe ŋutinu veviwo abe dzi, aklã, kple dzitodzito ene me, si wɔe be ʋu megate ŋu tsɔna ya tsana le eƒe lãme nyuie o. Ðɔktawo wɔ nusianu si woate ŋui, gake womekpɔ ta nɛ o. Le kwasiɖa ʋɛ aɖewo ko megbe le January 30, 2005 dzi la, nusi gbã dzi nam wu le nye agbe me katã kpɔ la dzɔ. Nye lɔlɔ̃tɔ vevi Rose Marie ku.

Esusɔ vie maxɔ ƒe 80 ɣemaɣi eye togbɔ be mekpɔ amewo ƒe fukpekpe teƒe le nye agbe me katã hã la, ɖeke megblẽ nu le ŋunye de esia nu o. Abe alesi Biblia gblɔe ene be srɔ̃tɔwo anye “ŋutilã ɖeka” la, nenema tututue mía kple Rose Marie míenɔ. (Mose I, 2:24) Enye nyateƒe be mekpɔ amewo ƒe fukpekpe teƒe eye mese veve esime xɔ̃nyewo kple ƒometɔ aɖewo ku ya. Gake veve si mese esime srɔ̃nye ku la nu sẽ kura wu eye wònɔ anyi eteƒe didi. Fifia menya nuxaxa si gbegbe ame vevi ƒe ku le dodom na ameƒomea ɣeyiɣi didi aɖe enye esia.

Ke hã, alesi fukpekpe wɔ va ameƒomea dzi kple alesi wole eɖe ge ɖae nyanya kpe ɖe ŋunye nyemexa nu akpa o. Psalmo 34:19 gblɔ be: “Yehowa tsɔ ɖe amesiwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ, eye wòxɔna na amesiwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi.” Enyanya be Biblia fia nu be woava fɔ ame kukuwo ɖe tsitre eye mɔnukpɔkpɔ asu wo si woanɔ agbe tegbee le Mawu ƒe xexe yeyea me nye nu vevi si kpena ɖe ame ŋu wòdoa dzi le fukpekpe siawo katã me. Dɔwɔwɔwo 24:15 gblɔ be: “Tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.” Rose Marie lɔ̃ Mawu vevie. Meka ɖe edzi be Mawu lɔ̃ eyama hã vevie nenema eye be eteƒe madidi o la, aɖo ŋku edzi afɔe ɖe tsitre le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣiɖoɖi dzi.—Luka 20:38; Yohanes 11:25.

Togbɔ be ame vevi ƒe ku nyea nuxaxa gã hã la, dzidzɔ si woakpɔ ne wofɔ ame mawo ɖe tsitre aƒo nuxaxaa ta sasasã. (Marko 5:42) Mawu ƒe Nya do ŋugbe be: “Wò ame kukuwo agbɔ agbe, . . . eye anyigba aɖe [kukuawo] ana.” (Yesaya 26:19) Edze abe ‘ame dzɔdzɔe’ siwo ŋu nya wogblɔ le Dɔwɔwɔwo 24:15 dometɔ geɖe anɔ ame gbãtɔ siwo woafɔ ɖe tsitre le anyigba dzi la dome ene. Dzidzɔ ɣeyiɣi ka gbegbee ema anye! Eye Rose Marie hã anɔ amesiwo woafɔ ɖe tsitre la dome. Eƒe ame veviwo axɔe kple dzidzɔ gã aɖe loo! Aleke gbegbe ame ƒe dzi adze emee nye si be woanɔ agbe le xexe aɖe si me fukpekpe manɔ o me ɣemaɣi!

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Mekpɔ amegbetɔ ƒe fukpekpe teƒe esi menɔ China

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Mele dɔ wɔm le Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒe gã le Brooklyn tso keke ƒe 1957 me ke

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Meɖe Rose Marie le ƒe 1950 me

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Gbesigbe míaƒe srɔ̃ɖeɖea xɔ ƒe 50, le ƒe 2000 me