Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Srɔ̃ Yesu Ƒe Kpɔɖeŋu Eye Nàtsɔ Ðe Le Eme Na Ame Dahewo

Srɔ̃ Yesu Ƒe Kpɔɖeŋu Eye Nàtsɔ Ðe Le Eme Na Ame Dahewo

Srɔ̃ Yesu Ƒe Kpɔɖeŋu Eye Nàtsɔ Ðe Le Eme Na Ame Dahewo

AHEDADA kple ameteteɖeanyi li tso ameƒomea ƒe gɔmedzedze ke. Togbɔ be wowɔ ɖoɖo be woakpɔ ame dahewo ta ahaɖe woƒe fukpekpe dzi akpɔtɔ le Se si Mawu tsɔ na Israel-viwo me hã la, womewɔ ɖe seawo dzi o. (Amos 2:6) Nyagblɔɖila Xezekiel ƒo nu tsi tre ɖe alesi wonɔ nu wɔmee ɖe ame dahewo ŋu la ŋuti. Egblɔ be: “Dukɔ hahoo la ɖua sesẽnu, eye wòdaa adzo, esẽa ŋuta le ame dahewo kple hiãtɔwo ŋu, eɖua sesẽnu le amedzrowo si hedaa se la dzi.”—Xezekiel 22:29.

Nɔnɔmea meto vovo esime Yesu nɔ anyigba dzi o. Subɔsubɔhakplɔlawo metsɔ ɖeke le eme na ame dahewo kura o. Woƒo nu tso subɔsubɔhakplɔlawo ŋu be wonye “galɔ̃lawo,” amesiwo “mia ahosiwo ƒe aƒewo,” eye woƒe kɔnyinyiwo me léle ɖe asi nɔa vevie na wo wu esi woakpe ɖe ame tsitsiwo kple hiãtɔwo ŋu. (Luka 16:14; 20:47; Mateo 15:5, 6) Eyata mewɔ nuku o be le Yesu ƒe lododo ku ɖe Samariatɔ havilɔ̃la ŋu me la, esi nunɔla kple Lewitɔ aɖe kpɔ ŋutsu aɖe si ŋu wode abii la, wodze to eŋu dzo le esi teƒe be woakpe ɖe eŋu.—Luka 10:30-37.

Yesu Tsɔ Ðe Le Eme Na Ame Dahewo

Nya siwo wogblɔ tso Yesu ŋu le Nyanyuigbalẽawo me ɖee fia be ese nɔnɔme si me ame dahewo le la gɔme nyuie, eye wòtsi dzi ɖe woƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu vevie. Togbɔ be Yesu nɔ dziƒo kpɔ hã la, eɖi gbɔlo eɖokui heva zu amegbetɔ, eye ‘wòva da ahe ɖe mía ta.’ (Korintotɔwo II, 8:9) Esi Yesu kpɔ amehawo la, “eƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋuti; elabena woƒe lãme gbɔdzɔ, eye woka hlẽ abe alẽ, siwo kplɔla meli na o la ene.” (Mateo 9:36) Nuŋlɔɖi si ku ɖe ahosi dahea ŋu ɖee fia be menye kesinɔtɔ, siwo dzɔ nu tso ‘woƒe nukpɔkpɔ vivivo’ me ƒe nunana gbogboawoe wɔ dɔ ɖe Yesu dzi o, ke boŋ ahosi dahe la ƒe nudzɔdzɔ sue lae. Nusi ahosi dahea dzɔ la wɔ dɔ ɖe Yesu dzi vevie elabena ‘nusiwo katã le esi lae wòdzɔ.’—Luka 21:4.

Menye ɖeko ame dahewo ƒe nu wɔ nublanui na Yesu o, ke ekpe ɖe wo ŋu ŋutɔŋutɔ hã. Nudzɔɖaka aɖe nɔ woa kple eƒe apostoloawo si koŋ si me woɖea ga tsonae tsɔ kpena ɖe Israel-vi siwo hiã tu la ŋu. (Mateo 26:6-9; Yohanes 12:5-8; 13:29) Yesu de dzi ƒo na amesiwo di be yewoadze eyome la be woanya be agba le yewo dzi be yewoakpe ɖe ame dahewo ŋu. Egblɔ na ɖekakpui kesinɔtɔ aɖe be: “Dzra nusiwo katã le asiwò la, eye namã wo na ame dahewo, eye nu nyui anɔ dziƒo na wò; eye nava adze yonyeme.” Nyateƒe si wònye be kesinɔtɔa melɔ̃ be yeaɖe asi le eƒe nunɔamesiawo ŋu o la ɖee fia be elɔ̃ kesinɔnuawo wu Mawu kple ehavi amegbetɔ. Eyata nɔnɔme siwo hiã be wòadze anye Yesu ƒe nusrɔ̃la la menɔ esi o.—Luka 18:22, 23.

Kristo Yomedzelawo Tsɔa Ðe Le Eme Na Ame Dahewo

Le Yesu ƒe ku megbe la, eƒe apostoloawo kple eyomedzela bubuwo yi edzi tsɔ ɖe le eme na ame dahe siwo nɔ wo dome. Le ƒe 49 M.Ŋ. lɔƒo la, apostolo Paulo wɔ kpekpe aɖe kple Yakobo, Petro, kple Yohanes eye wògblɔ dɔ si Aƒetɔ Yesu Kristo de esi be wòaɖe gbeƒã nyanyuia ŋu nya na wo. Wolɔ̃ ɖe edzi be Paulo kple Barnaba nayi “trɔ̃subɔlawo” gbɔ ahaɖe gbeƒã le woawo koŋ dome. Eye Yakobo kple ehatiwo de dzi ƒo na Paulo kple Barnaba be woƒe “ŋkuwo nanɔ ame dahewo dzi.” Eye nenema tututue Paulo ‘do vevie wɔ.’—Galatiatɔwo 2:7-10.

Le Fiagã Klaudio ƒe dziɖuɣi la, dɔ gã aɖe to le Roma-fiaɖuƒea ƒe nuto vovovowo me. Enumake Kristotɔ siwo nɔ Antioxia la “ɖo bena, wo dome amesiame naɖo nunana aɖe ɖe nɔvi, siwo le Yudea la, alesi woate ŋui. Nusia wowɔ hã, eye woɖoe ɖe amegãawo to Barnaba kple Saul si me.”—Dɔwɔwɔwo 11:28-30.

Kristotɔ vavã siwo li egbea hã nya be ele be Yesu yomedzelawo natsɔ ɖe le eme na ame dahewo, vevietɔ na haxɔsetɔwo. (Galatiatɔwo 6:10) Eyata wotsɔa ɖe le eme na amesiwo hiã tu la vevie, eye wokpɔa woƒe ŋutilã me nuhiahiãwo gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1998 me la, kuɖiɖi gblẽ nu le Brazil ƒe dzieheɣedzeƒe nutowo me vevie. Kuɖiɖia na be mɔli, ayi, kple bli gblewo fiã, si na dɔ sesẽ aɖe to—esi tɔgbe medzɔ le ƒe 15 siwo do ŋgɔ nɛ me kpɔ o. Le teƒe aɖewo la, womekpɔ tsi gɔ̃ hã woano o. Eyata Yehowa Ðasefo siwo nɔ dukɔa ƒe nuto bubuwo me wɔ ɖoɖo enumake ɖe kpekpeɖeŋunakɔmitiwo ŋu, ale be le ɣeyiɣi kpui aɖe me la, woƒo nuɖuɖu tɔn gbogbo aɖewo nu ƒu hexe wotsɔtsɔ yi teƒe mawoe ŋuti ʋudzɔwo.

Ðasefo siwo dzɔ nuawo ŋlɔ bena: “Enye dzidzɔ na mí be míete ŋu kpe ɖe mía nɔviwo ŋu, vevietɔ esi míeka ɖe edzi be míeto esia wɔwɔ me do dzidzɔ na Yehowa ta. Míeŋlɔ nya siwo le Yakobo 2:15, 16 la be gbeɖe o.” Mawunyakpukpui mawo gblɔ be: “Ne nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu le amama, eye gbesiagbe nuɖuɖu le wo hiãm, eye mia dome ame aɖe gblɔ na wo bena: Miheyi le ŋutifafa me, miƒu dzo, eye miɖu nu ɖi ƒo, gake miena nusiwo hiã ŋutilã o la, viɖe ka wònye mahã?”

Le Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo le São Paulo dugã me dometɔ ɖeka me la, nyɔnu Ðasefo ɖokuibɔbɔla dovevienu dahe aɖe li, si kpea fu hafi kpɔa nu ɖuna. Egblɔ be: “Togbɔ be ame dahee menye hã la, Biblia me nyawo na mɔkpɔkpɔ va le asinye le agbe me. Ne menye kpekpeɖeŋu si Ðasefo haxɔsetɔwo nanam ye o la, anye ne nyemenya alesi nuwo anɔ nam o.” Le ɣeyiɣi aɖe si va yi me la, ehiã be woawɔ dɔ na nyɔnu Kristotɔ veviedola sia le kɔdzi gake ga menɔ esi o. Ɣemaɣi la, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔ siwo le eƒe hamea me dzɔ ga be wote ŋu wɔ dɔa nɛ. Kristotɔ vavãwo kpena ɖe wo nɔvi haxɔsetɔ siwo hiã tu la ŋu le xexeame godoo.

Gake aleke kee amesiwo ŋu wokpe ɖo kpɔ dzidzɔe hã la, edze ƒã be agbagbadzedze mawo mate ŋu aɖe hiãkame ɖa o. Togbɔ be dziɖuɖu siwo ŋu ŋutete le kple xexeame habɔbɔ siwo nana kpekpeɖeŋu te ŋu kpɔ dzidzedze aɖewo hã la, womete ŋu ɖe ahedada ƒe kuxi siwo li tso gbaɖegbe ke la ɖa o. Eyata nyabiase si fɔ ɖe te enye be, Nukae anye ahedada kple kuxi bubu siwo ɖe kpe na ameƒomea gbɔ kpɔnu ŋutɔŋutɔ?

Biblia ƒe Nufiafia Naa Kpekpeɖeŋu Adodoea

Nyanyuigbalẽawo me nuŋlɔɖiwo gblɔ be Yesu Kristo wɔ nyui na ame dahewo alo amesiwo hiã kpekpeɖeŋu bubuwo edziedzi. (Mateo 14:14-21) Gake dɔ ka wɔwɔe nɔ vevie nɛ wu? Ɣebubuɣi esi Yesu na kpekpeɖeŋu ame aɖewo vɔ la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: ‘Mina ne míayi du bubuwo me, bena magblɔ nya le afima hã.’ Nukatae Yesu ɖe asi le kpekpeɖeŋu nana dɔnɔwo kple ame dahewo ŋu hetrɔ ɖe eƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu ake? Eɖe eme be: “Elabena [gbeƒãɖeɖe tae] wodɔm ɖo.” (Marko 1:38, 39; Luka 4:43) Togbɔ be nyuiwɔwɔ na ame dahewo nɔ vevie na Yesu hã la, gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒeae nye eƒe dɔ vevitɔ.—Marko 1:14.

Esi Biblia xlɔ̃ nu Kristotɔwo be ‘woadze Yesu ƒe afɔɖoƒewo yome’ pɛpɛpɛ ta la, mɔfiame si me kɔ li egbea si akpe ɖe wo ŋu be woada asɔ le kpekpeɖeŋu nana ame bubuwo me. (Petro I, 2:21) Woawo hã wokpena ɖe ame dahewo ŋu abe Yesu ene. Eye Mawu Fiaɖuƒea ŋuti nyanyuia fiafia amewo tso Biblia mee nye dɔ vevitɔ kekeake na woawo hã abe Yesu ene. (Mateo 5:14-16; 24:14; 28:19, 20) Nukatae gbeƒãɖeɖe gbedasi si le Mawu ƒe Nyaa me le vevie wu kpekpeɖeŋu ƒomevi bubuwo nana amewo?

Nyatakaka siwo tso xexeame godoo ɖee fia be ne wokpe ɖe amewo ŋu wose Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo gɔme hetsɔ wo de dɔwɔwɔ me la, tenɔnɔ ɖe agbe me kuxiwo kple hiãkame nu gbesiagbe nɔa bɔbɔe na wo wu. Gawu la, Mawu Fiaɖuƒea ŋutinya si Yehowa Ðasefowo ɖea gbeƒãe tso Biblia me nana amewo kpɔa mɔ na etsɔme kple kakaɖedzi—mɔkpɔkpɔ sia nana be tameɖoɖo nɔa woƒe agbe ŋu le nɔnɔme sesẽtɔwo kura gɔ̃ hã me. (Timoteo I, 4:8) Mɔkpɔkpɔ kae?

Mawu ƒe Nya do ŋugbe na mí ku ɖe etsɔme ŋu be “Míele dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le [Mawu ƒe] ŋugbedodo la nu.” (Petro II, 3:13) Ɣeaɖewoɣi ne Biblia ƒo nu tso “anyigba” ŋu la, edzi nɔlawoe wòwɔnɛ. (Mose I, 11:1) Eyata “anyigba yeye” si me dzɔdzɔenyenye anɔ si ƒe ŋugbe wodo la nye amesiwo ŋu Mawu kpɔ ŋudzedze ɖo siwo anɔ agbe ɣemaɣi. Mawu ƒe Nyaa gagblɔ be le Kristo ƒe dziɖuɖua te la, Mawu ana agbe mavɔ amesiwo ŋu wòkpɔ ŋudzedze ɖo eye woanɔ agbe si me dzidzeme le le paradisonyigba dzi. (Marko 10:30) Etsɔme dodzidzɔname sia ate ŋu asu amesiame, siwo dome hiãtɔwo hã le la si. Le “anyigba yeye” ma dzi la, woakpɔ ahedada ƒe kuxia gbɔ keŋkeŋ tegbee.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

ALEKEE YESU ‘AXƆ NA AME DAHEWOE’?—Psalmo 72:12

DZƆDZƆENYENYE: ‘Atso afia na dukɔ la ƒe hiãtɔwo, axɔ na ame daheviwo, eye wòato ŋutasẽla nyanyanya.’ (Psalmo 72:4) Ne Kristo le anyigbaa dzi ɖum la, woatso afia dzɔdzɔe na amesiame. Nufitifitiwɔwɔ, si nana dukɔ siwo nu ate ŋu adze edzi na hafi gake wova zua dukɔ dahewo la, maganɔ anyi o.

ŊUTIFAFA: Ame dzɔdzɔe la amie le eƒe ŋkekewo me, eye ŋutifafa axɔ aƒe, vaseɖe esime dzinu maganɔ anyi o.’ (Psalmo 72:7) Amegbetɔwo dome masɔmasɔwo kple aʋawɔwɔwo gbɔe ahedada si xɔ aƒe ɖe xexea me la ƒe akpa gãtɔ tso. Kristo ana ŋutifafa naxɔ aƒe ɖe anyigba bliboa dzi eye ato esia dzi aɖe nusiwo gbɔ ahedada tsona koŋ la dometɔ ɖeka ɖa.

NUBLANUIKPƆKPƆ: ‘Ave hiãtɔwo kple ame dahewo nu, eye wòaɖe ame dahewo ƒe luʋɔ. Aɖe woƒe luʋɔ tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me, eye woƒe ʋu axɔ asi le eŋku me.’ (Psalmo 72:12-14) Hiãtɔwo kple amesiwo wote ɖe anyi la katã azu ƒome ɖeka le Fia Yesu Kristo ƒe kpɔkplɔ te.

NUDZEDZINAME: ‘Bli ado kpekpekpe le anyigba dzi.’ (Psalmo 72:16) Le Kristo ƒe dziɖuɖua te la, nusianu adze edzi na ameƒomea ale gbegbe. Nuɖuɖu ƒe veve kple dɔtoto siwo hea ahedada vɛ egbea magaɖe fu na ameƒomea azɔ o.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Yesu tsi dzi ɖe ame dahewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu vevie

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Biblia me gbedasia naa mɔkpɔkpɔ vavã ame