Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èdzra Ðo Hena Agbetsitsia?

Èdzra Ðo Hena Agbetsitsia?

Èdzra Ðo Hena Agbetsitsia?

“Yi ɖe aɖakaʋu la me, wò ŋutɔ kple aƒewò me katã, elabena mekpɔ bena, ame dzɔdzɔe nènye le dzidzime sia dome.”—MOSE I, 7:1.

1. Ðoɖo kae Yehowa wɔ le Noa ƒe ŋkekea me hena amewo xɔxɔ ɖe agbe?

YEHOWA “[he] tɔɖɔɖɔ va ame mavɔ̃mawuwo ƒe xexeme dzi” le Noa ŋɔli, gake ewɔ ɖoɖo hena amewo xɔxɔ ɖe agbe hã. (Petro II, 2:5) Mawu vavã la na mɔfiame siwo me kɔ la ame dzɔdzɔe Noa le alesi wòakpa aɖakaʋu hena amewo xɔxɔ ɖe agbe le xexeame katã ƒe tɔɖɔɖɔa me la ŋu. (Mose I, 6:14-16) Abe alesi Yehowa subɔla wɔnuteƒe ɖesiaɖe awɔ ene la, “alesi Mawu de se [na Noa] la, nenema pɛ wòwɔ.” Le mɔ aɖe nu la, Noa ƒe toɖoɖo tae míawo hã míele agbe egbea ɖo.—Mose I, 6:22.

2, 3. (a) Aleke Noa ŋɔli me tɔwo wɔ nu ɖe dɔ si wɔm wònɔ ŋui? (b) Kakaɖedzi kae nɔ Noa si esime wòyi aɖakaʋua me?

2 Menye dɔ vie aɖakaʋu kpakpa nye o. Anɔ eme godoo be dɔ si wɔm Noa kple eƒe ƒomea nɔ la wɔ nuku na ame geɖe. Ke hã, ema mete ŋu na woka ɖe edzi be aɖakaʋua me yiyie ana yewoatsi agbe o. Mlɔeba la, Mawu ƒe dzigbɔɖi na xexe vɔ̃ɖi ma me tɔwo va wu enu.—Mose I, 6:3; Petro I, 3:20.

3 Esi Noa kple eƒe ƒomea tsɔ ƒe geɖe wɔ dɔ kutrikukutɔe megbe la, Yehowa gblɔ na Noa be: “Yi ɖe aɖakaʋu la me, wò ŋutɔ kple aƒewò me katã, elabena mekpɔ bena, ame dzɔdzɔe nènye le dzidzime sia dome.” Esi xɔse nɔ Noa si, eye wòka ɖe Yehowa ƒe nya dzi ta la, “Noa kple viaŋutsuwo kple srɔ̃a hekpe ɖe viaŋutsuawo srɔ̃wo ŋuti, woyi ɖe aɖakaʋu la me.” Yehowa do ʋɔa tsɔ kpɔ esubɔlawo ta. Aɖakaʋua me nɔnɔe nye mɔ si dzi Mawu to xɔ amewo ɖe agbe esi Tɔɖɔɖɔa va.—Mose I, 7:1, 7, 10, 16.

Nusiwo Ði Wo Nɔewo le Noa ƒe Ŋkekea Kple Mía Tɔa Dome

4, 5. (a) Nukae Yesu tsɔ eƒe anyinɔɣia sɔ kple? (b) Nukawoe ɖi wo nɔewo le Noa ƒe ŋkekea kple mía tɔa dome?

4 “Sigbe alesi Noa ƒe ŋkekewo nɔ la, nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe vava.” (Mateo 24:37) Yesu gblɔ nya siawo tsɔ ɖee fia be yeƒe anyinɔnɔ makpɔmakpɔ ƒe ɣeyiɣia asɔ kple Noa ƒe ŋkekeawo, eye nenema tututue wòle hã. Vevietɔ tso ƒe 1919 me la, wole gbeƒã ɖem nuxlɔ̃amegbedasi aɖe si sɔ kple Noa tɔ la na dukɔwo katã me tɔwo. Wo dometɔ akpa gãtɔ ƒe nuwɔna ɖi Noa ƒe ŋkekea me tɔwo tɔ.

5 Yehowa to Tɔɖɔɖɔa dzi drɔ̃ ʋɔnu xexe si me tɔwo ƒe “nu vlo wɔwɔ xɔ anyigba la dzi.” (Mose I, 6:13) Amesiwo katã nya Noa kple eƒe ƒomea la kpɔe be womekpɔ gome le nuvlowɔwɔ sia me o, ke boŋ wowɔ aɖakaʋukpakpadɔa le ŋutifafa me. Míekpɔa nane si sɔ kple ema hã egbea. Dzianukwaretɔwo te ŋu kpɔa “vovo, si le ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi dome, kple vovo, si le mawusubɔla kple amesi mesubɔnɛ o la dome” fifia. (Maleaxi 3:18) Anukwareɖiɖi, dɔmenyonyo, kple kutrikuku si Yehowa Ðasefowo ɖena fiana, kpakple alesi wonye ŋutifafamewo la, wɔa dɔ ɖe amesiwo mebua nazã ɖe wo ŋu o la dzi, eye nɔnɔme siawo na Mawu ƒe amewo to vovo tso amesiwo le xexea me la dometɔ akpa gãtɔ gbɔ. Ðasefowo tsria ŋutasesẽnuwɔna ɖesiaɖe, eye woɖea mɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔa kplɔa wo. Esia tae ŋutifafa le wo dome eye wowɔa nu dzɔdzɔe ɖo.—Yesaya 60:17.

6, 7. (a) Nukae Noa ŋɔli me tɔwo mete ŋu de dzesii o, eye nɔnɔme ma tɔgbe kae li egbea? (b) Kpɔɖeŋu kawoe ɖee fia be ame geɖe nya be Yehowa Ðasefowo to vovo?

6 Noa ŋɔli me tɔwo mete ŋu de dzesii be Mawu nɔ megbe na Noa eye be Mawu ƒe mɔfiafia dzi wɔmee wònɔ o. Eyata wometsɔ eƒe gbeƒãɖeɖedɔa nu vevii o, eye wogbe eƒe nuxlɔ̃amegbedasia dzi wɔwɔ. Ke egbea ya ɖe? Togbɔ be Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa kple woƒe agbenɔnɔ wɔa dɔ ɖe ame geɖe dzi hã la, wo dometɔ akpa gãtɔ metsɔa nyanyuia kple Biblia me nuxlɔ̃amegbedasia nu vevii o. Ðewohĩ aƒelikawo, dɔtɔwo, alo ƒometɔwo ƒoa nu nyuie tso Kristotɔ vavãwo ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu, gake gafaa konyi be, “Ðasefo siwo wonye koe veam!” Nusi amesiawo ŋlɔ be enye be esi Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea le mɔ fiam Ðasefoawo tae woɖea nɔnɔme siwo nye lɔlɔ̃, ŋutifafa, dɔmenyonyo, nyuiwɔwɔ, dɔmefafa, kple ɖokuidziɖuɖu fiana ɖo. (Galatiatɔwo 5:22-25) Ðe wòle be esia nana woaka ɖe woƒe gbedasia dzi geɖe wu hafi.

7 Le kpɔɖeŋu me, le Russia la, Yehowa Ðasefowo nɔ Fiaɖuƒe Akpata aɖe tum. Ŋutsu aɖe si tɔ be yeaƒo nu kple dɔwɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Xɔtutudɔ sia ya to vovo ŋutɔ—ame aɖeke mele atama nom o, ame aɖeke mele nya ƒaƒã gblɔm o, eye amesiame le ŋute! Alo Yehowa Ðasefowoe mienyea?” Dɔwɔlaa biae be: “Ne megblɔ be ao ɖe, àxɔe sea?” Ŋutsua ɖo eŋu enumake be: “Nyemaxɔe se o.” Le Russia ƒe du bubu me la, esi dudzikpɔlaa kpɔ alesi Ðasefowo tu Fiaɖuƒe Akpata yeye aɖee la, ewɔ dɔ ɖe edzi ŋutɔ. Egblɔ be togbɔ be yebua subɔsubɔhawo katã tsã be ɖekae wole hã la, esi yekpɔ alesi Yehowa Ðasefowo tsɔ wo ɖokui na bliboe wɔ dɔae la, yemegabua nuwo nenema azɔ o. Kpɔɖeŋu siwo ɖee fia be Yehowa subɔlawo to vovo tso amesiwo mewɔna ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo dzi o gbɔ la dometɔ eve pɛ koe esiawo nye.

8. Nuka dzie míaƒe agbe tsitsi le xexe vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu nɔ te ɖo?

8 Le ‘blema xexe’ si wotsrɔ̃ le Tɔɖɔɖɔa me ƒe nuwuwuŋkekewo me la, Noa nye “dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela” wɔnuteƒe aɖe. (Petro II, 2:5) Le amegbetɔwo ƒe ɖoɖowo ƒe nuwuwuŋkeke siawo me la, Yehowa ƒe amewo le gbeƒã ɖem nyanyuia be mɔnukpɔkpɔ li be amesiwo wɔa eƒe dzidzenu dzɔdzɔewo dzi la natsi agbe ayi xexe yeyea me. (Petro II, 3:9-13) Abe alesi ko Mawu kpɔ Noa kple eƒe ƒome vɔ̃mawu la ta le aɖakaʋua me ene la, nenema kee hafi ame aɖe atsi agbe egbea la, ele be xɔse nanɔ esi, eye wòade ha kple Yehowa ƒe xexeame katã ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi la bliboe.

Xɔse Hiã Hena Agbetsitsi

9, 10. Nukatae xɔse hiã vevie ne míedi be míatsi agbe le Satana ƒe nuɖoanyia ƒe nuwuwu?

9 Nukae wòle be ame nawɔ be wòatsi agbe le xexe sia si le Satana ƒe ŋusẽ te la ƒe nuwuwu si le aƒe tum la me? (Yohanes I, 5:19) Gbã la, ele be wòalɔ̃ ɖe edzi be yehiã takpɔkpɔ. Emegbe ele be wòalɔ̃ aɖe afɔ siwo hiã be takpɔkpɔ ƒe ɖoɖo si wowɔ la naɖe vi nɛ. Noa ŋɔli me tɔwo yi woƒe gbesiagbedɔwɔnawo dzi, eye womekpɔe be ehiã be yewoadi takpɔkpɔ tso afɔku si nɔ ŋgɔ gbɔna me o. Nu bubu aɖe hã menɔ wo si o—si nye Mawu dzixɔxɔse.

10 Gake Noa kple eƒe ƒomea ya kpɔe be ehiã be woakpɔ yewo ta ahaɖe yewo. Woxɔ Xexeame Katã Dziɖulagã, Yehowa Mawu, dzi se heɖee fia hã. Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Ne xɔse mele mía si o la, míate ŋu adze Mawu ŋu o; elabena ele be, amesi ke tena va Mawu gbɔ la, naxɔ ase be, Mawu li, eye wònye teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.” Paulo gblɔ kpee be: “Le xɔse me Noa, esime wòxɔ ɖeɖefia tso Mawu gbɔ le nusiwo womekpɔ haɖe o ŋuti la, etsɔ mawuvɔvɔ̃ wɔ aɖakaʋu hena eƒemetɔwo ɖeɖe, nusi me wòto bu fɔ xexemetɔwo, eye wòzu dzɔdzɔenyenye, si tso xɔse me la, ƒe domenyila.”—Hebritɔwo 11:6, 7.

11. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso alesi Yehowa kpɔ amewo tae le blema me?

11 Hafi míatsi agbe le amegbetɔwo ƒe ɖoɖo vɔ̃ɖi siawo ƒe nuwuwu la, nu geɖe hiã wu lɔlɔ̃ ɖe edzi ko be xexe sia le tsɔtsrɔ̃ ge. Ele be míaxɔ ɖoɖo si Mawu wɔ ɖe agbetsitsi ŋu la dzi ase, eye míaɖe xɔse ma afia to ɖoɖo mawo ŋudɔ wɔwɔ bliboe me. Ehiã be míaxɔ Mawu ƒe Vi, Yesu Kristo, ƒe tafevɔsaa dzi ase. (Yohanes 3:16, 36) Ke hã, ele be míaɖo ŋkui be amesiwo nɔ Noa ƒe aɖakaʋua me koe tsi agbe le Tɔɖɔɖɔa me. Nenema kee woɖo sitsoƒeduwo ɖi le blema Israel be amesi meɖoe wu ame o la nasi ayi afima hena takpɔkpɔ; gake ele be amea nasi ayi du ma me ŋutɔŋutɔ eye wòanɔ afima vaseɖe esime nunɔlagã la ku hafi. (Mose IV, 35:11-32) Le fukpekpe ewolia si va Egiptetɔwo dzi le Mose ƒe ŋkekea me gome la, wowu Egiptetɔwo ƒe ŋgɔgbeviwo, gake wokpɔ Israel-viwo tɔwo ya ta. Nukatae? Yehowa gblɔ na Mose be: “[Israel-viwo natsɔ Ŋutitotoŋkekenyui ƒe alẽvia ƒe] ʋu la ƒe ɖe asisi ɖe xɔ, siwo me wole eɖu ge le la, ƒe ʋɔtrutiawo kple eve kpakple etametɔ ŋuti. . . . Ke mia dometɔ aɖeke megado go le xɔ me ɖe ʋɔtru nu, vaseɖe ŋu nake o!” (Mose II, 12:7, 22) Ðe Israel-viwo ƒe ŋgɔgbevi aɖe akatse ado toku Mawu ƒe mɔfiame siawo, ahado go le aƒe, si ƒe ʋɔtrutiwo kple eve kpakple etametɔ ŋu wosisi ʋu ɖo, la mea?

12. Nya kae wòle be mía dometɔ ɖesiaɖe nabia eɖokui, eye nukatae?

12 Eyata ele vevie be mía dometɔ ɖesiaɖe nade ŋugble tso nɔnɔme siwo me wòle ŋu. Ðe míele gome kpɔm le ɖoɖo siwo Yehowa wɔ hena mía ta kpɔkpɔ le gbɔgbɔ me la mea? Ne xaxa gãa va la, amesiwo na takpɔkpɔ sia ɖe vi na wo la ada akpe ahafa dzidzɔvi. Gake ame bubuwo ya afa avi le aɖukliɖuɖu ta.

Asitɔtrɔ Siwo Wɔm Wole la Dzraa Mí Ðo

13. (a) Taɖodzinu ka tae wowɔ asitɔtrɔwo le habɔbɔa ƒe ɖoɖowo ŋu ɖo? (b) Gblɔ asitɔtrɔ siwo wowɔ vivivi la dometɔ aɖewo.

13 Yehowa na wowɔ asitɔtrɔwo le eƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi la ƒe ɖoɖowo ŋu vivivi. Asitɔtrɔ siawo na ɖoɖo si wòwɔ ɖe mía ta kpɔkpɔ le gbɔgbɔ me ŋu la nyo ɖe edzi, heli ke nyuie. Tso ƒe 1870 vaseɖe ƒe 1932 me la, hamea me tɔwo daa akɔ tiaa hamemetsitsiwo kple woƒe kpeɖeŋutɔwo. Le ƒe 1932 me la, subɔsubɔ kɔmiti si hamea daa akɔ tiana la va xɔ ɖe hamemetsitsi siwo wodaa akɔ tiana tsã la teƒe be woakpe ɖe subɔsubɔdɔnunɔla si habɔbɔa ɖo la ŋu. Le ƒe 1938 me la, wowɔ ɖoɖo be habɔbɔa ŋutɔ naɖo amesiame si asubɔ hamea. Tso ƒe 1972 me la, Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la naa mɔfiame si dzi woanɔ te ɖo akafu amesiwo dze asubɔ abe dzikpɔlawo kple subɔsubɔdɔwɔlawo ene, eye ne habɔbɔa ɖo amesiawo le teokrasimɔ nu alea la, wonaa hameawo nyana to lɛta dzi. Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, Dziɖuhaa ƒe dɔwo va dzi ɖe edzi, eye esia na wowɔ tɔtrɔwo ale be eƒe dɔa nanɔ bɔbɔe wu.

14. Hehenanadɔ ka gɔmee wodze le ƒe 1959 me?

14 Le ƒe 1950 me la, Psalmo 45:17 me dzodzro tsitotsito na wova dze hehenanadɔ aɖe gɔme. Mawunyakpukpui ma xlẽ ale: “Viwòŋutsuwo anɔ fofowòwo teƒe, eye àtsɔ wo aɖo amegãwoe ɖe anyigba blibo la dzi.” Wole hehe nam hamemetsitsi siwo le ŋgɔ xɔm le hamewo me ɖe teokrasi gbanɔamedziwo tsɔtsɔ fifia kple le Harmagedon megbe ŋu. (Nyaɖeɖefia 16:14, 16) Wodze Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Sukua gɔme le ƒe 1959 me. Ɣemaɣi la, wona hehe hame subɔlawo koŋ (nenemae woyɔa dzikpɔla zimenɔlawo tsã) hena ɣleti ɖeka sɔŋ. Wova le hehe nam dzikpɔlawo kple subɔsubɔdɔwɔlawo katã le suku ma me fifia. Azɔ nɔvi siawo hã xɔa ŋgɔ naa hehe Yehowa Ðasefo siwo le woƒe hamewo me la dometɔ ɖesiaɖe. Esia wɔe be wokpena ɖe mí katã ŋu le gbɔgbɔ me be míana míaƒe subɔsubɔdɔa nanyo ɖe edzi wu le gbeƒã ɖeɖe Fiaɖuƒeŋutinyanyuia me.—Marko 13:10.

15. Mɔ eve kawo nue wokpɔa egbɔ be Kristo-hamea nanɔ dzadzɛ le?

15 Ele be amesiwo di be yewoava nye Kristo-hamea me tɔwo la naɖo nudidi aɖewo gbɔ. Esɔ be womeɖea mɔ na fewuɖulawo be woanɔ hamea me o, abe alesi ko womeɖe mɔ na wo be woage ɖe Noa ƒe aɖakaʋua me o ene. (Petro II, 3:3-7) Vevietɔ tso ƒe 1952 me la, Yehowa Ðasefowo kpe asi ɖe ɖoɖo si wowɔ be woatsɔ akpɔ hamea ta ŋu—si nye nuvɔ̃wɔla matrɔdzimewo ɖeɖe ɖa le hamea me. Gake wokpena ɖe nuvɔ̃wɔla trɔdzimewo ya ŋu lɔlɔ̃tɔe be ‘woaɖe mɔ dzɔdzɔewo na woƒe afɔwo.’—Hebritɔwo 12:12, 13; Lododowo 28:13; Galatiatɔwo 6:1.

16. Mawusubɔsubɔ ƒe nɔnɔme ka mee Yehowa ƒe amewo le?

16 Menye nudogoɖenunue wònye be Yehowa ƒe amewo le dzidzedze kpɔm le gbɔgbɔ me o. Yehowa gblɔ to nyagblɔɖila Yesaya dzi be: “Kpɔ ɖa, nye dɔlawo aɖu nu, ke miawo la, dɔ awu mi; kpɔ ɖa, nye dɔlawo ano nu, ke miawo la, tsikɔ awu mi; kpɔ ɖa, nye dɔlawo akpɔ dzidzɔ, ke miawo la, ŋu akpe mi. Kpɔ ɖa, nye dɔlawo atso aseye le dzi ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ta, ke miawo la, miado ɣli le dzi ƒe vevesese ta, eye miafa avi le gbɔgbɔ ƒe teteɖeanyi ta.” (Yesaya 65:13, 14) Yehowa yi edzi le gbɔgbɔmenuɖuɖu nyui gbogbo aɖewo nam mí le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi be wòakpe ɖe mía ŋu míasẽ ŋu le gbɔgbɔ me.—Mateo 24:45.

Dzra Ðo Hena Agbetsitsi

17. Nukae akpe ɖe mía ŋu míadzra ɖo hena agbetsitsi?

17 Ehiã fifia wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe be “míade dzi ƒo na mía nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me, eye míagagblẽ mía ŋutɔwo míaƒe ƒuƒoƒewo ɖi, abe alesi ame aɖewo wɔna ene o, ke boŋ míaxlɔ̃ nu mía nɔewo.” (Hebritɔwo 10:23-25) Ne míenɔa Yehowa Ðasefowo ƒe hame 98,000 siwo le xexeame la dometɔ aɖe ŋu kplikplikpli, eye míewɔa dɔ kple hamea me tɔwo aduadu la, akpe ɖe mía ŋu míadzra ɖo hena agbetsitsi. Haxɔsetɔwo ado alɔ mí esi míele agbagba dzem be míado ‘amenyenye yeye’ la, eye míedzea agbagba vevie be míakpe ɖe amewo ŋu woasrɔ̃ nu tso ɖoɖo siwo Yehowa wɔ hena agbetsitsi la ŋu.—Efesotɔwo 4:22-24; Kolosetɔwo 3:9, 10; Timoteo I, 4:16.

18. Nukatae nèɖoe kplikpaa be yeanɔ Kristo-hamea ŋu kplikplikpli?

18 Satana kple eƒe xexe vɔ̃ɖi sia di vevie be yewoable mí míadzo le Kristo-hamea me. Ke hã, ne míeʋli sesĩe la, míate ŋu akpɔtɔ anɔ eme eye míate ŋu atsi agbe le amegbetɔwo ƒe ɖoɖo vɔ̃ɖi siawo ƒe nuwuwu. Mina lɔlɔ̃ na Yehowa kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nusiwo wòna mí lɔlɔ̃tɔe ŋu naʋã mí míaɖoe kplikpaa geɖe wu be míagblẽ Satana ƒe agbagbadzedzewo me. Ŋugble dede tso yayra siwo míekpɔna fifia ŋu ana míagaɖoe kplikpaa wu be míawɔe nenema. Míadzro yayra siawo dometɔ aɖewo me le nyati si kplɔ esia ɖo me.

Ŋuɖoɖo Kawoe Nàna?

• Aleke míaƒe ɣeyiɣiawo sɔ kple Noa ƒe ŋkekeae?

• Nɔnɔme vevi kae hiã hafi ame natsi agbe?

• Asitɔtrɔ kawoe wowɔ vivivi siwo na míegaka ɖe ɖoɖo siwo Yehowa wɔ hena míaƒe agbetsitsi dzi geɖe wu?

• Nukae mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu awɔ atsɔ adzra ɖo hena agbetsitsi?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Noa ŋɔli me tɔwo metsɔ Noa ƒe nyawo nu vevii o

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Ne míetsɔ Mawu ƒe nuxlɔ̃amegbedasiwo nu vevii la, aɖe vi na mí

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Taɖodzinu ka tae woɖo Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Sukua ɖo?

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Fifiae nye ɣeyiɣi si me wòle be míanɔ Kristo-hamea ŋu kplikplikpli