Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nète Ŋu ‘Ƒoa Nu Kple Dzideƒoa’?

Ðe Nète Ŋu ‘Ƒoa Nu Kple Dzideƒoa’?

Ðe Nète Ŋu ‘Ƒoa Nu Kple Dzideƒoa’?

AME siwo wu miliɔn ade le dukɔ 235 me te ŋu ƒoa nu kple dzideƒo abe alesi Biblia de dzi ƒo na míi ene. Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo gblɔ nu ƒoƒo dzideƒotɔe ŋu nya zi geɖe. (Filipitɔwo 1:20; Timoteo I, 3:13; Hebritɔwo 3:6; Yohanes I, 3:21) Nukae wòfia be woaƒo nu kple dzideƒo? Nukae akpe ɖe mía ŋu míaƒo nu kple dzideƒo? Go kawo mee míate ŋu aƒo nu dzideƒotɔe le?

Vine’s Expository Dictionary of Old and New Testament Words gblɔ be Helagbe me nya si gɔme woɖe be ‘woaƒo nu kple dzideƒo’ fia be “woaƒo nu faa, menye afã kple afã o, . . . nu ƒoƒo vɔvɔ̃manɔmetɔe; efia kakaɖedzi, dzinɔameƒo kple dzideƒo, menye le nuƒoƒo me kokoko o.” Ke hã, mele be míabu nu ƒoƒo faa dzideƒotɔe be efia nu ƒoƒo ko ameŋumabumabutɔe o. Biblia gblɔ be: “Mina amenuveve kple dze nanɔ miaƒe nya me ɖaasi.” (Kolosetɔwo 4:6) Nuƒoƒo dzideƒotɔe fia be míaɖɔ ŋu ɖo le nuƒoƒo me, gake míaɖe mɔ nɔnɔme madeamedziwo alo amegbetɔvɔvɔ̃ nana míado kpo nu ƒoƒo o.

Dzɔdzɔmenunanae nuƒoƒo dzideƒotɔe nyea? Bu nya si apostolo Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Kristotɔ siwo nɔ Efeso la ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Nye amesi nye ame kɔkɔewo katã dome suetɔ la, wotsɔ amenuveve sia na, bene magblɔ Kristo ƒe kesinɔnu, si mele nyanya tsitotsito o la afia.” Paulo gblɔ kpee be ‘míekpɔ dzideƒo sia kple tete ɖe Yesu Kristo ŋu kakaɖedzitɔe to eyama dzixɔxɔse me.’ (Efesotɔwo 3:8-12) Menye dzɔdzɔmenue nuƒoƒo dzideƒotɔe nye o, ke boŋ enye nusi sua mía si le ƒomedodo si le mía kple Yehowa Mawu dome, to Yesu Kristo dzi xɔxɔ se me ta. Mina míakpɔ nusi akpe ɖe mía ŋu nuƒoƒo faa ƒe ŋutete sia nasu mía si kple alesi míate ŋu awɔ eŋudɔ le gbeƒãɖeɖe, nufiafia kple gbedodoɖa mee ɖa.

Nukae Kpena Ðe Mía Ŋu Míeɖea Gbeƒã Kple Dzideƒo?

Yesu Kristoe ɖo kpɔɖeŋu gãtɔ kekeake le nu ƒoƒo dzideƒotɔe me. Dzo si nɔ eyama me na wòzã mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe tsɔ ɖe gbeƒã nyanyuia na amewo. Ne ele ɖiɖim ɖe eme, le nu ɖum le ame aɖe ƒeme, alo le mɔ dzi kura gɔ̃ hã la, ezãa mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe tsɔ ƒoa nu tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu na amewo. Fewuɖuɖu loo alo tsitretsiɖeŋu medo vɔvɔ̃ na Yesu wòdo kpo nu ƒoƒo kpɔ o. Ke boŋ eklo nu le subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi le eŋɔli la ƒe alakpanuwɔnawo dzi dzinɔameƒotɔe. (Mateo 23:13-36) Esime wolé Yesu henɔ ʋɔnu drɔ̃mee kura gɔ̃ hã la, eƒo nu vɔvɔ̃manɔmetɔe.—Yohanes 18:6, 19, 20, 37.

Yesu ƒe apostolowo hã ƒo nu dzideƒotɔe nenema ke. Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi la, Petro ƒo nu na ame siwo wu 3,000 la dzideƒotɔe. Nusi wɔ nukue nye be ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na ema la, evɔ̃ esi nyɔnu subɔvi aɖe gblɔ be yedze sii. (Marko 14:66-71; Dɔwɔwɔwo 2:14, 29, 41) Esi wokplɔ Petro kple Yohanes yi subɔsubɔhakplɔlawo ŋkume la, womeɖe mɔ vɔvɔ̃ ɖu wo dzi o. Womehe ɖe megbe o, ke boŋ woɖi ɖase tso Yesu Kristo si wofɔ ɖe tsitre la ŋu dzinɔameƒotɔe. Le nyateƒe me la, Petro kple Yohanes ƒe nuƒoƒo dzinɔameƒotɔe siae na subɔsubɔhakplɔlawo va de dzesii be wonɔ Yesu ŋu kpɔ. (Dɔwɔwɔwo 4:5-13) Nukae kpe ɖe wo ŋu wote ŋu ƒo nu dzideƒotɔe nenema?

Yesu do ŋugbe na eƒe apostoloawo be: “Ne wode mi asi la, migaɖe fu na mia ɖokui be, aleke alo nuka gblɔ ge miala o; elabena le nenem gaƒoƒo ma me la woana nusi ke gblɔ ge miala la mi. Elabena menye miawoe nye amesiwo le nu ƒom o; ke boŋ mia Fofo ƒe gbɔgbɔ lae nye amesi le nu ƒom le mia me.” (Mateo 10:19, 20) Gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe Petro kple ame bubuwo ŋu woɖu vɔvɔ̃ dzi eye ŋu mekpe wo o, si wɔe be wote ŋu ƒo nu faa nenema. Gbɔgbɔ sẽŋu ma ate ŋu akpe ɖe míawo hã ŋu nenema ke.

Hekpe ɖe eŋu la, Yesu de dɔ asi na eyomedzelawo be woawɔ nusrɔ̃lawo. Ema sɔ, elabena eyae wotsɔ “ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi la, de asi” na. Eye ‘eli kpli wo’ hã. (Mateo 28:18-20) Nyanya be Yesu le megbe na yewo na dzi ɖo nusrɔ̃la gbãtɔwo ƒo esi wokplɔ wo yi dziɖula siwo ɖoe be yewoaxe mɔ na woƒe gbeƒãɖeɖedɔa la ŋkume. (Dɔwɔwɔwo 4:18-20; 5:28, 29) Ema nyanya akpe ɖe míawo hã ŋu nenema ke.

Paulo gagblɔ be susu bubu aɖe si tae “míewɔa dzideƒo geɖe ŋuti dɔ le nuƒoƒo me” ye nye mɔkpɔkpɔ si le mía si. (Korintotɔwo II, 3:12; Filipitɔwo 1:20) Esi wònye mɔkpɔkpɔgbedasi si nɔ Kristotɔwo si la nyo ale gbegbe ta la, womate ŋu amia nu ɖe edzi agbe egbɔgblɔ na amewo o. Le nyateƒe me la, mɔkpɔkpɔ si le mía si hã nye susu aɖe si ta míeƒoa nu kple dzideƒo ɖo.—Hebritɔwo 3:6.

Gbeƒã Ðeɖe Dzinɔameƒotɔe

Aleke míate ŋu aɖe gbeƒã kple dzideƒo ne míele nɔnɔme siwo ate ŋu ado vɔvɔ̃ na mí me kura gɔ̃ hã? Bu apostolo Paulo ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Esi wònɔ game le Roma la, ebia haxɔsetɔwo be woado gbe ɖa ɖe ye ta be ‘ne yeke nu la, woatsɔ nya na ye, bene yeakpɔ dzideƒo ana woanya nyanyui la ƒe nya ɣaɣla’ la. (Efesotɔwo 6:19, 20) Ðe woɖo gbedodoɖa mawo ŋua? Ẽ! Esi Paulo gakpɔtɔ nɔ game la, eyi edzi nɔ “mawufiaɖuƒe la ƒe gbeƒã ɖem . . . kple dzideƒo ŋutɔ, eye ame aɖeke mexea mɔ nɛ o.”—Dɔwɔwɔwo 28:30, 31.

Ate ŋu asesẽ na mí be míawɔ mɔnukpɔkpɔ siwo aʋu ɖi na mí be míaɖi ɖase le dɔ me, le suku, alo ne míele mɔ zɔm la ŋudɔ. Ŋukpe, vɔvɔ̃ ɖe alesi amewo awɔ nui ta, alo makamaka ɖe mía ɖokui dzi ate ŋu ana míado kpo ɖaseɖiɖi. Apostolo Paulo ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi le go sia me. Eŋlɔ be: “Míekpɔ dzideƒo le mía Mawu me hegblɔ eƒe nyanyui la fia mi le ʋiʋli geɖe me.” (Tesalonikatɔwo I, 2:2) Esi Paulo ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ta la, ete ŋu wɔ nusi mate ŋu awɔ le eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ me hafi o la.

Gbedodoɖa kpe ɖe nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Sherry ŋu wòlé dzi ɖe ƒo esi mɔnukpɔkpɔ aɖe ʋu ɖi nɛ be wòaɖi vomeɖase. Esi wònɔ srɔ̃a lalam le afi aɖe gbeɖeka la, ekpɔ nyɔnu aɖe hã wònɔ ame aɖe lalam. Sherry gblɔ be: “Vɔvɔ̃ na gbɔgblɔ bu ɖem, eyata medo gbe ɖa na Yehowa be wòana dzi naɖo ƒonye.” Esi Sherry nɔ tetem ɖe nyɔnua ŋu la, Baptist-nunɔla aɖe va do. Sherry menɔ mɔ kpɔm be yeado go subɔsubɔhakplɔla aɖe le afima o. Ke hã, egado gbe ɖa ake, si na wòte ŋu ɖi ɖase na nyɔnua. Enae agbalẽ, eye wòwɔ ɖoɖo be yeatrɔ ava egbɔ. Ne míezãa mɔnukpɔkpɔwo tsɔ ɖia ɖasee la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe mía ŋu míaƒo nu kple dzideƒo ne míeɖo ŋu ɖe eŋu.

Ne Míele Nu Fiam

Nuƒoƒo dzideƒotɔe hiã vevie hafi míate ŋu afia nu. Biblia gblɔ tso “amesiwo subɔna nyuie” le hamea me la ŋu be: “Wowɔa nɔƒe nyui na wo ɖokui, eye wokpɔa dzideƒo geɖe le xɔse, si le Kristo Yesu me la me.” (Timoteo I, 3:13) Esi woa ŋutɔwo tsɔa nusiwo wofiana dea dɔwɔwɔ me tae wote ŋu ƒoa nu dzideƒotɔe ɖo. Ewɔwɔ alea kpɔa hamea ta hedoa ŋusẽe.

Ne míete ŋu ƒoa nu dzideƒotɔe alea la, míaƒe aɖaŋuɖoɖowo wɔa dɔ wu, eye amewo hã lɔ̃a exɔxɔ wu. Ne nufiala meɖoa kpɔɖeŋu nyui o la, nyaselaawo mewɔa eƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi o. Gake ne wonya be nufialaa ŋutɔ tsɔa nusiwo wòfiana dea dɔwɔwɔ me la, edea dzi ƒo na woawo hã be woawɔ edzi. Nu ƒoƒo dzideƒotɔe alea wɔnɛ be amesiwo dze le gbɔgbɔ me la te ŋu ‘ɖɔa wo nɔviwo’ ɖo hafi kuxi aɖe va doa gã ɖe edzi. (Galatiatɔwo 6:1) Gake amesi meɖoa kpɔɖeŋu nyui o la mete ŋu ɖoa aɖaŋu tututu o, elabena enyae be yemedze aɖo aɖaŋu tso nya mawo tɔgbe ŋu o. Ne míeɖo aɖaŋu si hiã la kaba o la, ate ŋu agblẽ nu geɖe.

Gake nu ƒoƒo dzideƒotɔe mefia be míanɔ nya hem ɖe amewo ŋu, ate tɔ ɖe nya dzi, alo alé nya ɖeka me ɖe asi kpaɖii o. Paulo xlɔ̃ nu Filemon “le lɔlɔ̃ ta.” (Filemon 8, 9) Eye edze ƒã be Filemon wɔ ɖe apostoloa ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi. Nyateƒee, lɔlɔ̃e wòle be wòaʋã hamemetsitsiwo le aɖaŋu ɖesiaɖe ɖoɖo me!

Edze ƒã be menye aɖaŋuɖoɖo me koe nuƒoƒo dzideƒotɔe hiã le o. Ehiã le nu bubuwo hã me. Paulo ŋlɔ na Korinto-hamea be: “Dzideƒo geɖe le asinye le mia ŋuti, meƒo adegbe geɖe hã le mia ŋuti.” (Korintotɔwo II, 7:4) Paulo mehena ɖe megbe le nɔviawo kafukafu me ne wodze nɛ o. Togbɔ be enya haxɔsetɔwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo hã la, lɔlɔ̃ ʋãe wòde dzesi woƒe nɔnɔme nyuiwo hã. Nenema kee ne hamemetsitsiwo kafua wo nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo faa hedea dzi ƒo na wo la, ŋusẽ ɖoa Kristo-hame si li egbea ŋu.

Hafi Kristotɔwo nate ŋu afia nu nyuie la, ele be woanye amesiwo ƒoa nu dzideƒotɔe. Sherry si ŋu nya míegblɔ va yi, la di be yeade dzi ƒo na ye viwo be woaɖi ɖase le suku. Elɔ̃ ɖe edzi be: “Togbɔ be nyateƒea mee wonyim le hã la, nye ŋutɔ nyemete ŋu ɖi ɖase le suku ale o. Eye fifia gɔ̃ hã la, ƒã hafi meɖia vomeɖase. Eyata mebiaa ɖokuinye be, ‘Kpɔɖeŋu ka ɖomee mele na vinyewo?’” Esia ʋã Sherry wòdze agbagba geɖe wu le vomeɖase ɖiɖi me.

Ẽ, amewo kpɔa nusiwo míewɔna eye ne míewɔa nusi mía ŋutɔwo míegblɔna o la, wonyana. Eyata mina míadze agbagba ana míaƒe nuwɔnawo nasɔ kple nya siwo míegblɔna elabena esia ate ŋu ana míaƒo nu dzideƒotɔe.

Ne Míele Gbe Dom Ða

Ehiã be míaƒo nu faa vevietɔ ne míele gbe dom ɖa na Yehowa. Ne míaƒe dzi me kɔ la, míate ŋu aƒo nu na Yehowa faa, elabena míeka ɖe edzi be eɖoa to míaƒe gbedodoɖawo eye be aɖo wo ŋu. Esia wɔnɛ be ƒomedodo kplikplikpli si me dzidzɔ le va nɔa mía kple mía Fofo si le dziƒo la dome. Mele be míagbe tete ɖe Yehowa ŋu gbeɖe le esi míesusui be míeɖi naneke le eŋku me o ta o. Ke ne nuvɔ̃, alo dzitsinya ƒe fuɖename le vodada aɖe si míewɔ ta, na míete ŋu gblɔa míaƒe dzimenyawo faa o ya ɖe? Ðe dzi agate ŋu anɔ mía ƒo be míate ɖe xexeame katã ƒe Dziɖulagã la ŋua?

Ðoƒe kɔkɔ si Yesu le abe Nunɔlagã ene la na mí susu bubu si ta míaka ɖe edzi be Mawu ase míaƒe gbedodoɖawo ɖo. Míexlẽ le Hebritɔwo 4:15, 16 be: “Menye nunɔlagã, si mate ŋu anya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo na mí o lae le mía si o, ke boŋ enye amesi wote kpɔ le nuwo katã me, abe míawo ke ene, negbe nuvɔ̃ koe mele eŋu o. Eyata minɛ míatsɔ dzideƒo ate va eƒe amenuvevezikpui la gbɔ, bene míaƒe asi nasu nublanuikpɔkpɔ dzi, eye míakpɔ amenuveve hena mía xɔxɔ le hiahiãgbe.” Vi siawoe Yesu ƒe ku kple eƒe Nunɔlagã nyenye ɖena.

Ne míedzea agbagba vevie be míaɖo to Yehowa la, ekema míate ŋu aka ɖe edzi be aɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu. Apostolo Yohanes ŋlɔ be: “Lɔlɔ̃tɔwo, ne míaƒe dzi mebu fɔ mí o la, ekema dzideƒo le mía si le Mawu ƒe ŋku me, eye nusianu, si míebiae la, míaxɔe atso esi me; elabena míeléa eƒe seawo me ɖe asi, eye míewɔa nusiwo dzea eŋu.”—Yohanes I, 3:21, 22.

Ne míete ŋu tena ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me faa la, ekema míate ŋu agblɔ nya sia nya nɛ. Nuka kee ɖale vɔvɔ̃ dom na mí o, dzimaɖitsitsi, dzodzodzoetsitsi, alo kuxi kawoe ɖale mía dzi o, míate ŋu agblɔ wo katã na Yehowa ahaka ɖe edzi be magbe to ɖoɖo gbe siwo míedona ɖa tso dzi me la gbeɖe o. Ne míewɔ nuvɔ̃ gãwo kura gɔ̃ hã la, ne míenya trɔ dzime vavã ko la, mele be fɔbuameɖokui nana míado kpo gbe dodo ɖa o.

Amenuveve nunana xɔasi aɖee nuƒoƒo dzideƒotɔe nye vavã. Ate ŋu ana míakafu Mawu le míaƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa me, eye ana míate ɖe eŋu geɖe wu to gbedodoɖa me. Migana ‘míatsɔ míaƒe dzideƒo, si teƒeɖoɖofetu gã li na la, ƒu gbe o’—fetu gã mae nye agbe mavɔ.—Hebritɔwo 10:35.

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Apostolo Paulo ƒo nu dzideƒotɔe

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Nuƒoƒo dzideƒotɔe hiã hafi míate ŋu afia nu nyuie

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Ehiã be míaƒo nu faa ne míele gbe dom ɖa